Ta 13
Nusita Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Wokpɔa Dzidzɔ
1. Nukatae míate ŋu agblɔ be dzidzɔ le zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔ dzi me?
YEHOWA ye nye ‘dzidzɔ Mawu la,’ eye edi be nàse vivi le agbe me. (Timoteo I, 1:11) Ne ènɔ agbe ɖe mɔ si nu wòdi nu la, aɖe vi na wò ŋutɔ eye dziɖeɖi gã si nɔa anyi ɖaa si le abe tɔsisi si memiena o ene la asu asiwò. Zɔzɔ ɖe Mawu ƒe mɔwo dzi hã naa wonɔa nu dzɔdzɔewo wɔwɔ dzi, “abe ƒutsotsoewo ene.” Esia hea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ.—Yesaya 48:17, 18.
2. Aleke Kristotɔwo ate ŋu akpɔ dzidzɔe togbɔ be wowɔa nu madzemadze ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi hã?
2 Ame aɖewo ake ɖi agblɔ be, ‘Amewo kpea fu ɣeaɖewoɣi le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta.’ Nyateƒee, eye nu mae dzɔ ɖe Yesu ƒe apostolowo dzi. Togbɔ be woti wo yome hã la, dzi dzɔ wo eye woyi edzi ‘gblɔ nyanyuia fia le Kristo ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 5:40-42) Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nya sia me. Ðekae nye be míaƒe mawusosroɖagbenɔnɔ mefia kokoko be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie ɣesiaɣi o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Amesiwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Nusitae nye be Satana kple eƒe xexeame tsi tre ɖe amesiwo nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu la ŋu. (Yohanes 15:18, 19; Petro I, 5:8) Gake menye gotagomenuwo gbɔe dzidzɔ vavãtɔ kpɔkpɔ tsona o. Kaka ɖe edzi be míele nusi dze Mawu ŋu wɔm eye eyata Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la gbɔ boŋ ye wòtsona.—Mateo 5:10-12; Yakobo 1:2, 3; Petro I, 4:13, 14.
3. Aleke wòle be Yehowa subɔsubɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbe dzii?
3 Ame aɖewo li siwo susuna be yewoate ŋu ato mawusosroɖanu aɖewo siwo yewowɔna ɣeaɖewoɣi gake gbea wo wɔwɔ ɣebubuɣiwo la me adze Mawu ŋu. Yehowa Mawu subɔsubɔ vavãtɔ mele nenema o. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi le ame ƒe ŋutenɔgaƒoƒowo katã me, gbesiagbe kple ƒe sia ƒe. Eyatae woyɔe hã be “Mɔ La” ɖo. (Dɔwɔwɔwo 19:9; Yesaya 30:21) Enye mawusosroɖa ƒe agbenɔnɔ si bia tso mía si be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna nasɔ kple Mawu ƒe Nya la.
4. Nukatae viɖe le eme be woawɔ tɔtrɔ anɔ agbe ɖe mɔ si nu Mawu di la nu?
4 Ne Biblia-nusrɔ̃vi yeyewo kpɔ be ehiã be yewoawɔ tɔtrɔ aɖewo be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ɖewohĩ woabia wo ɖokui se be, ‘Ðe viɖe aɖe le mawusosroɖagbenɔnɔ me nyateƒea?’ Àte ŋu aka ɖe edzi be ele eme. Nukatae? Esi “Mawu enye lɔlɔ̃,” eye eƒe mɔwo li na míaƒe nyonyo tae. (Yohanes I, 4:8) Nunya hã le Mawu si eye wònya nusi nye nyuitɔ kekeake na mí. Esi Yehowa Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, ate ŋu ado ŋusẽ mí be míawɔ didi si le mía me be míadze eyama ŋu to asiɖeɖe le numãme gbegblẽwo ŋu me la dzi. (Filipitɔwo 4:13) Na míasusu gɔmeɖose aɖewo siwo mawusosroɖagbenɔnɔ bia tso ame si ŋu kpɔ eye míakpɔ alesi wo ŋudɔwɔwɔ naa wokpɔa dzidzɔe ɖa.
ANUKWAREÐIÐI NA WOKPƆA DZIDZƆ
5. Nukae Biblia gblɔ tso aʋatsokaka kple fififi ŋu?
5 “Mawu nuteƒetɔ” ye Yehowa nye. (Psalmo 31:6) Ðikekemanɔmee la, àdi be yeasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne woanyae be nyateƒetolae yenye. Anukwareɖiɖi nye bubudede ame ɖokui ŋu eye wònaa ame ƒe dzi dzea eme. Gake esi anukwaremaɖimaɖi bɔ ɖe nuvɔ̃xexe sia me alea gbegbe ta la, ehiã be woaɖo ŋku nya sia dzi na Kristotɔwo be: “Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; . . . Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.” (Efesotɔwo 4:25, 28) Kristotɔ siwo nye dɔwɔviwo la wɔa ŋkekea ƒe dɔ anukwaretɔe wòdena pɛpɛpɛ. Wometsɔa woƒe aƒetɔ ƒe naneke o, negbe ne wòɖe mɔ le eŋu na wo hafi. Eɖanye le dɔ me, suku, alo aƒeme o, ele be Yehowa subɔla ‘naɖi anukware le nusianu me.’ (Hebritɔwo 13:18) Amesiwo tsɔ aʋatsokaka kple fififi ɖo dɔe la ƒe nu madze Mawu ŋu o.—Mose V, 5:19; Nyaɖeɖefia 21:8.
6. Aleke amesiwo sroa Mawu ɖa ƒe anukwareɖiɖi akɔ Yehowa ŋutii?
6 Yayra geɖe le anukwareɖiɖi me. Selina nye ahosi dahe aɖe le Afrika si lɔ̃ Yehowa Mawu kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo. Gbeɖeka efɔ akplo aɖe si me gadzraɖoƒegbalẽvi kple ga gbogbo aɖe nɔ. Ezã telefon xexlẽdzesigbalẽ eye esia na wòte ŋu kpɔ amesi tɔ wònye—fiasetɔ aɖe si woda adzoe tɔe. Togbɔ be Selina ƒe lãme menɔ kɔkɔm kura o hã la, eyi ŋutsua gbɔ eye esi wòtsɔ nusiwo katã le akploa me yi nɛ la, ewɔ nuku nɛ kakaka. Egblɔ be, “ele be maɖo anukwareɖiɖi sia teƒe,” eye wòna gaa ƒe ɖee. Vevietɔ wue nye be ŋutsu sia kafu subɔsubɔha si me Selina le. Nyateƒee, anukwareɖiɖi ɖoa atsyɔ̃ na Biblia ƒe nufiafia, ekɔa Yehowa Mawu ŋuti, eye wònaa esubɔla anukwareɖilawo kpɔa dzidzɔ.—Tito 2:10; Petro I, 2:12.
DƆMENYOWƆWƆ NA WOKPƆA DZIDZƆ
7. Nukae gblẽ le tsyatsyadada ŋu?
7 Dzidzɔ le dɔmenyowɔwɔ me, gake ŋuklẽlawo ‘manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’ (Korintotɔwo I, 6:10) Ŋukeklẽ ƒomevi aɖe si bɔe nye tsyatsyadada, si nye didi be woato ame bubuwo ƒe ŋeŋeɖeme me awɔ ga. Amesiwo ‘klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi ŋu’ ƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. (Timoteo I, 3:8) Le afisiwo se ɖe mɔ ɖe tsyatsyadada ŋu le eye amewo daa tsyatsya le modzakaɖeɖe ko ta gɔ̃ hã la, ate ŋu azu numãme na ame eye wòanye asikpekpe ɖe nuwɔna si blu afɔ na ame geɖe ŋu. Zi geɖe la, tsyatsyadada hea fukpekpe vaa edala ƒe ƒome dzi, eƒe ga megadena woatsɔ aƒle nuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu kple nudodo ene o.—Timoteo I, 6:10.
8. Aleke Yesu ɖo dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na míi, eye aleke míawɔ anye dɔmenyotɔwo?
8 Le Kristotɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ lɔlɔ̃tɔe ta la, kpekpe ɖe ame bubuwo, vevietɔ woƒe haxɔsetɔ siwo hiã tu, ŋu la dzɔa dzi na wo. (Yakobo 2:15, 16) Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ekpɔ alesi Mawu nyo dɔme na ameƒomeae. (Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Yesu ŋutɔ tsɔ eƒe ɣeyiɣi, eƒe ŋutetewo, kple eƒe agbe kura gɔ̃ hã na ɖe amegbetɔƒomea ta. Eyata edze ate ŋu agblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Yesu kafu ahosi dahe si da gaku sue eve ɖe gbedoxɔa me nudzɔɖaka me hã, elabena “nusiwo katã le esi” ye wòtsɔ na. (Marko 12:41-44) Blema Israel-viwo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí le alɔdodo hamea kple Fiaɖuƒedɔa le ŋutilã me me. (Kronika I, 29:9; Korintotɔwo II, 9:11-14) Hekpe ɖe ŋutilãmenuwo dzɔdzɔ hena dɔ siawo wɔwɔ ŋu la, Kristotɔ siwo li egbea kafua Mawu dzidzɔtɔe eye wozãa woƒe agbe le eƒe subɔsubɔdɔa me hã. (Romatɔwo 12:1; Hebritɔwo 13:15) Yehowa yraa wo ɖe woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo, kpakple woƒe ga zazã be woatsɔ akpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ kple xexeame katã ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ta.—Lododowo 3:9, 10.
NU BUBU SIWO HÃ NA WOKPƆA DZIDZƆ
9. Nukae gblẽ le ahatsunono ŋu?
9 Be Kristotɔwo nakpɔ dzidzɔ la, ele hã be ‘woadzɔ woƒe tamebubu ŋutetewo ŋu.’ (Lododowo 5:1, 2) Esia bia be woaxlẽ Mawu ƒe Nya la kple Biblia-srɔ̃gbalẽ tuameɖowo eye woade ŋugble le wo ŋu. Gake nanewo li siwo wòle be woatsri. Le kpɔɖeŋu me, ahatsunono ana womate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe tamesusu dzi o. Ne wole nɔnɔme ma me la, ame geɖe nɔa agbe gbegblẽ, wowɔa nu ŋutasesẽtɔe, eye wohea afɔku siwo me ku tsona vɛ. Eyata mewɔ nuku be Biblia gblɔ be ahamulawo manyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o! (Korintotɔwo I, 6:10) Esi Kristotɔ vavãtɔwo di be yewoanɔ ‘ŋute le susu me’ ta la, wotsria ahamumu, eye esia dzia dzidzɔ si le wo dome ɖe edzi.—Tito 2:2-6.
10. (a) Nukatae Kristotɔwo mezãa atama o? (b) Vi kawoe asiɖeɖe le numãme gbegblẽwo ŋu ɖena?
10 Ŋutilã ƒe dzadzɛnɔnɔ hã na wokpɔa dzidzɔ. Gake ame geɖe tsɔa nusiwo gblẽa nu le ame ŋu zazã ɖoa dɔe. Le kpɔɖeŋu me, bu atamazazã ŋu kpɔ. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be atamanono “wua ame miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe.” Asiɖeɖe le atamazazã ŋu ate ŋu asesẽ le esi asiɖeɖe le eŋu ɖea fu na ame vie ta. Gake ame geɖe siwo dzudzɔ atamazazã la kpɔe be yewoƒe lãme sẽ wu eye ga geɖe wu gasusɔ na yewo hena yewoƒe aƒemenuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ. Nyateƒee, asiɖeɖe le atama ƒe numãme alo nu bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu ana míaƒe ŋutilã nanɔ dzadzɛ, ana dzitsinya dzadzɛ nanɔ mía si, eye wòana míakpɔ dzidzɔ.—Korintotɔwo II, 7:1.
DZIDZƆKPƆKPƆ LE SRƆ̃ÐEÐE ME
11. Nukae wòle be woawɔ be ame ƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ se nu, wòanɔ anyi ɣeyiɣi didi eye bubu nanɔ eŋuti?
11 Ele be amesiwo le wo nɔewo gbɔ abe atsu kple asi ene la nakpɔ egbɔ be yewode yewoƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me nyuie le dziɖuɖu gbɔ. (Marko 12:17) Ele hã be woabu srɔ̃ɖeɖe agbanɔamedzi vevi aɖee. Ele eme be srɔ̃ɖeɖe me ate ŋu aklã le eɖoɖo koŋ agbe ame srɔ̃ dzikpɔkpɔ, ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu si gbɔ eme, alo eƒe gbɔgbɔmemenyenye dede afɔku gã me ta ya. (Timoteo I, 5:8; Galatiatɔwo 5:19-21) Gake nya siwo apostolo Paulo gblɔ le Korintotɔwo I, 7:10-17 la de dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woanɔ wo nɔewo gbɔ. Gake ne wodi be yewoakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ele be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. Paulo ŋlɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Hebritɔwo 13:4) Nya “srɔ̃ɖeba” fia ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo le se nu la ƒe dɔdɔ. Womagate ŋu agblɔ le gbɔdɔdɔ bubu aɖeke, abe nyɔnu ɖeɖe wu ɖeka ene, ŋu be ‘bubu le eŋu le amewo katã dome o.’ Gakpe ɖe eŋu la, Biblia tsri gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple ŋutsu kple ŋutsu, alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ kple wo nɔewo.—Romatɔwo 1:26, 27; Korintotɔwo I, 6:18.
12. Nukawoe nye matrewɔwɔ ƒe kutsetse gbegblẽ aɖewo?
12 Matrewɔwɔ ate ŋu anye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivisese na ame ya, gake mehea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ o. Medzea Mawu ŋu o eye ate ŋu ade abi ame ƒe dzitsinya ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Nu wɔnublanui siwo gbɔdɔdɔ manɔsenu hena vɛ ƒe ɖewo ate ŋu anye AIDS kple nulɔdɔ bubuwo. Atikewɔlawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Wosusui be amesiwo wu miliɔn 250 le xexeame katã ye xɔa babadɔ ƒe sia ƒe eye amesiwo ade miliɔn 50 xɔa agbadzà.” Gbɔmeyafufɔfɔ hã nye kuxi bubu. Dukɔwo Dome Ðoɖowɔwɔ ɖe Vidzidzi Ŋu Habɔbɔ ka nya ta be le xexeame katã la, nyɔnuvi siwo wu miliɔn 15 siwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 19 la fɔa fu ƒe sia ƒe, eye woƒe akpa etɔ̃lia ɖea fu. Numekuku aɖe fia be le Afrika-dukɔ aɖe me la, fuɖeɖe me kuxiwo wua nyɔnuvi ƒewuiviwo dometɔ 72 le alafa me. Agbegbegblẽnɔla aɖewo maxɔ dɔ alo afɔ fu ya o, gake magbe nugbegblẽ le woƒe seselelãme ya ŋu o. Ewɔnɛ be bubu meganɔa ame geɖe ŋu o eye woléa fu wo ɖokui gɔ̃ hã.
13. Kuxi bubu kawoe tsoa ahasiwɔwɔ me, eye nukae le amesiwo gbe asiɖeɖe le matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ ŋu la lalam?
13 Togbɔ be woate ŋu atsɔ ahasiwɔwɔ ake hã la, esɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be srɔ̃tɔ maɖifɔ la ate ŋu anɔ te ɖe edzi agbe srɔ̃a. (Mateo 5:32; tsɔe sɔ kple Hosea 3:1-5.) Ne agbegbegblẽnɔnɔ sia gblẽ srɔ̃ɖeɖea me la, ade abi srɔ̃tɔ maɖifɔ la kple ɖeviawo ƒe seselelãme ŋu vevie. Le amegbetɔƒomea ƒe nyonyo ta la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be Mawu adrɔ̃ fɔbubuʋɔnu matrewɔla kple ahasiwɔla siwo gbe dzimetɔtrɔ. Gawu la, egblɔe kɔte be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔlawo “manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”—Galatiatɔwo 5:19, 21.
“WOMENYE XEXEAME ƑE AKPA AÐEKE O”
14. (a) Nukawoe nye trɔ̃subɔsubɔnuwɔna si amesiwo sroa Mawu ɖa tsrina la dometɔ aɖewo? (b) Mɔfiame kae le Yohanes 17:14 kple Yesaya 2:4 me na mí?
14 Amesiwo di be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu eye yewoaxɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo la tsria trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe. Biblia gblɔ be menyo be woawɔ naneke ƒe nɔnɔme anɔ ta dem agu nɛ o, womawɔ Kristo, alo Yesu dada, Maria, tɔ hã o. (Mose II, 20:4, 5; Yohanes I, 5:21) Eyata Kristotɔ vavãtɔwo medea ta agu na legbawo, atitsogawo, kple nɔnɔmewɔwɔwo o. Wotsria trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o abe subɔsubɔ tsɔtsɔ na aflagawo alo ha siwo kafua dukɔwo ene la dzidzi. Ne wozi wo dzi be woawɔ nusiawo la, nya siwo Yesu gblɔ na Satana la vaa susu me na wo, esi gblɔ be: “[Yehowa], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Mateo 4:8-10) Yesu gblɔ be ye yomedzelawo “menye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 17:14, NW) Nya sia fia be womade akpa aɖeke dzi le dunya me o eye woanɔ anyi le ŋutifafa me wòasɔ ɖe nusi Yesaya 2:4 gblɔ nu be: “[Yehowa Mawu] adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”
15. Nukae nye Babilon Gã la, eye nukae Biblia-nusrɔ̃vi yeye geɖe wɔna tsɔ dona le emee?
15 ‘Xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye’ fia hã be woatso kadodo ɖesiaɖe kple “Babilon Gã la,” alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea. Blema Babilon ye subɔsubɔ makɔmakɔwo tso hekaka vaseɖe esime wòkpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi le gbɔgbɔ me le anyigba bliboa katã dzi. Subɔsubɔ siwo katã ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo mewɔ ɖeka kple sidzedze Mawu o la le “Babilon Gã la” me. (Nyaɖeɖefia 17:1, 5, 15) Yehowa subɔla nuteƒewɔla aɖeke makpɔ gome le xɔsetsakatsaka nuwɔnawo me to gomekpɔkpɔ le ha bubuwo ƒe tadedeagu me alo hadede kple Babilon Gã la ƒe akpa aɖe le gbɔgbɔ me me o. (Mose IV, 25:1-9; Korintotɔwo II, 6:14) Eyata Biblia-nusrɔ̃vi yeye geɖe ŋlɔa agbalẽ tsɔ naa nyanya ha si me wonɔ tsã be yewodo le eme. Esia na wo kple nyateƒe Mawu la dome va le kplikplikpli, abe alesi wòdo ŋugbee ene be: “Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, [Yehowa ye] gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.” (Korintotɔwo II, 6:17; Nyaɖeɖefia 18:4, 5) Ðe menye alea nèdi vevie be mía Fofo si le dziƒo la naxɔ wòe oa?
ƑEZÃWO ÐUÐU DADA KPƆ
16. Nukatae Kristotɔ vavãtɔwo meɖua Kristmas o?
16 Mawusosroɖagbenɔnɔ naa míevona tsoa xexeame ƒe ŋkekenyui siwo doa agba na ame zi geɖe la ɖuɖu me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia megblɔ gbesigbe tututu wodzi Yesu o. Ame aɖewo agblɔ be ‘Mesusu be December 25 lia dzie wodzi Yesu ɖe!’ Mate ŋu anye nenema o elabena ƒe 33 M.Ŋ. ƒe adamee wòku esime wòxɔ ƒe 33 1/2. Gakpe ɖe eŋu la, le edziɣi la, alẽkplɔlawo “le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me.” (Luka 2:8) December ƒe nuwuwu lɔƒo nyea tsidzaŋɔli si me vuvɔ wɔna le Israel, ɣeyiɣi si me wodea alẽwo kpo me le zã me be vuvɔ nagalé wo o. Le nyateƒe me la, Romatɔwoe ɖo December 25 lia wònye woƒe ɣemawu ƒe dzigbezã. Ƒe alafa geɖe le Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ megbe la, Kristotɔ xɔsegbelawo va xɔ ŋkeke sia be wòanye Kristo ƒe dzigbezãɖugbe. Eyata Kristotɔ vavãtɔwo meɖua Kristmas alo ŋkekenyui bubu ɖesiaɖe si tso alakpasubɔsubɔdzixɔsewo me o. Esi wotsɔ wo ɖokui katã na Yehowa ta la, womeɖua ŋkekenyui siwo doa amegbetɔ siwo nye nuvɔ̃mewo alo dukɔwo ɖe dzi hã o.
17. Nukatae amesiwo sroa Mawu ɖa meɖua dzigbezã o, gake nukatae ɖevi siwo nye Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ?
17 Dzigbezã eve koe Biblia yɔ be woɖu, eye amesiwo menye Mawu subɔlawo o ye ɖu wo ame evea siaa. (Mose I, 40:20-22; Mateo 14:6-11) Esi Ŋɔŋlɔawo meyɔ ame deblibo Yesu Kristo ƒe dzigbe o la, nukatae wòle be míade asixɔxɔ tɔxɛ amegbetɔ madeblibowo ƒe dzigbe ŋu? (Nyagblɔla 7:1) Gake dzila siwo sroa Mawu ɖa la melalana ŋkeke tɔxɛ aɖe ɖona hafi woɖenɛ fiana be yewolɔ̃ yewo viwo o. Kristotɔ nyɔnuvi ƒe 13 vi aɖe gblɔ be: “Mía kple míaƒe ƒomea míekpɔa dzidzɔ geɖe. . . . Mía kple dzinyelawo dome le kplikplikpli ŋutɔ, ale be ne ɖevi bubuwo biam be nukatae nyemeɖua ŋkekenyuiwo o la, megblɔna na wo be nye ya meɖua azã gbesiagbe.” Kristotɔ sɔhɛ ƒe 17 vi aɖe gblɔ be: “Míenaa nu ame le ƒe bliboa katã me le mía ƒeme.” Dzidzɔ nɔa eme wu ne wona nu tso lɔlɔ̃nu faa me.
18. Azã ɖeka kae Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖu ƒe sia ƒe, eye nuka dzie wòɖoa ŋkui na mí?
18 Ŋkeke ɖeka aɖe li si wòle be amesiwo nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu naɖu etɔxɛe ƒe sia ƒe. Eyae nye Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖu si wolɔ̃a yɔyɔ be Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã. Yesu de se na eyomedzelawo le eŋuti be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19‚ 20, NW; Korintotɔwo I, 11:23-25) Esime Yesu ɖo nuɖuɖu sia anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia ƒe zã me la, ezã abolo maʋãmaʋã kple wein dzẽ siwo nye kpɔɖeŋu na eƒe amegbetɔŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o kple eƒe ʋu deblibo la. (Mateo 26:26-29) Kristotɔ siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ɖua kpɔɖeŋunu siawo. Woxɔ wo ɖe nubabla yeye la kple nubabla hena Fiaɖuƒe la me, eye dziƒomɔkpɔkpɔ le wo si. (Luka 12:32; 22:20, 28-30; Romatɔwo 8:16, 17; Nyaɖeɖefia 14:1-5) Gake eɖea vi na amesiwo katã vaa eɖuƒe le ŋkeke si sɔ ɖe Nisan 14 lia dzi le blema Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi la. Eɖoa ŋku lɔlɔ̃ si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖe fia le tafevɔsa si léa avu ɖe nuvɔ̃ ta si na be amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo akpɔ agbe mavɔ la dzi na wo.—Mateo 20:28; Yohanes 3:16.
DƆWƆÐUI KPLE MODZAKAÐEÐE
19. Kuxi kae Kristotɔwo doa goe le dɔwɔnyawo me?
19 Enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woawɔ dɔ sesĩe atsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe. Ne ƒomewo ƒe tawo wɔe alea la, woƒe dzi dzea eme. (Tesalonikatɔwo I, 4:11, 12) Gake ne Kristotɔ ƒe dɔwɔɖui mewɔ ɖeka kple Biblia o la, ana makpɔ dzidzɔ o. Gake esesẽna na Kristotɔwo ɣeaɖewoɣi be woakpɔ dɔ si wɔ ɖeka kple Biblia ƒe dzidzenuwo. Le kpɔɖeŋu me, wobiana tso dɔwɔvi aɖewo si be woable asisiwo. Gake dɔtɔ geɖe alɔ̃ be yewoaɖe mɔ ɖe dɔwɔvi si ɖia anukware ƒe dzitsinya ŋu, elabena womedi be dɔwɔvi si dzi yewoka ɖo la naɖe asi le dɔ ŋu na yewo o. Ke hã eɖanye nuka kee dzɔ o, àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu ayra ɖe agbagba siwo nàdze la dzi be nàkpɔ dɔ si ana dzitsinya nyui nanɔ asiwò.—Korintotɔwo II, 4:2.
20. Nukatae wòle be míatia modzakaɖeɖewo me?
20 Esi Mawu di be ye subɔlawo nekpɔ dzidzɔ ta la, ehiã be míana míaƒe dɔ sesẽ wɔwɔ nada asɔ kple modzakaɖeɣiwo kple ɖiɖiɖemeɣiwo bene wòade agbe yeye mía me. (Marko 6:31; Nyagblɔla 3:12, 13) Satana ƒe xexeame dea mawumavɔ̃mavɔ̃ modzakaɖeɖewo ƒe dzi ƒo. Gake ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míatia agbalẽ siwo míexlẽna, radio dzi wɔna siwo míesena kple ha siwo míeƒona alo sena, kpakple kɔnsɛt, sinima, fefe, television dzi wɔna, kple video siwo míekpɔna la me. Ne modzaka siwo míeɖena tsã la mewɔ ɖeka kple nuxlɔ̃ame siwo le mawunyakpukpuiwo abe Mose V, 18:10-12, Psalmo 11:5, kple Efesotɔwo 5:3-5 ene me o la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye míakpɔ dzidzɔ wu ne míewɔ tɔtrɔwo.
BUBUDEDE AGBE KPLE ƲU ŊU
21. Aleke wòle be bubudede agbe ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua fuɖeɖe, kple míaƒe nuwɔnawo kpakple zɔzɔme dzii?
21 Ne míedi be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ele be míabu amegbetɔ ƒe agbe nu kɔkɔee, abe alesi Yehowa bunɛ ene. Eƒe Nya la gbe na mí be míagawu ame o. (Mateo 19:16-18) Le nyateƒe me la, Se si Mawu tsɔ na Israel-dukɔa fia be ebua vi nɔdɔme be enye agbe xɔasi—menye nusi dome woagblẽe wònye o. (Mose II, 21:22, 23) Eyata mele be míabu agbe nu tsɛe to atama, alo atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo ahatsunono tsɔtsɔ gblẽ nu le míaƒe ŋutilã ŋui me, alo awɔ nusiwo ana míadze afɔku dzodzro o. Mele be míatsɔ mía ɖokui ade nusiwo agblẽ míaƒe agbe dome wɔwɔ me alo agbe ŋuɖɔɖɔɖonu siwo akpɔ mía ta la wɔwɔ si ana míaɖi ʋufɔ o.—Mose V, 22:8.
22. (a) Nukae nye Mawu ƒe susu le ʋu kple ezazã ŋu? (b) Ameka ƒe ʋu koe te ŋu ɖea agbe le nyateƒe me?
22 Yehowa gblɔ na Noa kple eƒe ƒomea be ʋu tsi tre ɖi na luʋɔ, alo agbe. Eyata Mawu tsri ʋu ɖesiaɖe ƒomevi ɖuɖu na wo. (Mose I, 9:3, 4) Esi míenye woƒe dzidzimeviwo ta la, se ma bla mí katã. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be ele be woakɔ ʋu la ɖe anyigba eye womazãe na ame ŋutɔ ƒe ŋudɔwɔwɔ o. (Mose V, 12:15, 16) Eye wogagblɔ Mawu ƒe ʋuse la esime wogblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Miatsri . . . ʋu.” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Le bubudede agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu ta la, amesiwo sroa Mawu ɖa melɔ̃na wodoa ʋu na wo o, ne ame bubuwo gblɔ kokoko be exɔxɔ aɖe woƒe agbe hã. Wokpɔ be atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe siwo Yehowa Ðasefowo lɔ̃na xɔna la nyo ŋutɔ eye afɔku siwo tsoa ʋudodo me mele wo me o. Kristotɔwo nyae be Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi koe ɖea agbe le nyateƒe me. Edzixɔxɔse naa wotsɔa nuvɔ̃ kea ame eye agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ sua ame si.—Efesotɔwo 1:7.
23. Nukawoe nye vi siwo mawusosroɖagbenɔnɔ ɖena la ƒe ɖewo?
23 Edze ƒã be mawusosroɖagbenɔnɔ bia agbagbadzedze. Ate ŋu ana ƒometɔwo alo ame nyanyɛwo naɖu fewu le ame ŋu. (Mateo 10:32-39; Petro I, 4:4) Gake viɖe siwo tsoa agbe sia nɔnɔ me la de ŋgɔ sã wu dodokpɔ ɖesiaɖe si anɔ eme. Enaa dzitsinya dzadzɛ nɔa ame si eye wònaa hadede tuameɖo nɔa ame kple hati Yehowa subɔlawo dome. (Mateo 19:27, 29) Gabu agbenɔnɔ tegbee le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me hã ŋu kpɔ. (Yesaya 65:17, 18) Eye dzidzɔ kae nye si wòanye be nàwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi ale be nàna Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ! (Lododowo 27:11) Eyata ɖikeke aɖeke mele eŋu o be mawusosroɖagbenɔnɔ naa wokpɔa dzidzɔ!—Psalmo 128:1, 2.
DO WÒ SIDZEDZE KPƆ
Susu siwo ta agbenɔnɔ ɖe mawusosroɖa nu naa wokpɔa dzidzɔ la ƒe ɖewo ɖe?
Tɔtrɔ kawoe agbenɔnɔ ɖe mawusosroɖa nu abia be woawɔ?
Nukatae nèdi be yeanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu?
[Nɔnɔmetata si le axa 124, 125]
Gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ si ŋu wotsɔ dzudzɔɣiwo kpe ɖo la naa amesiwo nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu kpɔa dzidzɔ