Ðe Wòhiã Ŋutɔŋutɔ be Nàɖe Kukua?
GEORGE BERNARD SHAW ŋlɔ bena: ‘Nyemeɖea kuku gbeɖe o.’ Ðewohĩ ame bubuwo agblɔ be: ‘Nusi dzɔ la dzɔ xoxo.’
Ðewohĩ mía ŋutɔwo míelɔ̃na ɖe vodada dzi kaba o le esi míedi be ŋu nakpe mí o ta. Ðewohĩ míetsɔnɛ be ame kemɛa gbɔe kuxia tso. Alo ɖewohĩ míaɖoe be míaɖe kuku gake míahee ɖe megbe vaseɖe esime míasusu be amea megatsɔ ɖeke le eme o hafi.
Eyata ɖe kukuɖeɖewo le veviea? Ðe nane ate ŋu ado tso wo me ŋutɔŋutɔa?
Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míeɖea Kuku
Nɔvilɔlɔ̃ nye nusi dea dzesi Yesu Kristo yomedzela vavãwo. Egblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Ŋɔŋlɔawo ƒoe ɖe Kristotɔwo nu be ‘woalɔ̃ wo nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.’ (Petro I, 1:22) Lɔlɔ̃ deto ʋãa mí míeɖea kuku. Nukatae? Elabena amegbetɔ ƒe blibomademade na míewɔa nu wòvea ame godoo si ne womekpɔ egbɔ o la, wòxea mɔ ɖe lɔlɔ̃ nu.
Le kpɔɖeŋu me, le masɔmasɔ si anɔ mía kple ame aɖe dome le Kristotɔwo ƒe hamea me ta la, míaɖoe be míagaƒo nu kplii o. Ne míawoe da voa la, aleke míawɔ be lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo nagava nɔ mía kplii dome? Zi geɖe la, to kukuɖeɖe kple agbagbadzedze be míaɖo dze le vividodoɖeameŋu me. Míenyi lɔlɔ̃ ƒe fe le mía haxɔsetɔwo si, eye ne míegblɔ be míatɔ medzɔ o le vo si míeda ta la, míexea fe ma ƒe akpa aɖe.—Romatɔwo 13:8.
Le kpɔɖeŋu me: Mari Carmen kple Paqui nye nyɔnu Kristotɔ siwo nye xɔlɔ̃wo ɣeyiɣi didi aɖe. Gake esi Mari Carmen xɔ ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi aɖe dzi se ta la, eƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kple Paqui dzi ɖe kpɔtɔ. Megatena ɖe Paqui ŋu kura o evɔ meɖe nya aɖeke me nɛ hã o. Ƒe ɖeka kloe megbe la, Mari Carmen se be nya si wogblɔ na ye la mele eme o. Nukae wòwɔ? Lɔlɔ̃ ʋãe wòyi Paqui gbɔ eye wòtsɔ ɖokuibɔbɔ ɖe alesi gbegbe wòvee be yewɔ nu manyomanyo nenema la fiae. Wo ame evea fa avi vevie, eye tso ɣemaɣi la, wozu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.
Togbɔ be míakpɔe be míewɔ nu gbegblẽ aɖeke o hã la, kukuɖeɖe ate ŋu akpɔ nugɔmemasemase gbɔ. Manuel ɖo ŋku edzi be: “Ƒe geɖe enye sia la, mía kple srɔ̃nye va nɔ míaƒe gbɔgbɔmenɔvinyɔnu aɖe ƒe aƒeme esime woxɔe ɖe kɔdzi. Míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe tsɔ kpe ɖe eya kple viawo ŋu esime wònɔ dɔ lém. Gake esi wòtrɔ gbɔ la, eto nyatoƒoe na exɔlɔ̃ aɖe be míekpɔ aƒeme gazazãwo gbɔ na ye nyuie o.
“Míeyi ɖasrãe kpɔ eye míeɖe eme nɛ be le míaƒe sɔhɛnyenye kple nuteƒemakpɔmakpɔ ta ɖewohĩ míekpɔ nuwo dzi nyuie abe alesi eya ŋutɔ awɔe ene o. Exɔ edzi enumake gblɔ be ye boŋue nyi fe le mía si eye be yeda akpe ɖe nusiwo katã míewɔ na ye ta ŋutɔŋutɔ. Míekpɔ kuxia gbɔ. Nuteƒekpɔkpɔ ma fia alesi wòle vevie be míatsɔ ɖokuibɔbɔ abia tsɔtsɔke ne masɔmasɔwo do mo ɖa lam.”
Yehowa yra srɔ̃tɔ siawo le lɔlɔ̃ɖeɖefia kple ‘nusiwo hea ŋutifafa vɛ yomenɔnɔ’ ta. (Romatɔwo 14:19) Lɔlɔ̃ bia hã be míanɔ ŋudzɔ ɖe ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu. Petro ɖo aɖaŋu na mí be “ame nu nawɔ nublanui” na mí. (Petro I, 3:8) Ne ame nu wɔa nublanui na mí la, anɔ eme godoo be míakpɔ veve si míena amea se to nya si míegblɔ alo nusi míewɔ nuŋumabumabutɔe la adze sii eye aʋã mí be míaɖe kuku.
“Mitsɔ Ðokuibɔbɔɖeanyi Hetsyɔ”
Nyaʋiʋli sesẽ aɖe ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi le Kristotɔ hamemegãwo gɔ̃ hã dome. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:37-39.) Ɣeyiɣi siawo mee kukuɖeɖe aɖe vi geɖe le. Gake nukae akpe ɖe hamemegã alo Kristotɔ bubu ɖesiaɖe si wòsesẽna na be wòaɖe kuku la ŋu?
Ðokuibɔbɔe nye egbɔkpɔnu. Apostolo Petro ɖo aɖaŋu be: “Mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ.” (Petro I, 5:5) Togbɔ be enye nyateƒe be le nyaʋiʋli akpa gãtɔ me la, ame evea gbɔe vodadaa tsona hã la, Kristotɔ ɖokuibɔbɔla la tsia dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe vodadawo ŋu eye wòlɔ̃na ɖe wo dzi faa.—Lododowo 6:1-5.
Ele be amesi wole kuku ɖem na naxɔe le ɖokuibɔbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, mítsɔe be ame eve siwo wòhiã be woaƒo nu na wo nɔewo la tɔ ɖe to vovovo eve tame. Ʋe gã si le wo dome wɔe be womate ŋu aƒo nu na wo nɔewo o. Gake ne ɖeka ɖi aga yi balia me eye ame kemea hã wɔ nenema la, woate ŋu aɖo dze bɔbɔe. Nenema ke ne ehiã be Kristotɔ eve nakpɔ masɔmasɔ si le wo dome gbɔ la, wo dometɔ ɖesiaɖe nado go nɔvia le balia me le kpɔɖeŋumɔ nu, eye woaɖe kuku siwo sɔ.—Petro I, 5:6.
Kukuɖeɖewo Fia Nu Geɖe le Srɔ̃ɖeɖe Me
Ame madeblibo eve ƒe srɔ̃ɖeɖe na kukuɖeɖe hiãna kokoko. Eye ne ame ƒe nu wɔa nublanui na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa la, aʋã wo be woaɖe kuku ne edzɔ be woƒo nu alo wɔ nu ameŋumabumabutɔe. Lododowo 12:18 ɖee fia be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Womate ŋu atrɔ ‘nuƒoƒo si tɔ ame’ o, gake kukuɖeɖe anukwaretɔe ate ŋu adae. Le nyateƒe me la, esia bia ŋudzɔnɔnɔ kple agbagbadzedze ɣesiaɣi.
Esi Susana nɔ nu ƒom tso eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, egblɔ be: “Mía kple Jack* míeɖe mía nɔewo ƒe 24 enye sia, gake míegale nu yeyewo srɔ̃m le mía nɔewo ŋu kokoko. Nublanuitɔe la, míeklã le ɣeyiɣi aɖe si va yi me heɖe ɖe aga tso mía nɔewo gbɔ kwasiɖa ʋee aɖewo. Gake míexɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo tso hamemegãwo gbɔ eye míegawɔ ɖeka. Fifia míekpɔe be esi amenyenye vovovowoe le mía si ta la, masɔmasɔwo ado mo ɖa godoo. Ne edzɔ alea la, míeɖea kuku kaba eye míedzea agbagba vevie be míase ame kemɛa ƒe nukpɔsusu gɔme. Enye dzidzɔ nam be magblɔ be míaƒe srɔ̃ɖeɖe ganyo wu sasasã.” Jack gblɔ kpee be: “Míesrɔ̃ alesi míade dzesi ɣeyiɣi mawo siwo dzi kua mi la hã. Le ɣeyiɣi mawo me la, míewɔa nu kple mía nɔewo le ŋuɖɔɖɔɖo geɖe wu me.”—Lododowo 16:23.
Ðe wòle be nàɖe kuku ne èkpɔe be yemeda vo oa? Ne dzi le ame kum vevie la, esesẽna be woakpɔ afisi kuxia tso. Gake nu vevitɔe nye ŋutifafa si anɔ srɔ̃ɖeɖea me. Bu Abigail, Israel-nyɔnu si srɔ̃ wɔ ŋlɔmi le Dawid ŋu la ŋuti kpɔ. Togbɔ be womate ŋu abu fɔe ɖe srɔ̃a ƒe movidzɔdzɔ ta o hã la, eɖe kuku. Eɖe kuku be: “Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee!” Dawid lɔ̃ ɖe edzi to alesi wòwɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe me, eye wòtsɔ ɖokuibɔbɔ lɔ̃ ɖe edzi be ne menye eyae o la, anye ne yeakɔ ʋu maɖifɔ ɖi.—Samuel I, 25:24-28, 32-35.
Nenema ke nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye June, si ɖe srɔ̃ ƒe 45 enye sia la, kpɔe be srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze bia be woalɔ̃ faa aɖe kuku gbã. Egblɔ be: “Megblɔna na ɖokuinye be míaƒe srɔ̃ɖeɖea le vevie wu nye ŋutɔ nye seselelãmewo. Eyata ne meɖe kuku la, mekpɔnɛ be mele asi kpem ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu.” Ŋutsu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Jim gblɔ be: “Meɖea kuku na srɔ̃nye ɖe nya suewo gɔ̃ hã ta. Tso esime wowɔ dɔ sesẽ aɖe nɛ la, nu tena ɖe edzi kabakaba. Eyata mekplaa asi kɔ nɛ edziedzi hegblɔna be, ‘Nye Lɔlɔ̃tɔ, baba na wò. Nyemeɖoe be mado dziku na wò o.’ Egaɖoa nukomo enumake abe ati si wode tsii ene.”
Ne míewɔ nu wòve amesi míelɔ̃ vevie la, kukuɖeɖe kaba akpɔ nya la gbɔ nyuie. Milagros lɔ̃ ɖe edzi tso dzi blibo me be: “Nyemekana ɖe ɖokuinye dzi o, eye ne srɔ̃nye gblɔ nya tɔame aɖe la, eveam ŋutɔ. Gake ne eɖe kuku la, nye dzi fana enumake.” Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí wòsɔ nyuie be: “Nya dzeto la anyĩtsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.”—Lododowo 16:24.
Srɔ̃ Kukuɖeɖe ƒe Aɖaŋu La
Ne míeɖea kuku edziedzi le afisi wòhiã le la, anɔ eme godoo be míakpɔe be amewo axɔe nyuie. Eye ɖewohĩ woa ŋutɔwo hã woaɖe kuku. Ne míekpɔe be míedo dziku na ame aɖe la, nukata míawɔe wòanye numãme be míaɖe kuku tsɔ wu be míadze agbagba ɖesiaɖe agbe lɔlɔ̃ ɖe vodadaa dzi o? Xexeame abu be kukuɖeɖe nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi, gake eɖea Kristotɔwo ƒe tsitsi fiana ŋutɔ. Le nyateƒe me la, míadi be míanɔ abe amesiwo lɔ̃na ɖe vodada aɖewo dzi gake wobua agba si le wo dzi nu tsɛe ene o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe míegblɔna be míeɖe kuku evɔ metso míaƒe dzime oa? Ne míetsi megbe va ɖo eye míeɖe kuku gbogbo aɖewo la, ɖe míeɖonɛ be míadze agbagba ava kaba wua?
Eyata ɖe wòhiã be míaɖe kuku ŋutɔŋutɔa? Ẽ, ehiã. Mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe agbanɔamedzie wònye be míawɔ nenema. Kukuɖeɖe ate ŋu ana vevesese si blibomademade he vɛ la dzi naɖe akpɔtɔ, eye ate ŋu aɖɔ ƒomedodo si me gblẽ ɖo. Kuku ɖesiaɖe si míaɖe la nye nusɔsrɔ̃ le ɖokuibɔbɔ me eye ehea mí be míanɔ ŋudzɔ ɖe ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu geɖe wu. Ana haxɔsetɔwo, mía srɔ̃wo, kple ame bubuwo nabu mí amesiwo dze be woalɔ̃ ahaɖo ŋu ɖo. Míavo le susu me, eye Yehowa Mawu ayra mí.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Menye woƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔwoe o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Kukuɖeɖe anukwaretɔe doa Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ