INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/97 axa 1
  • ‘Miwɔ Miaƒe Ŋutete Ðesiaɖe’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Miwɔ Miaƒe Ŋutete Ðesiaɖe’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ame Ka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye!’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Ne Èle Wò Ŋutete Katã Wɔm Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu ‘Gbesiagbe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 6/97 axa 1

‘Miwɔ Miaƒe Ŋutete Ðesiaɖe’

1 Esi míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe nɛ be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔ kekeake nɛ. Esɔ be apostolo Petro de dzi ƒo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe ana kakaɖedzi nanɔ woƒe tenɔnɔ le Yehowa ŋkume ŋu. (Pet. II, 1:10) Le nyateƒe me la, míedi be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míadze Yehowa ŋu le esubɔsubɔ me egbea. Nukae esia bia? Ne míaƒe ƒomedodo kple Yehowa me le sesẽm ɖe edzi eye míedea ŋugble le nusiwo katã wòwɔ na mí ŋu la, míaƒe dzi ʋãa mí ɣesiaɣi be míawɔ nusianu si míate ŋui le eƒe subɔsubɔ me. Míedi be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi eye le afisi wòanya wɔ le la, míadzi dɔ si míete ŋu wɔna hã ɖe edzi.—Ps. 34:9; Tim. II, 2:15.

2 Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si di be yeawɔ subɔsubɔdɔa geɖe wu la kpɔe be Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi na yeƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu de to ɖe edzi eye dzo gaɖo ye me wu. Esia ʋãe wòbia be yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Nɔvinyɔnu aɖe si nuƒoƒo na amedzrowo sesẽna na la srɔ̃ dzeɖonya aɖewo le Reasoning-gbalẽa me eye eteƒe medidi o eva nɔ dzidzedze geɖe wu kpɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ete ŋu wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ŋutsu aɖe kple srɔ̃a eye wova xɔ nyateƒea.

3 Kpɔ Dzidzɔ ɖe Nusi Nàte Ŋu Awɔ Ŋu: Nɔnɔme sesẽwo abe lãmegbegblẽ, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, ahedada, alo ɖekematsɔleme le míaƒe anyigbamamã me ene ɖea kpe na mía dometɔ aɖewo. Kuxi bubu geɖe siwo bɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me ate ŋu ado kplamatse míaƒe subɔsubɔ. (Luka 21:34, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; Tim. II, 3:1) Ðe esia fia be míedo kpo nu le adzɔgbe si míeɖe na Yehowa mea? Menye nenema o ne míaƒe ŋutete katãe míetsɔ le esubɔmee.

4 Nunya mele eme be míanɔ te ɖe nusi ame bubuwo te ŋu wɔna dzi adrɔ̃ ʋɔnu mía ɖokui o. Ke boŋ Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be “amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ.” Mía ɖokui tsɔtsɔ na bliboe alesi mía ŋutɔwo míate ŋui dzea Yehowa ŋu eye wòna ‘míekpɔa dzidzɔ.’—Gal. 6:4; Kol. 3:23, 24.

5 Mina míawɔ ɖe Petro ƒe nyawo dzi be ‘míawɔ míaƒe ŋutete katã be Mawu nakpɔ mí mlɔeba le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui.’ (Pet. II, 3:14) Nɔnɔme ma ana míakpɔe be míele dedie eye wòana susu ƒe akɔdzeanyi si Yehowa ɖeɖekoe te ŋu nana la nasu mía si.—Ps. 4:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe