INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 12 axa 108-117
  • Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔmeŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔmeŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ŋu
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO—AFISI WODZƆ TSO KPLE WOƑE TAÐODZINU
  • MƆ SIWO DZI GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO TONA BE YEWOABLE WÒ
  • NUSITA BIBLIA TSRI GBƆGBƆYƆYƆ
  • AMENUBEBLE VA ZU AMEDZIDZEDZE
  • ALESI NÀWƆ AƲA KPLE GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWOE
  • YI EDZI NÀWƆ AƲA KPLE GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO
  • Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Lɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nusita Wòle be Nàtsri Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2000
  • Nu Si Ta Wòle Be Nàƒo Asa Na Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 12 axa 108-117

Ta 12

Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔmeŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ŋu

1. Aleke Yesu wɔ esi wòdo go gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo?

LE YESU KRISTO ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ vɔ megbe teti ko la, eyi Yudea-gbedzi be yeado gbe ɖa ahade ŋugble. Esi wònɔ afima la, Satana Abosam dze agbagba be yeablee wòada le Mawu ƒe se dzi. Gake Yesu gbe nusiwo Abosam tsɔ ɖo mɔ̃ nɛ eye eƒe mɔ̃ mete ŋu ɖee o. Yesu do go gbɔgbɔ vɔ̃ɖi bubuwo hã le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Gake eka ŋkume na wo hetsi tre ɖe wo ŋu zi geɖe.—Luka 4:1-13; 8:26-34; 9:37-43.

2. Nyabiabia kawo ŋue míade ŋugble le?

2 Ele be Biblia me nuŋlɔɖi siwo ƒo nu tso gododo mawo ŋu la nana míaka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo li nyateƒe. Wodina be yewoable amewo. Gake míate ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ŋu. Gake afikae gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo tso? Nukatae wodzea agbagba be yewoable amewo? Eye mɔ kawo dzie wotona blea wo? Ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na biabia siawo akpe ɖe ŋuwò be nàtsi tre ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo ŋu.

GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO—AFISI WODZƆ TSO KPLE WOƑE TAÐODZINU

3. Aleke Satana Abosam wɔ va dzɔ?

3 Yehowa Mawu wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ gbogbo aɖewo gbaɖegbe ʋĩ ke hafi va wɔ amegbetɔ. (Hiob 38:4, 7) Abe alesi míeɖe emee le ta 6 lia me ene la, mawudɔla siawo dometɔ ɖeka va di be woade ta agu na ye ɖe Yehowa teƒe. Esi mawudɔla vɔ̃ɖi sia ti didi sia yome la, etsi tre ɖe Wɔla la ŋu eye wògblẽ eŋu, edi gɔ̃ hã be nyɔnu gbãtɔ nasusui be aʋatsokalae Mawu nye. Eyata esɔ be wova yɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã sia be Satana (tsitretsiɖeŋula) Abosam (ameŋugblẽla).—Mose I, 3:1-5; Hiob 1:6.

4. Aleke mawudɔla aɖewo wɔ nuvɔ̃ le Noa ƒe ŋkekea mee?

4 Emegbe mawudɔla bubuwo hã va de Satana Abosam dzi. Le ame dzɔdzɔe Noa ƒe ŋkekeawo me la, wo dometɔ aɖewo gblẽ woƒe subɔsubɔdɔ ɖe dziƒo va do ŋutilã be woaɖi kɔ na gbɔdɔdɔ kple anyigba dzi nyɔnuwo ƒe dzodzro sesẽ si ɖo wo me. Ðikekemanɔmee la, Satanae ble mawudɔla siawo be woawɔ tomaɖomaɖonu ma. Ena be wodzi dzidehlɔ̃mevi siwo woyɔna be Nefilimwo, amesiwo va zu ŋutasẽla vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Esime Yehowa na Tsiɖɔɖɔ gã la va la, etsrɔ̃ ameƒome gblẽku la kple mawudɔla tosẽlawo ƒe dzidzime manɔdzɔdzɔmenu sia. Mawudɔla dzeaglãawo ɖe woƒe ŋutilã si wodo la ɖi eye wogbugbɔ yi gbɔgbɔmenutowo me ale be woawo metsrɔ̃ o. Gake Mawu xe mɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ siawo nu esi wòwɔ wo abe amesiwo wonyã de gbɔgbɔmeviviti me ene. (Mose I, 6:1-7, 17; Yuda 6) Gake Satana, “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia” la, kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo gale woƒe aglãdzedzea dzi ko. (Luka 11:15) Nukae nye woƒe taɖodzinu?

5. Nukae nye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe taɖodzinu, eye nukawoe wozãna tsɔ trea mɔ̃ na amewo?

5 Taɖodzinu vɔ̃ɖi si le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo sie nye be yewoana amewo nadze aglã ɖe Yehowa Mawu ŋu. Eyata le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, ame vɔ̃ɖi siawo nɔa amewo blem, wonɔa ŋɔdzi dom na wo, henɔa wo dzi dzem. (Nyaɖeɖefia 12:9) Míaƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔwo ɖo kpe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze nu sẽ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe tsɔ léa amewoe. Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa amenublenu siae, eye nukae nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta?

MƆ SIWO DZI GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO TONA BE YEWOABLE WÒ

6. Nukae nye gbɔgbɔyɔyɔ, eye eƒomevi aɖewo ɖe?

6 Nukae nye gbɔgbɔyɔyɔ? Enye kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, alo gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo, tẽ alo to amegbetɔ si nye gbɔgbɔyɔla dzi. Gbɔgbɔyɔyɔ le na gbɔgbɔ vɔ̃wo abe alesi mɔ̃gbɔɖonu le na adelawo ene: Edzroa lã si wòdi be yeaɖe. Eye abe alesi adela zãa mɔ̃gbɔɖonu hamehame tsɔ blea lãwoe ene la, nenema ke gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo hã zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovo tsɔ blea amewo nu hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzii. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 119:110.) Mɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye afakaka, akunyawɔwɔ, afakadzesiwo didi, gbesa, ŋɔliyɔyɔ, nubiabia le nuwɔlawo gbɔ, kple nutabiabia le ame kukuwo gbɔ.

7. Aleke gbegbe gbɔgbɔyɔyɔ kakae, eye nukatae wòbɔ ɖe dukɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gɔ̃ hã me?

7 Woƒe mɔ̃gbɔɖonua te ŋu léa nu geɖe, elabena gbɔgbɔyɔyɔ dzroa ame geɖe le xexeame godoo. Amesiwo le kɔƒenutowo me la yia nuwɔlawo gbɔ, eye dugã me ɔfisdɔwɔlawo yia ɣletivimefakalawo gbɔ. Gbɔgbɔyɔyɔ le dzidzim ɖe edzi le dukɔ siwo wogblɔna be Kristotɔwo ƒe dukɔwoe yewonye hã me. Numekuku fia be le United States ɖeɖe la, woŋlɔa gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo ŋu nyawo ɖe magazine siwo ade 30 eye wotana ɖekaɖeka abe 10,000,000 ene la me. Braziltɔwo zãa dɔlar miliɔn 500 kple edzivɔ ɖe gbɔgbɔyɔnuwo ŋu ƒe sia ƒe. Gake amesiwo yia gbɔgbɔyɔƒewo le dukɔ ma me dome ame 80 le alafa me nye Katolikotɔ siwo wode tsi ta siwo gadea Misa. Esi nunɔla aɖewo yɔa gbɔgbɔ ta la, mawusubɔla geɖe susunɛ be ɖe wòdzea Mawu ŋu. Gake ɖe wòdzea eŋua?

NUSITA BIBLIA TSRI GBƆGBƆYƆYƆ

8. Nukae nye Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu?

8 Ne wogblɔ na wò be gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖewo nye mɔ siwo nu wotona kena ɖe gbɔgbɔ nyuiwo ŋu la, ke nusi Biblia gblɔ le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu awɔ nuku na wò. Wode se na Yehowa ƒe amewo be: “Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!” (Mose III, 19:31; 20:6, 27) Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia xlɔ̃ nu be “afakalawo” atsrɔ̃ le “ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me. Esia enye ku evelia [yi ɖe mavɔ me].” (Nyaɖeɖefia 21:8; 22:15) Yehowa Mawu meda asi ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖeke dzi o. (Mose V, 18:10-12) Nukatae?

9. Nukatae míate ŋu agblɔ be menye Yehowa gbɔe nya siwo wosena tso gbɔgbɔmexexeame egbea la tso o?

9 Hafi woawu Biblia ŋɔŋlɔ nu la, Yehowa dɔa gbɔgbɔ nyuiwo, alo mawudɔla dzɔdzɔewo, be woagblɔ nya na amewo. Esi wowu Mawu ƒe Nya la ŋɔŋlɔ nu vɔ la, eyae fiaa mɔ amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu la nu. (Timoteo II, 3:16, 17; Hebritɔwo 1:1, 2) Metoa eƒe Nya kɔkɔe la gbɔ va gblɔa nya toa gbɔgbɔyɔlawo dzi o. Gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo gbɔe nya siwo katã wosena tso gbɔgbɔmexexeame egbea la tsona. Gbɔgbɔyɔyɔ ate ŋu ana gbɔgbɔ vɔ̃wo naɖe fu na ame vevie alo be gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo nadze ame dzi gɔ̃ hã. Eyata esi Mawu lɔ̃ mí ta la, egbe na mí be míagawɔ gbɔgbɔyɔnu aɖeke o. (Mose V, 18:14; Galatiatɔwo 5:19-21) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míegayi gbɔgbɔyɔyɔ dzi le esime míenya alesi Yehowa bunɛ vɔ megbe la, ke míele gbɔgbɔ vɔ̃ɖi dzeaglãawo dzi dem eye ana míazu Mawu ƒe futɔwo.—Samuel I, 15:23; Kronika I, 10:13, 14; Psalmo 5:5.

10. Nukae nye afakaka, eye nukatae wòle be míatsrii?

10 Gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖe si bɔe nye afakaka—agbagbadzedze be woanya etsɔme alo nusiwo do viviti ɖe ame to gbɔgbɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me. Afakaka ƒomevi aɖewoe nye ɣletivimefakaka, ahuhɔ̃emefakaka, drɔ̃ewo gɔmeɖeɖe, asiƒomefakaka, kple afakaka ƒe aɖidagbalẽviwo tsɔtsɔ gblɔ etsɔme ɖi. Ame geɖe bua afakaka abe fefenu si magblẽ naneke o ene, gake Biblia gblɔ na mí be afakalawo kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwoe zɔna. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 16:16-19 gblɔ be “afakakagbɔgbɔ” nɔ nyɔnuvi aɖe me wòtsɔ nɔ ‘etsɔme gblɔm ɖii.’ Gake esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le eme la, ebu eƒe etsɔmegbɔgblɔɖi ŋutetea. Eme kɔ ƒã be mɔ̃gbɔɖonue afakaka nye gbɔgbɔ vɔ̃wo zãna tsɔ blea amewo dea woƒe mɔ̃ me.

11. Aleke agbagbadzedze be woaƒo nu kple ame kukuwo kplɔa ame dea mɔ̃ mee?

11 Ne èle wò ƒometɔ lɔlɔ̃ aɖe alo xɔ̃wò vevi aɖe si ku ƒe nu xam la, ameflunu bubu ate ŋu able wò bɔbɔe. Gbɔgbɔyɔla ate ŋu agblɔ nya tɔxɛ aɖe na wò alo aƒo nu na wò kple gbe aɖe si ɖi ame kukua tɔ. Kpɔ nyuie! Agbagbadzedze be woaƒo nu kple ame kukuwo kplɔa ame dea mɔ̃ me. Nukatae? Elabena ame kukuwo mate ŋu aƒo nu o. Abe alesi nàɖo ŋku edzii ene la, Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí kɔte be ame kuku “[gbugbɔna] yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” Ame kukuwo “menya naneke o.” (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10) Gakpe ɖe eŋu la, le nyateƒe me, gbɔgbɔ vɔ̃woe wonya be wosrɔ̃a ame kukuwo ƒe gbe eye wogblɔa amesi ku ŋu nya na ŋɔliyɔlawo. (Samuel I, 28:3-19) Eyata ‘amesiame si biaa nu ame kukuwo’ la, gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ̃ mee wòle afɔ demee eye wòle nusi tsi tre ɖe Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu wɔm.—Mose V, 18:11, 12; Yesaya 8:19.

AMENUBEBLE VA ZU AMEDZIDZEDZE

12, 13. Kpeɖodzi kae li be gbɔgbɔ vɔ̃wo gale amewo dodo kpɔ kple fuɖeɖe na wo dzi?

12 Ne èwɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Mawu ƒe Nya la me ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu dzi la, ana nàsi le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe mɔ̃gbɔɖonuwo nu. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 141:9, 10; Romatɔwo 12:9.) Ðe wòfia be gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo magadze agbagba be yewoalé wò oa? Kura o! Esi Satana te Yesu kpɔ zi etɔ̃ vɔ la, “ete ɖa le egbɔ gbɔ.” (Luka 4:13) Nenema ke menye ame nu koe gbɔgbɔ sẽtowo blena o ke wodzea ame dzi hã.

13 Ðo ŋku nusi míesrɔ̃ le alesi Satana dze Mawu subɔla Hiob dzii ŋu la dzi. Abosam na eƒe lãhawo tsrɔ̃ eye wowu eƒe dɔla akpa gãtɔ. Satana wu Hiob viwo gɔ̃ hã. Emegbe etsɔ dɔléle si me vevesese helĩhelĩ le ƒu Hiob ŋutɔ. Gake Hiob lé eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi eye woyrae geɖe. (Hiob 1:7-19; 2:7, 8; 42:12) Tso ɣemaɣi ke la, gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ ame aɖewo mumuwo alo ŋkuagbãtɔwoe eye wotua aglo ne wole amewo ƒe fukpekpe teƒe kpɔm. (Mateo 9:32, 33; 12:22; Marko 5:2-5) Egbea nyatakakawo fia be gbɔgbɔ vɔ̃wo tsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na ame aɖewo eye wona ame bubuwo hã ƒe tagbɔ gblẽna. Wogaƒonɛ ɖe ame bubuwo nu be woawu ame alo woawu wo ɖokui, esiwo nye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. (Mose V, 5:17; Yohanes I, 3:15) Gake ame akpe geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo ƒe mɔ̃ ɖe tsã la te ŋu do le wo si me. Aleke wowɔ do? Afɔ vevi aɖewoe woɖe.

ALESI NÀWƆ AƲA KPLE GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWOE

14. Aleke nàwɔ atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Efeso Kristotɔwo ɖo eƒe kpɔɖeŋui ene?

14 Nukae nye mɔ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ aʋa kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo eye nàtsɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta be miagage ɖe woƒe mɔ̃ me o? Hafi ne ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Efeso nazu xɔsetɔwo la, woɖe afɔ vevi aɖewo. Míexlẽ be “ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 19:19) Ne mèyɔ gbɔgbɔ kpɔ o hã la, tsɔ nusianu si woate ŋu azã le gbɔgbɔyɔyɔ me alo nusiwo ado ƒome kplii la ƒu gbe. Nusiawo ƒe ɖewoe nye agbalẽwo, magazinewo, videowo, nuŋɔŋlɔ alo nutatawo, hadzidzi siwo wolé ɖe agba alo kasɛt dzi, kple nusianu si wozãna na gbɔgbɔyɔyɔ ko. Bubuwo hãe nye legbawo, atiblɛwo kple nusiwo wodona alo wotsina ɖe ŋui be wòakpɔ ame ta, kpakple nusiwo gbɔgbɔyɔlawo ana wò. (Mose V, 7:25, 26; Korintotɔwo I, 10:21) Le kpɔɖeŋu me: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖe kpe na ŋutsu aɖe kple srɔ̃a le Thailand ɣeyiɣi didi aɖe. Ke wova tsɔ gbɔgbɔyɔnuawo ƒu gbe. Nukae dzɔ azɔ? Woƒe tome fa tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedzewo me eye le ema megbe la, woyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me nyuie.

15. Afɔɖeɖe bubu ka hãe akpe ɖe ŋuwò natsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu?

15 Bene míate ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu la, afɔɖeɖe vevi bubu si li ye nye be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be míado gbɔgbɔmeʋawɔnu blibo si Mawu na la dzi. (Efesotɔwo 6:11-17) Ele be Kristotɔwo nabla akpa ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu wu tsã. Nukawoe afɔɖeɖe sia bia? Paulo gblɔe be: “Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo [katã] la me ɖe asi.” Le nyateƒe me la, alesi wò xɔse sẽe la, nenema ke ŋutete si anɔ ŋuwò be nàwɔ aʋa kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo hã asẽe.—Mateo 17:14-20.

16. Aleke nàwɔ ado ŋusẽ wò xɔsee?

16 Aleke nàte ŋu ado ŋusẽ wò xɔsee? Eyae nye Biblia sɔsrɔ̃ ɣesiaɣi kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ le wò agbenɔnɔ me. Ame ƒe xɔse ƒe sesẽ ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi eƒe gɔmeɖokpe—sidzedze Mawu—asẽe dzi. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be sidzedze vavãtɔ si su asiwò eye nèna wòwɔ dɔ ɖe wò dzi dzi le wò Biblia sɔsrɔ̃ me la tu wò xɔse ɖo oa? (Romatɔwo 10:10, 17) Eyata ɖikeke mele eme o be esi nèle nusɔsrɔ̃ sia dzi yim eye nèɖoe be yeanɔ Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem la, ŋusẽ agaɖo wò xɔse ŋu ɖe edzi. (Romatɔwo 1:11, 12; Kolosetɔwo 2:6, 7) Anye takpɔnu sesẽ aɖe na wò le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze me.—Yohanes I, 5:5.

17. Afɔɖeɖe bubu kawoe agahiã le aʋawɔwɔ kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo me?

17 Afɔ bubu kawoe amesi ɖoe be yeatsi tre ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo ŋu la agate ŋu aɖe? Efeso Kristotɔwo hiã takpɔkpɔ elabena du si me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo mee wonɔ. Eyata Paulo gblɔ na wo be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le gbɔgbɔ me.” (Efesotɔwo 6:18) Esi wònye xexe si me gbɔgbɔyɔyɔ xɔ aƒe ɖo mee míele ta la, gbedodoɖa na Mawu vevie be wòakpɔ mía ta le míaƒe aʋawɔwɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo me le vevie ŋutɔŋutɔ. (Mateo 6:13) Hamemegã siwo woɖo le Kristo-hamea me ƒe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋu le esia wɔwɔ me.—Yakobo 5:13-15.

YI EDZI NÀWƆ AƲA KPLE GBƆGBƆ VƆ̃ÐIWO

18, 19. Nukae woate ŋu awɔ ne gbɔgbɔ vɔ̃wo gale fu ɖem na ame?

18 Le afɔɖeɖe vevi mawo megbe gɔ̃ hã, gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo gaɖe ame aɖewo ɖe nu kokoko. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo le Côte d’Ivoire eye wòtsrɔ̃ eƒe dzowo katã. Emegbe ewɔ ŋgɔyiyi nyuie eye wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ̃. Gake kwasiɖa ɖeka le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gava nɔ nuƒo dom nɛ, eye wònɔ gbeɖiɖiwo sem be wòado le ha yeye si me wòɖo la me. Ne edzɔ ɖe dziwò alea la, ɖe wòfia be mègale Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ te oa? Mefia nenema kokoko o.

19 Togbɔ be Mawu ƒe takpɔkpɔ nɔ ame deblibo Yesu Kristo dzi hã la, ese gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi Satana Abosam ƒe gbe. Yesu fia nusi wòle be míawɔ le nya siawo tɔgbe me la mí. Egblɔ na Abosam be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” (Mateo 4:3-10) Nenema ke wòle be wò hã nàgbe toɖoɖo gbe siwo nàse tso gbɔgbɔmexexeame lae. Bia kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ be nàtsɔ atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiawo ŋu. Ẽ, zã Mawu ƒe ŋkɔ la tsɔ do gbe ɖae sesĩe. Lododowo 18:10 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Nusiae Kristotɔ si nɔ Côte d’Ivoire la wɔ, eye gbɔgbɔ vɔ̃ɖiawo dzudzɔ fuɖeɖe nɛ.—Psalmo 124:8; 145:18.

20. Kpuie ko la, aleke nàwɔ atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋu?

20 Yehowa ɖe mɔ gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo li, gake eɖea eƒe ŋusẽ fiana vevietɔ ɖe eƒe amewo ta, eye wole gbeƒã ɖem eƒe ŋkɔ le anyigba bliboa katã dzi. (Mose II, 9:16) Ne èle Mawu ŋu kplikplikpli la, mehiã be nàvɔ̃ na gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo o. (Mose IV, 23:21, 23; Yakobo 4:7, 8; Petro II, 2:9) Seɖoƒe li na woƒe ŋusẽ. Wohe to na wo le Noa ƒe ŋkekea me, wonyã wo le dziƒo le míaƒe ɣeyiɣia me, eye woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlea ko lalam wole. (Yuda 6; Nyaɖeɖefia 12:9; 20:1-3, 7-10, 14) Le nyateƒe me la, dzika tsoa wo ƒo ne wose woƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu nya. (Yakobo 2:19) Eyata mɔ ka ke nue gbɔgbɔ vɔ̃ɖiawo adi be woatsɔ mɔ̃gbɔɖonu aɖe able wòe alo adze dziwòe o, àte ŋu atsi tre ɖe wo ŋu. (Korintotɔwo II, 2:11) Tsri gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe, tsɔ nuxlɔ̃ame si le Mawu ƒe Nya la me wɔ dɔe, eye nàdi Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ. Mègahe ɖe megbe o, elabena wò agbe nɔ te ɖe wò tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo ŋu dzi!

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Aleke gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo dzea agbagba be yewoable amewoe?

Nukatae Biblia de se ɖe gbɔgbɔyɔyɔ nu?

Aleke woawɔ ado tso gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te?

Nukatae wòle be nàyi edzi awɔ aʋa kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ɣesiaɣi?

[Nɔnɔmetata si le axa 110]

Aleke nèbua gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowoe?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe