INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/98 axa 1
  • Yehowa Naa Ŋusẽ si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Naa Ŋusẽ si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu Mí
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mibia Yehowa Kple Eƒe Ŋusẽ Ta Se”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dɔ si Mawu Le Megbe Na
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • ‘Ŋusẽ Gã Le Yehowa Si’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 1/98 axa 1

Yehowa Naa Ŋusẽ si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu Mí

1 Wotsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe—Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa—de asi na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Gake ɣeaɖewoɣi amegbetɔ ƒe blibomademade kple nuɖoanyi sia me nuteɖeamedziwo ate ŋu ana míabu mía ɖokui be míedze na ewɔwɔ kura o.

2 Ne edzɔ alea la, apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ amesiaminawo le Korinto la ate ŋu anye akɔfafa na mí. Eŋlɔ be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me.” (Kor. II, 4:7) Kakaɖedzi nɔ Paulo si be: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si . . . la, ɖeɖi [metea] mía ŋu o.” (Kor. II, 4:1) Nyateƒee, enye nu sesẽ na mía dometɔ ɖesiaɖe, míeɖanye amesiaminawo alo ‘alẽ bubuawo’ o, be míayi edzi anɔ nyanyuia gblɔm eye ‘ɖeɖi mate mía ŋu o.’ Míehiã Mawu, amesi ‘naa ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu,’ ƒe ŋusẽdodo.—Yoh. 10:16; Kor. II, 4:7b.

3 Ede dzi ƒo be Ðasefo geɖe nye nyanyuigblɔla siwo doa vevie nu togbɔ be ele be woakpe akɔ kple tsitretsiɖeŋu sesẽwo, lãmegbegblẽwo, alo gakuxiwo hã. Ele be mí katã míanyae be Yehowa le megbe na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Le esi míana be dziɖeleameƒo alo vɔvɔ̃ nagbɔdzɔ míaƒe eɖoɖo kplikpaa be míaɖe gbeƒã teƒe la, mina míayi edzi ‘asẽ ŋu le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ kple eƒe ŋutete triakɔ la me.’—Ef. 6:10; Lod. 24:10.

4 Alesi Nàwɔ Axɔ Mawu ƒe Ŋusẽdodo: Nɔ gbedodoɖa dzi nànɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe ŋusẽdodo biam. (Rom. 12:12; Fil. 4:6, 7) Eyome nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu tso wò dzi blibo me be ana ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la wò. (Lod. 3:5) Xlẽ míaƒe ɣeyiɣia me tɔwo ƒe agbemeŋutinyawo le míaƒe magazineawo me, elabena woɖoa kpe edzi be Yehowa le kpekpem ɖe esubɔlawo ŋu egbea be woado dzi le fukpekpewo me. Na mia kple nɔviawo dome nanɔ kplikplikpli le hamea me, eye mègana hamea ƒe kpekpe aɖeke nato ŋuwò o.—Rom. 1:11, 12; Heb. 10:24, 25.

5 Mina mí katã míawɔ nusianu si míate ŋui be míadze axɔ Yehowa ƒe ŋusẽdodo—ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu si akpe ɖe mía ŋu be ɖeɖi mate mía ŋu le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ vevia wɔwɔ me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe