Nusɔsrɔ̃ 5
Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
Nukata Yehowa wɔ anyigba ɖo? (1, 2)
Nukata anyigba menye paradiso fifia o? (3)
Nukae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi? (4)
Le etsɔme la, nukae Yesu awɔ na dɔnɔwo? ame tsitsiwo? ame kukuwo? (5, 6)
Nukae wòle be nàwɔ be nàkpɔ gome le etsɔmeyayrawo me? (7)
1. Yehowa wɔ anyigba sia ale be amegbetɔwo nanɔ agbe le edzi le dzidzɔ me tegbee. Edi be ame dzɔdzɔe kpɔdzidzɔwo nanɔ edzi ɣesiaɣi. (Psalmo 115:16; Yesaya 45:18) Womatsrɔ̃ anyigba gbeɖe o; anɔ anyi tegbee.—Psalmo 104:5; Nyagblɔla 1:4.
2. Hafi Mawu nawɔ amegbetɔ la, Etia anyigba ƒe teƒe sue aɖe eye wòwɔe wònye paradiso dzeani aɖe. Eyɔe be Eden-bɔ. Afisiae wòda ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa, ɖo. Mawu ɖo tame be woadzi vi eye woayɔ anyigba bliboa dzi. Vivivi la, anye ne woana anyigba bliboa katã nazu paradiso hafi.—Mose I, 1:28; 2:8, 15.
3. Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ esi woɖoe koŋ da le Mawu ƒe se dzi. Eyata Yehowa nyã wo le Eden-bɔa me. Wobu paradiso la. (Mose I, 3:1-6, 23) Gake Yehowa meŋlɔ eƒe tameɖoɖo na anyigba sia be o. Edo ŋugbe be yeawɔe wòazu paradiso, afisi amegbetɔwo anɔ tegbee. Aleke wòawɔ esiae?—Psalmo 37:29.
4. Hafi anyigba sia nate ŋu ava zu paradiso la, ele be woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzi. (Psalmo 37:38) Esia adzɔ le Harmagedon, si nye Mawu ƒe aʋa si wòatsɔ aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa me. Le ema yome la, woade Satana gaxɔ me ƒe 1,000. Esia fia be womagblẽ ame vɔ̃ɖi aɖeke ɖi be wòagblẽ anyigba la o. Mawu ƒe amewo koe atsi agbe.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 20:1-3.
5. Kristo Yesu aɖu Fia ɖe anyigba sia dzi ƒe 1,000. (Nyaɖeɖefia 20:6) Aɖe nuvɔ̃ ɖa le míaƒe susu kple ametia me vivivi. Míava zu ame deblibowo abe alesi Adam kple Xawa nɔ hafi wɔ nuvɔ̃ ene. Dɔléle, amegãkuku, kple ku maganɔ anyi ɣemaɣi o. Woayɔ dɔ dɔnɔwo, eye ame tsitsiwo agazu ɖekakpui kple ɖetugbiwo ake.—Hiob 33:25; Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
6. Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, amegbetɔ wɔnuteƒewo awɔ dɔ be woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso. (Luka 23:43) Azɔ̃ hã woafɔ ame kuku miliɔn geɖe woazu amegbetɔwo anɔ agbe le anyigba dzi. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ne wowɔ nusi Mawu di tso wo si la, woayi edzi anɔ agbe le anyigba dzi tegbee. Ne womewɔe o la, ke woatsrɔ̃ wo tegbee.—Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 20:11-15.
7. Eyata Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba ava eme. Àdi be yeakpɔ gome le etsɔmeyayra siawo mea? Ne èdii la, ke ehiã be nàyi edzi asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahawɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi. Kpekpewo dede le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nenema.—Yesaya 11:9; Hebritɔwo 10:24, 25.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Paradiso la bu
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Woawɔ anyigba wòazu paradiso le Harmagedon megbe