INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?
    Gbetakpɔxɔ—1997 | May 15
    • Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?

      “ÈÐO ŋku nyɔnuvi ma si ƒe aƒe te ɖe mía tɔ ŋu si ƒe nu lé dzi na wò le wò ɖevime le India afisia dzia? Esusɔ kwasiɖa ʋee aɖewo ko ke eɖe srɔ̃. Mesusui be ele be nànya.” Mukundbhai ye ŋlɔ nya siawo na viaŋutsu si le yunivɛsiti dem le United States.

      Nukatae vifofo sia ŋlɔ nya siawo na via? Evɔ Mukundbhai gblẽ ƒewuiviawo dome ahiãdzedze ma me keŋkeŋ ƒe geɖe va yi xoxo hafi. Hekpe ɖe eŋu la, ƒe ade sɔŋ ye nye ma si via yi ɖale yunivɛsiti dem le United States. Megaŋlɔ agbalẽ na nyɔnuvia kpɔ le ɣeyiɣi mawo me o eye ele nyanya na Mukundbhai.

      Ke nukata wògale dzi tsim? Esi Mukundbhai xɔ gbugbɔgadzɔ, alo gbugbɔgadzi dzi se tae.a Ne wònye be woɖe wo nɔewo kpɔ le agbe siwo va yi me tae woƒe nu lé dzi na wo nɔewo le woƒe ɖevime la, ke anye tagbɔsesẽ be woaklã wo dome fifia si wotsi ɖo srɔ̃ɖeɖe me. Ðeko Mukundbhai di be yeana ye via nanya nu tso nya la ŋu hafi nyɔnuvia nava zu ame bubu srɔ̃ le agbe sia me.

      Gabu nudzɔdzɔ bubu hã ŋu kpɔ. Wosika nyɔnuvi ƒe ene vi aɖe zi geɖe ɖe kɔ aɖe dzi le Mumbai, India, eye ese veve helĩhelĩ ŋutɔ. Dɔ si nɔ fu ɖem nɛ ye nye be ʋu ƒe toƒe aɖe si le eƒe dzi me menɔ dɔ wɔm nyuie o. Ðevia ƒe fukpekpe wu dzi na edzila siwo si alɔme le. Gake wosusui be: “Ðeko míaxɔe nenema. Anye nane si wòwɔ le agbe si wònɔ va yi me tae wòle fu sia kpem ɖo.”

      Gbugbɔgadzɔ dzixɔse kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi le Hindu, Buddha, Jain, Sikh subɔsubɔhawo kple ha bubu siwo dzɔ tso India me. Wobua agbemenudzɔdzɔwo—tso ahiãdzedze dzi va ɖo fukpekpe dzi—be wonye nusiwo tso nusi wowɔ le agbe si wonɔ kpɔ va yi alo esiwo do ŋgɔ me la gbɔ.

      Gbugbɔgadzɔ dzixɔse nyoa Ɣetoɖoƒenyigbadzitɔ geɖewo hã ŋu. Amerikatɔ fefewɔla Shirley MacLaine gblɔ be yexɔ edzi se. Agbalẽŋlɔla Laurel Phelan si tso Vancouver, British Columbia, Canada, gblɔ be yeɖo ŋku edzi be yegbugbɔ gadzɔ zi gbɔ zi 50 sɔŋ va yi. Le nyatabiabia aɖe si wowɔ na CNN/USA Today le ƒe 1994 me la, wokpɔ be ame tsitsi 1,016 siwo wobia gbee dometɔ siwo wu 270 gblɔ be yewoxɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Ƒuƒoƒo si woyɔna be Azã Yeye dzixɔselawo hã xɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Gake kpeɖodzi kae le wo si tae woxɔ edzi se?

      Gbugbɔgadzɔ dzixɔselawo gblɔna be, “agbe si míenɔ kpɔ va yi ƒe nusiwo dzi míeɖo ŋkui ye.” Eyata esi ƒe etɔ̃ vi si ŋkɔe nye Ratana si le Bangkok va nɔ “ŋku ɖom agbe si wònɔ kpɔ va yi dzi be yenye nyɔnu mawusubɔla si ku le yeƒe ƒe 60 kple edzivɔ xɔxɔ me dzi” la, numeɖela akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be enye gbugbɔgadzɔ ƒe kpeɖodzi vavã.

      Gake eŋuti ɖikelawo bɔ. Eye woate ŋu agblɔ nu geɖe siwo gbɔ ŋkuɖodzinya siwo wobuna be wonye agbe siwo wonɔ va yi me nuwo la tso.b Hindutɔ xexemenunyala Nikhilananda gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Hinduism: Its Meaning for the Liberation of the Spirit me be ‘womate ŋu atsɔ susu ŋutɔŋutɔ aɖo kpe nusiwo dzɔ le ku megbe dzii o.’ Gake ete tɔ ɖe edzi be “gbugbɔgadzi nufiafia la ate ŋu anɔ eme wu esi woagblɔ be mele eme o.”

      Gake ɖe Biblia da asi ɖe nufiafia sia dzia? Eye mɔkpɔkpɔ kae Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be eli na ame kukuwo?

  • Ðe Wòle Be Nàxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Asea?
    Gbetakpɔxɔ—1997 | May 15
    • Ðe Wòle Be Nàxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Asea?

      HELATƆ xexemenunyala Plato gblɔ be gbugbɔgadzɔ gbɔe wòtso be ŋutsu kple nyɔnu ƒe nu léa dzi na wo nɔewo. Eƒe dzixɔsee nye be ne ŋutilã la ku la, esi luʋɔ nye nu makumaku ta, edoa go yina ɖe nusi woyɔna be “nɔnɔme kɔkɔetɔwo ƒe nutome.” Enɔa afima ŋutilãmanɔsii va de asi na ɣeyiɣi aɖe, eye wònɔa nɔnɔme vovovoawo ŋu bum kpɔ. Ne luʋɔ la gbugbɔ gadzɔ ɖe ŋutilã bubu me emegbe la, nɔnɔmewo ƒe nutome la vaa susu me nɛ le manyamanya me eye wòdzronɛ. Plato gblɔ be ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe nu léa dzi na wo nɔewo le esi wokpɔa tugbedzedze alo ɖekadzedze ƒe nɔnɔme deblibo si vaa susu me na wo eye wodina le manyamanya me la le woƒe lɔlɔ̃tɔ gbɔ la me ta.

      Sidzedze Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Nusi Dzi Wotui Ðo

      Gbugbɔgadzɔ nufiafia la bia be luʋɔ la nanye nu makumaku. Eyata ele be míado afɔ na gbugbɔgadzɔ ƒe dzɔtsoƒe tso ame alo dukɔ siwo si dzixɔse ma le gbɔ. Le esia ta ame aɖewo susunɛ be blema Egipte ye wòdzɔ tso. Ame bubuwo hã xɔ se be blema Babilonia ye. Babilonia subɔsubɔ ƒe nunɔlawo to luʋɔ ƒe gege ɖe ŋutilã bubu me vɛ be yewoana woade bubu yewo ŋu. Ena wote ŋu gblɔ be yewoƒe subɔsubɔha ƒe ame ŋkutawo nye yewo tɔgbuitɔgbui xɔŋkɔ siwo nɔ anyi ƒe gbugbɔgadzɔ.

      Gake India ye gbugbɔgadzɔ dzixɔse la va keke ta le bliboe. Hindutɔwo ƒe xexemenunyalawo nɔ agbagba dzem vevie be yewoaɖe nusi gbɔ nugbegblẽwɔwɔ kpakple fukpekpe siwo le ameƒomea me le xexeame katã tso la gɔme. Wobiana be, ‘Aleke nusiawo ate ŋu awɔ ɖeka kple dzixɔse si nye be dzɔdzɔetɔe Wɔla la nye?’ Wodze agbagba be yewoakpɔ ta na alesi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye tsi tre ɖe dzɔgbevɔ̃e ɖiɖeamewo ŋu kple alesi nuwo de ame aɖewo dzi evɔ ame bubuwo ya le fu kpem le xexeame. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, woto nufiafia si nye “karma se” si nye se nuwɔna kple emetsonue zɔna ƒe se—‘nusi ame ƒã la, eya kee wòaŋe’—la vɛ. Wobu ‘akɔnta’ be nu nyui kple nu gbegblẽ siwo wowɔ le ame ƒe agbe me la, woaxɔ eƒe fetu alo eƒe tohehe le agbe si kplɔe ɖo me.

      “Karma” gɔme koe nye “nuwɔna.” Wogblɔna le Hindutɔ ŋu be eƒe karma nyo ne ewɔna ɖe hadomegbenɔnɔ kple subɔsubɔ nudidiwo dzi eye be eƒe karma menyo o ne mewɔna ɖe wo dzi o. Eƒe nuwɔna, alo karma, afia alesi eƒe etsɔme anɔ le egbugbɔgadzi siwo ava ɖe eyome la me. Xexemenunyala Nikhilananda gblɔ be: “Wodzi amesiame kple nɔnɔmefianu aɖe, si nusiwo wòwɔ le agbe siwo va yi me la wɔ da ɖi, togbɔ be ɖe wonyia ŋutilã ƒe dzedzeme ƒe dome hã. [Eyata] ame ŋutɔe ɖoa dzɔgbese na eɖokui, eya ŋutɔe ɖoa aklama na eɖokui.” Gake taɖodzinu mlɔea ye nye woava kpɔ ablɔɖe tso luʋɔ ƒe gege ɖe nu bubuwo me sia si tre ɖe enu la si me eye be wòava wɔ ɖeka kple Brahman—nusianutaƒonu la. Woxɔe se be esia sua ame si to agbagbadzedze be woanɔ hadomegbe dzeame kpakple Hindutɔwo ƒe sidzedze tɔxɛ ƒe amesinɔnɔ me.

      Eyata luʋɔ makumaku dzixɔse dzie woɖo gbugbɔgadzɔ nufiafia la gɔme anyi ɖo eye wozãa karma se la tunɛ ɖe edzi. Mina míakpɔ nusi Biblia, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, gblɔ le nya siawo ŋu la ɖa.

      Nu Makumakue Luʋɔ Nyea?

      Bene míaɖo biabia sia ŋu la, mina míatrɔ ɖe afisi míate ŋu akpɔ nya la ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le la ŋu—ɖe Wɔla la ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ŋu. Míekpɔ nusi “luʋɔ” fia la ƒe gɔmesese si sɔ le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Biblia gblɔ le ame gbãtɔ, Adam, wɔwɔ ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Eme kɔ ƒã be menye nusi le ame si ye luʋɔ nye o, nusi wònye boŋ ye. Hebrigbe me nya si wozã na luʋɔ le afisiae nye neʹphesh. Edze le Biblia me ade zi gbɔ zi 700 sɔŋ, eye womezãe gbeɖe na amegbetɔ ƒe akpa aɖe si si ŋutilã mele o si le vovo la o ke na nusi li ŋutɔŋutɔ si woate ŋu akpɔ boŋ.—Hiob 6:7; Psalmo 35:13; 107:9; 119:28.

      Nukae dzɔna ɖe luʋɔ dzi ne ame ku? Bu nusi dzɔ ɖe Adam dzi esime wòku la ŋu kpɔ. Esi wòwɔ nuvɔ̃ la, Mawu gblɔ nɛ be: “[Àgatrɔ] azu anyi, elabena eya me woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Bu nusi nya ma fia ŋu kpɔ. Hafi Mawu naka anyi ame Adam la, Adam menɔ afi aɖeke o. Le Adam ƒe ku me la, agatrɔ ayi anyimanɔmanɔ ƒe nɔnɔme ma ke me.

      Kpuie ko la, Biblia fia nu be ne womele agbe o la, ke ɖe woku. Míexlẽ le Nyagblɔla 9:5, 10 be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.”

      Esia fia be ame kukuwo magate ŋu awɔ naneke alo ase naneke le wo ɖokui me o. Womegabua tame o, eye womegaɖoa ŋku nu dzi hã o. Hakpala la gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.

      Biblia ɖe eme kɔte be le ku me la, luʋɔ medoa go gena ɖe ŋutilã bubu me o, ɖe wòkuna boŋ. Biblia gblɔe kple gbeteteɖedzi be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4, 20; Dɔwɔwɔwo 3:23; Nyaɖeɖefia 16:3) Eyata Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe luʋɔ makumaku nufiafia la—gɔmeɖokpe si tututu dzi wotu nufiafia la ɖo—dzi o. Eya manɔmee la, gbugbɔgadzɔ nufiafia la mate ŋu ali ke o. Ke nuka gbɔe fukpekpe siwo míekpɔna le xexeame la tso?

      Nukata Amewo Kpea Fu Ðo?

      Nu vevi si gbɔ amegbetɔ ƒe fukpekpe tsoe nye blibomademade si ƒe dome míenyi tso nuvɔ̃me Adam gbɔ. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wowɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Esi wònye Adam mee mí katã míedzɔ tso ta la, mí katã míedzea dɔ, kua amegã, hekuna.—Psalmo 41:2, 4; Filipitɔwo 2:25-27.

      Gakpe ɖe eŋu la, Wɔla la ƒe agbenyuinɔnɔse matrɔmatrɔ la gblɔ be: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.” (Galatiatɔwo 6:7, 8) Eyata agbenɔnɔ baɖabaɖa ate ŋu ahe dzigbagbã, gbɔmeyafuwo, kple nulɔdɔwo léle vɛ na ame. Scientific American magazine gblɔ be: “Woate ŋu agblɔ be atamanono gbɔe cancer-dɔ lémafɔe lélawo dometɔ 30 le alafa me [le United States] si wɔ nuku la tso, eye agbɔsɔsɔ ma ke tɔ tso amewo ƒe agbenɔnɔ gbɔ, vevietɔ nuɖuɖu kamemademadee.” Afɔku aɖewo siwo hea fukpekpe vɛ ƒe ɖewo tso amegbetɔ ƒe anyigba la dzi nuwo mazãmazã nyuie gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 11:18.

      Nyateƒee, amegbetɔ ŋutɔ gbɔe fu siwo wòle kpekpem la ƒe akpa gã aɖe tso. Gake esi luʋɔ menye nu makumaku o ta la, womate ŋu azã ‘nusi ke nèƒã eyae nàŋe’ se la atsɔ agblɔ be karma—nusiwo wobu be nèwɔ le agbe si nènɔ kpɔ va yi me—gbɔe amegbetɔ ƒe fukpekpe tso o. Biblia gblɔ be: “Amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.” (Romatɔwo 6:7, 23) Eyata nuvɔ̃metsonu mekplɔa ame ɖo yina ɖe agbe aɖe si wonɔna le ku megbe la me o.

      Satana Abosam hã hea fukpekpe geɖe vɛ. Le nyateƒe me, Satanae le xexe sia dzi ɖum. (Yohanes I, 5:19) Eye abe alesi Yesu Kristo gblɔe ɖi ene la, ‘dukɔwo katã alé fu Eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe ŋkɔ la ta.’ (Mateo 10:22) Ewɔe be zi geɖe la, ame dzɔdzɔewo kpea fu wu ame vɔ̃ɖiwo.

      Nanewo dzɔna le xexe sia me siwo womenyaa nusi gbɔ wotso enumake o. Duƒula afɔ ɖeablɛtɔ kekeake ate ŋu akli nu adze anyi woaɖu edzi. Aʋakɔ gblɔe ate ŋu aɖu sesẽa dzi. Ate ŋu ava eme be nunyala makpɔ dɔ awɔ o eye dɔ nawui. Le nɔnɔme aɖewo ta dɔnyalagãwo mate ŋu atsɔ woƒe nunya awɔ dɔe o eye esia ana woaɖo ko. Dɔnyalawo ƒe nu ate ŋu ave dɔme na amegãwo eye woabi dzi ɖe wo ŋu. Nukatae wòdzɔna alea? Nunyala Fia Salomo ɖo eŋu be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.

      Fukpekpe nɔ anyi xoxoxo hafi Hindutɔwo ƒe xexemenunyalawo va dze agbagba be yewoaɖe nusi gbɔ wòtso me. Gake ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li be nuwo ava ka ɖe eme le etsɔmea? Eye ŋugbe kae Biblia do ɖi na ame kukuwo?

      Ŋutifafa Ɣeyiɣi si Gbɔna

      Wɔla la do ŋugbe be yeahe amewo ƒe xexeme si li fifia si le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la ava nuwuwui kpuie. (Lododowo 2:21, 22; Daniel 2:44) Amegbetɔwo ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe yeye—“anyigba yeye”—azu nusi va li ŋutɔŋutɔ ɣemaɣi. (Petro II, 3:13) Ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Vevesese gã si ku hena vɛ hã maganɔ anyi o, elabena “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

      Hakpala la gblɔ ɖi le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la menɔlawo ŋu be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “dzi adzɔ [ame fafawo] ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

      Mukundbhai si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la dɔ alɔ̃ le ku me esi menya naneke tso Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnuku siawo ŋu o. Gake mɔkpɔkpɔ li na ame miliɔn geɖe siwo ku esi womenya Mawu o la be woafɔ wo ɖe tsitre ava ŋutifafaxexe yeye ma me, elabena Biblia do ŋugbe be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15; Luka 23:43.

      Woɖe nya “tsitretsitsi” si wozã le afisia gɔme tso Helagbe me nya a·naʹsta·sis me, eye egɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “tsotso ake.” Eyata tsitretsitsi bia be woagagbɔ agbe alesi amea nɔa agbee ake.

      Seɖoƒe meli na dziƒo kple anyigba Wɔla la ƒe nunya o. (Hiob 12:13) Mesesẽ nɛ be wòaɖo ŋku alesi amesiwo ku nɔ agbee dzi o. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 40:26.) Yehowa Mawu lɔ̃a ame hã vevie. (Yohanes I, 4:8) Eyata ate ŋu azã eƒe ŋkuɖoɖonudzi deblibo la atsɔ afɔ ame kukuwo ɖe tsitre be woagava nɔ agbe le paradisonyigba dzi kple amenyenye si nɔ wo si hafi woku, menye be yeatsɔ ahe to na wo ɖe vɔ̃ siwo wowɔ hafi ku la ta o.

      Le ame miliɔn geɖe abe Mukundbhai ene gome la, tsitretsitsi afia be woagava nɔ anyi kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo ake. Gake bu nusi wòafia na amesiwo le agbe fifia la ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu nusi wòfia na Mukundbhai vi si va nya Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti nyateƒe wɔnukuawo ŋu kpɔ. Akɔfafa kae nye si wònye nɛ be wòanyae be womelé ye fofo gamemee ɖe gbugbɔgadzi siwo tre ɖe enu, siwo dometɔ ɖesiaɖe me vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe bɔ ɖo me o! Alɔ̃ ko dɔm wòle le ku me le tsitretsitsi lalam. Dzidzɔ kae nye si wòanye nɛ be wòakpɔe le susu me be yeagblɔ nusi ye ŋutɔ yesrɔ̃ tso Biblia me na ye fofo gbeɖeka!

      Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘woaxɔ ameƒomeviwo katã bene woava nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ me.’ (Timoteo I, 2:3, 4) Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be nàsrɔ̃ alesi mia kple ame miliɔn bubu geɖe siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm xoxo mianɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi.—Yohanes 17:3.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe