INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sh ta 9 axa 205-234
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wòle Be Yuda-subɔsubɔ Naka Mí
  • Aleke Yudatɔwo Wɔ Va Dzɔ?
  • Mose, Se la, Kple Dukɔ Aɖe
  • Dukɔ si me Nunɔlawo, Nyagblɔɖilawo, Kple Fiawo Le
  • Helatɔwo ƒe Nuwɔna Ge Ðe Yuda-subɔsubɔa Me
  • Yuda-subɔsubɔa le Romatɔwo ƒe Dziɖuɖu Te
  • Yuda-subɔsubɔa le Titinaɣeyiɣiwo Me
  • Tso “Nugɔmesese” me Yi Ziontɔnyenye Me
  • Mawu Nye Ame Ðeka
  • Ku, Luʋɔ, Kple Tsitretsitsi
  • Yuda-subɔsubɔ la Kple Mawu ƒe Ŋkɔ La
  • Ðe Yudatɔwo Gale Mɔ Kpɔm na Mesia La?
  • Biblia Gɔmeɖeɖe Si Trɔ Xexeame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Kekeli Na Blukɔ Ƒe Ɣeyiɣi Aɖe Wu Enu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Dzixɔsea Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam Me
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Nya Kae Nàgblɔ na Yudatɔ?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
sh ta 9 axa 205-234

Ta 9

Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me

1, 2. (a) Yudatɔ ɖedzesi siwo ƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutinya kple agbenɔnɔ dzi dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nya kae ame aɖewo abia?

MOSE, Yesu, Mahler, Marx, Freud, kple Einstein—nukae ɖi wo nɔewo le amesiawo katã ŋu? Wo katã wonye Yudatɔwo, eye wo katã wowɔ nusi kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe ŋutinya kple agbenɔnɔ dzi. Kakaɖedzi blibo le eŋu be ƒe akpe geɖee nye sia si wonya nu le Yudatɔwo ŋu. Biblia ŋutɔ hã ɖi ɖase le eŋu.

2 Ŋutinya dzie wotu Yuda-subɔsubɔ ɖo ke menye glitoto dzie abe alesi wòle le blematɔ bubuwo ƒe subɔsubɔ kple woƒe kɔnuwo gome ene o. Gake ame aɖewo abia be: Ame ʋee aɖewo ŋutɔ koe Yudatɔwo nye, abe ame miliɔn 18 le xexe si me tɔwo sɔ gbɔ wu miliɔn akpe atɔ̃ me, nukatae wòle be woƒe subɔsubɔ, Yuda-subɔsubɔ la, naka mí?

Nusita Wòle Be Yuda-subɔsubɔ Naka Mí

3, 4. (a) Nukawoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me? (b) Nukawo tae wòle be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha kple afisi wòdzɔ tso la naka mí?

3 Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha yi megbemegbe ʋĩ ƒe 4,000 sɔŋ le ŋutinya me eye subɔsubɔha gã bubuwo ɖe nya gbogbo aɖewo alo esiwo mesɔ gbɔ tututu o tso eƒe Ŋɔŋlɔwo me. (Kpɔ aɖaka si le axa 220.) Kristotɔnyenye, si Yesu (Hebrigbe, Ye·shuʹa‛), amesi nye ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ, ɖo anyi la ƒe agunu dzɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Eye abe alesi Qur’ān xexlẽ aɖee afia ene la, Islām ɖe nya geɖe tso ŋɔŋlɔ mawo me. (Qur’ān, surah 2:49-57; 32:23, 24) Eyata ne míedzro Yuda-subɔsubɔ me la, ke subɔsubɔha kple kɔmamã alafa bubu geɖewo hã ƒe dzɔtsoƒe mee nye ema dzrom míele.

4 Susu evelia si le vevie tae nye be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha la nye kadodo vevi aɖe le ameƒomea ƒe nyateƒe Mawu la didi me. Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖee fia mí be, Abram si nye Yudatɔwo ƒe blemafofo aɖe la de ta agu na nyateƒe Mawu la ƒe 4,000 kloe nye sia.a Eyata susu le eme be míabia be, Aleke Yudatɔwo kple woƒe xɔse la wɔ va dzɔ hekeke ta?—Mose I, 17:18.

Aleke Yudatɔwo Wɔ Va Dzɔ?

5, 6. Kpuie la, nukae nye Yudatɔwo ƒe dzɔtsoƒe kple woƒe ŋkɔa ƒe ŋutinya?

5 Ne míagblɔe gbadzaa la, míagblɔ be Yudatɔwo nye blema Semtɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe alɔdze si me tɔwo doa Hebrigbe. (Mose I, 10:1, 21-32; Kronika I, 1:17-28, 34; 2:1, 2) Ƒe 4,000 kloe nye sia si wo tɔgbui Abram ʋu dzo le du xɔŋkɔ si nye Kaldeatɔwo ƒe Ur si le Sumer la me yi Kanaan-nyigba si ŋu Mawu gblɔ nɛ le be: “Matsɔ anyigba sia na wò dzidzimeviwo” la dzi.b (Mose I, 11:31–12:7) Woyɔe le Mose I, 14:13, me be “Abram Hebritɔ la,” gake emegbe wotrɔ eƒe ŋkɔ wòzu Abraham. (Mose I, 17:4-6) Eya mee Yudatɔwo ƒe dzidzimea, si dze egɔme tso viaŋutsu Isak kple tɔgbuiayɔvi Yakob, amesi ƒe ŋkɔ wotrɔ wòzu Israel dzi la dzɔ tso. (Mose I, 32:27-29) Viŋutsu 12 nɔ Israel si, amesiwo va zu to 12 la ƒe gɔmeɖolawo. Wo dometɔ ɖekae nye Yuda, amesi ƒe ŋkɔ “Yuda” va tsi anyi mlɔeba.—Fiawo II, 16:6, JP.

6 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wozã nya “Yuda” la tsɔ yɔ Israel-viwo katãe, ke menye Yuda ƒe dzidzimeviwo ɖeɖeko o. (Ester 3:6; 9:20) Esi wotɔ dzo Yudatɔwo ƒe dzidzimegbalẽwo le ƒe 70 M.Ŋ. esime Romatɔwo gbã Yerusalem gudugudu ta la, Yudatɔ aɖeke mate ŋu anya to si me tututu tɔe wònye egbea o. Ke hã la, le ƒe akpe geɖe me la, blema Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha la keke ta ɖe edzi eye wowɔ tɔtrɔwo le eme. Egbea Yudatɔ miliɔn geɖe dea ta agu le Yuda-subɔsubɔ la me le Israel ƒe Dedudziɖuɖua me kple le Diaspora (afisiwo wokaka ɖo le xexeame godoo) la me. Nuka dzie wotu subɔsubɔha ma ɖo?

Mose, Se la, Kple Dukɔ Aɖe

7. Atam kae Mawu ka na Abraham, eye nukatae?

7 Le ƒe 1943 D.M.Ŋ.c me la, Mawu tia Abram be wòanye ye subɔla tɔxɛ eye emegbe Mawu ka atam tɔxɛ aɖe nɛ le esi wòwɔ nuteƒe lɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe ta, togbɔ be mewu vɔsa ma nu o gake. (Mose I, 12:1-3; 22:1-14) Mawu gblɔ le atamkaka ma me be: “Meta Ðokuinye, AƑETƆ [Hebrigbe: יהוה, YHWH] lae gblɔe: Esi nèwɔ nusia eye mète viwòŋutsu, si nu nèvena lam o ta la, Madudu nye yayra akɔ ɖe dziwò eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene . . . Anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui to wò dzidzimeviwo dzi, elabena èwɔ ɖe Nye sedede dzi.” Wogbugbɔ atam sia gblɔ na Abraham ƒe vi kple eƒe tɔgbuiyɔvi, eye wòyi edzi gblɔe le Yuda ƒe toa kple Dawid ƒe dzidzimea me. Ema nye Mawu ɖeka si li ŋutɔŋutɔ si wɔa nu kple ameƒomea tẽ ƒe subɔsubɔ si nye mawuɖekasubɔsubɔ ɖeka kolia si nɔ anyi le blemaxexe ma me, eye eva zu nusi dzi wotu Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ɖo.—Mose I, 22:15-18; 26:3-5; 28:13-15; Psalmo 89:4, 5, 29, 30, 36, 37.

8. Amekae nye Mose, eye akpa kae wòwɔ le Israel?

8 Be Mawu nawɔ ŋugbe siwo Wòdo na Abraham dzi la, ebla nu tɔxɛ aɖe kple Abraham ƒe dzidzimeviwo, tsɔ wɔ gɔmeɖoanyii na dukɔ aɖe. Eto Mose, Hebritɔwo ƒe kplɔla gã kple avuléla si le Mawu kple Israel-viwo dome, dzi bla nu sia. Amekae nye Mose, eye nukatae wònye ame vevi alea gbegbe na Yudatɔwo? Biblia ƒe nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Evelia me gblɔ na mí be edzila siwo nye kluviwo, le aboyo me kple wo nɔvi Israel-vi susɔeawo, dzii le Egipte (ƒe 1593 D.M.Ŋ.). Eyae nye “amesi AƑETƆ la ɖe ɖe vovo” be wòakplɔ Yeƒe dukɔ ayi ablɔɖe mee le Kanaan, Ŋugbedodonyigba la dzi. (Mose V, 6:23; 34:10) Mose wɔ dɔ vevi si nye domenɔla nyenye le Se ƒe nubabla si Mawu na Israel la me hekpe ɖe nyagblɔɖila, ʋɔnudrɔ̃la, kplɔla, kple ŋutinyaŋlɔla si wònye hã ŋu.—Mose II, 2:1–3:22.

9, 10. (a) Se kae wona to Mose dzi? (b) Agbenɔnɔ ƒe akpa kawo ŋue Se Ewoa ƒo nu le? (d) Agbanɔamedzi kae Se ƒe nubabla la he va Israel dzi?

9 Nya, alo Se Ewo, kpakple sedede bubu siwo sɔ gbɔ wu 600 siwo nye ɖoɖo kple mɔfiame ku ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu la le Se si wotsɔ na Israel la me. (Kpɔ aɖaka si le axa 211.) Eku ɖe xexemenuwo kple nu kɔkɔewo ŋu—nusiwo wodi tso ame si le ŋutilã me kpakple agbenɔnɔ me nudidiwo kple nusiwo ku ɖe Mawu ƒe tadedeagu ŋu siaa.

10 Se ƒe nubabla, alo mawusubɔsubɔ ƒe dukplɔɖoɖo, sia nye ɖoɖo si nɔ blemafofowo ƒe xɔse ŋu. Ema na Abraham ƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe hena Mawu ƒe subɔsubɔ. Eyata nɔnɔme si tututu ava nɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔa si la va nɔ dzedzem, eye Yudatɔwo va zu dukɔ si woɖo na woƒe Mawu la ƒe tadedeagu kple eƒe subɔsubɔ. Mawu do ŋugbe na wo le Mose II, 19:5, 6 me be: “Ne miawɔ nuteƒe aɖo tom eye mialé Nye nubabla la me ɖe asi la, . . . ekema mianye nunɔlawo kple dukɔ kɔkɔe ƒe fiaɖuƒe nam.” Eyata Israel-viwo ‘azu dukɔ tiatia’ si Mawu azã hena eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ. Gake ne wowɔ ɖe nudidi si nye ‘Ne miaɖo tom’ dzi ko hafi ŋugbe siwo wodo le nubabla la me ava eme na wo. Agba dze dukɔ ma si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu la dzi azɔ. Eyata le ɣeyiɣi aɖe megbe (ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ.) la, Mawu te ŋu gblɔ na Yudatɔwo be: “Nye ɖasefowoe mienye—AƑETƆ [Hebrigbe: יהוה, YHWH] lae gblɔe—Nye subɔla si metia.”—Yesaya 43:10, 12.

Dukɔ si me Nunɔlawo, Nyagblɔɖilawo, Kple Fiawo Le

11. Aleke nunɔlanyenye kple fianyenye wɔ va dzɔ?

11 Esime Israel-dukɔa gakpɔtɔ nɔ gbedzi eye woyina ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi la, woɖo nunɔlanyenye aɖe anyi le Mose nɔviŋutsu Aron ƒe dzidzimea me. Avɔgbadɔ, alo takpegbadɔ, gã aɖe va zu Israel-viwo ƒe tadeaguƒe kple vɔsaƒe. (Mose II, ta 26-28) Mlɔeba Israel-dukɔa va ɖo Kanaan, Ŋugbedodonyigba la dzi eye wosi wo hexɔe, abe alesi tututu Mawu de see ene. (Yosua 1:2-6) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo anyigba dzi fiaɖuɖu aɖe anyi, eye le ƒe 1077 D.M.Ŋ. me la, Dawid, si tso Yuda ƒe toa me, va zu fia. Le eƒe fiaɖuɣia la, fiaɖuƒea kple nunɔlanyenye la siaa li ke sesĩe le dukɔa ƒe du vevi yeye aɖe si nye Yerusalem me.—Samuel I, 8:7.

12. Ŋugbe kae Mawu do na Dawid?

12 Le Dawid ƒe ku megbe la, via Salomo tu gbedoxɔ dzeani aɖe si xɔ ɖe avɔgbadɔa teƒe ɖe Yerusalem. Esi Mawu bla nu kple Dawid be fiaɖuƒea anɔ eƒe dzidzimea me tegbee ta la, wonɔ mɔ kpɔm be fia aɖe si wosi ami na, Mesia la, adzɔ tso Dawid ƒe dzidzimea me gbaɖegbe. Nyagblɔɖi ɖee fia be to Mesia Fia, alo “dzidzimevi,” sia dzi la, fiaɖuƒe si de blibo ava ɖo Israel kple dukɔwo katã si. (Mose I, 22:18, JP) Mɔkpɔkpɔ sia li ke, eye nɔƒe vevi si le Mesia la si le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha la me va dze kɔte.—Samuel II, 7:8-16; Psalmo 72:1-20; Yesaya 11:1-10; Zaxarya 9:9, 10.

13. Amekawoe Mawu zã tsɔ ɖɔ Israel ƒe megbedede la ɖoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

13 Gake Yudatɔwo ɖe mɔ Kanaanitɔwo kple dukɔ bubu siwo ƒo xlã wo ƒe alakpasubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Esia na woda le nubablaƒomedodo si le wo kple Mawu dome la dzi. Be Yehowa naɖɔ wo ɖo eye wòagatrɔ wo agbɔe la, edɔ nyagblɔɖila geɖe ɖa, amesiwo gblɔ eƒe gbedasiwo na dukɔa. Alea wɔ nyagblɔɖi va zu nu ɖedzesi bubu si le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ko me eye exɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gbogboa aɖe. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖilawo ƒe ŋkɔe woyɔ na Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 18.—Yesaya 1:4-17.

14. Aleke nudzɔdzɔwo ɖe Israel nyagblɔɖilawo ƒe nyateƒetoto fiae?

14 Nyagblɔɖila mawo dometɔ vevi aɖewoe nye Yesaya, Yeremya, kple Xezekiel, amesiwo katã xlɔ̃ nu tso Yehowa ƒe tohehe si gbɔna dukɔa dzi le woƒe trɔ̃subɔsubɔ ta la ŋu. Tohehe sia va eme le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, esime Yehowa ɖe mɔ Babilon, si nye xexemeŋusẽ gãtɔ ɣemaɣi la, tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa eye wòkplɔ dukɔa yi aboyo mee. Ema ɖo kpe nyagblɔɖilawo ƒe nyateƒetoto le nusiwo wogblɔ ɖi me la dzi, eye Israel ƒe ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ si xɔ ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. ƒe akpa gãtɔ la ƒe nuŋlɔɖi li woakpɔ le ŋutinyagbalẽwo me.—Kronika II, 36:20, 21; Yeremya 25:11, 12; Daniel 9:2.

15. (a) Aleke tadedeagu yeye ƒomevi aɖe wɔ va xɔ aƒe ɖe Yudatɔwo me? (b) Ŋusẽ kae ƒuƒoƒewo kpɔ ɖe ta dede agu le Yerusalem dzi?

15 Le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, Kores Persiatɔ la mu Babilon ƒu anyi eye wòɖe mɔ na Yudatɔwo be woagatrɔ ayi wo denyigba dzi eye woagatu Yerusalem gbedoxɔa. Togbɔ be wo dometɔ ame susɔe aɖewo trɔ yi hã la, Yudatɔwo ƒe akpa gãtɔ tsi Babiloniatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Emegbe Persiatɔwo ƒe agbenɔnɔ kple kɔnuwo ge ɖe Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Eyata Yudatɔwo ƒe nɔƒewo kaka ɖe Titina Ɣedzeƒe kple Mediterranea-nutoa me. Le woƒe nɔƒe ɖesiaɖe la, tadedeagu yeye ƒomevi aɖe va nɔ anyi si me ƒuƒoƒe si nye afisi Yudatɔ siwo le du sia du me kpea ta ɖo la nɔ. Eme kɔ ƒã be ɖoɖo sia wɔe be asixɔxɔ si wodea gbedoxɔ si wogbugbɔ tu ɖe Yerusalem ŋu la dzi ɖe kpɔtɔ. Yudatɔ siwo kaka ɖe didiƒe ʋĩ la va zu Diaspora ŋutɔŋutɔ azɔ.—Ezra 2:64, 65.

Helatɔwo ƒe Nuwɔna Ge Ðe Yuda-subɔsubɔa Me

16, 17. (a) Ŋusẽkpɔɖeamedzi yeye kae nɔ ta kekem le anyigba siwo ƒo xlã Mediterranea la dzi le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me? (b) Amekawoe wɔ akpa vevi aɖe le Helatɔwo ƒe agbenɔnɔ kple kɔnuwo ƒe takeke me, eye aleke wowɔe? (d) To ema dzi la, aleke Yuda-subɔsubɔ wɔ va do ɖe xexeame?

16 Le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. la, nukpɔsusu yeyewo nɔ Yudatɔwo nyamam eye esia na agbenɔnɔ kple kɔnu siwo menye Yudatɔwo tɔ o si nɔ ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Mediterranea la kple esiwo gbɔ didi dzi la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nɔ gegem ɖe wo me. Nukpɔsusu mawo dzɔ tso Hela, eye Yuda-subɔsubɔ do tso eme helé Helatɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖe asi.

17 Le ƒe 332 D.M.Ŋ. me la, Yudatɔwo xɔ Helatɔwo ƒe aʋafia Aleksanda Gãtɔ si xɔ Titina Ɣedzeƒe le ablaɖeɖe gã aɖe me la atuu esi wòva Yerusalem.d Amesi va ɖu fia le Aleksanda megbe la yi eƒe ɖoɖo be Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nakaka la dzi eye Helagbe, woƒe kɔnuwo, kple woƒe xexemenunyafiafia xɔ fiaɖuƒea katã me. Esia ta Yudatɔwo kple Helatɔwo ƒe dekɔnuwo va tsaka kple wo nɔewo eye nusiwo do tso eme la wɔ mo yaa ŋutɔ.

18. (a) Nukatae Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe Helagbe Septuagint gɔmeɖeɖe la hiã? (b) Helatɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa ka koŋ ye kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo dzi?

18 Diaspora Yudatɔwo dze Helagbe dodo ɖe Hebrigbe teƒe. Eyata le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ si woyɔna be Septuagint la gɔme, eye esia na Dukɔwo me tɔ geɖewo va de bubu Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ŋu henyae nyuie wu, wo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã trɔ dzime zu subɔsubɔha la me tɔwo.e Yudatɔwo hã va nya Helatɔwo ƒe nukpɔsusuwo nyuie eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã trɔ zu xexemenunyafialawo, esi nye nu yeye kura na Yudatɔwo. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Philo si tso Aleksandria le Mía Ŋɔli le ƒe alafa gbãtɔ me, amesi dze agbagba be yeatsɔ Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia aɖe Yuda-subɔsubɔ mee, abe nyateƒe ɖeka mee wo ame evea woɖe ene.

19. Aleke Yudatɔ agbalẽŋlɔla aɖe ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Helatɔwo kple Yudatɔwo ƒe nuwɔnawo tsaka la ŋui?

19 Le lɔlɔ̃ ɖe nya dzi na ame nɔewo le Helatɔwo kple Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ me ƒe nya ta ƒoƒo me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽŋlɔla Max Dimont gblɔ be: “Esi Plato ƒe tamebubu, Aristotle ƒe susuŋudɔwɔwɔ, kple Euclid ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo Yudatɔwo ƒe agbalẽnyalawo me la, wotsɔ dɔwɔnu yeyewo va Torah la gbɔe. . . . Wodze Helatɔwo ƒe susu tsɔtsɔ de Yudatɔwo ƒe ɖeɖefia me gɔme.” Nusiwo ava dzɔ le Romatɔwo, siwo xɔ Hela Fiaɖuƒea kple Yerusalem ɣemaɣi la, ƒe dziɖuɣi le ƒe 63 D.M.Ŋ. la aʋu mɔ na tɔtrɔ vevi siwo agade ŋgɔ kura wu.

Yuda-subɔsubɔa le Romatɔwo ƒe Dziɖuɖu Te

20. Aleke mawusubɔsubɔnyawo nɔ le Yudatɔwo dome le Mía Ŋɔli ƒe alafa gbãtɔ me?

20 Ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli Yuda-subɔsubɔ la va ɖo nɔnɔme tɔxɛ aɖe me. Max Dimont gblɔ be edzra ɖo ɖe “Helatɔwo ƒe susu xɔxɔ kple Romatɔwo ƒe yi la” ŋu. Yudatɔwo nɔ mɔkpɔkpɔ me vevie le dunyahehe ƒe ameteteɖeanyi kple Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo, vevietɔ Daniel tɔwo, ƒe gɔmeɖeɖewo ta. Yudatɔwo me mã ɖe hatsotso vovovo me. Farisitɔwo te gbe ɖe se si wogblɔ kple nu ko si womeŋlɔ ɖi o la dzi (kpɔ aɖaka si le axa 221) le esi teƒe be woate gbe ɖe gbedoxɔ me vɔsa dzi. Zadukitɔwo te gbe ɖe gbedoxɔ la kple nunɔlanyenye ƒe vevienyenye dzi. Emegbe Essenetɔwo, Zealottɔwo kple Herodestɔwo hã nɔ anyi. Wo katã womenyina kple wo nɔewo le mawusubɔsubɔ kple xexemenunyafiafia me o. Woyɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo be rabiwo (aƒetɔwo, nufialawo) eye ame ŋkuta nyenye de dzi le woƒe Se la nyanya ta, eye wova zu gbɔgbɔmekplɔla ƒomevi yeye aɖe.

21. Nudzɔdzɔ kawoe gblẽ nu le Yudatɔwo ŋu vevie le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa eve gbãtɔwo me?

21 Gake mamãwo yi edzi nɔ anyi le Yuda-subɔsubɔa me le ha la me kple egodo siaa, vevietɔ le Israel-nyigba dzi. Mlɔeba wodze aglã ŋutɔŋutɔ ɖe Roma ŋu, eye le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-srafowo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu eye wowɔ du la aƒedoe, wotɔ dzo eƒe gbedoxɔ la wòfiã kolikoli heka duametɔwo hlẽ. Mlɔeba wode se ɖe Yerusalem yiyi nu kura na Yudatɔwo. Esi gbedoxɔ megale wo si o, anyigba hã megale wo si o, eye dukɔa me tɔwo kaka ɖe Roma Fiaɖuƒea katã me la, Yuda-subɔsubɔ hiã na subɔsubɔmɔnu yeye hafi ate ŋu aganɔ anyi.

22. (a) Aleke Yerusalem gbedoxɔa ƒe anyimanɔmanɔ gblẽ nu le Yuda-subɔsubɔa ŋui? (b) Aleke Yudatɔwo mã Biblia la mee? (d) Nukae nye Talmud la, eye aleke woŋlɔe vivivii?

22 Esi wotsrɔ̃ gbedoxɔa la, Zadukitɔwo nu yi, eye se si wotsɔ nu ko fia esi ta Farisitɔwo ʋli la va zu nu yeye si dzi wotu Rabiwo ƒe Yuda-subɔsubɔ ɖo. Nusɔsrɔ̃ vevie, gbedodoɖa, kple mawusosroɖadɔwo wɔwɔ va xɔ ɖe gbedoxɔ me vɔsaƒewo kple ŋkekenyuiɖuɖu mɔzɔzɔwo teƒe. Esia na be woate ŋu awɔ Yuda-subɔsubɔ la le afisiafi, ɣesiaɣi, kple le ame ƒomevi ɖesiaɖe dome. Rabiwo ŋlɔ se sia si wotsɔ nu ko gblɔe la ɖi, eye woŋlɔ numeɖegbalẽwo ɖe se siawo ŋu, azɔ le esia megbe la, wogaŋlɔ numeɖegbalẽwo ɖe numeɖegbalẽawo hã ŋu; wova yɔ wo katã ƒe ƒuƒoƒo be Talmud la.—Kpɔ aɖaka si le axa 220-1 la.

23. Nukae dzie wotrɔ susu yii le Helatɔwo ƒe susu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te?

23 Nukae do tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vovovo siawo me? Max Dimont gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Jews, God and History me be togbɔ be Farisitɔwo sie Yudatɔwo ƒe nufiafia kple subɔsubɔha ƒe akakati le hã la, “Hela xexemenunyafialawoe si akakati la ŋutɔ.” Togbɔ be Talmud la ku ɖe senyawo ŋu ŋutɔ hã la, Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia dze kɔte le kpɔɖeŋu kple numeɖeɖe siwo le eme la me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ Helatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ me nukpɔsusuwo, abe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ene, ɖe alesi Yudatɔwo ase egɔmee nu. Le nyateƒe me la, wode bubu Talmud la—si nye se kpakple Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia ƒe tsakatsaka ɣemaɣi—ŋu vevie le Rabiwo ƒe azã yeye ma me, eye le Titinaɣeyiɣiwo me la, Yudatɔwo va nɔ bubu dem Talmud la ŋu wu Biblia la kura gɔ̃ hã.

Yuda-subɔsubɔa le Titinaɣeyiɣiwo Me

24. (a) Hatsotso vevi eve kawoe dzɔ tso Yudatɔwo dome le Titinaɣeyiɣiwo me? (b) Aleke wokpɔ ŋusẽ ɖe Yuda-subɔsubɔa dzii?

24 Le Titinaɣeyiɣiwo (tso ƒe 500 lɔƒo vaseɖe ƒe 1500 M.Ŋ.) me la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo eve siwo ɖe dzesi la do—Sefardi Yudatɔwo, amesiwo nu dze edzi na le Moslemtɔwo ƒe dziɖuɖu te le Spania, kple Ashkenazi Yudatɔ siwo nɔ Titina kple Ɣedzeƒe Europa. Agbalẽnyala siwo nye rabiwo nɔ ƒuƒoƒo evea siaa si eye woƒe nuŋɔŋlɔwo kple tamesusuwoe nye nusi dzi wotu Yudatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ gɔmeɖeɖewo ɖo vaseɖe egbea. Míade dzesii be Titinaɣeyiɣiwo me koŋ ye kɔnu kpakple subɔsubɔnuwɔna siwo bɔ ɖe Yuda-subɔsubɔa me la dometɔ geɖe dze egɔme tsoe.—Kpɔ aɖaka si le axa 231.

25. Aleke Katoliko-ha la va wɔ nu ɖe Yudatɔwo ŋui mlɔeba le Europa?

25 Le ƒe alafa 12 lia me la, wodze Yudatɔwo nyanyã le agbɔsɔsɔ gã aɖe me tso dukɔ geɖe me. Abe alesi agbalẽŋlɔla si nye Israel-tɔ Abba Eban ɖe eme ɖe My People—The Story of the Jews mee ene la: “Le dukɔ ɖesiaɖe . . . si ge ɖe Katoliko-ha la ɖeɖe ƒe dziɖuɖu te me la, nya ɖeka ma ke koe dzɔna: nuwo ƒe gbegblẽ dziŋɔ, funyafunyawɔame, amewuwu kple nyanyã.” Mlɔeba le ƒe 1492 me la, Spania si gage ɖe Katoliko-ha la ƒe dziɖuɖu te ake la hã wɔ nu ma ke eye wòde se be woanyã Yudatɔwo katã le yeƒe anyigba dzi. Eyata le ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu la, wonyã Yudatɔwo le Ɣetoɖoƒe Europa katã kloe eye wosi yi Ɣedzeƒe Europa kple dukɔ siwo le Mediterranea ŋu la me.

26. (a) Nukae na mɔkpɔkpɔ bu ɖe Yudatɔwo? (b) Mamã gã kawoe dze mo dodo ɖa le Yudatɔwo dome?

26 Le ƒe alafa geɖe siwo me wote wo ɖe anyi heti wo yome la, ame geɖe siwo gblɔ be Mesiawoe yewonye la tsi tre le Yudatɔwo dome le xexeame ƒe akpa vovovowo, eye woxɔ wo dometɔ ɖesiaɖe vaseɖe afi aɖe, gake ɖeko wozua dze bu ɖe ama me. Le ƒe alafa 17 lia me la, ehiã agbagbadzedze bubuwo bene woatsɔ ado ŋusẽ Yudatɔwoe eye woahe wo ado goe tso ɣeyiɣi doblukɔ sia me. Le ƒe alafa 18 lia ƒe memamã lɔƒo la, edze abe ɖe wokpɔ mɔkpɔkpɔmanɔamesi si me Yudatɔwo le la gbɔkpɔnu aɖe ene. Eyae nye Hasid-habɔbɔ la, (kpɔ aɖaka si le axa 226), si nye vivimesubɔsubɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe zazɛ̃nuwɔwɔ si woɖena fiana le gbesiagbe mawusubɔsubɔ kple nuwɔna me. Gake Moses Mendelssohn si nye Germania Yudatɔ ya do nya la gbɔkpɔnu bubu si nye Haskala alo nugɔmesese, ƒe mɔ la ɖa esi nye nusi ahe nusi wobu le ŋutinya me be enye “Egbegbe Yuda-Subɔsubɔ” la vɛ.

Tso “Nugɔmesese” me Yi Ziontɔnyenye Me

27. (a) Aleke Moses Mendelssohn kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe nɔnɔme dzii? (b) Nukatae Yudatɔ geɖe ɖe asi le mɔ kpɔkpɔ na Mesia si anye ame ŋutɔŋutɔ la ŋu?

27 Moses Mendelssohn (1729-86) fia nu be ne Yudatɔwo ɖe wo ɖokui ɖa tso Talmud la ƒe mɔxeɖenuwo te eye wonɔ agbe abe Ɣetoɖoƒetɔwo ene la, amewo axɔ wo. Ezu Yudatɔ siwo ŋu wode bubui wu le Dukɔwo dome le eƒe ŋkekea me la dometɔ ɖeka. Gake alesi wogaho ɖe Semtɔwo ŋu ake le ƒe alafa 19 lia me, vevietɔ le “Kristotɔwo” ƒe Russia la na mɔkpɔkpɔ bu ɖe habɔbɔ ma me tɔwo eye ame geɖe ƒe susu trɔ ɖe sitsoƒe didi na Yudatɔwo to dunyahehe dzi ŋu. Wogbe Mesia si anye ame ŋutɔŋutɔ si agakplɔ Yudatɔwo ayi ɖe Israel-nyigba dzii la eye wodze dɔwɔwɔ gɔme be yewoato mɔ bubu nu aɖo Yudatɔwo ƒe Dukɔ anyi. Eyata esiae va zu susu si dzi Ziontɔnyenye la nɔ te ɖo; agbalẽnyala gã aɖe yɔe be: “Yudatɔwo ƒe Mesia mɔkpɔkpɔ yeye la . . . ɖoɖo anyi mawumanɔmee.”

28. Ƒe alafa 20 lia me nudzɔdzɔ kawoe kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe nɔnɔme dzi?

28 Europa Yudatɔ siwo de miliɔn ade siwo Nazitɔwo ƒe Tsɔtsrɔ̃ Gã (1935-45) la wu la na ŋusẽdodo mamletɔ si Ziontɔnyenye hiã la eye wòna xexeame katã se veve ɖe wo ti. Ziontɔwo ƒe didi vevi la va eme le ƒe 1948 me esi woɖo Israel-dukɔa anyi, eye esia he mí va míaƒe ŋkekea me Yuda-subɔsubɔ gbɔe, kple biabia sia be, Nukae nye egbegbe Yudatɔwo ƒe dzixɔse?

Mawu Nye Ame Ðeka

29. (a) Aleke nàte ŋu aɖe nusi egbegbe Yuda-subɔsubɔ nye la me bɔbɔe? (b) Aleke woɖea Yudatɔnyenye fianae? (d) Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui kple kɔnuwo dometɔ aɖewo ɖe?

29 Ne míagblɔe kpuie ko la, Yuda-subɔsubɔ nye dukɔ aɖe ƒe subɔsubɔha. Eyata amesi trɔ dzime va eme la zua Yuda-dukɔa me tɔ kple Yuda-subɔsubɔ me tɔ. Enye mawuɖekasubɔsubɔ le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu eye wofiaa nu be Mawu dea nu amegbetɔ ƒe ŋutinya me, vevietɔ ne eku ɖe Yudatɔwo tɔ ŋu. Ƒe sia ƒe ŋkekenyui geɖe kple kɔnu vovovowo le Yuda-subɔsubɔ me. (Kpɔ aɖaka si le axa 230-1.) Togbɔ be dzixɔse alo xɔsenufiafia aɖeke meli si dzi Yudatɔwo katã lɔ̃ ɖo o hã la, Mawu ƒe ame ɖeka nyenye la me ʋuʋu abe alesi wòle Shema si nye gbedodoɖa aɖe si wogblɔ ɖe Mose V, 6:4 (JP) mee ene la nye nu vevitɔ si dzi wotu ƒuƒoƒe tadedeagu ɖo be: “SEE, OO ISRAEL: AƑETƆ MÍA MAWU LA, AƑETƆ LA NYE ÐEKA.”

30. (a) Nukae nye Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu le Mawu ŋu? (b) Aleke Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu le Mawu ŋu to vovo tso Kristodukɔa tɔ gbɔe?

30 Kristotɔnyenye kple Islām hã xɔ Mawu ɖeka dzixɔse sia tso wo gbɔ. Ðk. J. H. Hertz si nye rabi la gblɔ be: “Mawu ɖeka pɛ subɔsubɔ ƒe nyagbɔgblɔ sia nye aʋa hoho ɖe mawugeɖesubɔsubɔ ɖesiaɖe ŋu . . . Nenema ke Shema la meda asi ɖe Kristotɔwo ƒe mawuɖekaetɔ̃ la ƒe xɔsenufiafia si nye dada le Mawu ƒe Ameɖekanyenye dzi la dzi o.”f Gake azɔ mina míatrɔ ɖe Yudatɔwo ƒe dzixɔse si ku ɖe agbenɔnɔ le ku megbe ƒe nya la ŋu.

Ku, Luʋɔ, Kple Tsitretsitsi

31. (a) Aleke luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la wɔ ge ɖe Yudatɔwo ƒe nufiafia me? (b) Nya manyatalenu kae luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la he vɛ?

31 Egbegbe Yuda-subɔsubɔ ƒe dzixɔse vevi ɖekae nye be luʋɔ makumaku si yia edzi nɔa agbe ne ŋutilã la ku la le ame si. Gake Biblia mee wokpɔ nya ma tsoea? Encyclopaedia Judaica lɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be: “Anye Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kokokoe na luʋɔ makumaku nufiafia la ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me.” Gake esia he wo de nufiafianya aɖe si bla wo la me, abe alesi agbalẽ ma ke gblɔe ene be: “Tso tsitretsitsi kple luʋɔ ƒe makumakunyenye dzixɔseawo gɔmedzeɣi ke la, wonye nusiwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Gbãtɔ fia be amewo katã afɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu, egɔmee nye be ame kuku siwo le alɔ̃ dɔm le yɔ me la afɔ, gake evelia ya fia nɔnɔme si me luʋɔ la le ne ŋutilã la ku.” Aleke wokpɔ kuxi sia gbɔe le Yudatɔwo ƒe mawunyafiafia me? “Wogblɔ be ne ame ku la, eƒe luʋɔ gayia edzi nɔa agbe le nuto bubu me (esia gbɔe dzixɔse siwo ku ɖe dziƒo kple hell ŋu la katã tso) gake ŋutilã la ya nɔa yɔdo me nɔa ame kukuwo katã ƒe tsitretsitsi le anyigba dzi afisia lalam.”

32. Nukae Biblia gblɔ tso ame kukuwo ŋu?

32 Yunivɛsiti nufiala Arthur Hertzberg ŋlɔ be: “Le [Hebrigbe] Biblia ŋutɔ me la, afisi nye ame ƒe agbenɔƒee nye xexe sia me. Dziƒo kple hell ƒe nufiafia aɖeke mele eme o, negbe ame kukuwo ƒe tsitretsitsi mlɔeba le ŋkekeawo ƒe nuwuwu ƒe dzixɔse si le dzidzim ɖe edzi koe li.” Emae nye Biblia ƒe nufiafia si gɔmesese le bɔbɔe eye wònye nyateƒe hã, esi nye be “kukuawo menya naneke o, . . . elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [ameƒomea ƒe yɔdo], afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10; Daniel 12:1, 2; Yesaya 26:19.

33. Gbã la, aleke Yudatɔwo bu tsitretsitsi ƒe nufiafia lae?

33 Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Le rabiwo ŋɔli la wobu amewo ƒe tsitretsitsi la be enye nufiafia vevitɔwo dometɔ ɖeka” eye “ele be woabui be enye nusi to vovo tso . . . luʋɔ ƒe nu makumakunyenye ƒe dzixɔse la gbɔ.”g Gake togbɔ be woxɔ luʋɔ ƒe makumakunyenye dzi se egbea le Yuda-subɔsubɔ ƒe kɔmamãwo katã me hã la, womexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ya dzi se o.

34. Aleke Talmud la ƒo nu tso luʋɔ ŋui esi to vovo na Biblia tɔ? Nya kae agbalẽŋlɔla siwo va emegbe la gblɔ tso eŋu?

34 Luʋɔ makumaku si mele Biblia me o la ŋuti numeɖeɖe kple eƒe ŋutinyawo bɔ ɖe Talmud la ya si dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo la me fũ eye woɖɔ alesi wòle gɔ̃ hã ɖe eme. Emegbe Yudatɔwo ƒe nyaɣaɣlagbalẽ si nye Kabbala la fia gbugbɔgadzɔ (luʋɔwo ƒe gege ɖe ŋutilã bubuwo me), si nye Hindutɔwo ƒe blemanufiafia aɖe koŋ la gɔ̃ hã. (Kpɔ ta 5 lia.) Egbea le Israel la, ezu Yudatɔwo ƒe nufiafia si dzi ame geɖe xɔ se, eye exɔ teƒe vevi aɖe le Hasidtɔwo ƒe dzixɔse kple woƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, Martin Buber gblɔ Elimelekh si nye Lizhensk ƒe rabi aɖe ƒe nukpɔsusu ɖe eƒe agbalẽ si nye Tales of the Hasidim—The Later Masters me be: “Le Avuléŋkekea dzi, ne Rabbi Abraham Yehoshua xlẽ Avodah, si nye gbedodoɖa si na wogawɔa dɔ si nunɔlagã la wɔna le Yerusalem ƒe Gbedoxɔ me la, ne eɖo afisi xlẽ be: ‘Eye aleae wògblɔ’ la, megblɔnɛ nenema gbeɖe o, ke boŋ egblɔna be: ‘Eye aleae megblɔe nye si.’ Elabena meŋlɔ ɣeyiɣi si me eƒe luʋɔ nɔ nunɔlagã aɖe ƒe ŋutilã me le Yerusalem la be o.”

35. (a) Nukae Yuda-subɔsubɔ si Woɖɔ Ðo la gblɔ tso luʋɔ makumaku nufiafia la ŋu? (b) Nukae nye Biblia la ƒe nufiafia si me kɔ ku ɖe luʋɔ ŋu?

35 Yuda-subɔsubɔ si Woɖɔ Ðo la gbe tsitretsitsi dzixɔse la kura. Esi woɖe nya la le Ðɔɖɔɖo gbedodoɖagbalẽwo me la, luʋɔ makumaku dzi koe wòxɔ se. Aleke gbegbe Biblia ƒe nufiafia si wogblɔ ɖe Mose I, 2:7 la me kɔ wue nye si be: “AƑETƆ Mawu la wɔ ame tso anyigba la ƒe ke me, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; eye ame la trɔ zu luʋɔ gbagbe.” (JP) Luʋɔ la kple gbɔgbɔ, alo agbegbɔgbɔ, la ƒe ɖekawɔwɔe nye “luʋɔ gbagbe” la.h (Mose I, 2:7; 7:22; Psalmo 146:4) Nenema ke ne amegbetɔ si nye nuvɔ̃wɔla ku la, ekema luʋɔ lae nye ma ku. (Xezekiel 18:4, 20) Eyata ne woku la, anyinɔnɔ si me wodzea si nu le aɖeke meganɔa anyi o. Amea ƒe agbeŋusẽ trɔna yia Mawu si tsɔe na la gbɔ. (Nyagblɔla 3:19; 9:5, 10; 12:7) Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ si nye nyateƒe si li na ame kukuwoe nye tsitretsitsi la—Hebrigbe: techi·yathʹ ham·me·thimʹ, alo “agbe gbɔgbɔ ame kukuwo.”

36, 37. Nukae nye Hebritɔ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe dzixɔse ku agbe si woagava nɔ la ŋu?

36 Togbɔ be nyataƒoƒo sia awɔ yaa na Yudatɔ geɖewo kura gɔ̃ hã la, tsitretsitsiae nye Mawu vavã la subɔlawo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ ƒe akpe geɖewo. Anye ƒe 3,500 enye esia, nuteƒewɔla Hiob si nɔ fu kpem la ƒo nu tso ɣeyiɣi si ava esi me Mawu afɔe ɖe tsitre tso Sheol, alo yɔdo me ŋu. (Hiob 14:14, 15) Woka ɖe edzi na nyagblɔɖila Daniel be afɔ “le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.”—Daniel 12:2, 12 (13, JP; NW).

37 Naneke mele Ŋɔŋlɔa me si dzi woanɔ te ɖo agblɔ be Hebritɔ nuteƒewɔla mawo xɔe se be luʋɔ makumaku aɖe le yewo me si nɔa agbe le tsiẽƒexexe me o. Nu geɖe li si tae woate ŋu axɔe ase be Aƒetɔ Fiagã, amesi xlẽa dzinuviwo le xexeame katã eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la aɖo ŋku yewo dzi le tsitretsiɣia. Wowɔ nuteƒe na eya kple eƒe ŋkɔ la. Eya hã awɔ nuteƒe na wo.—Psalmo 18:26; 147:4; Yesaya 25:7, 8; 40:25, 26.

Yuda-subɔsubɔ la Kple Mawu ƒe Ŋkɔ La

38. (a) Nukae dzɔ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la zazã dzi le ƒe alafawo me? (b) Nuka dzie wonɔ te ɖo ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ la?

38 Yuda-subɔsubɔ la fiaa nu be togbɔ be woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ la hã la, ele kɔkɔe akpa na yɔyɔ.i Esia na be le ƒe 2,000 kple edzivɔ megbe la, woŋlɔ alesi tututu woyɔnɛ be. Gake menye nenemae wònɔ tsã le Yudatɔwo dome o. Anye ƒe 3,500 enye sia, Mawu ƒo nu na Mose be: “Alee nàgblɔ na Israel-viwoe nye si: AƑETƆ [Hebrigbe: יהוה, YHWH], mia fofowo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu, Yakob ƒe Mawu, dɔm ɖo ɖe mia gbɔ: Esia anye Ŋkɔnye tegbee, alea woayɔ Nam tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Mose II, 3:15; Psalmo 135:13) Ŋkɔ kae nye ma eye alekee nye eyɔyɔ? Tanakh la tenuŋɔŋlɔa gblɔ be: “Le afisia la, ŋkɔ YHWH (si wonɔa xexlẽm be Adonai “AƑETƆ la”) la do ƒome kple nya ƒe ke si nye hayah ‘va nye.’” Aleae míewɔ va ke ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la, Tetragrammaton la, Ŋɔŋlɔdzesi Enea, siwo nye Hebrigbe me gbeɖiɖimanɔɖokuisi ene siwo nye YHWH (Yahweh), le eŋɔŋlɔ ɖe Latingbewo me nu, esi woyɔna le ƒe alafa geɖewo me be YEHOWA la ŋu.

39. (a) Nukatae Mawu ƒe ŋkɔ la le vevie? (b) Nukatae Yudatɔwo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔ la yɔyɔ?

39 Le ŋutinya katã me la, Yudatɔwo de asixɔxɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ la ŋu ɣeawokatãɣi, togbɔ be alesi wotea gbe ɖe ezazã dzii trɔ kura tso alesi wònɔ le blema gbɔ gake. Abe alesi Ðk. A. Cohen gblɔe ɖe Everyman’s Talmud mee ene la: “Wodea bubu tɔxɛ Mawu si ɖe eɖokui fia Israel-viwo la ƒe ‘Ŋkɔ si de dzesi eyama’ (Shem Hamephorash) la ŋu, esi nye ŋɔŋlɔ ene JHVH la ŋu.” Wodea bubu Mawu ƒe ŋkɔ la ŋu elabena etsi tre ɖi na Mawu ƒe ameti la ŋutɔŋutɔ eye wòɖe eƒe nɔnɔme fia. Ne èbu eŋu la, Mawu ŋutɔe ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ la eye wògblɔ na esubɔlawo be woazãe. Alesi ŋkɔ la dze zi gbɔ zi 6,828 sɔŋ le Hebrigbe Biblia me la ɖo kpe vevienyenye sia dzi. Gake Yuda-subɔsubɔa me tɔwo susuna be enye ame mabumabu be woayɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ la.j

40. Nya kae Yudatɔ agbalẽnyala aɖewo gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔ la zazã ŋu?

40 A. Marmorstein si nye rabi la ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Old Rabbinic Doctrine of God me tso se si rabiwo de (si metso Biblia me o) ɖe ŋkɔ la yɔyɔ nu be: “Ɣeyiɣi aɖe nɔ anyi kpɔ si womenya naneke tso [Mawu ƒe ŋkɔ la mayɔmayɔ ƒe] se sia ŋu kura le Yudatɔwo dome o . . . Yudatɔwo menya se aɖeke be mele be woazã Mawu ƒe ŋkɔ la si nye Ŋɔŋlɔdzesi Enea (Tetragrammaton) le dzeɖoɖo alo gbelɔlɔ̃ me o eye womewɔ ɖe se aɖeke hã dzi nenema le Egipte alo Babilonia hã o. Gake tso ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me vaseɖe ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la se ma nɔ anyi eye wowɔna ɖe edzi vaseɖe afi aɖe.” Menye ɖeko woɖe mɔ ɖe ŋkɔ la zazã ŋu tsã ko o ke boŋ abe alesi Ðk. Cohen gblɔe ene la: “Ɣeyiɣi aɖe nɔ anyi si me wodea dzi ƒo na ame gbɔlowo kura gɔ̃ hã be woazã Ŋkɔ la faa kple le dutoƒo . . . Wosusui be nusi tae wode nusia wɔwɔ ƒe dzi ƒoe nye be wodi vevie be woade vovototo Israel-viwo dome tso [amesiwo menye Yudatɔwo o] gbɔ.”

41. Le rabi aɖe ƒe nya nu la, ŋusẽkpɔɖeamedzi kawoe na wotsri Mawu ƒe ŋkɔ la yɔyɔ?

41 Ke nukae na wova de se ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la zazã nu? Ðk. Marmorstein ɖo eŋu be: “Helatɔwo ƒe tsitre tsitsi ɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ŋu, nunɔlawo kple amegãwo ƒe xɔsegbegbe ye na wode se ɖe Ŋɔŋlɔdzesi Enea zazã le Kɔkɔeƒea [Yerusalem gbedoxɔa me] nu eye sea va tsi anyi.” Esi wonɔ agbagba si gbɔ eme dzem be yewomagayɔ Mawu ƒe ŋkɔ la yakayaka o la, woxe mɔ ɖe ezazã le nuƒoƒo me nu kura eye wotrɔ alesi woawɔ adze si Mawu vavã la bu anyi hetɔ tsii. Subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu kpakple xɔsegbegbe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na be Yudatɔwo megazãa Mawu ƒe ŋkɔ la o.

42. Nukae Biblia ƒe nuŋlɔɖia ɖe fia ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la zazã ŋu?

42 Gake abe alesi Ðk. Cohen gblɔe ene la: “Edze abe ɖe se aɖeke metsi tre ɖe [Mawu ƒe ŋkɔ la] zazã le gbesiagbenuƒo me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu o ene.” Blemafofo Abraham “yɔ AƑETƆ la ƒe ŋkɔ tsɔ bia eƒe kpekpeɖeŋui.” (Mose I, 12:8) Hebri Biblia la ŋlɔlawo ƒe akpa gãtɔ zã ŋkɔ la faa vaseɖe Maleaxi ƒe agbalẽa ŋlɔɣi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me gake wozãe bubutɔe.—Rut 1:8, 9, 17.

43. (a) Nuka mee kɔ tsitotsito ku ɖe Yudatɔwo ƒe Mawu ƒe ŋkɔ la zazã ŋu? (b) Nu bubu ka hãe Yudatɔwo ƒe asi ɖeɖe le Mawu ƒe ŋkɔ zazã ŋu he vɛ?

43 Nya la ƒe akpa sia akpa me kɔ kɔte be blema Hebritɔwo zã Mawu ƒe ŋkɔ la eye woyɔe hã. Marmorstein lɔ̃ ɖe edzi ku ɖe tɔtrɔ si wowɔ emegbe la ŋu be: “Elabena le ɣeyiɣi sia me, le ƒe alafa etɔ̃lia [D.M.Ŋ.] ƒe afã gbãtɔ me la, wode dzesii be wowɔ tɔtrɔ gã aɖe le Mawu ƒe ŋkɔ la zazã me, esi he tɔtrɔ geɖe vɛ le Yudatɔwo ƒe mawunyafiafia kple xexemenunyafiafia ƒe dzixɔsewo me eye eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gali kokoko egbea.” Nusiwo ŋkɔa ƒe búbu he vɛ dometɔ ɖekae nye be Mawu si si ŋkɔ mele o ƒe nufiafia la na be teƒe aɖe tsi ƒuƒlu le mawunyafiafia me si wɔe be woxɔ Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la tra ɖe afima bɔbɔe.k—Mose II, 15:1-3.

44. Nu bubu siwo Mawu ƒe ŋkɔa tete ɖe to gblẽ la dometɔ aɖewo ɖe?

44 Gbegbe be womegazã Mawu ƒe ŋkɔ la o ɖiɖi Mawu vavã la ƒe tadedeagu ɖe anyi. Abe alesi numeɖela aɖe gblɔe ene la: “Dzɔgbevɔ̃etɔe la, ne woyɔ Mawu be ‘Aƒetɔ la,’ togbɔ be nyagbɔgblɔ ma sɔ hã la, enye nya si me seselelãme alo dzonɔameme aɖeke mele o . . . Ele be woaɖo ŋku edzi be ne woɖe YHWH alo Adonay gɔme be ‘Aƒetɔ la’ ke wotsɔ nya geɖe siwo mefia nu ŋutɔŋutɔ aɖeke o, nya siwo wozãna abe kɔnuwɔwɔ ko ene kple nyagbɔgblɔ siwo megogo afi aɖeke na ŋɔŋlɔ gbãtɔwo o eye wonye nu yeye kura nɛ la le Nubabla Xoxoa me dem.” (The Knowledge of God in Ancient Israel) Nublanuinya kae nye si be woakpɔ be Mawu ƒe ŋkɔ Yahweh, alo Yehowa, si ƒo ŋkɔ ɖesiaɖe ta eye asixɔxɔ gã le eŋu la bu le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me evɔ edze zi akpe nanewo le Hebrigbe tɔ gbãtɔ siwo woŋlɔ la me hafi!—Yesaya 43:10-12.

Ðe Yudatɔwo Gale Mɔ Kpɔm na Mesia La?

45. Biblia me kpeɖodzi kae li si ta míate ŋu axɔ Mesia la dzi ase?

45 Nyagblɔɖi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me siwo dzi Yudatɔwo tu woƒe Mesia la ŋuti mɔkpɔkpɔ ɖo ƒe 2,000 kple edzivɔe nye sia. Samuel II, 7:11-16 fia asii be Mesia la adzɔ le Dawid ƒe dzidzimea me. Yesaya 11:1-10 gblɔe ɖi be ahe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa vɛ na ameƒomea katã. Daniel 9:24-27 bu ɣeyiɣi si me Mesia la ado kple esime woawui la ƒe akɔnta na mí.

46, 47. (a) Mesia ka ƒomevie Yudatɔ siwo nɔ Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te la nɔ mɔ kpɔm na? (b) Tɔtrɔ kae va eme le Yudatɔwo ƒe mɔ kpɔkpɔ na Mesia la me?

46 Abe alesi Encyclopaedia Judaica ɖe emee ene la, wonɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava vevie le ƒe alafa gbãtɔ me. Wonɔ mɔ kpɔm be “Mesia la anye kplɔla triakɔ aɖe si anye Dawid ƒe dzidzimevi amesi Yudatɔ siwo nɔ anyi le Romatɔwo ŋɔli xɔ se be Mawu ana wòaŋe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔkuti eye wòaɖu fia le Israel ƒe fiaɖuƒe si woagaɖo anyi la me.” Ke Mesia aʋawɔla si Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na la meva o.

47 Gake abe alesi The New Encyclopædia Britannica gblɔe ene la, mɔkpɔkpɔ na Mesia la nye nu vevi aɖe si bla Yudatɔwo ɖekae le woƒe fukpekpe gbogboawo me: “Ðikekemanɔmee la, nusi tae Yuda-subɔsubɔ la te ŋu nɔ anyi la ƒe akpa gãtɔ tso alesi woku ɖe Mesia ŋugbedodo kple nusi wòava wɔ la ŋui goŋgoŋ gbɔ.” Gake esi egbegbe Yuda-subɔsubɔ la ƒe asi nɔ dzi dem le ƒe alafa 18 kple 19 lia me la, Yudatɔ geɖe ɖe asi le mɔ kpɔkpɔ na Mesia la ɖewoɖewoe la ŋu. Mlɔeba le Tsɔtsrɔ̃ Gã si Nazitɔwo he vɛ me la, ɖeɖi te ame geɖe ŋu eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo. Wodze Mesia ŋuti gbedasi la bubu be ɖewohĩ ate ŋu ava eme eye wogbugbɔ ɖe eme dzro ko be enye nudzedziname kple ŋutifafa ɣeyiɣi yeye aɖe si gbɔna. Tso ɣemaɣi la, togbɔ be ame aɖewo ganɔ mɔ kpɔm hã la, esesẽ be woagblɔ be Yudatɔwo katã gale mɔ kpɔm na Mesia ŋutɔŋutɔ aɖe ƒe vava.

48. Nya kawoe asɔ be woate ŋu abia ku ɖe Yuda-subɔsubɔ ŋu?

48 Alesi wotrɔ subɔsubɔ lae be megaku ɖe Mesia la ŋu o la do nyabiabia vevi aɖewo ɖa. Vodadae Yuda-subɔsubɔ la wɔ ƒe akpe geɖe esi woxɔe se be Mesia la anye ame ŋutɔŋutɔ si avaa? Yuda-subɔsubɔ ka ƒomevie akpe ɖe ame ŋu le Mawu didi me? Blema Yuda-subɔsubɔ si wotsɔ Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia ŋɔ flofloflo yea? Alo Mesia dzimaxɔse ƒe Yuda-subɔsubɔ siwo to le ƒe 200 siwo va yi meea? Alo ɖe mɔ bubu aɖe li si lé Mesia mɔkpɔkpɔ la me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe kple kakaɖedzi vavãtɔa?

49. Nukae wole Yudatɔ anukwaretɔwo kpem be woawɔ?

49 Esi biabia siawo le susu me na mí la, míaɖo aɖaŋu na Yudatɔ anukwaretɔwo be woato nya siwo ku ɖe Yesu Nazaretetɔ la ŋu me dzodzro dzi, menye abe alesi Kristodukɔa ƒoa nu tso eŋui ene o, ke boŋ abe alesi Yudatɔ siwo ŋlɔ Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eŋui ene, agbugbɔ alé ŋku ɖe Mesia ƒe nya la ŋu. Woakpɔ vovototo gã aɖe le eme. Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia si metso Biblia me o, si eme kɔ ƒã be manya xɔ na Yudatɔ ɖesiaɖe si dea asixɔxɔ nufiafia dzadzɛ si nye “AƑETƆ MÍA MAWU LA, AƑETƆ LA NYE ÐEKA” ŋu la o hãe na Yudatɔwo gbe Yesu. (Mose V, 6:4, JP) Eyata míele kpewòm be nàtsɔ susumekɔkɔ axlẽ ta si kplɔe ɖo lae bene nàte ŋu anya Yesu si ŋu Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu le la.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Tsɔe sɔ kple Mose I, 5:22-24, New World Translation of the Holy Scriptures—With References, kpukpui 22 lia ƒe etenuŋɔŋlɔ evelia.

b Ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ le ta sia me la tso egbegbe (1985) gɔmeɖeɖe, Tanakh, A New Translation of the Holy Scriptures, si The Jewish Publication Society ƒe agbalẽnyalawo ta la me.

c Ɣeyiɣikɔnta si wobu ɖe afisia nye esi wotu ɖe Biblia dzi, (Kpɔ agbalẽ si nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” si Watchtower Bible and Tract Society of N.Y., Inc., ta la ƒe Nusɔsrɔ̃ 3 lia, “Measuring Events in the Stream of Time.”)

d Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Yoseph ben Mattityahu (Flavius Josephus) ka nya ta be esi Aleksanda ɖo Yerusalem la, Yudatɔwo ʋu agboawo nɛ eye wofia Daniel ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi si woŋlɔ do ŋgɔ wu ƒe 200 sɔŋ si ƒo nu tso Aleksanda ƒe dziɖuɖuwo ŋu kɔte lae be eyae nye ‘Hela-Fia la.’—Jewish Antiquities, Agbalẽ XI, Ta VIII 5; Daniel 8:5-8, 21.

e Le Maccabeewo ŋɔli (Hasmonaetɔwo, tso ƒe 165 vaseɖe 63 D.M.Ŋ.) la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo, abe John Hyrcanus ene, zi amesiame dzi be woatrɔ dzime age ɖe Yuda-subɔsubɔ me. Míade dzesii be le Mía Ŋɔli ƒe azãwo ƒe gɔmedzedze me la, ame 10 le alafa ɖesiaɖe me le Mediterranea-nutoa me la le Yuda-subɔsubɔ me. Xexlẽme sia fia afisi Yudatɔwo ƒe dzime tɔtrɔ na amewo keke ta ɖo.

f The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Kristotɔnyenye la ƒe mawuɖekaetɔ̃dzixɔse la . . . ɖee ɖe vovo tso mawuɖekasubɔsubɔ ƒe ha ɖedzesiwo [Yuda-subɔsubɔ kple Islām] gbɔ.” Sɔlemeha lae to Mawuɖekaetɔ̃ la vɛ togbɔ be “Kristotɔwo ƒe Biblia la megblɔ nya aɖeke tso Mawu ŋu si fia tẽ be enye ameɖekaetɔ̃ o hã.”

g Hekpe ɖe Biblia me kpeɖodzi ŋu la, wofiae le Mishnah (Sanhedrin 10:1) la me wònye nufiafia si dzi woaxɔ ase eye enye nu susɔetɔ si wotsɔ de [rabi] Maimonades ƒe xɔsegɔmeɖose 13 la me. Vaseɖe ƒe alafa 20 lia me la, wobu tsitretsitsi la gbegbe be enye aglã dzedze ɖe xɔse ŋu.

h “Biblia megblɔ be luʋɔ le mía si o. ‘Nefesh’ ye nye ame la ŋutɔ, eƒe nuhiahiã si nye nuɖuɖu, ʋu ŋutɔŋutɔ si le eƒe ʋukawo me, eya ameti la.”—Ðk. H. M. Orlinsky si le Hebrigbe ƒe Union College.

i Kpɔ Mose II, 6:3 afisi Tanakh ƒe Biblia gɔmeɖeɖea ŋlɔ Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Enea ɖe Eŋlisigbe me le.

j Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Nusi gbɔ ŋkɔ YHWH la mayɔmayɔ tsoe nye . . . Se Etɔ̃lia gɔme masemase (Mose II, 20:7; Mose V, 5:11) be ele fiafiam be ‘Mègatsɔ YHWH wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o,’ evɔ egɔme koŋ ye nye ‘Mègaka aʋatsotam ɖe YHWH wò Mawu la ƒe ŋkɔ me o.’”

k George Howard si nye mawunya kple Hebrigbe fiala le Georgia Yunivɛsiti gblɔ be: “Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wonɔ ame eve siawo [Mawu kple Kristo] hem va wo nɔewo gbɔ ɖe edzi kplikplikpli wu vaseɖe esi wòva zu nusi sesẽna be woade vovototo wo dome. Eyata anye asi ɖeɖe le Ŋɔŋlɔ Eneawo ŋu koŋ ye he Kristo kple Mawuɖekaetɔ̃ la ŋuti nyahehe siwo do na sɔlemeha la le ƒe alafa gbãtɔ me la vɛ. Eɖanye kae nye nya la o, anɔ eme godoo be asi ɖeɖe le Ŋɔŋlɔ Enea ŋu na nufiafia ƒe nɔnɔme si to vovo na Nubabla Yeyea ƒe ɣeyiɣia me tɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la va nɔ anyi.”—Biblical Archaeology Review, March 1978.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 217]

Sefardi kple Ashkenazi Yudatɔwoe nye Yudatɔwo ƒe hatsotso eveawo

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 211]

Tadedeagu Kple Agbenɔnɔ Ŋuti Se Ewo

Wogblɔ Se Ewoawo ame miliɔn geɖe se kpɔ, gake ame ʋee aɖewo koe xlẽ wo kpɔ. Eyata míegblɔ wo me nyawo ƒe akpa gãtɔ ɖe afisia.

▪ “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe Ŋunye o.

▪ “Mègawɔ naneke ƒe nɔnɔme na ɖokuiwò o, alo nàwɔ nusiwo le dziƒo le tawò me, alo le anyigba dzi le tewò, alo le tsiwo me le anyigba te ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o. . . . [Le ɣeyiɣi sia si nye ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, se sia ɖe dzesi le alesi eya koe nye se si nɔ anyi si tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la me.]

▪ “Mègaka aʋatsotam ɖe AƑETƆ [Hebrigbe: יהוה] wò Mawu la ƒe ŋkɔ me o . . .

▪ “Ðo ŋku sabat-ŋkeke la dzi eye nàwɔe kɔkɔe. . . . AƑETƆ la yra sabat-ŋkeke la eye wòkɔ eŋuti.

▪ “Bu fofowò kple dawò . . .

▪ “Mègawu ame o.

▪ “Mègawɔ ahasi o.

▪ “Mègafi fi o.

▪ “Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋu o.

▪ “Mègabiã ŋu hawòvi ƒe aƒe . . . srɔ̃anyɔnu . . . eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu . . . eƒe nyi alo tedzi, alo nusianu si nye hawòvi tɔ o.”—Mose II, 20:3-17.

Togbɔ be se ene gbãtɔawo koe ku ɖe mawusubɔsubɔ dzixɔse kple tadedeagu ŋu tẽ hã la, se bubuawo fia ƒomedodo si le agbenyuinɔnɔ kple ƒomedodo nyui si anɔ ame kple Wɔla la dome la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 211]

Togbɔ be Mawu de se tɔxɛ na Israel hã la, wosrɔ̃ trɔ̃subɔla siwo ƒo xlã wo la ƒe nyivisubɔsubɔ (Sikanyivi, Byblos)

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 220]

Hebritɔwo ƒe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo

Hebritɔwo ƒe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo dze egɔme tso “Tanakh” la dzi. Woɖe ŋkɔ “Tanakh” tso Yudatɔwo ƒe Biblia si le Hebrigbe me la ƒe memamã etɔ̃a siwo nye: Torah (Se), Nevi’im (Nyagblɔɖilawo), kple Kethuvim (Ŋɔŋlɔawo) la me, eye wozã akpa ɖesiaɖe ƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ ale be woke ɖe nya si nye TaNaKh ŋu. Woŋlɔ agbalẽ siawo ɖe Hebrigbe kple Aramgbe me tso ƒe alafa 16 lia vaseɖe alafa 5 lia D.M.Ŋ. me.

Yudatɔwo xɔe se be woŋlɔ wo le gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã si nɔ ɖiɖim vivivi la te. Eyata woɖo wo ɖe ɖoɖo si gbɔna la nu le woƒe asixɔxɔ nu:

Torah—Mose ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo, alo Pentateuch (tso Helagbe me “agbalẽxatsaxatsa atɔ̃” me), Se la, eyae nye Mose I, Mose II, Mose III, Mose IV, kple Mose V. Gake woate ŋu azã nya “Torah” atsɔ ayɔ Yudatɔwo ƒe Biblia la katã kpakple se si nye numenya wogblɔ, kple Talmud la hãe (kpɔ axa si kplɔe ɖo).

Nevi’im—Nyagblɔɖilawo, si nye tso Yosua dzi va to nyagblɔɖila gãtɔ siwo nye Yesaya, Yeremya, kple Xezekiel dzi vaseɖe nyagblɔɖila “suesue” 12 la dzi esi nye tso Hosea dzi vaseɖe Maleaxi dzi.

Kethuvim—Ŋɔŋlɔawo, siwo woŋlɔ kple hakpanya ƒe atsyã; woawoe nye Psalmowo, Lododowo, Hiob, Hawo ƒe Ha, kple Konyifahawo. Bubuwo hãe nye Rut, Nyagblɔla, Ester, Daniel, Ezra Nexemya, kpakple Kronika Gbãtɔ kple Evelia.

Talmud La

Le Trɔ̃subɔlawo ƒe susu nu la, “Tanakh” la, alo Yudatɔwo ƒe Biblia, ye nye Yudatɔwo ƒe agbalẽ vevitɔ. Gake menye nenemae Yudatɔwo ya bunɛ o. Yudatɔ geɖewo alɔ̃ ɖe nya si Adin Steinsaltz si nye rabi la gblɔ dzi be: “Ne Bibliae nye gɔmeɖokpe si dzi wotu Yuda-subɔsubɔ ɖo la, ke Talmud lae nye sɔti si le eƒe titina, si woɖo tso gɔmeɖokpea dzi eye wòlé gbɔgbɔ me kple tamesusu me ƒe xɔ la ɖe asi . . . . Agbalẽ bubu aɖeke meli si gakpɔ ŋusẽ si sɔ kplii ɖe Yudatɔwo ƒe nufiafia kple woƒe nuwɔnawo dzi o.” (The Essential Talmud) Ke nukae nye Talmud la?

Orthodoks Yudatɔwo xɔe se be menye se si woŋlɔ ɖi, alo Torah la, koe Mawu tsɔ na Mose le Sinai-toa dzi o ke boŋ eɖe numeɖeɖe tẽ aɖewo hã fiae siwo wòle be wòagblɔ kple nu. Esiae woyɔ be numese. Eyata Talmud lae nye numese siwo rabiwo ŋlɔ ɖi tso Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa evelia me vaseɖe Titinaɣeyiɣiwo me la ƒe nya veviwo, woŋlɔ numeɖegbalẽwo kpakple numeɖeɖewo kpee emegbe.

Wolɔ̃a Talmud la me mamã ɖe akpa gã eve me:

Mishnah la: Numeɖegbalẽ vovovo siwo woŋlɔ kpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me Sea ŋu, siwo wotu ɖe rabi siwo woyɔna be Tannaimwo (nufialawo) ƒe numeɖeɖewo dzi. Mía Ŋɔli ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu lɔƒo kple alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze mee woŋlɔ wo.

Gemara la: (Woyɔnɛ tsã be Talmud la): Rabi siwo va do emegbe (Mía Ŋɔli ƒe alafa etɔ̃lia vaseɖe alafa adelia) la ƒe Mishnah la ŋuti numeɖegbalẽwo.

Hekpe ɖe memamã gã eve siawo ŋu la, woate ŋu abu Gemara la ŋuti numeɖegbalẽ siwo rabiwo ŋlɔ le Titinaɣeyiɣiwo me la hã akpe Talmud la. Rabi siwo ɖe dzesi le amesiawo mee nye Rashi (Solomon ben Isaac, 1040-1105), amesi gbã Talmud la me nya sesẽawo me be wo gɔme nanya se, kple Rambam (Moses ben Maimon, Maimonides ye wonya nɛ nyuie wu, 1135-1204), amesi gbugbɔ Talmud la ɖo ɖe gɔmeɖeɖe si le kpokploe wu nu (“Mishneh Torah”), eye esia na Yudatɔwo katã ate ŋu ase egɔme.

[Nɔnɔmetata si le axa 220]

Ete, blema Torah si wokpɔ le afisi woyɔna be Ester ƒe Yɔdo me le Iran; ɖusime, Hebrigbe kple Yiddishgbe me kafukafuhadzigbalẽ si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo me kpukpuiwo dzi

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 226]

Yuda-subɔsubɔ—Ha si me Mamã Geɖe Le

Vovototo gã geɖe le Yuda-subɔsubɔa ƒe kɔmamã vovovoawo me. Tso blema ke la, Yuda-subɔsubɔa lɔ̃a gbe tete ɖe subɔsubɔkɔnuwo wɔwɔ dzi. Nusiawo ŋu nyahehewoe zu ʋiʋli sesẽwo le Yudatɔwo dome eye esia he memamã gã etɔ̃ vɛ le Yuda-subɔsubɔa me, ke menye dzixɔsewo ŋu nyahehewoe he wo vɛ o.

ORTHODOKS YUDA-SUBƆSUBƆ (Yuda-subɔsubɔ si léa blemanufiafiawo me ɖe asi)—Menye Hebrigbe me “Tanakh” la koe alɔdze sia xɔ be enye Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me o ke boŋ woxɔe se hã be Mose xɔ se si nye numegbe la le Sinai-toa dzi le ɣeyiɣi si me woxɔ Se si woŋlɔ ɖi la ke me. Orthodoks Yudatɔwo léa se eveawo siaa me sededewo me ɖe asi goŋgoŋ. Wogale mɔkpɔkpɔ dzi na Mesia la ƒe vava eye be ava ahe dzidzɔɣeyiɣi nyui aɖe vɛ na Israel. Esi nukpɔsusu vovovo le amewo si le Orthodoks ƒuƒoƒoa me ta la, woƒe kɔmamã vovovowo li. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Hasid-subɔsubɔ.

Hasid-subɔsubɔ (Chasidim, egɔmee nye “mawuvɔ̃lawo”)—Wobua amesiawo be woawoe galéa blemanufiafiawo me ɖe asi wu. Israel ben Eliezer, si woyɔna be Baʽal Shem Tov (“Ŋkɔ Nyui la ƒe Aƒetɔ”), ye ɖoe le ƒe alafa 18 lia ƒe titina le Ɣedzeƒe Europa eye wodze nufiafia si tea gbe ɖe hadzidzi kple ɣeɖuɖu dzi, si nana be vivimedzidzɔ aɖe gena ɖe wo me la fiafia gɔme. Woƒe dzixɔsewo dometɔ geɖe, siwo me gbugbɔgadzɔ hã le, tso Yudatɔwo ƒe nyaɣaɣlagbalẽ siwo woyɔna be Kabbala la me. Egbea rebbewo (“rabiwo” le Yiddishgbe me), alo zadikwo, amesiwo wo yomedzelawo buna be wonye amesiwo ƒe dzɔdzɔenyenye alo kɔkɔenyenye tɔgbe meli o, ye nye woƒe kplɔlawo.

Egbea United States kple Israel koŋ ye woakpɔ Hasid-Subɔsubɔ la le. Wolɔ̃a Ɣedzeƒe Europatɔwo ƒe awu tɔxɛ aɖe dodo, eye zi geɖe la, enyea ƒe alafa 18 kple 19 lia me awu yibɔ ƒomevi aɖe si na woɖea dzesi ƒã, vevietɔ le egbegbe dugãwo me. Egbea wo me mã ɖe kɔmamã siwo dzea rebbe xɔŋkɔ vovovowo yome la me. Woƒe ƒuƒoƒo aɖe si doa vevie nu ŋutɔe nye Lubavitchtɔwo, amesiwo trɔa dzime na ame bubuwo le Yudatɔwo dome vevie. Woƒe ƒuƒoƒo aɖewo xɔe se be Mesia la koe kpɔ mɔ agbugbɔ Israel aɖo anyi wòanye Yudatɔwo ƒe dukɔ eye le esia ta wotsi tre ɖe dunyahehe ƒe Israel Dukɔ ŋu.

YUDA-SUBƆSUBƆ SI WOÐƆ ÐO (Wogayɔa wo hã be “Amesiwo Ðea Mɔ ɖe [Susu Yeyewo Xɔxɔ] Ŋu” kple “Ŋgɔyilawo”)—Ha sia dze egɔme le Ɣetoɖoƒe Europa le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze me lɔƒo. Wotui ɖe Moses Mendelsssohn, ƒe alafa 18 lia me Yudatɔ agbalẽnyala aɖe si xɔe se be ele be Yudatɔwo nanɔ agbe abe Ɣedzeƒetɔwo ene le esi teƒe be woaɖe wo ɖokui ɖe aga tso Dukɔwo me tɔwo gbɔ, la dzi. Ðɔɖɔɖo Yudatɔwo gbena be Torah la menye nyateƒe si Mawu ɖe fia o. Wobua Yudatɔwo ƒe nuɖuɖu, dzadzɛnyenye, kple awudodo ŋuti sewo be wonye tsigãdzisewo. Woxɔa nusi woyɔna be “Mesia ƒe ɣeyiɣi si me xexeame katã alé nɔvisi” la dzi se. Le ƒe siwo va yi eteƒe medidi boo o me la, wogbugbɔ yi ɖe blema Yuda-subɔsubɔ gbɔ le nu geɖe me.

BLEMA YUDA-SUBƆSUBƆ—Woƒe anyinɔnɔ dze egɔme le Germania le ƒe 1845 me abe Yuda-subɔsubɔ si Woɖɔ Ðo, si wosusu be woɖe asi le Yudatɔwo ƒe blemakɔnu geɖe fũ akpa ŋu, la ƒe alɔdze ene. Blema Yuda-subɔsubɔ la melɔ̃ ɖe edzi be Mose xɔ se si wogblɔ kple nu ko la tso Mawu gbɔ o ke boŋ woxɔe se be rabi siwo di be yewoatrɔ Yuda-subɔsubɔa ne wòasɔ ɖe ɣeyiɣi si me woɖo nu lae to Torah la vɛ. Blema Yuda-subɔsubɔ me tɔwo wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple rabiwo ƒe se dzi ne “wosɔ ɖe egbegbe Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe nudidiwo nu.” (The Book of Jewish Knowledge) Wodoa Hebrigbe kple Eŋlisigbe le woƒe mawunyagbɔgblɔ me eye wowɔna ɖe nuɖuɖusewo (kashruth) dzi pɛpɛpɛ. Woɖea mɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔa afi ɖeka le tadedeagu me, nusi ŋu Orthodoks Yudatɔwo meɖea mɔ ɖo o.

[Nɔnɔmetata si le axa 227]

Miame, Yudatɔwo le Konyifagli la gbɔ le Yerusalem,

le etame, Yudatɔ aɖe le gbe dom ɖa, eye Yerusalem le emegbe

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 230, 231]

Ŋkekenyui Kple Kɔnu Vevi Aɖewo

Biblia dzie wotu Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo ƒe akpa gãtɔ ɖo eye zi geɖe la, wonyea ƒea ƒe azã tɔxɛ aɖewo dzi le nuku vovovowo ŋeɣi alo wodoa ƒome kple ŋutinya me nudzɔdzɔwo.

▪ Shabbat (Sabat)—Wobua Yudatɔwo ƒe kwasiɖa la ƒe ŋkeke adrelia (tso Fiɖa ɣeɖoto vaseɖe Memleɖa ɣeɖoto) la be ekɔa kwasiɖa la ŋu, eye ŋkeke sia ɖuɖu etɔxɛe nye tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. Yudatɔwo yia ƒuƒoƒe la woɖaxlẽa Torah la na wo eye wodoa gbe ɖa hã.—Mose II, 20:8-11.

▪ Yom Kippur—Avuléŋkeke la, ŋugblemeyiyiŋkekenyui aɖe si nye nutsitsidɔ kple ɖokuidodokpɔ ƒe ŋkeke vevi aɖe. Enye Ŋkeke Ewo ƒe Veve Sese Ðe Nuvɔ̃ Ta si dzea egɔme kple Rosh Hashnah, Yudatɔwo ƒe Ƒe Yeye la, si dzea September dzi le Yudatɔwo ƒe agbledeɣletigbalẽ nu, ƒe taƒoƒo.—Mose III, 16:29-31; 23:26-32.

▪ Sukkot—(ɖusime le etame) Avɔgbadɔmeŋkeke, alo Avaɖoɖoŋkekenyui. Enye nuŋeŋe kple agbledeƒea ƒe akpa gãtɔ ƒe nuwuwu ƒe ŋkekenyui. Woɖunɛ le October me.—Mose III, 23:34-43; Mose IV, 29:12-38; Mose V, 16:13-15.

▪ Hanukkah—Adzɔgbeɖeɖeŋkekenyui. Enye azã nyanyɛ aɖe si woɖuna le December me si wotsɔna ɖoa ŋku alesi Maccabeewo na ɖokuisinɔnɔ gasu Yudatɔwo si tso Siriatɔwo kple Helatɔwo si me eye wogakɔ gbedoxɔa ŋu ake le ƒe 165 D.M.Ŋ. me la dzii. Nusi ɖea dzesi le eŋu zi geɖee nye be wosia bosomikaɖiwo ŋkeke enyi le eɖuɣi.

▪ Purim—Nudzidzeŋkekenyui. Woɖunɛ le February ƒe nuwuwu lɔƒo alo March ƒe gɔmedzedze tsɔ ɖoa ŋku alesi woɖe wo le Persia le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me tso Haman kple eƒe tame vɔ̃ si wòɖo be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo katã ɖa gbidii la me la dzi.—Ester 9:20-28.

▪ Pesach—Ŋutitotoŋkekenyui. Woɖoe anyi be woatsɔ aɖo ŋku Israel-viwo ƒe ɖeɖe tso kluvinyenye me le Egipte (ƒe 1513 D.M.Ŋ.) dzii. Eyae nye Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiwo ƒe vevitɔ kple xoxotɔ kekeake. Woɖunɛ le Nisan 14 lia (le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ me) dzi, edzea March ƒe nuwuwu alo April ƒe gɔmedzedze dzi. Yudatɔwo ƒe ƒome ɖesiaɖe kpea ta hena Ŋutitotonua, alo Seder la, ɖuɖu. Le ŋkeke adre siwo akplɔe ɖo me la, mele be woaɖu amɔwɔ ʋaʋã aɖeke o. Woyɔa ɣeyiɣi sia be Abolo Maʋãmaʋã ƒe Ŋkekenyui (Matzot).—Mose II, 12:14-20, 24-27.

Yudatɔwo ƒe Kɔnu Aɖewo

▪ Aʋatsotso—Enye kɔnu vevi aɖe si wowɔna na Yudatɔwo ƒe ŋutsuviwo ne ɖevia xɔ ŋkeke enyi. Wolɔ̃a eyɔyɔ be Abraham ƒe Nubabla, elabena aʋatsotsoe nye nu si Mawu bla kplii la ƒe dzesi. Ele be ŋutsu siwo katã trɔ dzime va Yuda-subɔsubɔ me hã natso aʋa.—Mose I, 17:9-14.

▪ Bar Mitzvah (le ete)—Yudatɔwo ƒe kɔnu vevi bubu, si gɔmeɖeɖe tẽe nye “se la ƒe vi,” si nye “nya [aɖe] si wozãna tsɔ fiana be wotsi le mawusubɔsubɔ kple senyawo gome eye wozãnɛ tsɔ yɔa kɔnu sia wɔɣi si koŋ agba sia dzea ŋutsuviwo dzi la hãe, esi nye ne woxɔ ƒe 13 kple ŋkeke ɖeka.” Ƒe alafa 15 lia M.Ŋ. me hafi wòzu Yudatɔwo ƒe kɔnu.—Encyclopaedia Judaica.

▪ Mezuzah (le etame)—Enɔa bɔbɔe be woakpɔ Yudatɔwo ƒe aƒeme adze sii le mezuzah, alo nugo si me wodea agbalẽxatsaxatsawoe, si nɔa ʋɔtrutia ƒe nuɖusime ne ège ɖe aƒea me la ta. Nusi koŋ wodea emee nye lãgbalẽ sue aɖe si dzi woŋlɔ Mose V, 6:4-9 kple 11:13-21 me nyawo ɖo. Woxatsanɛ dea nugoe sue aɖe me. Ke wotsinɛ ɖe xɔdɔme ɖesiaɖe ƒe ʋɔtru nu.

▪ Yarmulke (Ŋutsuwo ƒe dzodomekuku)—Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Orthodoks Yudatɔwo . . . bua nu tsyɔtsyɔ ta, le ƒuƒoƒe la kple le egodo, be enye wɔwɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi ƒe dzesi.” Womegblɔ nu tsyɔtsyɔ ta ŋu nya aɖeke le Tanakh la me o, eyata Talmud la gblɔ be enye kɔnu si ne èlɔ̃ nàwɔe. Hasid Yudatɔ nyɔnuwo blaa ta ɣesiaɣi alo wolũa ta eye woɖɔa ɖawɔwɔ ɖe ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 206]

Abram (Abraham), Yudatɔwo tɔgbui, de ta agu na Yehowa ƒe 4,000 kloe nye sia

[Nɔnɔmetata si le axa 208]

Dawid ƒe ɣletivi—Israel kple Yuda-subɔsubɔ ƒe dzesi aɖe si metso Biblia me o

[Nɔnɔmetata si le axa 215]

Yudatɔ agbalẽŋlɔla aɖe le Hebrigbe me gbalẽ la gbugbɔ ŋlɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 222]

Hasid Yudatɔwo ƒe ƒome le Sabat ɖum

[Nɔnɔmetata si le axa 233]

Yudatɔ veviedolawo blaa aɖakavi siwo me ŋɔŋlɔwo le, alo gbedodoɖaɖakaviwo, ɖe ŋgonu kple alɔnu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe