Ta 1
Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Etsɔme!
1, 2. Nuka dim Wɔwòla le na wò?
AMESI nèlɔ̃na ƒe asikplakɔname lɔlɔ̃tɔe. Nukoko dzidzɔtɔe le nuɖuƒe kple xɔlɔ̃ veviwo. Alesi wòvivinae ne èkpɔ viwòwo le fefem dzidzɔtɔe. Ɣeyiɣi siawo tɔgbe nyea dzidzɔɣeyiɣiwo le ame ƒe agbe me. Gake le ame geɖe gome la, ewɔ abe kuxi sesẽwo ɖe kpe na wo le agbe me ene. Ne nenemae wòle le gowòme la, ke lé dzi ɖe ƒo.
2 Mawu ƒe didie wònye be nàkpɔ dzidzɔ ɖaa le nɔnɔme nyuitɔwo kekeake me le teƒe siwo dze ani. Menye drɔ̃e dzro aɖe koe o, elabena le nyateƒe me la, Mawu tsɔ nu vevi si nàwɔ be etsɔme ma si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ nasu asiwò la ɖo ŋkuwòme. Nu vevi mae nye sidzedze.
3. Sidzedze kae ʋua dzidzɔ ƒe ʋɔtru na ame, eye nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ate ŋu ana sidzedze ma mí?
3 Sidzedze tɔxɛ aɖe si de ŋgɔ sã wu amegbetɔ ƒe nunya ŋu nya gblɔm míele. Eyae nye “sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:5) Ƒe 2,000 kloe nye esia la, Biblia-ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke amesi wɔ nuwo katã la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4, NW) Kpɔ sidzedze si gbegbe anɔ Nuwokatãwɔla la si ɖa! Biblia gblɔ be Mawu xlẽa ɣletiviwo katã eye wòyɔa ɖesiaɖe ŋkɔ. Esia wɔ nuku lo, elabena ɣletivi biliɔn alafa geɖe ye le míaƒe ɣletivihatsotsoa me, eye ɣletiviŋununyalawo gblɔ be ɣletivihatsotso bubu siwo ade biliɔn alafa ɖeka gali! (Psalmo 147:4) Mawu ganya nusianu le mía ŋu hã, eyata amekae gali si akpɔ ŋuɖoɖo nyuiwo na nyabiabia vevi siwo ku ɖe agbe ŋu wui?—Mateo 10:30.
4. Nukatae wòle be míakpɔ mɔ be Mawu ana mɔfiame siwo akplɔ mí la mí, eye agbalẽ ka mee mɔfiame siawo le?
4 Tsɔe be ame eve le woƒe ʋuwo dzram ɖo. Esi nu glo ame ɖeka la, edzudzɔ ʋua dzadzraɖo. Evelia ya tsɔ dzigbɔɖi dzra ʋua ɖo, ede dzo eme, eye wòko nu vie esi ʋua xɔ dzo eye wòzɔ nyuie. Masesẽ na wò be nànya wo dometɔ si si ewɔla ƒe mɔfiamegbalẽ le o. Ðe susu mele eme be Mawu ana mɔfiame siwo akplɔ mí le agbe me la mí oa? Abe alesi nànyae ene la, Biblia gblɔ be nu ma tututue yenye—nufiame kple mɔfiame gbalẽ si tso mía Wɔla la gbɔ, si woŋlɔ be wòana Mawu ŋuti sidzedze mí.—Timoteo II, 3:16.
5. Aleke gbegbe sidzedze si le Biblia me la xɔ asii?
5 Ne nya si Biblia gblɔ nye nyateƒe la, ke bu sidzedze xɔasi gbogbo si aɣla ɖe agbalẽ ma me ŋu kpɔ! Ede dzi ƒo na mí vevie le Lododowo 2:1-5 be míadi nunya, míadii abe alesi wokua kesinɔnu ɣaɣla si le tome ene—menye le kpɔɖeŋunyigba si nye amegbetɔ ƒe tamebubu me o, ke boŋ le Mawu ŋutɔ ƒe Nya la me. Ne míedii le afima la, ke ‘míaƒe asi atu sidzedze Mawu ŋutɔŋutɔ.’ Esi Mawu nya afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo eye wòse míaƒe nuhiahiãwo gɔme na mí ta la, ena mɔfiame si akpe ɖe mía ŋu be míanɔ agbe si me ŋutifafa kple dzidzɔ le la mí. (Psalmo 103:14; Yesaya 48:17) Hekpe ɖe eŋu la, nyanyui dodzidzɔnamewo le sidzedze Mawu me na mí.
AGBE MAVƆ!
6. Kakaɖedzi kae Yesu Kristo na le sidzedze Mawu ŋu?
6 Yesu Kristo, amesi wonya nyuie le ŋutinya me, ƒo nu tso sidzedze Mawu ƒe akpa sia ŋu eme kɔ nyuie. Egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Bu eŋu kpɔ—sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee!
7. Kpeɖodzi kae li be Mawu meɖoe be míaku o?
7 Mègatsɔe enumake be drɔ̃e gbɔlo koe agbe mavɔ nya sia nye o. Ke boŋ lé ŋku ɖe alesi wowɔ amegbetɔ ƒe ŋutilãe ŋu kpɔ. Wowɔe nukutɔe ale gbegbe be wòaɖɔ nu akpɔ, ase nu, aʋẽ nu ase, akpɔ nu, ase nu le lãme. Nu gbogbo aɖe ŋutɔ le anyigba dzi siwo doa dzidzɔ na míaƒe ŋutilã ƒe lãmenusenuwo—nuɖuɖu viviwo, xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ si nya sena, seƒoƒowo ƒe ʋeʋẽ lililiwo, anyigba ƒe teƒe dzeaniwo, hadede si me dzidzɔ le! Eye míaƒe ahɔhɔ̃ wɔnuku la de ŋgɔ boo wu kɔmpiuta nyuitɔ kekeake, elabena ena míekpɔa ŋudzedze ɖe nusiawo katã ŋu hesea vivi le wo me. Èsusu be ɖe mía Wɔla la di be míaku agblẽ nusiawo gbegbe ɖia? Ðe susu manɔ eme wu be míagblɔ be edi be míanɔ agbe le dzidzɔ me tegbee oa? Ẽ, esiae sidzedze Mawu ate ŋu ahe vɛ na wò.
AGBENƆNƆ LE PARADISO ME
8. Nya kae Biblia gblɔ le ameƒomea ƒe etsɔme ŋu?
8 Míate ŋu atsɔ nya ɖeka ko ayɔ nusi Biblia gblɔ le anyigba la kple ameƒomea ƒe etsɔme ŋui—Paradiso! Yesu Kristo ƒo nu tso eŋu esime wògblɔ na ŋutsu aɖe si ɖo kudonu be: “[Ànɔ] Paradiso la me kplim.” (Luka 23:43) Esi wòyɔ Paradiso la, ɖikekemanɔmee la, ena ŋutsu ma ƒe susu dze dzidzɔ si me mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa nɔ kpɔ la dzi. Esime Mawu wɔ wo la, wode blibo eye wonɔ gbadzaƒe si nɔ abe modzaɖekabɔ ene si ŋu Wɔla la ŋutɔ trɔ asi le eye wòdzra ɖo nyuie la me. Esɔ be woyɔe be Eden-bɔ, eye ŋkɔ sia fia dzidzɔkpɔkpɔ.
9. Aleke agbenɔnɔ nɔ le Paradiso gbãtɔa me?
9 Dzidzɔteƒe ka gbegbee nye si abɔ ma anye! Enye paradiso ŋutɔŋutɔ. Eme ti dzeani aɖewo nye ati siwo tsea ku viviwo. Ne Adam kple Xawa le tsa ɖim le woƒe abɔa me, ne wono eƒe tsi viviwo, eye wogbe eme tiwo ƒe tsetse la, naneke meli si ta woatsi dzi alo avɔ̃ ɖo o. Lãwo gɔ̃ hã menye ŋɔdzi na wo o, elabena Mawu tsɔ wo katã de ŋutsua kple srɔ̃a ƒe dzikpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le te. Hekpe ɖe eŋu la, atsu kple asi gbãtɔ siawo nɔ lãmesẽ nyui me. Zi alesi wonya ɖo to Mawu ko la, etsɔme mavɔ si me dzidzɔ le la li na wo. Wode dɔ si me dzidzeme le la asi na wo be woakpɔ woƒe Paradisoƒe dzeania dzi. Mawu gana ŋusẽ Adam kple Xawa be ‘woadzi ayɔ anyigba la dzi eye woaɖu edzi.’ Woɖoe be wo kple woƒe dzidzimeviwo woakeke Paradiso la ɖe enu vaseɖe esime míaƒe anyigba bliboa katã nazu dzidzɔteƒe dzeani aɖe.—Mose I, 1:28.
10. Esime Yesu ƒo nu tso Paradiso ŋu la, nukae nɔ susu me nɛ?
10 Gake esime Yesu yɔ Paradiso ŋkɔ la, menye ɣeyiɣi si va yi gbaɖegbe ʋĩ ke ŋue wòbe ŋutsu si ɖo kudonu la nabu o. Ao, ɣeyiɣi si gbɔna ƒe nya gblɔm Yesu nɔ! Enya be míaƒe aƒe si nye anyigba la katã ava zu paradiso. To esia wɔwɔ me la, Mawu ana tame si wòɖo ɖe ameƒomea kple míaƒe anyigba la ŋu le gɔmedzedzea me la nava eme. (Yesaya 55:10, 11) Ẽ, woagaɖo Paradiso anyi ake! Ke aleke wòanɔ? Mina Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, naɖo eŋu na mí.
AGBENƆNƆ LE PARADISO SI WOGAÐO ANYI ME
11. Nukae adzɔ ɖe dɔléle, amegãkuku, kple ku dzi le Paradiso si woagaɖo anyi me?
11 Dɔléle, amegãkuku, kple ku maganɔ anyi o. “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:5, 6) “Mawu ŋutɔ anɔ anyi [kple ameƒomea] . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
12. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ, kple vɔ̃ɖinyenye aɖeke manɔ Paradiso si woagaɖo anyi me o?
12 Nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ, kple vɔ̃ɖinyenye nu ayi tegbee. “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:9-11) “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:22.
13. Aleke Mawu awɔ ahe ŋutifafa vɛ?
13 Ŋutifafa axɔ aƒe ɖe anyigba la katã dzi. “[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!” (Psalmo 46:10) “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.”—Psalmo 72:7.
14, 15. Nya kae Biblia gblɔ le aƒe, dɔwɔɖui, kple nuɖuɖu ŋu le Paradiso si woagaɖo anyi me?
14 Aƒewo anɔ dedie eye dɔwɔɖuiwo ana dzidzeme ame. “Woatu xɔ anɔ eme . . . Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.”—Yesaya 65:21-23.
15 Nuɖuɖu siwo nyo na ame ƒe lãmesẽ abɔ. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) “Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.”—Psalmo 67:7.
16. Nukatae agbenɔnɔ le Paradisoa me avivi?
16 Agbenɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi avivi. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.
SIDZEDZE KPLE WÒ ETSƆME
17. (a) Nukae wòle be nàwɔ ne agbenɔnɔ le Paradisoa me dzro wò? (b) Aleke míewɔ nya be Mawu ahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba dzi?
17 Ne edzro wò be yeanɔ agbe le Paradisoa me la, ke mègana naneke naxe mɔ na wò be sidzedze Mawu nagbe asiwò susu o. Elɔ̃ ameƒomea eye ahe tɔtrɔ siwo hiã be woawɔ be anyigba la nazu paradiso la vɛ. Bu eŋu kpɔ, ne ɖe ŋusẽ le asiwò be nàɖe nɔnɔme wɔnublanui kple madzɔmadzɔnyenye siwo bɔ ɖe xexeame ɖa la, ɖe nàgbe wo ɖeɖeɖaa? Ðe míakpɔ mɔ be Mawu awɔ nusi made ema nu oa? Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me Mawu aɖe nuɖoanyi sia si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la ɖa eye wòana dziɖuɖu deblibo dzɔdzɔe naxɔ ɖe eteƒe. (Daniel 2:44) Gake menye esia koe Biblia gblɔ na mí o. Efia alesi míawɔ atsi agbe age ɖe xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me hã mí.—Petro II, 3:13; Yohanes I, 2:17.
18. Nukae sidzedze Mawu ate ŋu awɔ na wò fifia?
18 Sidzedze Mawu ate ŋu aɖe vi geɖe na wò fifia hã. Agbe me nyabiabia sesẽtɔwo kple esiwo me goglo wu ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me. Ne èxɔ eƒe mɔfiame la, akpe ɖe ŋuwò be xɔlɔ̃dzedze naɖo mia kple Mawu dome. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si! Eye esia akpe ɖe ŋuwò be ŋutifafa si Mawu ɖeɖeko ate ŋu ana la nasu asiwò. (Romatɔwo 15:13, 33) Ne èva le sidzedze vevi sia xɔm la, ke èdze dɔ vevitɔ kekeake si ŋu viɖe gãtɔ le le wò agbe me la gɔme. Mave wò akpɔ gbeɖe be sidzedze Mawu si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la su asiwò o.
19. Nyabiabia ka ŋue míade ŋugble le le ta si kplɔe ɖo me?
19 Míegblɔ be Bibliae nye agbalẽ si me sidzedze Mawu le. Gake aleke míewɔ nya be menye amegbetɔ ƒe nunyagbalẽe wònye o, ke boŋ nane si de ŋgɔ wu sãe le eme? Míadzro nyabiabia sia me le ta si kplɔe ɖo me.
DO WÒ SIDZEDZE KPƆ
Nukatae sidzedze Mawu ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ tegbee?
Aleke agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me?
Nukatae sidzedze Mawu fifia aɖe vi na wò?