INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/98 axa 8
  • Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Dzikpɔla Zimenɔla

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Dzikpɔla Zimenɔla
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • ‘Mide Bubu Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe Le Mia Dome La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 8/98 axa 8

Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Dzikpɔla Zimenɔla

1 Be woanye dzikpɔla le hamea me nye agbanɔamedzi gã aɖe. (Dɔw. 20:28; Tim. I, 3:1) Esiae nye nyati siwo akplɔ wo nɔewo ɖo siwo aɖe Kristotɔ hamemegãwo ƒe dɔ vovovoawo afia be mí katã míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe dɔ vevi si wɔm wole le mía ta la ƒe akpa gbãtɔ.

2 Habɔbɔa ɖoa dzikpɔla zimenɔla la be wòasubɔ ɣeyiɣi didi si womeɖo seƒe na o. Esi dzikpɔla zimenɔla wɔa ɖoɖo ɖe nuwo ŋu ta la, esia kpena ɖe hamemegãwo ŋu be woakpɔ woƒe dɔdasiwo gbɔ nyuie. (Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 41-42) Nukae esia bia?

3 Dzikpɔla zimenɔla la xɔa hamea ƒe lɛtawo eye enumake etsɔa wo naa agbalẽŋlɔla hena eŋuti dɔwɔwɔ. Hafi hamemegãwo nawɔ kpekpewo la, dzikpɔla zimenɔla la biaa hamemegãwo ƒe susu le nya siwo me wòle be woadzro ŋu eye wòɖoa nyaawo ɖe ɖoɖo nu. Enɔa zi me le hamemegãwo ƒe ha la ƒe kpekpewo me hã. Ne wowɔ nyametsotsowo la, ekpɔa egbɔ be wowɔa wo ŋudɔ pɛpɛpɛ. Eyae kpɔa Subɔsubɔ Kpekpea ƒe dɔdasiwo wɔwɔ kple ɖoɖowɔwɔ ɖe dutoƒonuƒowo ŋu dzi. Eyae daa asi ɖe gbeƒã siwo katã woɖena na hamea dzi, heɖea mɔ ɖe nugblẽfewo xexe ŋu, eye wòkpɔa egbɔ be woto hamea ƒe gakɔntawo me ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe.

4 Esi wònye dzikpɔla zimenɔla lae nɔa zi me ta la, eyae wɔa ɖoɖo ɖe hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe bia be yeanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ alo ne gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, dzikpɔla zimenɔla lae wɔa ɖoɖo be hamemegã eve nakpe kplii. Dzikpɔla zimenɔla xɔa ŋgɔ le dzadzraɖowɔwɔ ɖe nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ hã ŋu be hamea nate ŋu akpɔ viɖe blibo atso kwasiɖa tɔxɛa ƒe dɔwɔna me.

5 Dzikpɔla zimenɔla la ƒe dɔwo sɔ gbɔ hele vovovo. Esi wòtsɔ ɖokuibɔbɔ ‘doa vevie’ nu le eƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me ta la, mí katã míate ŋu awɔ míaƒe akpa dzi to ɖekawɔwɔ kple hamemegãawo me. (Rom. 12:8) Ne ‘míeɖoa to’ amesiwo le ŋgɔ xɔm le mía dome eye ‘míebɔbɔa mía ɖokui’ na wo la, woate ŋu awɔ woƒe dɔ kple dzidzɔ vavã geɖe.—Heb. 13:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe