Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
1 Taɖodzinu nyui aɖe si wòle be Kristotɔwo katã naminyãe nye be woafia nyateƒea amewo eye woawɔ ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la nusrɔ̃lawoe. (Dɔw. 13:48; Mat. 28:19, 20) Yehowa ƒe habɔbɔa na dɔwɔnu wɔnuku aɖe si míatsɔ awɔ dɔ siae la mí—agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Eƒe ŋkɔa te gbe ɖe alesi gbegbe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo hiã vevie la dzi, elabena Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la, kple Via Yesu Kristo, ŋuti sidzedze xɔxɔ koe ate ŋu ana woakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 17:3.
2 Sidzedze-gbalẽae nye agbalẽ si koŋ zãm Habɔbɔa le fifia le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. Ezazã ana míate ŋu afia nyateƒea bɔbɔe, eme nakɔ, eye míaƒe numeɖeɖewo nanɔ kpuie hã. Awɔe be nya la naɖo amesiwo míele nu fiamee ƒe dzi gbɔ. (Luka 24:32) Gake ele be nusɔsrɔ̃dzikpɔla la nazã nufiafiaɖaŋu nyuiwo. Susu sia tae míeŋlɔ emedegbalẽvi sia ɖo. Eɖo aɖaŋuwo, eye wògblɔ nufiafiamɔnu siwo wozã ƒe geɖe eye wokpɔ be wotsea ku la. Ne èdea dzesi nu, eye le alesi amea ƒe nɔnɔmewo le nu la, àte ŋu awɔ aɖaŋu siwo míeɖo ɖe afisia la ƒe ɖewo alo wo katã ŋudɔ. Dzra emedegbalẽvi sia ɖo eye nànɔ eme tom edziedzi. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbi ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ me wu, le Sidzedze-gbalẽa zazã me.
3 Wɔ Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ: Tsɔ ɖe le nusrɔ̃via me ŋutɔŋutɔ be enye amesi ate ŋu ava zu Kristotɔ nusrɔ̃la kple gbɔgbɔ me nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu. Do vivi ɖe eŋu, wɔ nu ɖe eŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye dzo nenɔ mewò. Ne ènye toɖola nyui la, àte ŋu anya amea—nusiwo me wòto kpɔ kple nɔnɔme siwo dze ŋgɔe le agbe me—si akpe ɖe ŋuwò nànya mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto akpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me. Lɔ̃ faa be yeatsɔ ye ɖokui ana ɖe nusrɔ̃via ta.—Tes. I, 2:8.
4 Ne nusɔsrɔ̃a nya li ke ko la, anyo wu be miasrɔ̃ Sidzedze-gbalẽa ƒe tawo ɖe ɖoɖo si nu woɖo wo ɖo nu. Esia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be eƒe nyateƒea gɔmesese nanɔ ŋgɔ yim le ɖoɖo nu, elabena woɖo Biblia me nyatiwo ɖe ɖoɖo nyuitɔ kekeake si kplɔ wo nɔewo ɖo nu le agbalẽa me. Na nusɔsrɔ̃a nabɔbɔ eye wòavivi ale be dzidzɔ nanɔ eme eye wòayi ŋgɔ. (Rom. 12:11) Le nusrɔ̃via ƒe nɔnɔme kple ŋutete nu la, ɖewohĩ anya wɔ be nàwu tawo dometɔ akpa gãtɔ nu le abe gaƒoƒo ɖeka ene ƒe nusɔsrɔ̃ me, eye manye be ɖe mieƒu du to eme o. Ne nusrɔ̃via kple nufiala la siaa wɔ ɖe woƒe ɖoɖo si wowɔ be yewoanɔ nua srɔ̃m kwasiɖa sia kwasiɖa dzi la, ana nusrɔ̃viawo nayi ŋgɔ kabakaba wu. Eyata le ame akpa gãtɔ gome la, woate ŋu awu agbalẽa ƒe ta 19 la katã nu le dzinu aɖewo ko me.
5 Gblɔ nya kpui aɖewo siwo anyɔ amea ƒe ɖetsɔtsɔ le nyatia me tsɔ dze nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe gɔmee. Àkpɔ be ta ɖesiaɖe ƒe tanyae nye nya vevi si dze le ta ma me, eye ele be nàte gbe ɖe edzi. Tanya sue ɖesiaɖe ƒo nu tso nyati vevi aɖe koŋ ŋu, eye esia akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nya vevi si le ta ɖesiaɖe me la dzi. Kpɔ nyuie be màgaƒo nu fũ o. Dze agbagba boŋ be yeana nusrɔ̃via naƒo nu. Nyabiase siwo kplɔa ame yia ŋuɖoɖo gbɔe si nètu ɖe nusi wònya xoxo dzi la biabia nusrɔ̃via akpe ɖe eŋu be wòabu tame eye eƒe nyataƒoƒowo nasɔ. (Mat. 17:24-26; Luka 10:25-37; kpɔ School Guidebook, axa 51, memamã 10.) Zã nya siwo wota ɖe Sidzedze-gbalẽa me tututu. Numeɖeɖe bubuwo tsɔtsɔ kpee ate ŋu aɖe susu ɖa le nyati veviawo dzi alo ana woado viviti eye wòawɔe be nusɔsrɔ̃a nadidi. (Yoh. 16:12) Ne ebia nya aɖe si meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o la, le go geɖe me la, àte ŋu aɖo eŋu le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàwu kwasiɖaa ƒe nusɔsrɔ̃ nu si màtra ɖa tso nusɔsrɔ̃a ŋutɔ gbɔ o. Ðe eme na nusrɔ̃via be àva kpɔ ŋuɖoɖo na eƒe nyabiase akpa gãtɔ ne nusɔsrɔ̃a le edzi yim.—Kpɔ School Guidebook, axa 94, memamã 14.
6 Ne nusrɔ̃via xɔ Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, dzomavɔ, alo alakpanufiafia mawo dometɔ bubuwo dzi se vevie, eye nya si le Sidzedze-gbalẽa me meɖo eƒe biabiawo katã ŋu o la, àte ŋu atsɔ Reasoning-gbalẽa alo agbalẽ bubu si ƒo nu tso nyatia ŋu la nɛ. Gblɔ nɛ be yeadzro nya la me kplii le nusi wòxlẽ la ŋu bubu vɔ megbe.
7 Nusɔsrɔ̃a gɔmedzedze kple enuwuwu kple gbedodoɖa atsɔ abia Yehowa ƒe mɔfiame kple yayra dea asixɔxɔ wɔna la ŋu, enaa wodea bubu nusɔsrɔ̃a ŋu, eye wòhea ame ƒe susu yia Yehowa dzi be eyae nye Nua Fiala ŋutɔŋutɔ. (Yoh. 6:45) Ne nusrɔ̃via gale atamazazã dzi kokoko la, ava hiã be nàgblɔ nɛ le nua sɔsrɔ̃ me be wòadzudzɔ.—Dɔw. 24:16; Yak. 4:3.
8 Tsɔ Ŋɔŋlɔawo, Nutatawo, Kple Numetotobiabia Fia Nui Memie: Zi nenie nufiala bibi srɔ̃ nua do ŋgɔe o, ato nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me eye nusrɔ̃vi si woasrɔ̃e kplii koŋ la nanɔ susu me nɛ le eƒe dzadzraɖo me. Esia kpena ɖe eŋu be wòanya nya siwo nusrɔ̃via abia la dometɔ aɖewo do ŋgɔ. Be nàfia nu memie la, na ta la me nya veviawo me nakɔ ɖe susu me na wò nyuie. Xlẽ mawunyakpukpuiawo be nàkpɔ alesi woku ɖe nyatia ŋui, eye nàtia esiwo miaxlẽ le nusɔsrɔ̃a me. De ŋugble le alesi nàte ŋu atsɔ nutatawo kple numetotobiabia siwo le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu afia nui la ŋu.
9 Ne èzã ŋɔŋlɔawo nyuie la, àkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòakpɔe adze sii be Biblia srɔ̃m yele nyateƒe. (Dɔw. 17:11) Zã aɖaka si ƒe tanyae nye “Nya Wò Biblia la Nyuie” si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 14 lia la me nyawo nàtsɔ afia alesi wòakpɔ mawunyakpukpuiwoe lae. Fia alesi wòawɔ akpɔ kpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖi adze sii lae. Le alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe nu la, midi mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo ɖi o la eye miaxlẽ wo. Na nusrɔ̃via nagblɔ alesi woɖo kpe nusi wogblɔ le memamãwo me dzii alo alesi wokɔ emee. Te gbe ɖe mawunyakpukpuiawo ƒe akpa veviawo dzi ale be wòase susu siwo dzi wotu nusɔsrɔ̃a ƒe nya veviwo ɖo la me. (Nex. 8:8) Zi geɖe la, mehiã be nufiala la nade mawunyakpukpui bubuwo nusɔsrɔ̃a me wu esiwo le agbalẽa me ko o. Ƒo nu tso Biblia ƒe agbalẽwo ŋkɔ kple ɖoɖo si nu woɖo wo ɖo la nyanya ƒe vevienyenye ŋu. Anyo be nusrɔ̃via naxlẽ June 15, 1991, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 27-30. De dzi ƒo nɛ be wòazã New World Translation ne esɔ. Àte ŋu anɔ alesi wozãa eƒe akpa vovovoawo, abe mawunyakpukpui siwo le eƒe titina kple Biblia me nyawo diƒe ene la fiamee.
10 Theocratic Ministry School Guidebook ƒe nusɔsrɔ̃ 34 lia ɖe nu me be kpɔɖeŋuwo ʋãa ame ƒe susu eye wònaa nu yeyewo gɔme nya sena bɔbɔe. Wowɔa dɔ ɖe ame ƒe tamebubu kple seselelãme siaa dzi, ale be nya la kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi wu esi woagblɔ nyaa ŋutɔ tẽ ko. (Mat. 13:34) Nufiamekpɔɖeŋu siwo bɔbɔ gake wokpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi la bɔ ɖe Sidzedze-gbalẽa me. Le kpɔɖeŋu me, kpɔɖeŋu aɖe si wozã le ta 17 lia me na woase alesi le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, Yehowa naa nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe to Kristo-hamea dzii la gɔme. Míate ŋu azã Sidzedze-gbalẽa me nutata dzeaniawo nyuie atsɔ aʋã amewo ƒe seselelãmee. Le tanya sue si nye “Tsitretsitsi Dodzidzɔname La” si le axa 185 te la, dɔ si memamã 18 lia awɔ ɖe nusrɔ̃via dzi la nu agasẽ ɖe edzi ne miegbugbɔ yi megbe kpɔ foto si le axa 86. Aʋãe wòabu tsitretsitsi la be enye nu ŋutɔŋutɔ si gbɔna dzɔdzɔ ge le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te.
11 Ele be Biblia-nusrɔ̃viwo nawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me. Le esia ta mègaŋlɔ numetotobiabia siwo le aɖaka si nye “Do Wò Sidzedze Kpɔ” si le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la biabia be o. Menye be ne amea gblɔ nusi miesrɔ̃ ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔ ko evɔ o. Wotrɔ asi le biabia siawo ƒe geɖe ŋu be wòana amea nagblɔ nusi tututu le eƒe dzime. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ axa 31, afisi wobia nusrɔ̃via le be: “Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme kawoe léa dzi na wò vevie?”—Kor. II, 13:5.
12 Na Hehe Nusrɔ̃viawo be Woadzra Ðo ɖe Nusɔsrɔ̃a Ŋu: Nusrɔ̃vi si toa nusɔsrɔ̃a me do ŋgɔ, dea dzesi ŋuɖoɖoawo, eye wòbua alesi woaɖo nya ŋui le eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ me la ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabakaba wu. Àte ŋu atsɔ kpɔɖeŋu si wò ŋutɔ nèɖona kple dzidede ƒo nɛ ana hehee be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Tsɔ wò agbalẽa si me nède dzesi nya alo nyagbe veviwo ɖo alo nète fli ɖe wo te la fiae. Fia alesi wòawɔ akpɔ nyabiase siwo wota ɖe agbalẽa me ƒe ŋuɖoɖo tẽ lae. Ne mia kple nusrɔ̃via miewɔ alesi woasrɔ̃ nuae atsɔ adzra ɖo ɖe ta ɖeka ŋu la, akpe ɖe eŋu. De dzi ƒo nɛ wòaɖo nyaawo ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbe me. Eya ko hafi nànya be ese nua me. Ne exlẽa nya siwo ŋu wòɖona tso agbalẽa me la, àte ŋu abia alesi wòaɖe nya ma mee na ame aɖe le eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ me atsɔ akpe ɖe eŋu be wòabu tame.
13 De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖi o le eƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe dzadzraɖo me, elabena ɣeyiɣia maɖe mɔ be miaxlẽ wo katã le nusɔsrɔ̃a me o. Kafu eƒe agbagbadzedze le nua sɔsrɔ̃ me. (Pet. II, 1:5; kpɔ August 15, 1993, Gbetakpɔxɔ, axa 13-14 na aɖaŋuɖoɖo bubuwo le nusi nufiala kple nusrɔ̃via siaa ate ŋu awɔ be woana nusrɔ̃via nate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me.) Esia nye hehenana nusrɔ̃via be woadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu eye wòaɖo nya ŋu nyuie le wo me. Ato esia me anɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyui si akpe ɖe eŋu be wòayi edzi anɔ ŋgɔ yim le nyateƒea me ne ewu Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le Sidzedze-gbalẽa me nu la hã wɔwɔ srɔ̃mee.—Tim. I, 4:15; Pet. I, 2:2.
14 He Nusrɔ̃viawo ƒe Susu Yi Yehowa ƒe Habɔbɔa Dzi: Nusrɔ̃lawɔla ƒe agbanɔamedzie wònye be wòahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi Yehowa ƒe habɔbɔa dzii. Ana nusrɔ̃via nayi ŋgɔ kabakaba wu aɖo gbɔgbɔmetsitsi gbɔ ne enya habɔbɔa eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu hekpɔe dze sii be ele be yeanɔ eme. Míedi be wòase vivi le hadede kple Mawu ƒe amewo me eye wòanye eƒe didi vevie be yeanɔ anyi kple mí le Fiaɖuƒe Akpataa me, afisi wòate ŋu axɔ gbɔgbɔ me kple seselelãme ƒe kpekpeɖeŋu si Kristo-hamea nana la le.—Tim. I, 3:15.
15 Wota agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋui ne woanya habɔbɔ ɖeka kolia si wokpɔna si ko zãm Yehowa le egbea tsɔ le eƒe lɔlɔ̃nu wɔmee. Ne miedze nusɔsrɔ̃a gɔme la, nukatae màna eƒe ɖeka nusrɔ̃via o? Dze nusrɔ̃via kpekpe va kpekpeawoe ne mienya dze egɔme ko. Ðe alesi wowɔa woe me nɛ. Àte ŋu agblɔ dutoƒonuƒo aɖe si woava ƒo ƒe tanya nɛ alo nàfia nyati si miasrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me lae. Ðewohĩ àte ŋu akplɔe ayi Fiaɖuƒe Akpataa me esime kpekpe aɖeke mele edzi yim o ale be ne wòle vɔvɔ̃m ɖe teƒe yeye sia vava zi gbãtɔ ŋu la, ne wòaɖe dzi ɖi vie. Àte ŋu aɖo ʋu nɛ va kpekpeawoe. Ne eva la, xɔe xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye nàna eƒe dzi nadze eme. (Mat. 7:12) Ðee fia Ðasefo bubuwo, kple hamemegãwo siaa. Míexɔe se be ava tsɔ hamea awɔ eƒe gbɔgbɔmeƒomee. (Mat. 12:49, 50; Mar. 10:29, 30) Àte ŋu aɖo taɖodzinu aɖe nɛ, abe kpekpe ɖeka dede kwasiɖa sia kwasiɖa ene, eye nànɔ taɖodzinu ma dzim ɖe edzi vivivi.—Heb. 10:24, 25.
16 Esime miele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃a dzi yim le Sidzedze-gbalẽa me la, te gbe ɖe afisiwo ƒo nu tso alesi hadede edziedzi kple hamea le kpekpewo me hiãe la dzi. De dzesi axa 52, 115, 137-9, 159, kple ta 17 lia koŋ. Gblɔ alesi wò ŋutɔ nèkpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋui nɛ. (Mat. 24:45-47) Ƒo nu nyui tso miaƒe hamea kple nusiwo nèsrɔ̃na le kpekpeawo me ŋu. (Ps. 84:11; 133:1-3) Anyo ne nusrɔ̃via ate ŋu akpɔ Habɔbɔa ƒe videowo dometɔ ɖesiaɖe, eye wòadze egɔme tso Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name dzi. Àkpɔ alesi nàhe susu ayi habɔbɔa dzii ŋuti ɖaŋuɖoɖo bubuwo le May 1, 1985, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 26-30, kple April 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me.
17 De Dzi Ƒo na Nusrɔ̃viawo be Woaɖi Ðase na Ame Bubuwo: Míaƒe taɖodzinu le nusɔsrɔ̃ kple amewo mee nye be míawɔ wo nusrɔ̃la siwo aɖi ɖase na Yehowae. (Yes. 43:10-12) Efia be ele be nufiala la nade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaƒo nu tso nusiwo wòle sɔsrɔ̃m le Biblia me ŋu na ame bubuwo. Míate ŋu awɔ esia bɔbɔe to ebiabia me ko be, “Aleke nàɖe nyateƒe sia me na wò ƒomeae?” alo “Ŋɔŋlɔ kae nàzã atsɔ ɖo kpe nya sia dzii na xɔ̃wò aɖe?” Te gbe ɖe afisiwo wode ɖaseɖiɖi ƒe dzi ƒo le le Sidzedze-gbalẽa me, abe axa 22, 93-5, 105-6, kple ta 18 lia ene, dzi. Àte ŋu atsɔ trakt aɖewo na nusrɔ̃via wòatsɔ anɔ vomeɖase ɖimee na amewo. Gblɔ nɛ be wòakpe eƒe ƒomea me tɔwo va eƒe nua srɔ̃ƒee. Ðe exɔlɔ̃ aɖewo hã adi be yewoasrɔ̃ nua? Gblɔ nɛ be wòayɔ amesiwo adi be yewoasrɔ̃ nua la ƒe ŋkɔwo na ye.
18 Ne amesia si ava zu nusrɔ̃la la dea Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea la, ate ŋu axɔ hehe kple ŋusẽdodo bubu si akpe ɖe eŋu be wòazu nyanyui gbeƒãɖela. Ne egblɔ be yedi be yeaŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me alo yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, àte ŋu awɔ gɔmeɖose siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔa gbalẽa ƒe axa 98 kple 99 me la ŋudɔ. Ne eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe le mɔ xem na eƒe dzedze la, àte ŋu adi nya siwo ku ɖe nɔnɔmea ŋu si akpe ɖe eŋu le Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me eye nàfiae. Le kpɔɖeŋu me, anɔ sesẽm na nusrɔ̃vi aɖe be wòaɖe asi le atama alo atikevɔ̃ɖi bubuwo zazã ŋu. Reasoning-gbalẽa gblɔ susu vevi siwo tso Ŋɔŋlɔawo me siwo ta Kristotɔwo tsria nɔnɔme gbegblẽ siawo, eye eƒe axa 112 gblɔ mɔ siwo nu amewo to te ŋu ɖe asi le eŋu. Do gbe ɖa kplii le nya la ŋu, eye nàfiae be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpe ɖe ye ŋu.—Yak. 4:8.
19 Wogblɔ nusiwo wòle be woawɔ anya ne ame aɖe dze na dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖe January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 16, memamã 6. Ne nusrɔ̃via dze la, akpe ɖe eŋu be mia kplii miawɔe akpɔ be nàtsɔ adzrae ɖo ɖe ŋkeke gbãtɔ si wòayi gbeadzi la ŋu. Ƒo nu tso alesi amewo wɔna ɖe nya la ŋu kple tsitretsiɖeŋunya siwo bɔ le miaƒe anyigbamamãa me la ŋu nɛ le mɔ si atu ame ɖo nu. Dze agbagba ɖesiaɖe be ne anya wɔ la, wò ŋutɔ nàdze aƒeme yi aƒeme dɔa gɔme kplii, eye nànɔ hehe namee vivivi le subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo. Ne ègblɔ wò nyawo kpuie eye wòbɔbɔ la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòasrɔ̃ wò. Tui ɖo eye nàde dzi ƒo nɛ, na dzidzɔ si kpɔm nèle le dɔa me nadze ƒã, ale be wòakpɔ gbɔgbɔ si le mewò eye eya hã naɖee afia. (Dɔw. 18:25) Ele be nusrɔ̃la yeyea ƒe taɖodzinu nanye be yeazu nyanyui gbeƒãɖela si me dzo le si dea gbeadzi ɖaa. Ðewohĩ àte ŋu akpe ɖe eŋu be wòawɔ ɖoɖowɔɖi si sɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Bene wòate ŋu ayi ŋgɔ le ɖaseɖiɖi na amewo me la, àte ŋu aɖo aɖaŋu nɛ be nexlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye May 1, 1985, axa 10-20; September 1, 1988, axa 8-19; January 15, 1991, axa 15-20; kple January 1, 1994, axa 20-5.
20 Ʋã Nusrɔ̃viawo be Woaɖe Adzɔgbe Axɔ Nyɔnyrɔ: Nusrɔ̃vi si si dzi anukwaretɔ le la ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le eƒe Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ me be wòaɖe adzɔgbe na Mawu eye wòadze na nyɔnyrɔxɔxɔ. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:27-39; 16:25-34.) Gake hafi ame aɖe naɖe adzɔgbe la, ele be wòasrɔ̃ alesi wòatsɔ eɖokui ana Yehowae. (Ps. 73:25-28) Le nusɔsrɔ̃a katã me la, di mɔnukpɔkpɔ siwo me nàtu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ɖe eme. Gblɔ seselelãme deto siwo le wò ŋutɔ mewò na Mawu la nɛ. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòabu tame le ƒomedodo si me dzidzɔ le si anɔ wo kple Yehowa dome la ŋu. Ne eva dze si Mawu eye wòlɔ̃nɛ vavã la, ke asubɔe le nuteƒewɔwɔ me, elabena mawusosroɖa do ƒome kple alesi míesena le mía ɖokui me ɖe Yehowa ŋu abe ame ene.—Tim. I, 4:7, 8; kpɔ School Guidebook, axa 76, memamã 11.
21 Dze agbagba nàɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. (Ps. 119:11; Dɔw. 16:14; Rom. 10:10) Ehiã be wòakpɔ alesi nyateƒea ku ɖe eya ŋutɔŋutɔ ŋui eye wòatso nya me le nusi wòle be wòawɔ le nusi wòsrɔ̃ ŋu la ŋuti. (Rom. 12:2) Exɔ nyateƒe si wòsrɔ̃na kwasiɖa sia kwasiɖa la dzi se ŋutɔŋutɔa? (Tes. I, 2:13) Be nàwɔ ema la, ate ŋu ana nusrɔ̃via nagblɔ eƒe susu ne èbia nukpɔsusubiabia siwo naa wobua tamee, abe: Aleke nèsusu le nya sia ŋu? Aleke nàte ŋu atsɔe de dɔwɔwɔ me le wò agbenɔnɔ mee? ene lae. Eƒe nyaŋuɖoɖowo ana nàkpɔ afisi kpekpeɖeŋu gahiã le be nàɖo eƒe dzi gbɔ. (Luka 8:15; kpɔ School Guidebook, axa 52, memamã 11.) Nuŋɔŋlɔ siwo kpe ɖe foto siwo le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 172 kple 174 ŋu bia be: “Èɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa mea?” kple “Nukae le mɔ xem na wò nyɔnyrɔxɔxɔ?” Nya siawo ate ŋu aʋã nusrɔ̃via be wòatso ɖe eŋu.
22 Wogblɔ afɔ siwo wòle be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la naɖe la ɖe January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ; axa 17, memamã 9. Woŋlɔ Sidzedze-gbalẽa kple taɖodzinu be wòakpe ɖe ame ŋu woaɖo “Nyabiabiawo Hena Amesiwo Di be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ” si le Míaƒe Subɔsubɔdɔa gbalẽa ƒe megbenyawo me, si me hamemegãwo ato kplii. Ne ète gbe ɖe nyabiase siwo woŋlɔ ɖe Sidzedze-gbalẽa me ƒe ŋuɖoɖowo dzi la, ana nusrɔ̃via nasu te nyuie na nya siwo hamemegãwo abiae ne ele dzadzram ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ la ŋuɖoɖo.
23 Kpe Ðe Amesiwo Wu Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Nu Ŋu: Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be kaka ame aɖe nawu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu la, eƒe didi be yeasubɔ Mawu anukwaretɔe kple eƒe todede adze. (Mat. 13:23) Eyatae wobia le agbalẽa ƒe tanya sue susɔea me be, “Nukae Nàwɔ?” Memamã susɔeawo de dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòadze agbagba le ƒomedodo si va ɖo wo kple Mawu dome, alesi wòhiã be wòatsɔ sidzedze si su esi awɔ dɔe, kple alesi wòhiã be wòatso kpla ɖe eƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia Yehowa ŋu la me. Ðoɖo bubu aɖeke meli be woagasrɔ̃ agbalẽ bubuwo kple amesiwo wu Sidzedze-gbalẽa nu o. Ðe nusi wòle be nusrɔ̃vi si mete ŋu le nusi sɔ ɖe sidzedze Mawu si su esi nu wɔm o la awɔ be wòayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me la me nɛ dɔmenyotɔe gake nàna eme nakɔ. Àte ŋu asrãe kpɔ ɣeaɖewoɣi, ale be mɔa nanɔ ʋuʋu ɖi nɛ be wòaɖe afɔ siwo akplɔe ayi agbe mavɔ me.—Nyagb. 12:13.
24 Nu bubu geɖe gali si nusrɔ̃la yeye si xɔ nyateƒea eye wòxɔ nyɔnyrɔ la asrɔ̃ bene wòatsi le sidzedze kple nugɔmesese me ale be wòali ke sesĩe le xɔse me. (Kol. 2:6, 7) Le esi nàyi aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ dzi kplii le Sidzedze-gbalẽa nuwuwu vɔ megbe teƒe la, àte ŋu asrãe kpɔ be yeana kpekpeɖeŋu si wòahiã bene wòaɖo gbɔgbɔmetsitsi gbɔ lae. (Gal. 6:10; Heb. 6:1) Nusi eya hã awɔe nye be, ate ŋu ato Biblia xexlẽ gbesiagbe, Gbetakpɔxɔ kple dɔla nuteƒewɔla la ƒe agbalẽ bubuwo sɔsrɔ̃ le eɖokui si, dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu kple wo dede, kple dzeɖoɖo tso nyateƒea ŋu kple haxɔsetɔwo dzi ana eƒe nugɔmesese nade edeƒe. (Mat. 24:45-47; Ps. 1:2; Dɔw. 2:41, 42; Kol. 1:9, 10) Ne exlẽ Míaƒe Subɔsubɔdɔa gbalẽa eye wòtsɔa emenyawo wɔa dɔe la, akpe ɖe eŋu vevie be wòawɔ nu ɖe teokrasiɖoɖo nu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ bliboe me.—Tim. II, 2:2; 4:5.
25 Tu Nufiafiaɖaŋu Ðo: Wode dɔ asi na mí be ‘míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe eye míafia nu wo.’ (Mat. 28:19, 20) Esi nufiafiaɖaŋu do ƒome kplikplikpli kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ ta la, míedi be míadze agbagba adzi míaƒe nufiafiaŋutete ɖe edzi. (Tim. I, 4:16; Tim. II, 4:2) Be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo le alesi woawɔ nufiafiaɖaŋu nasu ame si la, àte ŋu axlẽ: “Nufiafiaɖaŋu Tutuɖo” kple “Wò Nyaselawo ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo” le School Guidebook la ƒe nusɔsrɔ̃ 10 kple 15 lia me; “Teacher, Teaching” (“Nufiala, Nufiafia”) le Insight, Babla II; kple Gbetakpɔxɔ ƒe nyati siwo nye “Nusiwo Dzo Mate Ŋu Afiã O siwo Woatsɔ Atu Amee” kple “Ne ele Nu Fiam la, Ðo Dzi la Gbɔ,” February 1, 1985; “Ðe Nèdea Ŋugble Nyuie tso Ŋɔŋlɔawo Mea?” March 1, 1986 (Eŋlisigbe tɔ); kple “Alesi Nàkpɔ Dzidzɔ le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me,” February 15, 1996.
26 Le wò agbagbadzedze be yeawɔ nusrɔ̃lawo to Sidzedze-gbalẽa zazã me la, do gbe ɖa ɣesiaɣi be Yehowa, amesi ‘naa nu tsina’ la, nayra ɖe wò agbagbadzedzewo be nàtsɔ Fiaɖuƒe nyanyuia aɖo amewo ƒe dzi gbɔe la dzi. (Kor. I, 3:5-7) Neva eme be nàkpɔ dzidzɔ si tsoa nufiafia amewo be woase sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la gɔme, woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, eye woawɔ nu wòasɔ ɖe enu la dzi!