INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 23-27
  • Wodo Ŋusẽm Be Manɔ Te Ðe Dodokpɔ Siwo Le Ŋgɔ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodo Ŋusẽm Be Manɔ Te Ðe Dodokpɔ Siwo Le Ŋgɔ Nu
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyametsotso si Mewɔ Kple Emetsonuwo
  • Nusiwo Mesrɔ̃ tso Dodokpɔwo Me
  • Hehexɔxɔ Ðe Nye Agbemedɔ Ŋu
  • Gɔmedzedze Nyaŋui Siwo Sesẽ
  • Nye Kpeɖeŋutɔ Wɔnuteƒe La
  • Dɔdasi Vovovowo
  • Dzidzɔ si Mekpɔ le Ame Bubuwo Subɔsubɔ Me
  • Nu Si Ta Mekpɔa Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Dɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 23-27

Wodo Ŋusẽm Be Manɔ Te Ðe Dodokpɔ Siwo Le Ŋgɔ Nu

ABE ALESI EDWARD MICHALEC GBLƆE ENE

Wharton, Texas, U.S.A., ƒe dumegã do dziku vevie. Esi wòkplɔm yina gaxɔ me zi enelia la, eblu ɖe tanye be: “Nukata mèsea nu o?”

Meɖo eŋu enumake be: “Mekpɔ mɔ awɔe.” Esia na dumegã la ƒe dzi gaho, enumake eɖe atam ɖe dzinye. Amegã bubuwo hã va eye wotsɔ woƒe tuzɔwo nɔ tuyem.

NU MA dzɔ ƒe 60 kloe enye sia. Ne meɖo ŋku edzi la, mekpɔnɛ be Yehowa Mawue zã nudzɔdzɔ mawo tsɔ na hehem bene makpe akɔ kple kuxi siwo medo go le esi mí Yehowa Ðasefo eve pɛ koe nɔ Bolivia, si nye Anyiehe Amerika dukɔ si ƒe lolome sɔ kple France tɔ me ɣemaɣi ta. Ðewohĩ nusi dzɔ ɖe dzinye ana nàkpɔ alesi Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ wòe le dodokpɔ vovovowo me.

Le ƒe 1936 me esime menɔ dɔ wɔm le radiodzraɖoƒe aɖe le Boling, Texas la, Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ƒo nuƒo aɖe le radio dzi mese. Yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋue wòƒo nu tsoe. Enya se nam ŋutɔ. (Mateo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Emegbe meva kpɔ Rutherford ƒe agbalẽ aɖewo le míaƒe agbalẽdzraɖoƒe eye medze wo xexlẽ gɔme.

Esi fofonye srɔ̃ kpɔe be nusiwo wòyɔna be “mawusubɔsubɔgbalẽ xoxo mawo” lé dzi nam la, evɔ̃ ŋutɔ. Etsɔ wo ɣla eye wòbe ne meka tse yeatɔ dzo wo. Esi meŋlɔ lɛta na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be madɔ Gbetakpɔxɔ kple The Golden Age si nye Nyɔ! ƒe ŋkɔ tsã la, Habɔbɔa dɔ William Harper si le Wharton Hame si woɖo eteƒe medidi o me ɖe gbɔnye. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o Nɔviŋutsu Harper dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple fofonye srɔ̃, fonye, tsenye, kple nye ŋutɔ. Eteƒe medidi o mí katã míexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi.

Le ƒe 1938 me la, Habɔbɔa teƒenɔla mɔzɔla Shield Toutjian va ƒo Biblia me nuƒo le mía ƒeme le Boling. Míaƒe anyinɔxɔa me yɔ kpikpikpi—amewo tsi tre ɖe xɔ siwo dze ŋgɔe ƒe agbalinu gɔ̃ hã. Nɔviŋutsu Toutjian gblɔ alesi nyagblɔɖila Yeremya do dzi ɖe gbeƒã na amewo le eƒe ŋkekea me togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu gake. (Yeremya 1:19; 6:10; 15:15, 20; 20:8) Yehowa to nuƒo mawo dzi nɔ ŋusẽ dom mí ɖe dodokpɔ siwo míava do goe ŋu.

Nyametsotso si Mewɔ Kple Emetsonuwo

Medidi o meva kpɔe be ele be matso nya me. Asitsatsae mesrɔ̃ va yi eye medi be made ŋgɔ le asitsatsa me. Radiodzraƒe kple edzraɖoƒe nɔ asinye eye menɔ dɔ wɔm na telefon adzɔha aɖe si dea telefonkawo. Gake meva kpɔe be dzidzedze vavãtɔ kpɔkpɔ le agbe me enye be woawɔ nu wòadze mía Wɔla Yehowa Mawu ŋu. Eyata metu dɔwɔƒea hedzra ʋu aɖe si dzi wotu xɔ ɖo la ɖo. Le January 1, 1939 dzi la, meyi ɖawɔ dɔ kple mɔɖelawo, siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le Three Rivers gbɔ le Karnes Nutome, Texas.

Xexemeʋa II dze egɔme le Europa le September 1939 me. Tsitretsiɖeŋulawo zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ zɔ Yehowa Ðasefowo gɔme. Wobe míenye adzamedɔtsɔlawo, alo ŋkutsalawo na Dukɔ Siwo Bla Nu Kple Germania. Ame geɖe xɔ aʋatsonutsotso mawo dzi se eye wote fuɖeɖe na mí. Le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze la, wodem gaxɔ me zi asieke alo zi ewo, esi megblɔ va yi be dumegã la kple eŋumewo ƒom vevie hã le eme. Wokplɔm yi kɔdzi emegbe.

Eva dzɔ be dumegã sia ke gblɔ na ŋutsu aɖe si ŋu wotsɔ nya ɖo le tsatsa manɔsenu dada ta be yemahe to nɛ o ale be wòawɔ dɔ aɖe na ye—ebe ŋutsu kako sia si nye amikuƒedɔwɔla la naƒom. Eyata gbeɖeka esi menɔ magazine nam le ablɔ dzi la, ŋutsua tsɔ kɔsɔkɔsɔ va dze dzinye! Amegã aɖewo va gake le esi teƒe be woalée la, wolé nye boŋ de gaxɔ me! Emegbe dzinyedzela la va gblɔ nusita wòƒom evɔ nyemewɔ nanekee o la nam eye wòɖe kuku.

Nusiwo Mesrɔ̃ tso Dodokpɔwo Me

Dodokpɔ siawo me toto do ŋusẽ nye xɔse ɖe Mawu me ale gbegbe. Nu ɖekae nye be nyemeɖo ŋku edzi be mese veve esime wonɔ ƒoyem o, gake meɖoa ŋku dzidzeme kple ŋutifafa si mekpɔna emegbe la dzi. (Dɔwɔwɔwo 5:40-42) Ale mesrɔ̃ nusi apostolo Paulo de dzi ƒo be woawɔ la wɔwɔ be: “Mina dzi nadzɔ mí le xaxawo me hã, esi míenyae bena xaxa hea dzidodo vɛ.” (Romatɔwo 5:3, NW) Emegbe ne meɖo ŋku alesi woƒom dzi la, ena meɖonɛ kplikpaa le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me be nyemana Satana ƒe dɔtsɔla aɖeke nade ga nu nam gbeɖe o.

Azɔ megasrɔ̃ nu vevi bubu aɖe hã. Eyae nye nya si megblɔ ŋumaɖɔɖotɔe be, “Mekpɔ mɔ awɔe” si na dumegã la ƒe dzi ho. Ɣebubuɣi la egabia gbem eye fifia la, edo dziku vevie le esi Ðasefowo mewɔ aʋa o ta. (Yesaya 2:4) Edi be yeado dziku nam eyata ebia be: “Ne wobe nàva wɔ aʋa na wò dukɔa ɖe àyia?”

Fifia mesrɔ̃ ŋuɖɔɖɔɖo eyata meɖo eŋu be: “Ne meka ɖe edzi be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wònye la mayi godoo?” Nyaŋuɖoɖo ma na eƒe dzi fa eye nya aɖeke megadzɔ o.

Hehexɔxɔ Ðe Nye Agbemedɔ Ŋu

Nu vevi aɖe si dzɔ le nye agbe me enye Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku ƒe klas etɔ̃lia si mede le ƒe 1944 me. Wonaa hehe ame le suku sia me ɣleti atɔ̃ ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ŋu. Hafi mayi suku sia la, mevɔ̃na na nuƒoƒo le amehawo ŋkume. Gake nuƒowo ƒoƒo le sukuvi siwo ade alafa ɖeka ŋkume edziedzi, zi geɖe le nukpɔƒe le xexe la, kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Maxwell Friend si fiaa alesi woaƒo nu le gaglãgbe mí la doa ɣli gblɔna be: “Nɔviŋutsu Michalec, nyemele nya la sem o!” Meva kpɔe emegbe be gbe le asinye nyateƒe.

Esi Nathan H. Knorr si nye sukua ƒe zimenɔla ɣemaɣi ɖe gbeƒãe be Bolivia ye mawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le la, meɖo ŋku edzi be exlɔ̃ num be: “Ðokuibɔbɔla geɖewo domee nèyina. Lɔ̃ wo, gbɔ dzi ɖi na wo, eye ɖe ameŋububu fia wo.” Esi Xexemeʋa II ganɔ edzi ta la, míelala vie hafi dze mɔ yi míaƒe dɔwo gbe. Mlɔeba le October 25, 1945 dzi la, mía kple Harold Morris—si de klas ɖeka kplim—míeva ɖo El Alto Yameʋudzeƒe le La Paz, Bolivia ƒe fiadua godo tututu. Aleae míeva zu Ðasefo eve pɛ siwo nɔ Anyiehe Amerika dukɔ lolotɔ etɔ̃lia me ɣemaɣi.

Míeɖo bɔs tso yameʋudzeƒe si kɔ ɖe dzi meta 4,100 wu atsiaƒua heva La Paz si nye fiadu si le bali gã aɖe me kple eto la me. Agbenɔnɔ le teƒe si kɔ ɖe dzi kilometa 3 wu atsiaƒua la menɔ bɔbɔe o.

Gɔmedzedze Nyaŋui Siwo Sesẽ

Míete amewo gbɔ yiyi tso aƒeme yi aƒeme enumake. Wonyo dɔme hegbɔ dzi ɖi na mí esi míenɔ Spaniagbe si míese nyuie o la fanyam ɖe eme. Eteƒe medidi o mía dometɔ ɖesiaɖe nɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 18 vaseɖe 20 wɔm kwasiɖa ɖesiaɖe. Ɣleti ade megbe le April 16, 1946 dzi la, ƒuƒoƒo sue kpɔdzidzɔ aɖe ƒo ƒu kpli mí míeɖu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã si woɖuna ƒe sia ƒe. Emegbe kpuie la, Gilead sukunuwula ene bubuwo gava, Elizabeth Hollins si va zu srɔ̃nye hã nɔ wo dome.

Sẽ la, mía kple Nɔviŋutsu Morris míenɔ dugã bubuwo me yim, Cochabamba kple Oruro siwo nye du lolotɔwo evelia kple etɔ̃lia le Bolivia la nɔ wo dome. Esi mena Nɔviŋutsu Knorr nya alesi woxɔ nya lae kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míena la, eɖo aɖaŋu be míanɔ dugã siawo me yim ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe kloe aɖakpe ɖe amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋu. Dɔmenyotɔ wɔame siawo dometɔ geɖe va zu Yehowa Ðasefowo.

Esi ƒe si do ŋgɔ me koe Xexemeʋa II ke ta la, Bolivia ƒe dunyahenyawo tɔ zi. Dunyahehe me hoʋiʋli kple vɔvɔ̃ be Nazitɔwo agava dze Anyiehe Amerika dzi na amewo lɔ gbɔ kple adã eye wowu dumegãwo. Le ƒe 1946 ƒe dzomeŋɔli la, wowu dukplɔla la eye wotsɔ eƒe kukua ti ɖe akaɖiti ŋu dze ŋgɔ fiasa la. Ŋutasesẽa nu sẽna ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be amewo mete ŋu dona le wo ƒeme gɔ̃ hã o.

Gbeɖeka esi Elizabeth nɔ bɔs me to ablɔgã dzi yina la, ekpɔ be wode ka ve na ɖekakpui etɔ̃ ɖe ati ŋu. Ŋɔdzi lée ale gbegbe be edo avisimegbee vie. Ame aɖe si hã nɔ ʋua me gblɔ be: “Ne menya kpɔ na wò o la, ke trɔ kɔ ɖe adzɔge.” Nudzɔdzɔ mawo na míekpɔe be ehiã vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.

Gake Biblia me nyateƒea nɔ dzi lém na ɖokuibɔbɔlawo le nɔnɔme sesẽ sia me. Woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe La Paz le September 1946 me, eye woɖom alɔdzedzikpɔlae. Xɔ si míehaya tsɔ wɔ dɔwɔƒea ke mee dutanyanyuigblɔlawo nɔ. Ɣleti ʋee aɖewo megbe esime woɖo hame gbãtɔ ɖe Bolivia la, xɔ sia kee nye míaƒe nusrɔ̃ƒe.

Míedze dutoƒonuƒowo hã ƒoƒo gɔme le ƒe 1946 me. Nutoa me Agbalẽdzraɖoƒe si le La Paz dua me ŋutɔ ƒe takpexɔ mee míebia mɔ wɔ gbãtɔ le. Ŋutsu Yugoslaviatɔ dɔmenyotɔ aɖe si míenɔ nu srɔ̃m kpli la bia be woado boblo nuƒoa le afima nyadzɔdzɔgbalẽ me. Xɔa yɔ kpikpikpi. Esi Spaniagbea dodo ganɔ sesẽm nam ta la, nye dzi menɔ dɔme ɖe nuƒoa ƒoƒo ŋu o. Gake kpekpea dze edzi le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Edzɔ be emae nye nuƒo ene siwo míeƒo ɖe wo nɔewo yome le xɔ ma me ƒe gbãtɔ.

Gilead dutanyanyuigblɔla ade bubuwo gava le ƒe 1947 me, eye ene bubuwo kplɔe ɖo le ƒe 1948 me. Egbegbe aƒemenuzazãwo alo esiwo naa dzidzeme ʋee aɖewo koe nɔ aƒe siwo míete ŋu haya me. Hekpe ɖe míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ geɖeawo wɔwɔ ŋu la, eva hiã be mí dutanyanyuigblɔla gbãtɔwo míadi ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ awɔ akpɔ ga aƒle awu yeyewo aɖɔli xoxoawoe. Mɔzɔzɔ tso du me yi du me hã sesẽ. Zi geɖe la, ʋu takpo ye meɖona toa todzimɔ siwo dzi fa miamiamia la dzi. Gake Yehowa yi edzi to eƒe habɔbɔa dzi de dzi ƒo hedo ŋusẽ mí.

Le March 1949 me la, Nɔviŋutsu Knorr kple eƒe agbalẽŋlɔla Milton Henschel tso New York va srã míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe etɔ̃awo kpɔ le La Paz, Cochabamba, kple Oruro. Aleke dzidziɖedzi gã siwo le edzi yim le dukɔ geɖe me kple le Betel-ƒe yeye kple agbalẽtaƒe siwo tum wole le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn la sese de dzi ƒo na mí enye si! Nɔviŋutsu Knorr ɖo aɖaŋu na mí be míadi xɔ kple Fiaɖuƒe Akpata ɖe La Paz titina. Egblɔ na mí hã be yewoaɖo dutanyanyuigblɔla geɖe wu ɖa.

Emegbe le ƒe 1949 me la, míewɔ míaƒe nutome sue takpekpe gbãtɔ le Oruro. Dzidzɔe wònye na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ yeye geɖewo be míedo go mía nɔewo zi gbãtɔ. Ɣemaɣi la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi ɖo 48 le Bolivia eye woɖo hame etɔ̃.

Nye Kpeɖeŋutɔ Wɔnuteƒe La

Esi mía kple Elizabeth míewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ɖekae ƒe geɖe ta la, míeva dze si mía nɔewo eye míelɔ̃ mía nɔewo. Mlɔeba la, míeɖe mía nɔewo le ƒe 1953 me. Edze mɔɖeɖedɔa gɔme le January 1939 me, eye ɣemaɣie nye hã medze egɔme. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ƒe mawo me menɔ bɔbɔe na eya hã o. Gbeƒãɖeɖedɔ si wòwɔ dzideƒotɔe na wode eya hã gaxɔ me, wohee to ablɔwo me abe hlɔ̃dola ene.

Elizabeth ʋu eme be yenɔ vɔvɔ̃m esime yewokpla agbalẽ si dzi woŋlɔ ɖo be: “Subɔsubɔha Nye Mɔ̃tetre Kple Ameblenu” to ablɔwo me. Gake ewɔ nusi Yehowa ƒe habɔbɔa bia tso mía si ɣemaɣi be míawɔ. Egblɔ be Yehowae yewɔe na. Nudzɔdzɔ mawo do ŋusẽe be wòdo dzi le dodokpɔ siwo me wòto le Bolivia le ƒe gbãtɔ mawo me la me.

Dɔdasi Vovovowo

Ƒe ʋee aɖewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, míetsɔ míaƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ wɔ mɔzɔzɔdɔ lae. Menye hame ene siwo nɔ Bolivia gbɔ koe míede o ke míede ɖetsɔlemetɔwo ƒe saɖagaƒuƒoƒowo katã kpakple du ɖesiaɖe si me nɔlawo wu 4,000 hã gbɔ. Míaƒe taɖodzinue nye be míadi amesiwo tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me le teƒe mawo ahatu wo ɖo. Dzidzɔe wònye be le ƒe 1960-awo me la, hamewo nɔ du sue siwo me míede anye ƒe ewo va yi la katã kloe me.

Ɣemaɣi la, La Paz si le kɔkɔƒe nenema gbegbe gadzi nye dɔlényawo ɖe edzi. Eyata le ƒe 1957 me la, nɔviŋutsu bubu va nɔ alɔdzedɔwɔƒea dzi kpɔm eye woɖo mía kple Elizabeth ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒeme le Cochabamba si nye dugã le bali me, afisi le aga me wu. Dutanyanyuigblɔla ʋee aɖewo va kpekpe gbãtɔ si míewɔ, gake Boliaviatɔ ɖeka pɛ hã meva o. Kaka míadzo le Cochabamba ƒe 15 megbe le ƒe 1972 me la, hame eve ɖo afima. Fifia hame 35 siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖela 2,600 kple edzivɔ le ye le Cochabamba balia me!

Woɖe mí yi Santa Cruz afisi xɔ dzo hele agame la le ƒe 1972 me. Míegale afisia le xɔ siwo wotu ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe dzi me. Hame eve ye nɔ Santa Cruz hã hafi míeva, gake hame siwo wu 45 ye li fifia eye gbeƒãɖela 3,600 kple edzivɔe le wo me le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.

Dzidzɔ kae nye si wònye na mí be míeyi edzi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le ƒe 50 kple edzivɔ siawo me hekpɔe woƒo Yehowa ƒe amewo nu ƒu wova zu abe 12,300 ene le dukɔ sia me! Enye dzidzɔ na mí nyateƒe be míasubɔ lɔlɔ̃tɔ siawo.

Dzidzɔ si Mekpɔ le Ame Bubuwo Subɔsubɔ Me

Hafi mayi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gbe la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe senyala Hayden C. Covington, si hã tso Texas gblɔ nam be: “Ed, le Texas la teƒe geɖewo li míeɖia adzrɔ le. Gake le dutanyanyuigblɔlawo ƒeme la, mia kple ame bubuwoe amimi ɖe xɔ me. Ahiã be nàwɔ tɔtrɔwo.” Nyateƒee wòto. Xɔ suewo me nɔnɔ kple ame bubuwo mele bɔbɔe o, gake kuxi siwo Kristotɔ dutanyanyuigblɔla doa goe ƒe ɖeka koe nye ma.

Eyata ne àdi be yeadzo le aƒe aɖasubɔ Yehowa le teƒe bubu aɖe la, ɖo ŋku edzi be Kristo yomedzela vavã ƒe agbenɔnɔ enye be wòasubɔ ame bubuwo. (Mateo 20:28) Esia ta ele be dutanyanyuigblɔla nawɔ eƒe susu be wòagbe nu le eɖokui gbɔ le agbe me. Ðewohĩ ame aɖewo asusui be woado kɔkɔ yewo. Ðewohĩ woado kɔkɔ wo—ne wodzo yina eye wole xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo klãm. Gake ne wova ɖo kɔƒe alo du dahe aɖe me afisi wode dɔ asi na wo le la, nu mawo katã nu yina ƒim. Aɖaŋu kae maɖo?

Eyae nye be ne èdo go nɔnɔme sesẽwo abe dɔlényawo, ƒometɔwo susu, alo ɖewohĩ ne anyinɔnɔ kple nɔviwò Kristotɔwo le wò dɔdasia me le sesẽm na wò la, tsɔ ye katã be hehe wònye nam wole ye. Ne èwɔe la, woaɖo eteƒe na wò emegbe abe alesi apostolo Petro ŋlɔe ene be: ‘Amenuveve katã ƒe Mawu la ŋutɔ awu wò amesi kpe fu vi aɖe ko la ƒe hehexɔxɔ la nu, ali ke wò, ado ŋusẽ wò.’—Petro I, 5:10.

Edward Michalec ku le July 7, 1996 dzi esime wonɔ nyatia me tom zi mamlɛa be woata.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le Bolivia le ƒe 1947 me

[Nɔnɔmetata si le axa 24,25]

Gotae míesrɔ̃a alesi woaƒo nu le gaglãgbe le zi geɖe, abe alesi wòdze le Gilead nukpɔƒe sia ƒe nɔnɔmetata me ene

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple srɔ̃nye

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe