-
Modzakaɖeɖe Tuameɖo Li NàkpɔNyɔ!—1997 | June 8
-
-
ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Eyata enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be menye woƒe ƒomea me tɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ koe woakpɔ o, ke woƒe gbɔgbɔ me kple seselelãme tɔwo hãe. Ðoɖowɔwɔ ɖe modzakaɖeɖe tuameɖo ŋu hã le eme.—Lododowo 24:27.
Ɣeaɖewoɣi la, woŋea aɖaba ƒua ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa sia dzi. Dutanyanyuigblɔla aɖe si le Nigeria gblɔ be: “Nublanuitɔe la, dzila aɖewo bua modzakaɖeɖe ɣeyiɣi gbegblẽe. Le ema ta la, wogblẽa ɖevi aɖewo ɖi wowɔa nusi dze woa ŋutɔwo ŋu, eye wodzea xɔ̃ gbegblẽwo heɖea modzaka dzeakaɖawo.” Dzilawo, migana nusia nadzɔ o! Mikpɔ egbɔ be mia viwo ɖea modzaka si sɔ si tua wo ɖo ŋutɔŋutɔ.
Gake ŋuɖɔɖo hiã vevie. Mele be Kristotɔwo nanɔ abe ame geɖe siwo ‘lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu’ egbea ene o. (Timoteo II, 3:1-4) Ẽ, ele be woada modzakaɖeɖe ɖe enɔƒe. Amee wòle be wòatu ɖo—ke menye aƒetɔe wòle be wòaɖu ɖe ame dzi o. Eyata menye modzakaɖeɖe si ƒomevi sɔ koe ɖeviwo kple ame tsitsiwo hiã o, ke wohiã agbɔsɔsɔ si sɔ hã.—Efesotɔwo 5:15, 16.
Se Vivi le Wɔna Bubuwo Me
Modzakaɖeɖe si ŋu wodoa vivi ɖo ƒe akpa gãtɔ fiaa anyinɔnɔ kpoo naneke mawɔmawɔe ame, ke menye ɖokuiƒoƒo ɖe dɔwɔna me o. Le kpɔɖeŋu me, bu television ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye What to Do After You Turn Off the TV de dzesii be: “Le alesi [television] le nu la, efiaa mí be mianɔ anyi kpoo dɔ aɖeke mawɔmawɔe: Modzakaɖeɖe, kple nusɔsrɔ̃ gɔ̃ hã, zua nusi míexɔna agbagba aɖeke madzemadzee, menaa mía ŋutɔwo míebua tame wɔa nu o.” Nyateƒee, modzakaɖeɖe si nana wonɔa anyi kpoo naneke mawɔmawɔe hã ƒe wɔƒe li ya. Gake ne exɔa ame ƒe vovoɣi ƒe akpa gãtɔ la, mɔnukpɔkpɔ siwo doa dzidzɔ na ame megasua esi o.
Agbalẽŋlɔla Jerry Mander, amesi gblɔ be “yetsi hafi television va bɔ,” la gblɔ le alesi eƒe mo dzakana ɣeaɖewoɣi le eƒe ɖevime ŋu be: “Metsia dzodzodzoe hã. Mevivina kurakura o, eyata ɖeko metsona mlɔeba wɔa nu—wɔa dɔ aɖe. Meƒoa ka na xɔ̃nye, dona ɖia tsa. Medona ɖaƒoa bɔl. Mexlẽa nu. Mewɔa nane. Ne menyè kɔ kpɔ megbe la, mebua ɣeyiɣi ma si me nye mo dzakana, si me ‘nyemenya nusi koŋ mawɔ o,’ be enye nɔnɔme si me mato awɔ nane.” Mander gblɔ egbea be ne ɖeviwo ƒe mo dzaka ko la, wotrɔna ɖe TV kpɔkpɔ ŋu. Egblɔ be: “TV tsia dzodzodzoetsitsi kple dɔ si wòle be woawɔ siaa nu.”
Eyata ame geɖe kpɔe be wɔna siwo me woaƒo ame ɖokui ɖo ŋutɔŋutɔ wu be woanɔ anyi kpoo ko anɔ nu kpɔm la tua ame ɖo sã wu alesi wosusui. Ame aɖewo kpɔe be agbalẽxexlẽ sesĩe be ame bubuwo nase doa dzidzɔ na yewo. Ame bubuwo wɔa modzakaɖedɔwo abe saŋkuƒoƒo alo nutata ene. Azɔ mɔnukpɔkpɔwo hã nɔa anyi be woawɔ kpekpe tuameɖowo ƒe ɖoɖo.c (Luka 14:12-14) Modzakaɖeɖe kple ame bubuwo le dua me hã ɖea vi. Nyɔ ƒe nuŋlɔla aɖe si le Sweden ka nya ta be: “Ƒome aɖewo yia modzakatsaɖiɖi gbedzi alo dea tɔƒo, alo ɖia tsa le ave me, nɔa tɔdziʋu me ɖia tsa, zɔa to dzi, hewɔa nu bubuwo. Edzɔa dzi na ɖeviwo.”
Mele be modzakaɖeɖe me nuwɔna siwo gblẽa ame ƒe anyinɔnɔ nawɔ mo yaa na mí o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena dukɔwo me tɔwo “zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me.” (Efesotɔwo 4:17) Eyata ɖeko míakpɔ mɔ be nusi wosusu be eɖea modzaka na ame ƒe akpa gãtɔ ade “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dzi. (Galatiatɔwo 5:19-21) Gake Kristotɔwo ate ŋu ana hehe wo ɖokui be woawɔ nyametsotso nyuiwo le modzaka si woɖena ƒe nyonyome kple agbɔsɔsɔ ŋu. Azɔ hã woate ŋu ana ƒome bliboa nabu modzaka si woaɖe ŋu eye woate wɔna yeye siwo atu ame ɖo, siwo dzi woaɖo ŋkui woado dzidzɔ na ame ne ƒewo va le yiyim la gɔ̃ hã akpɔ. Ẽ, àte ŋu akpɔ modzakaɖeɖe tuameɖo!
-
-
Mawuwo Li Fũ, Gake Meva Ke Ðe Vavãtɔ ŊuNyɔ!—1997 | June 8
-
-
Mawuwo Li Fũ, Gake Meva Ke Ðe Vavãtɔ Ŋu
WODZIM le Croydon, England, le ƒe 1921 me, eye nyee nye vinyɔnuvi tsitsitɔ le nyɔnuvi etɔ̃ kple ŋutsuvi eve dome. Esi mexɔ ƒe etɔ̃ la, vemexedɔ dze mí ɖeviawo dometɔ aɖewo dzi. Woxɔm ɖe kɔdzi. Nye tsɛ Johnnie ku, eye esi wònye womede mawutsi ta nɛ o ta la, Anglikan-ha melɔ̃ be woawɔ ku sɔleme nɛ o. Esia ve dɔme na fofonye wòbia osɔfo aɖe be wòado gbe ɖa ne wole Johnnie ƒe aɖaka ɖiɖim ɖe doa me. Egbe.
Danye gblɔ be esia ɖe fofonye ɖa tso mawusubɔsubɔ gbɔ ɖikaa. Enɔ dzɔgbevɔ̃e si ava dzɔ ɖe dzinye alo ɖe nɔvinye nyɔnuwo dzi vɔ̃m ale gbegbe be ekplɔ mí yi sɔleme wode mawutsi ta na mí le mía fofo ƒe manyamanya me. Fofonye va ge ɖe Kɔmiunist-ha me kple veviedodo eye wòde dzi ƒo na mí be míaxlẽ ŋutilãmenudidi nufiafia ƒe agbalẽ siwo Marx kple Huxley woŋlɔ. Dɔ megbe ame aɖeke wòayɔ Mawu le aƒea me o, negbe papae agblɔ be Mawu meli o.
Esi mexɔ ƒe abe ewo ene le ƒe 1931 me la, mezɔa ablɔ dzi ɣeaɖewoɣi ɖasrãa fofonye dzilawo kpɔ. Ame bubuwo ɖea ɖeklemi tɔgbui zi geɖe, gake ekɔa mo ɖe ame ŋu hekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi. Zi geɖe la, enaa kpetike aɖewom kple agbalẽ be maxlẽ ne medzo yina aƒeme. Menyia kpetikeawo ya gake ɖea asi le agbalẽa ya ŋu. Ɣemaɣi la, nyemese nusita amewo ƒoa nu vɔ̃ tso eŋu gɔme o.
Esi menye ƒewuivi la, meva ge ɖe Sɔhɛwo ƒe Kɔmiunist-ha me eye eteƒe medidi hafi woɖom agbalẽŋlɔlae o. Meƒoa nuƒo le dua ƒe takpexɔ me, memãa Challenge-nyadzɔdzɔgbalẽ le ablɔ dzi, eye metsɔnɛ na amesiame si aɖo to. Le ɣeyiɣi ma me la, Fascist-ha aɖe si woyɔna be Blackshirts nɔ dɔ dzi kple ŋkubiã eye wotsi tre ɖe Kɔmiunistɔnyenye ŋu menye fefe o. Meɖo ŋku edzi be ne metsi tre ɖe mɔdzi le Challenge nam la, Blackshirtɔwo tena ɖe ŋunye ƒoa nu kplim, eye woyɔam be Sunshine [Ŋdɔkutsu], si nye megbeŋkɔ wotsɔ nam. Kɔmiunist-ha si me menɔ ƒe ame tsitsiwo kpɔe be Fascistɔwo nɔ nugbe ɖom be yewoaƒom kple kɔ si ŋu wodo gaviwo ɖo, eyata wova nɔ ame kpem ɖe ŋunye.
Míesee gbeɖeka be Fascistɔwo abɔ asaɖa ato London ƒe Ɣedzeƒe Gome Gbɔto (si nɔlawo ƒe akpa gãtɔ nye Yudatɔwo ɣemaɣi). Wogblɔ na mí be míakpe kpli wo eye míatsɔ kotoku siwo me míade kpe zɔzrɔ̃woe, siwo míada ɖe kpovitɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔkli te ne wozɔ gbɔna zi de ge woƒe tsitretsiɖeŋulawo dome. Wolé ame geɖe gbemagbe, gake eɖi nam be womelé nye ya o, elabena meɖoe be nyemayi o.
Nye Dzitsinya Gbɔ Agbe
Wogblɔ nam ɣebubuɣi be magblɔ nya aɖe si menya be menye nyateƒe o la le dutoƒo. Megbe eye wobiam se be, “Nukae wòagblẽ ne míeɖe míaƒe nukpɔsusu gblɔ?” Ɣemaɣie nye dzitsinya te fuɖeɖe nam le nye agbe me, eye meva nɔ nu geɖewo ŋu bum.
Le nye ƒewuiwo ƒe gɔmedzedze la, danye de dzi ƒo nam gbeɖeka be mayi sɔleme aɖakpɔ nusiwo le edzi yim ko. Meɖo ŋku edzi be wogblɔ nam be mayi altaro la gbɔ aʋu
-