INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Dɔléle Alea Gbegbe Nu?
    Nyɔ!—1997 | July 8
    • abe tsã ene. Ðevi siwo le hamea me va srãa Ashley kpɔna le kɔa dzi nenye be dɔa mesesẽ nɛ akpa be mahiã be woakpɔe ɖa o. Menye Ashley koe nusia nyo na o ke enyo na etɔ ɖeviawo hã.

      Gake hafi amewo akpe ɖe ŋuwò la, ele be woanya be èhiã kpekpeɖeŋu. Carmen nɔ mɔ kpɔm be ye dzilawo kple hamemegãwo ado ŋusẽ ye le seselelãme kple gbɔgbɔ me. Eɖoa ŋu ɖe amesiwo le woƒe suku siwo ƒe Kristotɔnyenye ƒe dzixɔsewo sɔ kple etɔ la ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Carmen gblɔ be: “Wotsia dzi ɖe ŋunye, eye mese le ɖokuinye me be wotsɔ ɖe le eme nam.”

      Miaƒe suku ate ŋu aɖo aɖaŋu na wò tso atikewɔwɔ kple gakpekpeɖeŋuxɔxɔ siwo akpe ɖe ŋuwò la ŋu eye ɖewohĩ woawo ŋutɔ hã ana kpekpeɖeŋu aɖewo wò. Le kpɔɖeŋu me, Ashley ƒe nufiala de dzi ƒo na eƒe sukuhatiwo be woaŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe Ashley eye be woayi aɖasrãe kpɔ. Ne wò nufialawo menya fu siwo kpem nèle o la, ke ɖewohĩ ahiã be dziwòlawo naɖe nyaa me na sukutatɔwo bubutɔe.

      Zã Wò Susu Kple Ametia le Nunya Me

      Ne èdze dɔ vevie la, naneke meli nàwɔ wu be nàzã ŋusẽ ɖesiaɖe si gale ŋuwò bene wò lãme naka ɖe eme o. Ne mètsi afi ɖeka o la, nu geɖe li nàte ŋu awɔ siwo aɖe vi. Agbalẽŋlɔla Jill Krementz gblɔ nusi wòde dzesii esime wònɔ numekuku wɔm na eƒe agbalẽ si nye How It Feels to Fight for Your Life be: “Le ƒe eve siwo katã mezã tsɔ nɔ tsa ɖim to xɔwo nu le kɔdzi la, alesi ɖevi geɖe kea ŋku ɖi nɔa television kpɔm la wɔa nublanui nam. Ehiã be míade dzi ƒo na ɖevi siawo be woaxlẽ nu geɖe awu. Dɔbadzi nye teƒe nyui aɖe si wòle be míana míaƒe ahɔhɔ̃ nade kame le.”

      Ne aƒeme alo kɔdzie nèɖale o, zi geɖe la, wò susu ƒe ŋutetewo ŋudɔwɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be wò lãme naka ɖe eme. Ète lɛta alo hakpanyawo ŋɔŋlɔ kpɔa? Ke nutata ya ɖe? Ne wò nɔnɔmea ɖe mɔ ɖe, ète haƒonu aɖe ƒoƒo sɔsrɔ̃ kpɔa? Ne wò lãme gblẽ gɔ̃ hã la, nu geɖe li nàte ŋu awɔ. Nyateƒe wònye be nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔe nye be nàna gbedodoɖa na Mawu kple eƒe Nya, Biblia la xexlẽ nazu numãme na wò.—Psalmo 63:7.

      Ne wò nɔnɔmea aɖe mɔ la, kamedede si sɔ hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò lãme naka ɖe eme. Le susu sia ta atikewɔƒe aɖewo wɔ ɖoɖo ɖe dɔdada to kamedede me na ɖevi dɔnɔwo. Le go geɖe me la, menye ɖeko kamedede si sɔ la daa dɔ na ŋutilã la ko o, ke ana agbe naɖo mewò hã.

      Mègana Ta O!

      Esime Yesu nɔ fu kpem vevie la, edo gbe ɖa na Mawu, eɖo ŋu ɖe Eŋu, eye eƒe susu katã nɔ dzidzɔ si wòava kpɔ le etsɔme ŋu boŋ wu veve si sem wònɔ. (Hebritɔwo 12:2) Esrɔ̃ nu tso eƒe fukpekpe sesẽawo me. (Hebritɔwo 4:15, 16; 5:7-9) Exɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname. (Luka 22:43) Ame bubuwo ƒe nyonyo ŋue eƒe susu nɔ tsɔ wu eya ŋutɔ ƒe xaxawo ŋu.—Luka 23:39-43; Yohanes 19:26, 27.

      Togbɔ be ànɔ dɔ lém hã la, wò hã àte ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo. Ashley nɔvinyɔnu Abigail, si tsi wui la ŋlɔ suku ƒe nyatakaka aɖe be: “Amesi ƒe nu nyoa ŋunye wue nye nɔvinyenyɔnua. Togbɔ be ele be wòayi kɔdzi eye woado nuwo nɛ to eƒe ʋuka me eye wodoa abui geɖe nɛ hã la, eɖoa nukomo ɣesiaɣi!”c

      Jason meɖe asi le eƒe taɖodzinuwo ŋu o, ɖeko wòtrɔ asi le wo ŋu vie. Fifia la, eƒe taɖodzinue nye be yeasubɔ le afisi Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo hiã le wu. Ðewohĩ màte ŋu awɔ nusianu si nèdi be yeawɔ o, abe alesi wònɔ le Jason gome ene. Nusi le vevie enye be nànɔ agbe wòasɔ ɖe wò ŋutetewo nu, nàgawɔ vi na ɖokuiwò akpa alo agbe ŋuɖɔɖɔɖo o. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòana nunya kple ŋusẽ wò be nàwɔ nusianu si nàte ŋui. (Korintotɔwo II, 4:16; Yakobo 1:5) Eye ɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi gbɔna esime anyigba katã dzi azu paradiso, afisi “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ẽ, wò lãme agasẽ gbeɖeka!

  • Ðe Vidzĩ ƒe Tome
    Nyɔ!—1997 | July 8
    • Ðe Vidzĩ ƒe Tome

      GBEÐEKA esi menye nyɔnuvi dzaa aɖe la, ɖekakpui buame aɖe va mía ƒeme le Coeburn, Virginia, U.S.A., eye esime wònɔ nu ƒom na fofonye la, eƒe zɔhɛa nɔ nu ƒom na nye hã be nye mo nagadzaka o. Eƒo nu tso paradisonyigba ŋu, afisi mía kple lã wɔadã siwo mawɔ nuvevim le o la míate ŋu afe le. (Yesaya 11:6-9) Eɖe nu me be nyemagaku gɔ̃ hã o, ke boŋ manɔ agbe tegbee le anyigba dzi afisia ke. Etsɔ si gbɔna la dzrom vevie! Nya si ŋutsua gblɔ tso anyigba dzi nɔnɔ ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie.—Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

      Mawusubɔsubɔ ƒe Didi Nɔ Menye

      Dzinyelawo, amesiwo srɔ̃ɖegbenɔnɔ me kuxi geɖe nɔ fu ɖem na la va gbe wo nɔewo le ƒe ʋee aɖewo megbe eye meva nɔ Danye gbɔ. Mawusubɔsubɔ metsɔa fu le lãme nɛ kura o. Eyata metsona le ɖokuinye si dea ɖeviwo ƒe sɔleme le sɔlemeha ɖesiaɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ la me. Eteƒe medidi o, Danye gaɖe srɔ̃ bubu, eye míeʋu kple danye srɔ̃ yi Indiana. Gake le dzomeŋɔli ɖesiaɖe la, metrɔna yia Virginia ɖasrãa fofonye kpɔ.

      Papa zu Mormontɔ le woa kple danye ƒe wo nɔewo gbegbe megbe kpuie, eye edze agbagba be yeaƒã ha yeye si me wòɖo ɖe menye. Le ƒe 1960 ƒe dzomeŋɔli esi mexɔ ƒe enyi la, ede mawutsi ta nam. Gake esi menɔ Indiana la, medea sɔleme ɖesiaɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ. Wo dometɔ ɖesiaɖe fia nu be ne míewɔ nu nyui la, míayi dziƒo eye ne vɔ̃e míewɔ la, míayi dzomavɔ me, afisi woawɔ funyafunya mí le. Esi nyemeka ɖe edzi be ame aɖeke ase nye didi vevie be manɔ anyigba dzi ke menye dziƒo o la gɔme o ta la, nyemegblɔe na ame aɖeke o.

      Le nye ƒe 11 xɔxɔ me la, Fofonye ʋu yi Oregon. Ena metɔtɔ hedo dziku vevie. Mawudzimaxɔsela kple ahanomunɔtɔe danye srɔ̃ nye, eye eɖoa gome nam vevie le nye dzixɔse ta. Eyɔam be Aƒenɔvi Kɔkɔe, eye ne mewo avi la, egblɔna be: “Nukatae màdo gbe ɖa ayɔ wò Mawu wòakpe ɖe ŋuwò o?” Edze abe aƒea me tɔ aɖeke metsɔ ɖeke le Mawu ƒe nya me o ene. Ƒe mawo nye ɣeyiɣi dziŋɔ sesẽwo. Woƒoam, dzuam, hedɔa gbɔnye sesẽe. Gbedodoɖa na Mawu na nye akɔ fana elabena zi geɖe la, mekpɔnɛ be eya koe nye amesi le tanye kpɔm.

      Danye dzo le srɔ̃a evelia gbɔ eye nye fuwɔamewo nu tsi. Gake míeda ahe, eye mía dzi kpɔkpɔ sesẽ na Danye. Esime mexɔ ƒe 13 la, míetrɔ yi Virginia ɖasrã danye gã kpɔ. Enye nyɔnu Baptistɔ si nyoa dɔme heɖia anukware. Melɔ̃e vevie. Esi wòbia tso asinye be makplɔ ye ayi sɔleme la, melɔ̃. Danye gɔ̃ hã yi kpli mí, eye meɖo ŋku alesi wòvivina be mía kple nye ƒomea míenɔ afima la dzi. Esi míaƒe sasrãkpɔa wu enu la, tɔtrɔ ayi aƒe do ŋɔdzi nam. Menɔ vɔvɔ̃m be ne metrɔ yi la, mava nɔ agbe gbegblẽ. Eyata meɖe kuku na danye gã be wòaxɔm manɔ egbɔ, eye Danye ɖe mɔ nam.

      Danye gã la ƒle King James Biblia nam. Nyemelɔ̃a nu le egbɔ kura o, eye mexlẽnɛ zã sia zã. Mexlẽe le Biblia ƒe ta mamlɛa me be “ne ame aɖe tsɔ nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe