Dzigbɔɖi—Nukatae Mebɔ Kura O?
EMILIO nɔ eƒe ƒe 60-awo me.a Eva Oahu hena dɔ wɔnublanui aɖe wɔwɔ—eyae nye viaŋutsuvi tsitsi ɖiɖi. Esime Emilio nɔ zɔzɔm to togbɛdzimɔ ziɖoɖoe aɖe dzi henɔ dze ɖom kple exɔlɔ̃wo la, ʋu aɖe si nɔ megbemegbe zɔm kple du sesĩe yina mɔ gã me tso ge la do ŋɔdzi nɛ. Esusɔ vie ʋua nalɔe, eye Emilio tsɔ dziku kple dzimagbɔɖi do ɣli ɖe ʋukula la ta eye wòtsɔ asi ƒu ʋua ƒe megbe. Nusia he nyaʋiʋli de wo dome. Mlɔeba la, ʋukula la tutu Emilio ƒu anyi eye wòtsɔ ta xlã ɖe afɔtoƒekpe sesẽ la dzi. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Emilio ku le abi si wòxɔ ɖe tagbɔ la ta. Nublanuinya kae nye si!
Míele xexe aɖe si me dzigbɔɖi nye nɔnɔme si mebɔ ɖo o me. Ʋukula siwo kua ʋu sesĩe wògbɔa eme la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Bubuwo nɔa wo yome tututu akpa—abe ɖe woalɔ ʋu siwo le zɔzɔm ɖe duƒuƒu si ŋu se ɖe mɔ ɖo la nu ene. Ʋukula aɖewo ya nɔa fliawo me tsom le ʋumɔa dzi le esi womate ŋu anɔ ʋu bubu yome o ta. Le aƒeme la, ƒomea me tɔwo doa dziku helĩhelĩ eye wova wɔa nu ŋutasesẽtɔe. Kristotɔ aɖewo kura gɔ̃ hã doa dziku wògbɔa eme le woƒe gbɔgbɔmenɔvi ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple vodadawo ta.
Nukatae dzigbɔɖi vena alea gbegbe ɖo? Nenema koe wònɔ tsãa? Nukatae wòsesẽ alea gbegbe be woagbɔ dzi ɖi le míaƒe ɣeyiɣi sia me?
Dzimagbɔɖi ƒe Kpɔɖeŋuwo
Biblia ƒo nu tso nyɔnu aɖe si mekpɔ srɔ̃a sinu hafi wɔ nyametsotso vevi aɖe o la ŋuti. Eŋkɔe nye Xawa. Esi wòdze ŋgɔ na Adam ɖewohĩ le dzimagbɔɖi hã ta la, eɖu ati si ŋuti wode se ɖo la. (Mose I, 3:1-6) Ke srɔ̃aŋutsu hã ɖe? Ŋutsua hã anya ɖe dzimagbɔɖi fia eye wòkpe ɖe Xawa ŋu wodze nuvɔ̃ me esi mete ɖe eƒe Dziƒofofo, Yehowa ŋu gbã, hena kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia xɔxɔ o. Woƒe ŋukeklẽ la, si ŋu dzimagbɔɖi hã anya kpe ɖo, si kplɔ wo de nuvɔ̃ mee la he mí katã de dzɔgbevɔ̃e me. Nusi ƒe dome míawo hã míenyi tso wo gbɔ lae nye didi be míawɔ nuvɔ̃, si me dada kple dzimagbɔɖi hã le.—Romatɔwo 5:12.
Anɔ ƒe 2,500 le mía dzila gbãtɔwo ƒe nuvɔ̃medzedze megbe la, Mawu ƒe dukɔ tiatia, Israel, ɖe dzimaxɔse kple dzitsitsi fia ɣeyiɣi didi aɖe. Togbɔ be Yehowa ɖe wo nukutɔe tso kluvinyenye me le Egipte teti koe nye ma hã la, ‘woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be’ kaba eye “womekpɔ eƒe nuxlɔ̃ame si nu o.” (Psalmo 106:7-14) Wogawɔ nuvɔ̃ gã bubuwo zi geɖe le woƒe dzimagbɔɖi ta. Wowɔ sikanyivi aɖe hede ta agu nɛ; woli liʋĩliʋĩ le mana si nye ŋutilãmenuɖuɖu si Yehowa na wo la ŋuti; eye wo dometɔ geɖewo tsi tre ɖe Yehowa teƒenɔla Mose si eya ŋutɔ tia kura gɔ̃ hã ŋuti. Le nyateƒe me la, woƒe dzitsitsi he nuxaxa kple afɔku va wo dzii.
Saul, Israel-fia gbãtɔ si nye amegbetɔ, bu fiaɖuɖu ƒe mɔnukpɔkpɔ na viawo. Nukatae? Esi melala kpɔ nyagblɔɖila Samuel si dze be wòasa vɔ na Yehowa sinu o tae. Amegbetɔvɔvɔ̃ wɔe be Saul do ŋgɔ sa vɔ la le Samuel megbe. Bu alesi Saul ase le eɖokui me le esime wòsa vɔa vɔ teti ko kple Samuel ƒe dodo ŋu kpɔ! Ne ɖe wògakpɔ esinu aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ɖe!—Samuel I, 13:6-14.
Le esi Xawa natsɔ dzitsitsi aɖu atikutsetsea teƒe la, ne ɖe wòkpɔ Adam sinu ɖe! Ne ɖe Israel-viwo ɖo ŋku edzi be ele be yewoakpɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame sinu ɖe! Nyateƒee, dzigbɔɖi ate ŋu axɔ na wo eye wòate ŋu aɖe mí tso nuxaxa kple vevesese geɖe si me hafi.
Nusiwo Gbɔ Dzimagbɔɖi Tsona
Biblia kpe ɖe mía ŋu be míase nusi koŋ hea dzimagbɔɖi vɛ egbea la gɔme. Timoteo II, ta 3 gblɔ be míaƒe dzidzimea le “ɣeyiɣi vɔ̃wo me.” Egblɔ be ameawo “lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.” (Kpukpui 2, 3) Ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ ma si le ame geɖe ƒe dzi kple susu me wɔe be wòsesẽna na amesiame, Kristotɔ vavãwo kura gɔ̃ hã, be wòagbɔ dzi ɖi. Ne míekpɔ xexemetɔwo le ʋu kum sesĩe alo wotsoa amewo ŋgɔ alo wodzu mí la, ate ŋu ado míaƒe dzigbɔɖi akpɔ. Míadi be míasrɔ̃ wo alo míadi be míaɖo eteƒe na wo, si ana míawɔ ɖokuitɔdidinuwo abe woawo ke ene o.
Ɣeaɖewoɣi la, mía ŋutɔwo míaƒe nyataƒoƒo masɔmasɔwoe nana be míegbɔa dzi ɖi o. De dzesi alesi nunyala Fia Salomo ƒo nu tso ƒomedodo si le dzitsitsi, nuŋumabumabu nyuie, kple dziku nuwɔna domee ŋuti: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu dadala. Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” (Nyagblɔla 7:8, 9) Ne míegbɔ dzi ɖi se nuwo gɔme nyuie bliboe hafi tso nya me la, anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nu ɖe ame ŋu le nugɔmesese, nublanuikpɔkpɔ, kple dzigbɔɖi me wu. Gake dada kple ɖokuitɔdidi ana be míabu ame bubuwo ƒe susu ŋu o, míagbɔ dzi ɖi o, eye dzi aku mí helĩhelĩ abe Israel-vi liʋĩliʋĩlilawo kple kɔlialiatɔ siwo ɖe fu na Mose ene.—Mose IV, 20:2-5, 10.
Nu bubu si gbɔ xexeame ƒe dzitsitsi ƒe dzidziɖedzi tso enye mɔkpɔkpɔmanɔamesi tso alesi amewo ɖe wo ɖokui ɖa tso Yehowa ŋui gbɔ. Dawid gblɔ le alesi wòhiã be amegbetɔ nakpɔ mɔ na Yehowa ŋuti be: “Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.” (Psalmo 62:6) Etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke mele amesiwo menya Yehowa o dometɔ geɖe si o, eyata wodzea agbagba be yewoƒe asi nasu dzidzɔkpɔkpɔ kple kesinɔnu suetɔ kekeake si yewoate ŋui hafi yewoƒe agbemeŋkekewo nava nuwuwu la dzi. Abe woƒe gbɔgbɔmefofo, Satana Abosam, ene la, zi geɖe la, wometsɔa ɖeke le alesi woƒe nuwɔna agblẽ nu le ame bubuwo ŋui me o.—Yohanes 8:44; Yohanes I, 5:19.
Eyata mewɔ nuku o be dzigbɔɖi mebɔ kura egbea o. Ðokuitɔdidi ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia, eƒe mawu Satana, kple míaƒe ŋutilã si gbɔdzɔ, si nuvɔ̃wɔwɔ dzɔa dzi na wɔnɛ be wòsesẽna na amesiwo le eƒe agbagba dzem kura gɔ̃ hã be woagbɔ dzi ɖi. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘míagbɔ dzi ɖi’ vevietɔ le dɔ siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo mevava ŋu me. (Yakobo 5:8) Nukatae dzigbɔɖi xɔ asi alea gbegbe ɖo? Viɖe kae wòate ŋu ahe vɛ na mí?
Dzigbɔɖi—Nusitae Wòxɔ Asi Ale Gbegbe
“Amesiwo lalana kpɔa nuwo sinu hã subɔna.” Eŋlisiawo ƒe hakpanyaŋlɔla John Milton ye gblɔ nya mawo ƒe alafa etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ enye sia le eƒe hakpanya si nye “Ku Ðe Eƒe Ŋkuagbã Ŋu” me. Do ŋgɔ le eƒe hakpanya la me la, eƒo nu tso eƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ kple dzodzodzoetsitsi le eɖokui me le esi mete ŋu subɔ Mawu bliboe le esi eƒe ŋku gbã le eƒe ƒe 40-awo xɔxɔ me ŋu ta. Gake abe alesi hakpanya ƒe fli mamlea si míeyɔ ɖe etame gblɔe ene la, eva kpɔe dze sii be woate ŋu asubɔ Mawu to dzidodo le xaxa me dzigbɔɖitɔe kple mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi la didi dziɖeɖitɔe me. Milton kpɔ asixɔxɔ si le ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu dzigbɔɖitɔe ŋu la dze sii.
Mía dometɔ akpa gãtɔ ƒe ŋku anyo, gake mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe ate ŋu ana míado dziku alo atsi dzodzodzoe. Aleke míawɔ agbɔ dzi ɖi le nuwɔna me?
Kpɔɖeŋu Dedziƒonamewo
Biblia gblɔ dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu geɖewo na mí. Yehowa ƒe dzigbɔɖi na be ame miliɔn geɖe ate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Petro II, 3:9, 15) Yesu ɖe Fofoa ƒe dzigbɔɖi wɔnuku fia bliboe le eƒe amekpekpe be míatsɔ yeƒe kɔkuti eye ‘míakpɔ dzudzɔ na míaƒe luʋɔwo’ me. (Mateo 11:28-30) Ŋugbledede tso Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi ɖi geɖe wu.
Amesi dze abe ɖe kpeɖodzi sesẽwo le esi be wòado dziku, ase veve helĩhelĩ, alo abia hlɔ̃e nye Yakob vi Yosef. Nɔviawo wɔ nu madzɔmadzɔ gã aɖe ɖe eŋu, woɖo nugbe be yewoawui, eye mlɔeba wodzrae kluvii. Togbɔ be dzitsinya nyui nɔ Yosef si eye wòsubɔ Potifar kple nuteƒewɔwɔ le Egipte hã la, wotso enu madzemadzee eye wodee gaxɔ me. Etsɔ dzigbɔɖi do dzi le eƒe xaxawo katã me, anye be ese eme be dodokpɔ mawo ana Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme. (Mose I, 45:5) Yosef ƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ na Yehowa, hekpe ɖe ɖokuibɔbɔ kple nugɔmesese ŋue na be wòte ŋu gbɔ dzi ɖi le nɔnɔme sesẽwo kura gɔ̃ hã me.
Kpekpeɖeŋunu vevi bubu hãe nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Le kpɔɖeŋu me, ne dzi kua mí kabakaba eye míaƒe numenya vena la, míate ŋu ado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu si ana be míate ŋu atse eƒe kuwo. Ŋugbledede tso kutsetse siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu, abe dzigbɔgbɔ blewu kple ɖokuidziɖuɖu ene, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ƒomedodo sesẽ si le wo kple dzigbɔɖi dome.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Dzigbɔɖi ƒe Viɖewo
Ne míegbɔa dzi ɖi la, ate ŋu aɖe vi geɖe na mí. Ado ŋusẽ nɔnɔme si le mía si, eye wòakpɔ mía ta tso dzitsitsi kple bometsinuwo wɔwɔ me. Mía dometɔ kae mewɔ vodada si gblẽ nu le ame ŋu le esi míetsi dzi fũ akpa hafi wɔ nu le nɔnɔme sesẽ alo blanuiléle ƒe ɣeyiɣiwo me ta o? Ðewohĩ míegblɔ nya madzeto aɖe alo wɔ nu amemabumabutɔe. Ðewohĩ míeɖe mɔ nya sue aɖe va zu dzre na mí kple míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe. Le dzikukudodo, dzodzodzoetsitsi, kple vevesese geɖe megbe la, anɔ eme be míesusui kple vevesese be, ‘Ne ɖe megagbɔ dzi ɖi vie ɖe.’ Nuwɔwɔ dzigbɔɖitɔe ate ŋu akpɔ mía ta tso nuxaxa ƒomevi vovovo me. Ema ɖeɖe ana ŋutifafa, susu ƒe akɔdzeanyi kple dzidzeme nayɔ míaƒe agbe me fũ.—Filipitɔwo 4:5-7.
Ne míegbɔa dzi ɖi la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzi nadze eme eye míaka ɖe amewo dzi. Esia ate ŋu ana míanɔ ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ me. (Lododowo 14:30) Ne míeɖu dziku dzi o la, ate ŋu ahe seselelãme kple ŋutilã me dɔléle kpakple ku vɛ na mí. Gake ne míegbɔa dzi ɖi la, ekema ƒomedodo nyui anɔ mía kple ame bubuwo dome, vevietɔ míaƒe gbɔgbɔmenɔvi kple míaƒe ƒometɔwo. Ekema míade bubu wo ŋu eye míakpe ɖe wo ŋu wu be míanɔ dziku dom na wo eye míanɔ nya ʋlim kple wo. Anɔ bɔbɔe na woawo hã wu eye woakpɔ dzidzɔ be yewoate ɖe mía ŋu.
Vevietɔ ele be hamemegã siwo le Kristo-hamea me la nagbɔ dzi ɖi. Nɔvi Kristotɔwo tena ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi kple kuxi sesẽwo. Esime hamemegãwo ŋutɔ ƒe kuxi alo ƒomekuxiwo le fu ɖem na wo alo te ɖeɖi wo ŋu la, woatɔtɔ alo nane anɔ fu ɖem na wo, alo woalé blanui. Gake aleke wòle vevie nye si be hamemegãwo nagbɔ dzi ɖi le nɔnɔme sesẽ siawo me! Ne wowɔe nenema la, woate ŋu afia nu “le dzigbɔɖeanyi me” eye ‘woawɔ nu ɖe alẽawo ŋu le dɔmetrɔtrɔ me.’ (Timoteo II, 2:24, 25; Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Amewo ƒe agbe ye ɖo afɔku me. Yayra kae nye si wòanye na hamea, ne hamemegãwo nyoa dɔme, lɔ̃a ame, eye wogbɔa dzi ɖi!
Ele be ƒomewo ƒe ta nawɔ nu kple woƒe aƒemetɔwo le dzigbɔɖi, nugɔmesese, kple tufafa me. Edze be woanɔ mɔ kpɔm eye woade dzi ƒo na ƒomea me tɔwo katã be woasrɔ̃ nɔnɔme mawo tututu. (Mateo 7:12) Esia akpe ɖe wo ŋu geɖe be lɔlɔ̃ kple ŋutifafa nanɔ aƒea me.
Dzigbɔgbɔɖi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kpena ɖe subɔla Kristotɔwo ŋu be woakpɔ dzidzɔ bliboe le subɔsubɔdɔ sia me. Ana wòanɔ bɔbɔe na wo wu be woado dzi le ɖekematsɔleme kple tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe ƒomevi si woado goe la me. Le esi subɔla dzigbɔɖitɔwo nanɔ nya hem dzikutɔe kple aƒemenɔlawo teƒe la, woaɖo nya ŋu fafɛ na amewo alo woatrɔ kpoo, ekema ŋutifafa kple dzidzɔ anɔ anyi. (Mateo 10:12, 13) Gawu la, ne Kristotɔwo wɔa nu ɖe amewo ŋu le dzigbɔɖeanyi kpe tufafa me la, woahe amesiwo ɖi alẽwo va Fiaɖuƒe gbedasia gbɔe. Yehowa le yayram ɖe agbagba siwo dzem wole dzigbɔɖitɔe le xexe bliboa katã me dzi, esime nyateƒea dila ɖokuibɔbɔla akpe alafa geɖewo le zi ƒom ɖe Yehowa ƒe nɔvilɔlɔ̃ habɔbɔa ŋu ƒe sia ƒe.
Le nyateƒe me la, dzigbɔgbɔɖi aɖe vi geɖe na mí. Míaƒo asa na afɔku kple kuxi siwo dzitsitsi le nuwɔna alo le nuƒoƒo me hena vɛ. Míanye dzidzɔmewo, ame fafawo, eye míanɔ lãmesẽ me. Dzidzɔ kple ŋutifafa gãtɔ kekeake asu mía si le míaƒe subɔsubɔdɔa me, le hamea me, kple ƒomea me. Gake vevietɔ wu la, ana míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu. Eyata kpɔ Yehowa sinu. Nɔ dzi gbɔm ɖi!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ la.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Aleke nègbɔa dzi ɖii le wò gbesiagbegbenɔnɔ me?