-
Nɔ Agbalẽxexlẽ dziGbetakpɔxɔ—1996 | May 15
-
-
16. Dodokpɔ ka mee Hebri-vi etɔ̃awo to, eye aleke nudzɔdzɔ sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?
16 Nuŋlɔɖi si ku ɖe Hebrivi siwo ŋkɔe nye Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ me. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me ne èle Daniel ta 3 lia xlẽm sesĩe. Sikalegba kɔkɔ gã aɖe le Dura-balia me, afisi Babilonia-dziɖuɖumegãwo kpe ta ɖo. Esi wose haƒonuwo ƒe ɖiɖi la, wobɔbɔ de ta agu na legba si Fia Nebukadnezar li anyi la. Efia be amesiame wɔ nenema negbe Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ko. Woɖoe kplikpaa gblɔ na fia la bubutɔe be yewomasubɔ eƒe mawuwo o eye yewomade ta agu na sikalegba la o. Wotsɔ Hebri-ɖekakpui siawo ƒu gbe ɖe kpodzo si me wodo dzo ɖo wu alesi dze la me. Gake nukae dzɔ? Esi fia la ɖe ŋku ɖe eme la, ekpɔ ŋutsu ene, eye wo dometɔ ɖeka “le abe mawuwo vi . . . ene.” (Daniel 3:25) Woɖe Hebri-vi etɔ̃awo le dzoa me, eye Nebukadnezar kafu woƒe Mawu la. Nudzɔdzɔa kpɔkpɔ le susu me ɖe vi na wò. Eye nusɔsrɔ̃ kae nye si wònye le nuteƒewɔwɔ na Yehowa le dodokpɔ me ŋu!
Ƒome Biblia Xexlẽ Neɖe Vi na Wò
17. Gblɔ nusiwo ŋu viɖe le siwo wò ƒomea ate ŋu asrɔ̃ to Biblia xexlẽ ɖekae me la dometɔ aɖewo kpuie.
17 Aɖe vi na wò ƒomea ŋutɔ ne miewɔa ɖeka xlẽa Biblia edziedzi. Ne míedze egɔme tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ la, miate ŋu akpɔ alesi wowɔ nuwoe ahalé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe Paradisoƒe gbãtɔa ŋu. Miate ŋu akpɔ nusiwo teƒe blemafofo nuteƒewɔlawo kple woƒe ƒomewo kpɔ eye miakplɔ Israel-viwo ɖo esi woto Ƒudzĩa me le anyigba ƒuƒui dzi. Miate ŋu akpɔ alesi alẽkplɔla Dawid ɖevi dzaa la ɖu Filistitɔ dzɔtsu Goliat dzii. Wò ƒomea ate ŋu akpɔ alesi wotu Yehowa ƒe gbedoxɔ lae le Yerusalem, miate ŋu akpɔ alesi Babilonia-ʋakɔwo va tsrɔ̃e, eye miate ŋu akpɔ egbugbɔgatu le Dziɖula Zerubabel ƒe mɔfiafia te. Miate ŋu ase gbeƒã si mawudɔlawo ɖe na alẽkplɔla tsɛwo le Yesu ƒe dzidzi ŋu le afisi te ɖe Betlexem ŋu. Miate ŋu anya nu tso eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie wu, miate ŋu akpɔe esime wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na tafee, eye miate ŋu akpɔ dzidzɔ si wòkpɔ esi wofɔe ɖe tsitre la hã kplii. Emegbe miate ŋu awɔ ɖeka kple apostolo Paulo le eƒe mɔzɔzɔ me eye miakpɔ alesi wòɖo hamewoe esime Kristotɔnyenye nɔ ta kekem. Azɔ hã wò ƒomea ate ŋu akpɔ ŋutega wɔnuku si apostolo Yohanes kpɔ le etsɔme ŋu kple Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua hã le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me.
18, 19. Aɖaŋu kawoe woɖo le ƒome Biblia xexlẽ ŋu?
18 Ne ƒomea le Biblia xlẽm wòle ɖiɖim sesĩe la, mixlẽe eme nakɔ eye dzo nanɔ eme. Ne miele Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo xlẽm la, ƒomea me tɔ ɖeka—ate ŋu anye vifofoa—naxlẽ nudzɔdzɔ la. Mi ame bubuawo miate ŋu awɔ nu abe amesiwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me ene, eye miatsɔ seselelãme si sɔ axlẽ akpa si wode mia si.
19 Ne míexlẽa Biblia abe ƒome ene la, miaƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete adzi ɖe edzi. Mawu ŋuti sidzedze si le mia si hã adzi ɖe edzi godoo, eye esia ana mia kplii dome nanɔ kplikplikpli wu. Asaf dzi ha be: “Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu [ɖe] Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.” (Psalmo 73:28) Esia akpe ɖe wò ƒomea ŋu woanɔ abe Mose ene, amesi “[do] dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene,” ame mae nye Yehowa Mawu.—Hebritɔwo 11:27.
Nuxexlẽ Kple Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa
20, 21. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa do ƒome kple nuxexlẽ ƒe ŋutetee?
20 Ele be míaƒe didi be míade ta agu na “amesi womekpɔna o la” naʋã mí be míaku kutri azu nuxlẽla nyuiwo. Nuxexlẽ nyuie kpena ɖe mía ŋu be míaɖi ɖase tso Mawu ƒe Nya la me. Le nyateƒe me la, ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo esime wògblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ̃, NW] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ, NW] kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Ðaseɖiɖie nye Yehowa ƒe amewo ƒe dɔ vevitɔ, eye nuxexlẽ ƒe ŋutete kpena ɖe mía ŋu míewɔnɛ.
21 Ebia agbagbadzedze be woazu nuxlẽla nyui kple amesi bi ɖe Mawu ƒe Nya la fiafia me. (Efesotɔwo 6:17) Eyata ‘do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu, eye nàwɔ nyateƒenya la ŋudɔ wòasɔ pɛpɛpɛ.’ (Timoteo II, 2:15) Do vevie nuxexlẽ be nàdzi Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe sidzedze kple Yehowa ƒe Ðasefonyenye ƒe ŋutete si le asiwò ɖe edzi.
-
-
Xlẽ Mawu Ƒe Nya La Eye Nàsubɔe Le Nyateƒe MeGbetakpɔxɔ—1996 | May 15
-
-
Xlẽ Mawu Ƒe Nya La Eye Nàsubɔe Le Nyateƒe Me
“Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me.”—PSALMO 86:11.
1. Nya kae magazine sia ƒe tata gbãtɔ gblɔ le nyateƒe ŋutɔŋutɔ ŋu?
YEHOWA naa kekeli kple nyateƒe mí. (Psalmo 43:3) Ena ŋutete mí hã be míaxlẽ eƒe Nya, Biblia la, eye míasrɔ̃ nyateƒe la. Magazine sia ƒe tata gbãtɔ—July 1879 tɔ—gblɔ be: “Aʋatso ƒe gbe wuwlui damawo ƒo xlã nyateƒe, si le abe seƒoƒo sue aɖe si le agbe le gbedadaƒo ene la hevu tsyɔe kloe. Ne àkpɔe la, ke ele be nànɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi. Hafi nàkpɔ eƒe anidzedze la, ke ele be nàgá aʋatso ƒe gbe wuwlui kple nyaɖekameléleɖeasi ƒe ŋuveawo ɖa le eŋu hafi. Ne èdi be wòanye ye tɔ la, ke ele be nàbɔbɔ ahoe. Mègana nyateƒea ƒe seƒoƒo ɖeka nasɔ gbɔ na wò o. Ne ɖe ɖeka sɔ gbɔ la, anye ne womawɔ bubuwo akpe ɖe eŋu o. Yi edzi nanɔ ehom, eye nàdi bubuwo akpee.” Mawu ƒe Nya la xexlẽ
-