INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Dzilawo, Nukae Miaƒe Kpɔɖeŋu Fiana?
    Gbetakpɔxɔ—1999 | July 1
    • Dzilawo, Nukae Miaƒe Kpɔɖeŋu Fiana?

      “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.”—EFESOTƆWO 5:1, 2.

      1. Mɔfiame kawo ƒomevie Yehowa na amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔwo?

      YEHOWAE nye ƒome nuɖoanyia Gɔmeɖoanyila. Egbɔe ƒome sia ƒome dzɔ tso elabena eyae ɖo ƒome gbãtɔ anyi eye wòna vidzidziŋutete amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔwo. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ena mɔfiame veviwo Adam kple Xawa le woƒe agbanɔamedziwo ŋu eye wòna mɔnukpɔkpɔ geɖe hã wo be woazã woa ŋutɔwo ƒe ŋutetewo le agbanɔamedzi siawo gbɔ kpɔkpɔ me. (Mose I, 1:28-30; 2:6, 15-22) Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ megbe la, nɔnɔme siwo wòle be ƒomewo nadze ŋgɔe va sesẽ ɖe edzi. Gake Yehowa na mɔfiame siwo akpe ɖe esubɔlawo ŋu be woakpe akɔ kple nɔnɔmeawo.

      2. (a) Mɔ kawo dzie Yehowa tona tsɔa mɔfiame siwo wogblɔ kple nu doa ŋusẽ mɔfiame siwo woŋlɔ ɖi? (b) Biabia kae wòhiã be dzilawo nabia wo ɖokui?

      2 Esi Yehowae nye míaƒe Nufiala Gãtɔ ta la, menye mɔfiame siwo woŋlɔ ɖi ku ɖe nusi míawɔ kple esi míaƒo asa na ŋu koe wòna o. Le blema ɣeyiɣiwo me la, etsɔa mɔfiame siwo wogblɔ kple nu toa nunɔlawo, nyagblɔɖilawo, kple ƒome ƒe tawo dzi kpena ɖe esi woŋlɔ kple asi ŋu. Amekawo zãm wòle egbea wole nusiawo fiam kple nu? Kristotɔ hamemegãwo kple dzilawoe. Ne dzilae nènye la, ɖe nèle wò akpa dzi wɔm le nu fiam wò ƒomea le Yehowa ƒe mɔwo nua?—Lododowo 6:20-23.

      3. Nukae ƒome ƒe tawo ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ le nufiafia si ɖea vi gome?

      3 Aleke wòle be woana nufiame mawo le ƒomea mee? Yehowa ɖo kpɔɖeŋua ɖi. Egblɔa nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ la eme kɔna nyuie, eye egbugbɔ tea gbe ɖe wo dzi zi gbɔ zi geɖe. (Mose II, 20:4, 5; Mose V, 4:23, 24; 5:8, 9; 6:14, 15; Yosua 24:19, 20) Ewɔa biabia siwo na wobua tame ŋudɔ. (Hiob 38:4, 8, 31) Etoa kpɔɖeŋuwo kple kpɔɖeŋu siwo nye agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo dzi trɔa asi le míaƒe seselelãmewo kple míaƒe dziwo ŋu. (Mose I, 15:5; Daniel 3:1-29) Dzilawo, ne miele nu fiam mia viwo la, ɖe miedzea agbagba be yewoasrɔ̃ kpɔɖeŋu ma?

      4. Nuka míesrɔ̃ tso Yehowa gbɔ le tohehe gome, eye nukata tohehe le vevie?

      4 Yehowa tea tɔ ɖe nudzɔdzɔewɔwɔ dzi, gake esea blibomademade ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo gɔme. Eyata hafi wòahe to la, efiaa nu amegbetɔ madeblibowo eye wòxlɔ̃a nu wo zi gbɔ zi geɖe. (Mose I, 19:15, 16; Yeremya 7:23-26) Ehea to ɖe ɖoɖo si sɔ nu, mewɔnɛ wògbɔa eme o. (Psalmo 103:10, 11; Yesaya 28:26-29) Ne nenemae míawo hã míewɔa nui ɖe mía viwo ŋu la, ke míaƒe nuwɔna le kpe ɖom edzi be míenya Yehowa, eye ana wòanɔ bɔbɔe na ɖeviawo hã be woanya eyama.—Yeremya 22:16; Yohanes I, 4:8.

      5. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ le toɖoɖo gome?

      5 Nukutɔe la, Yehowa, Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la ɖoa to mí. Menye se koe wòdena o. Edea dzi ƒo na mí be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na ye. (Psalmo 62:9) Eye ne nya siwo míeɖe gblɔ mesɔ tututu o hã la, menyrana tso dziƒo tsɔ gbea nya na mí o. Efiaa nu mí dzigbɔɖitɔe. Eyata aleke gbegbe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sɔe nye si, esi wòbe: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene”! (Efesotɔwo 4:31–5:1) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Yehowa ɖo na dzilawo le nufiafia wo viwo me! Enye kpɔɖeŋu si de dzi gbɔ na mí eye wòna míedi be míazɔ eƒe agbemɔ dzi.

      Kpɔɖeŋu ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

      6. Aleke dzilawo ƒe nɔnɔme kple woƒe kpɔɖeŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wo viwo dzii?

      6 Kpɔɖeŋuɖoɖo nye nusi kpɔa ŋusẽ ɖe sɔhɛwo dzi vevie ŋutɔ tsɔ kpe ɖe nusi woafia wo kple nu ŋu. Dzilawo ɖalɔ̃ alo womeɖalɔ̃ o, wo viwo asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Ðewohĩ adze dzilawo ŋu—ɣeaɖewoɣi ate ŋu awɔ mo yaa na wo—ne wose wo viwo gblɔ nya siwo woa ŋutɔwo gblɔ. Ne dzilawo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna siaa ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu fia la, esia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ɖeviawo dzi.—Lododowo 20:7.

      7. Dzilawo ƒe kpɔɖeŋu ka ƒomevie Yefta ɖo na vianyɔnu, eye nukae nye emetsonu?

      7 Woɖe ŋusẽ si dzilawo ƒe kpɔɖeŋu kpɔna ɖe ame dzi fia nyuie le Biblia me. Vifofoe Yefta, amesi Yehowa zã wònɔ Israel-viwo nu woɖu Amon-viwo dzi hã nye. Ŋuɖoɖo si Yefta na Amon-fia woŋlɔ ɖi ɖee fia be anya xlẽ ŋutinya si gblɔ alesi Yehowa wɔ nu kple Israel-viwo la edziedzi. Ete ŋu yɔ ŋutinya ma me nyawo bɔbɔe, eye wòɖe Yehowa dzixɔse sẽŋu fia. Ðikekemanɔmee la, eƒe kpɔɖeŋu na xɔse kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ vianyɔnu me wòɖee fia esime wònye nyɔnu tre subɔ Yehowa eƒe agbemeŋkekewo katã.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:14-27, 34-40; tsɔe sɔ kple Yosua 1:8.

      8. (a) Nɔnɔme nyui kae Samuel dzilawo ɖe fia? (b) Vi kae wòɖe na Samuel?

      8 Samuel ɖo kpɔɖeŋu nyui esime wònye ɖevi eye wònye nyagblɔɖila si wɔ nuteƒe na Mawu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Ðe nàdi be ye viwo nava nɔ abe Samuel enea? Bu Samuel dzilawo, Elkana kple Xana, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Togbɔ be nɔnɔmeawo mede wo dzi tututu le woƒe ƒomea me o hã la, wodea Silo, afisi avɔgbadɔ kɔkɔea nɔ, ɖadea ta agu enuenu. (Samuel I, 1:3-8, 21) De dzesi seselelãme deto si Xana tsɔ do gbe ɖae. (Samuel I, 1:9-13) Kpɔ alesi gbegbe wo ame evea siaa bu ŋugbe si wodo na Mawu dzi wɔwɔ nu vevii ɖa. (Samuel I, 1:22-28) Ðikekemanɔmee la, woƒe kpɔɖeŋu nyuia na nɔnɔme nyuiwo va ɖo Samuel si wòkpe ɖe eŋu wòto mɔ dzɔdzɔea dzi—le esime amesiwo dome wònɔ siwo be Yehowa subɔlawo yewonye mede bubu aɖeke kura Mawu ƒe mɔwo ŋu o gɔ̃ hã. Emegbe la, Yehowa ɖo Samuel Eƒe nyagblɔɖilae.—Samuel I, 2:11, 12; 3:1-21.

      9. (a) Nɔnɔme kawoe kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Timoteo dzi le aƒeme? (b) Ameka ƒomevie Timoteo va zu?

      9 Ðe nàdi be ye vi nava nɔ abe Timoteo, amesi va zu zɔhɛ na apostolo Paulo le eƒe ɖekakpui me enea? Timoteo fofo nye dzimaxɔsetɔ, gake dadaa kple mamaa ɖo kpɔɖeŋu nyui le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu me. Ðikekemanɔmee la, esia wɔ akpa aɖe le gɔmeɖoanyi nyui ɖoɖo na Timoteo le eƒe Kristotɔnyenye me. Míese be ‘xɔse si me alakpa mele o’ nɔ dadaa Eunike, kple mamaa Loide si. Alakpa menɔ woƒe Kristotɔnyenye me o; wonɔ agbe ɖe nusi dzi wobe yewoxɔ se nu pɛpɛpɛ, eye wofia wo vi sue Timoteo hã be wòwɔ nenema ke. Timoteo ɖo kpe edzi be yenye amesi dzi woate ŋu aka ɖo eye eɖe ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe dedienɔnɔ me si tso dzi me fia.—Timoteo II, 1:5; Filipitɔwo 2:20-22.

      10. (a) Kpɔɖeŋu kawoe le gbɔdome siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía viwo dzi? (b) Aleke wòle be míawɔ nui ne ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dze le mía viwo ƒe nuƒoƒo alo nuwɔna me?

      10 Menye aƒeme koe kpɔɖeŋu siwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía viwo dzi la le o. Ðevi siwo nye woƒe sukuhatiwo, nufiala siwo ƒe dɔe wònye be woamlã ɖevi dzaawo ƒe susu, amesiwo xɔe se vevie be ele be amesiame nawɔ hlɔ̃ alo nuto si me wòle ƒe kɔnyinyi veviwo dzi, kamedefefewɔla xɔŋkɔ siwo ŋu wodea bubui le teƒe geɖe, kple dumegã siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu woƒoa nu tsoe le nyadzɔdzɔwo me hã li. Ðevi miliɔn geɖe hã kpɔa aʋawɔwɔ me ŋutasẽnuwɔnawo teƒe. Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí ne ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dze le mía viwo ƒe nuƒoƒo alo woƒe nuwɔna mea? Aleke míewɔa nui ne ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dze le wo ŋu? Ðe nyagbename tɔame alo mokaname sẽŋu akpɔ kuxia gbɔa? Le esi teƒe be míablu ɖe mía viwo ta la, ɖe manyo wu ne míebia mía ɖokui be, ‘Ðe alesi Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖe li si ate ŋu akpe ɖe ŋunye le alesi mawɔ akpɔ nɔnɔme sia gbɔea?’—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 2:4.

      11. Ne dzilawo wɔ vodada la, ŋusẽ kae wòate ŋu akpɔ ɖe wo viwo ƒe nɔnɔme dzi?

      11 Nyateƒee, dzila madeblibowo mate ŋu akpɔ nɔnɔmewo gbɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu ɣesiaɣi o. Woawɔ vodadawo. Ne ɖeviwo kpɔ esia dze sii la, ɖe wòate ŋu ana be woagbe bubudede wo dzilawo ŋua? Ate ŋu adzɔ nenema, vevietɔ ne dzilawo metsɔa woa ŋutɔwo ƒe vodadawo nu vevii o henɔa nyanyram akpasesẽtɔe be woanya be yewoe nye dzilawo. Gake nɔnɔmea ate ŋu ato vovo kura ne dzilawo bɔbɔ wo ɖokui eye wolɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi faa. Ne wowɔe nenema la, woate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo viwo, amesiwo wòle na be woasrɔ̃ nuwɔwɔ nenema ke.—Yakobo 4:6.

      Nusi Míaƒe Kpɔɖeŋu Ate Ŋu Afia

      12, 13. (a) Nukae wòle be ɖeviwo nanya tso lɔlɔ̃ ŋu, eye mɔ nyuitɔ ka nue míate ŋu afia nusia wo le? (b) Nukata wòle vevie be ɖeviwo nasrɔ̃ nu atso lɔlɔ̃ ŋu?

      12 Nu xɔasi geɖe li míate ŋu afia wòaɖe vi ŋutɔ ne míetsɔ kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo kpe ɖe nusiwo míefiana kple nu ŋu. Kpɔ wo dometɔ ʋɛ aɖewo ɖa.

      13 Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia: Nufiame vevitɔwo kekeake siwo wòle be woafia to kpɔɖeŋu dzi dometɔ ɖekae nye nusi lɔlɔ̃ fia. ‘Míelɔ̃ Mawu, elabena etre mí lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:19) Eyae nye lɔlɔ̃ Dzɔtsoƒe eye wònye lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋuɖola gãtɔ kekeake. Woyɔ a·gaʹpe, lɔlɔ̃ sia si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi le Biblia me wòwu zi gbɔ zi 100 sɔŋ. Enye nɔnɔme vevi aɖe si wotsɔ dea dzesi Kristotɔ vavãwo. (Yohanes 13:35) Ele be amegbetɔwo naɖe lɔlɔ̃ sia afia Mawu kple Yesu Kristo eye woaɖee afia wo nɔewo hã—míaɖee afia amesiwo ƒe nu medzɔa dzi na mí o gɔ̃ hã. (Mateo 5:44, 45; Yohanes I, 5:3) Ele be lɔlɔ̃ sia nanɔ míaƒe dzi me eye wòadze le míaƒe agbenɔnɔ me hafi míate ŋu afiae mía viwo wòawɔ dɔ nyuie. Ame ƒe nuwɔna wɔa dɔ ɖe ame dzi wu eƒe nyagbɔgblɔ. Le ƒomea me la, ehiã be ɖeviwo nakpɔe woaɖe lɔlɔ̃ kple nɔnɔme siwo do ƒome kplii, abe vividodoɖeameŋu ene, teƒe eye woaɖee afia woawo hã. Nusiawo manɔmee la, ɖevia ƒe ametia, susu, kple seselelãme ƒe tsitsi atsi teƒe ɖeka. Ehiã be ɖeviwo nakpɔ mɔ nyuitɔ si nu woɖea lɔlɔ̃ kple vividodoɖeameŋu fiaa hati Kristotɔ siwo menye ƒomea me tɔwo o hã.—Romatɔwo 12:10; Petro I, 3:8.

      14. (a) Aleke woate ŋu afia nu ɖeviwo be woawɔ dɔ nyui wòadze ame ŋu? (b) Aleke miate ŋu awɔ esia le miaƒe ƒomea mee?

      14 Dɔwɔwɔ Sɔsrɔ̃: Dɔwɔwɔ nye agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe. Be ame nase le eɖokui me be asixɔxɔ le ye ŋu la, ehiã be wòasrɔ̃ dɔ nyui wɔwɔ. (Nyagblɔla 2:24; Tesalonikatɔwo II, 3:10) Ne wode dɔwo asi na ɖevi be wòawɔ eye nu sue aɖe koe wofiae le wo wɔwɔ ŋu eye emegbe wohe nya ɖe eŋu le esi mewɔ dɔawo nyuie o ta la, anye nu sesẽ nɛ be wòasrɔ̃ dɔwɔwɔ wòadze ame ŋu. Gake ne ɖeviwo srɔ̃ dɔwɔwɔ to wo dzilawo ŋu nɔnɔ me eye wokafu wo alesi dze la, anɔ bɔbɔe wu be woasrɔ̃ dɔwɔwɔ wòadze ame ŋu. Ne dzila tsɔ numeɖeɖewo kpe ɖe eƒe kpɔɖeŋu ŋuti la, menye alesi woawɔ dɔ wòanyo koe ɖeviawo asrɔ̃ o ke woasrɔ̃ alesi woanɔ te ɖe kuxiwo nu, alesi woadze dɔ gɔme ahawu enu, kple alesi woabu tame awɔ nyametsotsowo hã. Ne dzilawo le nufiame sia nam la, woate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be Yehowa hã wɔa dɔ, be ewɔa dɔ nyui, eye be Yesu srɔ̃a Fofoa. (Mose I, 1:31; Lododowo 8:27-31; Yohanes 5:17) Ne agblee ƒome aɖe dena alo asitsadɔe wònye la, anyo be ƒomea me tɔ aɖewo nawɔ dɔ ɖekae. Alo ɖewohĩ ɖeviawo dada ate ŋu afia nuɖaɖa kple nuɖuƒe dzadzraɖo le nuɖuɖu vɔ megbe viaŋutsu alo vianyɔnu. Vifofo si ƒe dɔwɔƒe didi tso aƒeme gbɔ ate ŋu awɔ ɖoɖo awɔ dɔ aɖewo le aƒeme kple viawo. Aleke gbegbe wòaɖe vi enye si ne dzilawo mabu alesi woawu dɔ siwo dze ŋgɔ wo la nu ko ŋu o ke woabu ɖeviawo dzadzraɖo ɖe agbenɔnɔ ŋu hã!

      15. Mɔ kawo nue woate ŋu afia nu tso xɔse ŋu le? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

      15 Tenɔnɔ sesĩe le xɔse me le xaxaɣi: Xɔse hã nye nu vevi aɖe le míaƒe agbe me. Ne miele xɔse me dzrom le ƒomenusɔsrɔ̃ me la, ɖeviawo ate ŋu asrɔ̃ alesi woaɖe nusi xɔse nye la me. Azɔ hã woava kpɔ nusi ana xɔse nasẽ ŋu le woƒe dzi me. Gake ne wokpɔ wo dzilawo ɖe xɔse si meʋuʋuna o fia le dodokpɔ sesẽwo me la, akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Nyɔnu Biblia nusrɔ̃vi aɖe si le Panama srɔ̃ŋutsu do ŋɔdzi nɛ be yeanyãe le aƒeme ne medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Gake eya kple via ene siwo nye ɖevi dzaawo zɔa afɔ kilometa 16 eye emegbe woɖoa ʋu zɔa mɔ kilometa 30 bubu dea kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata si gogo wo wu me. Srɔ̃nyɔnua ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na eƒe ƒometɔ 20 sɔŋ wova xɔ nyateƒea.

      Kpɔɖeŋuɖoɖo le Gbesiagbe Biblia Xexlẽ Me

      16. Nukata wode Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe dzi ƒo?

      16 Nuwɔna siwo ŋu viɖe gãtɔ kekeake le si ƒomewo ate ŋu aɖo anyi—si nye nuwɔna si aɖe vi na dzilawo eye wòanye kpɔɖeŋu na ɖeviawo be woasrɔ̃—dometɔ ɖekae nye Biblia xexlẽ gbesiagbe. Ne anya wɔ la, xlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbesiagbe. Menye agbɔsɔsɔme si miaxlẽe nye nu vevitɔ o. Nusi le vevie wue nye exexlẽ edziedzi kple alesi miexlẽnɛ. Le ɖeviwo gome la, woate ŋu aƒo Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo si wolé ɖe kasɛtwo dzi, ne ele mia degbe me, akpe ɖe Biblia xexlẽ ŋu na wo. Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe kpena ɖe mía ŋu be míatsɔ Mawu ƒe nukpɔsusuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Eye ne ƒomewo wɔ ɖeka wɔ Biblia xexlẽ sia ke menye be amesiame naxlẽe le eɖokui si ɖeɖeko o la, esia ate ŋu akpe ɖe ƒome blibowo ŋu be woazɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi. Nuwɔna sia ƒe dzie wode ƒo le “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpewo me drama si ƒe tanyae nye Ƒomewo—Mina Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Nanye Miaƒe Agbemɔ! la me.—Psalmo 1:1-3.

      17. Aleke ƒome Biblia xexlẽ kple ŋɔŋlɔ vevi aɖewo léle ɖe susu me akpe ɖe ame ŋu le aɖaŋuɖoɖo si le Efesotɔwo 6:4 dzi wɔwɔ mee?

      17 Ƒomewo ƒe Biblia xexlẽ ɖekae nye nusi wɔ ɖeka kple lɛta si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso, si me nyawoe nye: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple [susumamlã] me.” (Efesotɔwo 6:4) Nukae ema fia? ‘Susumamlã’ gɔmeɖeɖe le nyaa nue nye “tsɔ susu de eme”; eyata wole nu xlɔ̃m vifofo Kristotɔwo be woade Yehowa Mawu ƒe susu wo viwo me—be woakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woanya Mawu ƒe nukpɔsusu. Dzidedeƒo na ɖeviawo be woalé ŋɔŋlɔ vevi aɖewo ɖe susu me ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu sia gbɔ. Taɖodzinuae nye be woana Yehowa ƒe nukpɔsusu nakplɔ alesi ɖeviawo bua tamee bene vivivi la, mawumedzidzenuwo nava dze le woƒe didiwo kple woƒe agbenɔnɔ me eɖanye ɖeviawo dzilawo le wo gbɔ loo alo womeli o hã. Biblia dzie woatu tamebubu mawo ɖo.—Mose V, 6:6, 7.

      18. Ne míele Biblia xlẽm la, nuka wɔwɔe ahiã be (a) míate ŋu ase egɔme nyuie? (b) nufiame si le eme naɖe vi na mí? (d) míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple nusi wòɖe fia le Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu? (ɖ) nusi wògblɔ le amewo ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ŋu naɖe vi na mí?

      18 Gake hafi Biblia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi la, ehiã be míase nusi wògblɔ gɔme. Le ame geɖe gome la, abia be woaxlẽ eƒe akpa aɖewo wu zi ɖeka. Be míate ŋu ase nyagbɔgblɔ aɖewo gɔme bliboe la, ahiã be míadi nyawo le nyagɔmeɖegbalẽ alo Insight on the Scriptures me. Ne ŋɔŋlɔa ku ɖe aɖaŋuɖoɖo alo se aɖe ŋu la, migbɔ dzi ɖi miaƒo nu tso nɔnɔme siwo li egbea si na wòsɔ na ɣeyiɣia ŋu. Emegbe miate ŋu abia be, ‘Aleke aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe vi na míi?’ (Yesaya 48:17, 18) Ne ɖe ŋɔŋlɔa le nu ƒom tso Yehowa ƒe tameɖoɖo aɖe ŋu la, bia be, ‘Aleke esia ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋui?’ Ðewohĩ miele nu xlẽm tso nudzɔdzɔ aɖe si ƒo nu tso amewo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu. Agbe me nyaƒoɖeamenu kawo me tom wole? Aleke wokpɔ nya siawo gbɔe? Viɖe kae míate ŋu akpɔ tso woƒe kpɔɖeŋua me? Ɣesiaɣi la, mizã ɣeyiɣi miatsɔ adzro akpa si nudzɔdzɔawo awɔ le míaƒe agbe me egbea ŋu.—Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11.

      19. Ne míenye Mawu srɔ̃lawo la, nukae míava nye na mía viwo?

      19 Mɔ nyui ka gbegbee nye si si dzi míato aƒã Mawu ƒe nukpɔsusuwo ɖe míaƒe susu kple dzi me! Ewɔwɔ alea akpe ɖe mía ŋu le nyateƒe me be míazu “mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Eye míaɖo kpɔɖeŋu adodoe si dze be mía viwo nasrɔ̃ la ɖi.

      Èɖo Ŋku Wo Dzia?

      ◻ Aleke Yehowa ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu aɖe vi na dzilawoe?

      ◻ Nukata wòle be dzilawo natsɔ kpɔɖeŋuɖoɖo akpe ɖe nusi woagblɔ kple nu ŋu?

      ◻ Nusiwo anyo wu be dzilawo nafia to kpɔɖeŋuɖoɖo me dometɔ aɖewo ɖe?

      ◻ Aleke míate ŋu akpɔ viɖe bliboe tso ƒome Biblia xexlẽ mee?

  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ—1999 | July 1
    • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me

      “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.”—MATEO 4:4.

      1. Nukae Biblia gblɔ le agba si le ƒome ƒe tawo dzi be woafia Yehowa ƒe mɔwo wo viwo la ŋu?

      YEHOWA MAWU ɖoa ŋku agba si le ƒome ƒe tawo dzi be woafia nu wo viwo la dzi na wo edziedzi. Nufiafia sia adzra ɖeviawo ɖo ɖe agbe si míele fifia ŋu eye ate ŋu adzra wo ɖo ɖe agbe si le vava ge hã ŋu. Mawudɔla aɖe si nɔ Mawu teƒe na Abraham nya agba si le edzi be wòafia nu eƒe aƒemetɔwo bene “woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti.” (Mose I, 18:19) Wogblɔ na dzila Israel-viwo be woaƒo nu tso alesi Mawu ɖe Israel-viwo tso Egipte kple alesi wòtsɔ eƒe Se na wo le Sinai-toa gbɔ, le Xoreb, ŋu na wo viwo. (Mose II, 13:8, 9; Mose V, 4:9, 10; 11:18-21) Woxlɔ̃ nu ƒome ƒe ta siwo nye Kristotɔwo be woanyi wo viwo ‘le Yehowa ƒe hehe kple susumamlã me.’ (Efesotɔwo 6:4) Ne dzilawo dometɔ ɖeka koe subɔa Yehowa hã la, ele be wòadze agbagba afia Yehowa ƒe mɔwo ɖeviawo.—Timoteo II, 1:5; 3:14, 15.

      2. Ðe wòhiã be woawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ ne ɖevi aɖeke mele ƒomea me o hã? Ðe eme.

      2 Esia mefia be aƒe siwo me ɖeviwo le me tɔwo koe aƒo ƒu ɖekae asrɔ̃ Mawu ƒe Nya o. Ne atsu kple asi wɔ ƒomenusɔsrɔ̃ togbɔ be ɖevi aɖeke mele aƒeame kpe ɖe wo ŋu o gɔ̃ hã la, esia ɖenɛ fiana be wokpɔ ŋudzedze nyui ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.—Efesotɔwo 5:25, 26.

      3. Nukata ƒomenusɔsrɔ̃a wɔwɔ edziedzi le vevie?

      3 Be nufiafiaa naɖe vi geɖe wu la, ehiã be woafiae edziedzi le ɖekawɔwɔ me kple nusi Yehowa fia Israel-viwo le gbeadzi, be: “Amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” (Mose V, 8:3) Le alesi ƒomea ƒe nɔnɔmewo le nu la, aƒekɔ aɖewo me tɔwo ate ŋu awɔ ɖoɖo asrɔ̃ nu kwasiɖa sia kwasiɖa; bubuwo ƒe nusrɔ̃ɣiwo ate ŋu anɔ kpuie wu si woate ŋu awɔ gbesiagbe. Ðoɖo ka kee mietia o, migana nusɔsrɔ̃a nanye nusi miawɔ vlavo ko o. ‘Miƒle ɣeyiɣi’ ɖe eŋu. Nuwo tsɔtsɔ sa vɔe ɖe ɣeyiɣi mawo ŋu anye afɔɖeɖe nyui si ŋu viɖe ava nɔ. Wò ƒomea me tɔwo ƒe agbe ŋue nya la ku ɖo.—Efesotɔwo 5:15-17; Filipitɔwo 3:16.

      Taɖodzinu Siwo Nàlé ɖe Susu Me

      4, 5. (a) To Mose dzi la, nukae Yehowa tsɔ ɖo dzilawo ŋkume be enye taɖodzinu vevitɔ le nufiafia wo viwo me? (b) Nukae ema bia egbea?

      4 Ne taɖodzinu tɔxɛwo le susu me na wò esime nèle ƒomenusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la, aɖe vi nyuitɔ kekeake. De ŋugble tso wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

      5 Dze agbagba nàtu lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu ɖo le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me. Esime Israel-viwo ƒo ƒu ɖe Moab-gbedzi, wòsusɔ vie woage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose he woƒe susu yi nusi Yesu Kristo ava yɔ emegbe be ‘se vevitɔ le Sea me’ dzi. Se kae? “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mateo 22:36, 37; Mose V, 6:5) Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo be woana nya sia natsi dzime na woawo ŋutɔ eye woafia wo wo viwo. Ema abia be woagbugbɔ anɔ egblɔm, anɔ susu hem yi susu siwo ta wòle be woalɔ̃ Yehowa dzi, anɔ asi trɔm le nɔnɔme kple nuwɔna siwo ate ŋu axe mɔ na lɔlɔ̃ sia ɖeɖefia ŋu, eye ebia lɔlɔ̃ na Yehowa ɖeɖefia le woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ me. Ðe mía viwo hiã nufiame mawo ƒomevia? Ẽ! Woawo hã hiã kpekpeɖeŋu be ‘woatso aʋa na woƒe dzi,’ si fia be woaɖe nusianu si ado kplamatse woƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖa. (Mose V, 10:12, 16; Yeremya 4:4) Kplamatsedonu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye nusiwo le xexeame ƒe amedzodzro kple didi be woakpɔ mɔnu aƒo ame ɖokui ɖe eƒe nuwɔnawo me vĩ. (Yohanes I, 2:15, 16) Ele be lɔlɔ̃ na Yehowa nawɔ dɔ le mía me, wòadze le míaƒe nuwɔnawo me, eye wòaʋa mí be míawɔ nusiwo dzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu. (Yohanes I, 5:3) Be miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a naɖe vi ɣeyiɣi didi la, ele be nàwɔ ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ ale gbegbe be wòado ŋusẽ lɔlɔ̃ sia.

      6. (a) Nukae wòbia be woana sidzedze vavãtɔ nasu ame si? (b) Aleke Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe sidzedze vavãtɔ ƒe vevienyenye dzii?

      6 Na woanya Mawu ƒe nudidiwo ŋuti sidzedze vavãtɔ. Nukae ema fia? Ebia nu geɖe wu ŋuɖoɖo xexlẽ tso magazine alo agbalẽ me dzro ko. Zi geɖe la, ebia be woadzro nu me akpɔ egbɔ be wose nya ɖekaɖekawo kple susu veviwo me nyuie. Sidzedze vavãtɔ nye nu vevi aɖe le amenyenye yeyea dodo me, le nu veviwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ esime míele agbemekuxiwo gbɔ kpɔm me, ale be wònye nu vevi le nusiwo tututu dzea Mawu ŋu wɔwɔ me.—Filipitɔwo 1:9-11; Kolosetɔwo 1:9, 10; 3:10.

      7. (a) Nya kawo biabiae ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woatsɔ nusi wosrɔ̃ awɔ dɔe? (b) Aleke Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe taɖodzinu ma ƒe asixɔxɔ dzii?

      7 Kpe ɖe wo ŋu be woatsɔ nusi wosrɔ̃ awɔ dɔe. Esi taɖodzinu sia le susu me na wò la, bia nya sia le ƒomenusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe wɔɣi be: ‘Aleke wòle be nyati sia nawɔ dɔ le míaƒe agbenɔnɔ mee? Ðe wòbia be míawɔ asitɔtrɔ aɖe le nusi míewɔna fifia ŋua? Nukatae míadi be míawɔ tɔtrɔwo?’ (Lododowo 2:10-15; 9:10; Yesaya 48:17, 18) Ne míezãa ɣeyiɣi dzroa alesi míawɔ nusi míesrɔ̃ ŋudɔ le agbenɔnɔ me la, ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ƒomea me tɔwo ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me gome.

      Mizã Nufianuwo le Nunya Me

      8. Dɔwɔnu kawoe dɔla ƒe ha la na hena Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ?

      8 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la na dɔwɔnu gbogbo aɖe mí siwo míate ŋu azã le nusɔsrɔ̃ me. Gbetakpɔxɔ magazine si míazã kpe ɖe Biblia ŋu la le gbegbɔgblɔ 131 sɔŋ me. Agbalẽgãwo le gbegbɔgblɔ 153 me na Biblia-nusɔsrɔ̃, agbalẽ gbadzawo li le gbegbɔgblɔ 284 me, kasɛtwo li le gbegbɔgblɔ 61 me, videokasɛtwo li le gbegbɔgblɔ 41 me, eye kɔmpiutamɔnu aɖe li na Biblia me kuku gɔ̃ hã le gbegbɔgblɔ 9 me!—Mateo 24:45-47.

      9. Aleke míazã aɖaŋuɖoɖo siwo le ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe memama sia me ne ƒomea le Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ wɔm?

      9 Ƒome geɖe zãa ƒomenusrɔ̃ɣiwo tsɔ dzrana ɖo ɖe hame ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu. Ema ate ŋu akpe ɖe wo ŋu ale gbegbe! Gbetakpɔxɔ mee Yehowa ƒe ame siwo le xexeame godoo ƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu vevitɔ le. Ne ƒomea ƒo ƒu le Gbetakpɔxɔ srɔ̃m la, miwɔ nusi yi ŋgɔ wu memamawo xexlẽ kple biabia siwo le magazinea me ŋu ɖoɖo ko. Midze agbagba miadi gɔmesese si le nyawo ŋu. Migbɔ dzi ɖi miaxlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o la. Bia tso ƒomea me tɔwo si be woagblɔ alesi ŋɔŋlɔ siawo do ƒome kple memama si me dzrom miele. Na nusɔsrɔ̃a naɖo woƒe dzi gbɔ.—Lododowo 4:7, 23; Dɔwɔwɔwo 17:11.

      10. Nukae miate ŋu awɔ ana ɖeviawo nakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me eye wòanye dzidzɔɣi na wo?

      10 Ne ɖeviwo le aƒea me la, nukae nàte ŋu awɔ be miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a manye kɔnu dzro aɖe ko o ke boŋ wòanye ametutuɖo, vivisese, kple dzidzɔkpɔɣi? Dze agbagba nàna amesiame nakpɔ gome le eme le mɔ si sɔ nu be woƒe susu nanɔ nusi srɔ̃m miele dzi. Ne anya wɔ la, kpɔ egbɔ be Biblia kple magazine si srɔ̃m miele la le ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe si. Le vividoɖeameŋu si Yesu ɖe fia sɔsrɔ̃ me la, dzila ate ŋu ana ɖevi sue nanɔ anyi ɖe egbɔ tututu, ɖewohĩ wòakpla asi kɔ nɛ. (Tsɔe sɔ kple Marko 10:13-16.) Ƒomea ƒe ta ate ŋu ana ɖevi suea naƒo nu tso nɔnɔmetata si dze le nusɔsrɔ̃a me ŋu. Woate ŋu ade ŋɔŋlɔ aɖe xexlẽ asi na ɖevi sue do ŋgɔ. Woate ŋu adee asi na ɖevi si tsi wu be wòagblɔ nɔnɔme siwo me woate ŋu azã nusɔsrɔ̃a me nyawo le.

      11. Nufianu bubu kawoe wona, eye ne nufianu siawo li la, aleke woate ŋu azã wo woaɖe vi nyui le ƒomenusɔsrɔ̃ mee?

      11 Togbɔ be ɖewohĩ Gbetakpɔxɔ ate ŋu anye agbalẽ si miesrɔ̃na le nusrɔ̃ɣi hã la, migaŋlɔ nusrɔ̃nu bubu siwo li le gbegbɔgblɔ geɖe me la be o. Ne miehiã Biblia me nyagbɔgblɔ aɖe me ɖeɖe alo nyatakakawo tso nya aɖe ŋu la, miate ŋu akpɔe le Insight on the Scriptures me. Miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia bubuwo ne miezã Watch Tower Publications Index alo ne miezã kɔmpiuta dzi numekumɔnu si Habɔbɔa wɔ. Ne nusrɔ̃nu siawo li le mia degbe me la, wo sɔsrɔ̃ ate ŋu anye ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe. Be nànyɔ ɖevi suewo ƒe ɖetsɔleme la, miagate ŋu aɖo miaƒe nusrɔ̃ɣia ƒe akpa aɖe ɖi atsɔ akpɔ Habɔbɔa ƒe videokasɛtwo dometɔ ɖeka ƒe akpa aɖe alo ase drama si wolé ɖe kasɛt dzi ƒe akpa aɖe adzro eme emegbe. Nusrɔ̃nu siawo zazã nyuie ate ŋu ana wò ƒomenusɔsrɔ̃ navivi eye wòaɖe vi na ƒome bliboa.

      Trɔ Nuwo Ðe Wò Ƒomea ƒe Nuhiahiãwo Nu

      12. Aleke ƒomenusɔsrɔ̃a ate ŋu awɔ akpa aɖe le ƒomekuxi sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ mee?

      12 Ðewohĩ zi geɖe la, kwasiɖaa me ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃e miaƒe ƒomea srɔ̃na. Gake wò susu nenɔ kuxi siwo le ƒomea ŋu dzi. Ne ɖeviawo dada medea dɔme o la, ate ŋu akpɔ ɣeyiɣi ɖe ɖeviawo ŋu gbesiagbe ne wogbɔ tso suku. Woate ŋu akpɔ kuxi aɖewo gbɔ ɣemaɣi; bubuwo gbɔ kpɔkpɔ ahiã nusi yi ŋgɔ wu ema. Ne ƒomekuxi sesẽ aɖewo li la, migaŋe aɖaba ƒu wo dzi o. (Lododowo 27:12) Esiawo manye kuxi siwo wodoa goe le suku ko o ke woate ŋu anye nya bubuwo hã. Tia nyati siwo sɔ, eye nàna ƒomea nanya nusi me miadzro do ŋgɔ.

      13. Nukatae ƒomea ƒe numedzodzro le alesi woanɔ te ɖe ahedada nu ŋu ate ŋu aɖe vi?

      13 Le kpɔɖeŋu me, ahedada kolikoli bɔ le xexeame ƒe akpa gã aɖe; eyata le teƒe geɖe la, ahiã be woadzro alesi woanɔ te ɖe enu me. Ðe ƒomenusɔsrɔ̃ si woatu ɖe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi aɖe vi na wò ƒomea?—Lododowo 21:5; Nyagblɔla 9:11; Hebritɔwo 13:5, 6, 18.

      14. Nɔnɔme kawo mee ƒomea ƒe numedzodzro le Yehowa ƒe nukpɔsusu le ʋunyaʋunyawɔwɔ, aʋawɔwɔ, kple Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu asɔ ɖe ɣeyiɣia nu nyuie le?

      14 Ʋunyaʋunyawɔwɔ nye nu bubu si me wòle be woadzro. Ehiã be Yehowa ƒe nukpɔsusu natsi mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzi kple susu me. (Mose I, 6:13; Psalmo 11:5) Ƒomea ƒe nusɔsrɔ̃ le nyati sia ŋu anye numedzroɣi si me woadzro alesi woawɔ nu ɖe anyrawɔlawo ŋu le suku, nenye be anyo be woaxɔ karat ƒe hehe, kple alesi woatia modzakaɖeɖe si sɔ me. Aʋawɔwɔ dziŋɔwo bɔ ale gbegbe; dukɔmeviʋa loo alo, dunyahehe me dzrewɔwɔ alo gbe vovovodolawo dome ʋawɔwɔ, alo gbevuhawo ƒe aʋawɔwɔwo le nu gblẽm le dukɔ ɖesiaɖe kloe ŋu. Eyata anye nusi hiã be wò ƒomea nadzro alesi woakpɔtɔ anɔ Kristotɔwo ƒe agbe le aʋawɔhawo dome me.—Yesaya 2:2-4; Yohanes 17:16.

      15. Aleke wòle be woafia nu ɖeviwo le gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋui?

      15 Ne ɖeviwo le tsitsim la, wohiã nufiafia si asɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu le gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu. Le teƒe geɖe la, dzila akpa gãtɔ meƒoa nu tso gbɔdɔdɔ ŋu na wo viwo gbeɖe o. Ðevi siwo womeɖe nu me na o ate ŋu axɔ nukpɔsusu siwo mesɔ o tso ɖevi bubuwo gbɔ, eye emetsonuwo ate ŋu anye afɔku. Ðe manyo wu be míasrɔ̃ Yehowa, amesi naa aɖaŋuɖoɖo si le tẽ gake wòhedzea to le nya sia ŋu le Biblia me oa? Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo akpe ɖe mía viwo ŋu be bubu nanɔ wo ŋu eye woade bubu ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. (Lododowo 5:18-20; Kolosetɔwo 3:5; Tesalonikatɔwo I, 4:3-8) Ne miedzro nya siawo me xoxo gɔ̃ hã la, wo me dzodzro ake megati mi o. Esi nɔnɔme yeyewo le mo dom ɖa ta la, wo me dzodzro ake le vevie.

      16. (a) Ɣekaɣie wowɔa ƒomenusɔsrɔ̃ le ƒome geɖe me? (b) Aleke mienɔ te ɖe mɔxenuwo nu be miete ŋu le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi?

      16 Ɣekaɣie woate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃? Le Betel-ƒome siwo le xexeame godoo sɔsrɔ̃ me la, ƒome geɖe wɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ le Dzoɖa fiẽ. Eto vovo le ame bubuwo gome. Le ƒome aɖe si me ame 11 le, eye wo dometɔ 9 nye ɖeviwo, le Argentina la, wofɔna ga atɔ̃ ŋdi sia ŋdi wɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃. Le esi woƒe dɔwɔɣiwo to vovo ta la, womate ŋu awɔe le ɣeyiɣi bubu aɖeke dzi o. Menɔ bɔbɔe o, gake ena ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe vevienyenye tsi susu kple dzi me na ɖeviawo. Le Philippines la, hamemegã aɖe wɔa ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi kple srɔ̃a kpakple wo vi etɔ̃ esi wonɔ tsitsim. Le kwasiɖaa me la, dzila siawo srɔ̃a nu kple ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ɖekaɖeka be wo dometɔ ɖesiaɖe nate ŋu axɔ nyateƒea. Le United States la, nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃aŋutsu menye Ðasefo o kple viawo zɔa afɔ yia sukuʋuɖoƒe ŋdi sia ŋdi. Ne wole ʋua lalam la, wozãa abe aɖaƒoƒo ewo ene tsɔ xlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo sɔ eye wodzroa wo me, eye emegbe wo dada doa gbe kpuie aɖe ɖa hafi ɖeviawo gena ɖe ʋua me. Le Democratic Republic of Congo la, ele na nyɔnu aɖe si srɔ̃ dzimaxɔsetɔ gblẽ ƒomea ɖi be wòaku kutri le nusɔsrɔ̃ me le esi mede suku yi ŋgɔ o ta. Viaŋutsu tsitsitɔ va naa kpekpeɖeŋu ne wòɖi tsa va ƒomea gbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ale be exɔa ŋgɔ le nusɔsrɔ̃ kple dadaa kpakple nɔviaŋutsu suewo me. Nyɔnua ɖoa kpɔɖeŋu nyui le alesi wòkua kutri dzrana ɖo me. Ðe nɔnɔme aɖewo li siwo nana ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi sesẽna le aƒewòmea? Mègana ta o. Dze agbagba nàbia Yehowa ƒe yayra ɖe wò agbagbadzedze be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ edziedzi dzi.—Marko 11:23, 24.

      Teƒeɖoɖo Siwo Tsoa Kutrikuku Me

      17. (a) Nukae wòbia bene woate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi? (b) Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe viɖe si le Yehowa ƒe mɔwo fiafia ƒomewo edziedzi ŋu fia?

      17 Ðoɖowɔwɔ hiã. Ebia kutrikuku. Gake viɖe siwo tsoa ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi me menye nu vi o. (Lododowo 22:6; Yohanes III, 4) Franz kple Hilda siwo le Germany, nyi ɖevi 11 le woƒe ƒomea me. Le ƒe aɖewo megbe la, wo vinyɔnu Magdalena gblɔ be: “Nusi mebu nu vevitɔ kekeake egbeae nye be ŋkeke aɖeke metso eme kpɔ si míexɔ gbɔgbɔmenufiame o.” Esime dukɔmevinyenye ƒe gbɔgbɔ nu va sẽ le Adolf Hitler ƒe dziɖuɣi la, Magdalena fofo zã Biblia tsɔ dzra eƒe ƒomea ɖo ɖe dodokpɔ siwo wòbu be woava la ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova lé ɖevi siwo le ƒomea me eye wokplɔ wo yi visẽtosuku; wolé ƒomea me tɔ bubuwo de gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔwo me. Wowu wo dometɔ aɖewo. Wo katã wolé xɔse me ɖe asi sesĩe—menye le yometiti sesẽ ƒe ɣeyiɣi ma ɖeɖeko me o ke le agbetsilawo gome la, le ƒe siwo kplɔe ɖo hã me.

      18. Aleke woɖo dzilaɖekɛwo ƒe agbagbadzedzewo teƒe na woe?

      18 Dzilaɖekɛ geɖe, kpakple amesiwo srɔ̃wo mele xɔse ɖeka me kpli wo o siaa, naa Biblia me nufiame wo viwo edziedzi. Dzilaɖekɛ aɖe, si nye ahosi, le India dze agbagba vevie ƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe via eve me. Gake esi viaŋutsu dzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe amewo la, egbã dzi nɛ vevie ŋutɔ. Eɖe kuku na Yehowa be wòatsɔ vodada ɖesiaɖe si yewɔ le ye via hehe me la ake ye. Gake le nyateƒe me la, via meŋlɔ nusi wòsrɔ̃ be o. Le ƒe ewo megbe la, etrɔ gbɔ, eye wòwɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui heva zu hamemegã. Fifia eya kple srɔ̃a wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla mɔɖelawo. Aleke gbegbe dzila mawo siwo tsɔ aɖaŋu si Yehowa kple eƒe habɔbɔa ɖo be woana Biblia me nufiame le ƒomea me wɔ dɔe la ada akpee nye si! Ðe nèle aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔm le wò ƒomea mea?

      Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

      ◻ Nukata ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi le vevie?

      ◻ Taɖodzinu kawoe wòle be wòanɔ mía si ne míele ƒomenusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe wɔm?

      ◻ Dɔwɔnu kawoe li míate ŋu azã le nufiafia me?

      ◻ Aleke míate ŋu atrɔ asi le nusɔsrɔ̃a ŋu be wòasɔ ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo nui?

      [Nɔnɔmetata si le axa 15]

      Taɖodzinu aɖewo koŋ ɖoɖo ana miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ nanyo ɖe edzi

  • Ƒomewo, Mikafu Mawu Le Eƒe Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ—1999 | July 1
    • Ƒomewo, Mikafu Mawu Le Eƒe Hamea Me

      “Makafu Yehowa le takpekpewo me”—PSALMO 26:12.

      1. Tsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa le aƒeme ŋu la, nuka hãe nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe?

      MENYE gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ le aƒeme koe tadedeagu na Yehowa bia o ke ebia dɔwɔwɔ aduadu kple Mawu ƒe hamea hã. Wode se na blema Israel-viwo be ‘woaƒo dukɔ la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo nu ƒu’ be woasrɔ̃ Mawu ƒe se bene woate ŋu azɔ eƒe mɔ dzi. (Mose V, 31:12; Yosua 8:35) Wode dzi ƒo na ame tsitsiwo kple “ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo” siaa be woakpɔ gome le Yehowa ƒe ŋkɔ kafukafu me. (Psalmo 148:12, 13) Ðoɖo sia ƒomevi ke dzie wowɔna ɖo le Kristo-hamea me. Le Fiaɖuƒe Akpatawo me le anyigba dzi godoo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo kpɔa gome faa le nusɔsrɔ̃ siwo me wodzroa nu me kple nyaselawo le, eye gomekpɔkpɔ le eme doa dzidzɔ na ame geɖe ŋutɔ.—Hebritɔwo 10:23-25.

      2. (a) Nukata dzadzraɖo nye nu vevi aɖe le kpekpe ɖe ɖeviwo ŋu be woase vivi na kpekpeawo? (b) Amekawo ƒe kpɔɖeŋue le vevie?

      2 Nyateƒee, kpekpe ɖe ɖeviwo ŋu be gomekpɔkpɔ le hamea ƒe dɔwɔnawo me nazu numame nyui na wo mele bɔbɔe o. Ne ɖevi siwo yina kple wo dzilawo dometɔ aɖewo mekpɔa dzidzɔ ɖe kpekpeawo ŋu o la, nuka gbɔe wòate ŋu atso? Nyateƒee wònye be ɖevi geɖe ƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu didina o eye nu tia kɔ na wo kaba ya. Ke hã dzadzraɖo ate ŋu anye kuxi sia gbɔ kpɔnu. Ne ɖeviwo medzra ɖo o la, womate ŋu akpɔ gome le kpekpeawo me nyuie o. (Lododowo 15:23) Ne womedzra ɖo o la, asesẽ na wo be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si naa dzidzeme ame. (Timoteo I, 4:12, 15) Nukae míate ŋu awɔ? Gbã la, ehiã be dzilawo nabia ne ɖe woawo ŋutɔ wodzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu hã. Woƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ sẽŋu ɖe wo dzi. (Luka 6:40) Ðoɖo nyui wɔwɔ ɖe ƒomenusɔsrɔ̃ ŋu hã ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe.

      Dzia Tutuɖo

      3. Nukata wòle be woadze agbagba etɔxɛe atu dzia ɖo le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣiwo, eye nukae esia bia?

      3 Mele be ƒomenusɔsrɔ̃a nanye ɣeyiɣi si me woasrɔ̃ nu ɖe tame dzro ko o ke ele be wòatu dzia ɖo hã. Esia bia be woanya ƒomea me tɔwo ƒe kuxiwo eye woatsɔ ɖe le eme na amesiame lɔlɔ̃tɔe. Yehowa “dzroa dziwo me kpɔna.”—Kronika I, 29:17.

      4. (a) Nukae wòfia be woanɔ ‘dzi nyanu dim’? (b) Nuka wòbia be ‘dzi nyanu nasu’ ame si?

      4 Nukae Yehowa akpɔ ne edzro mía viwo ƒe dziwo me kpɔ? Wo dometɔ akpa gãtɔ agblɔ be yewolɔ̃ Mawu, eye ema dze na kafukafu. Gake nuteƒekpɔkpɔ sue aɖe koe le amesi nye ɖevi alo le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu yeyee si le Yehowa ƒe mɔwo ŋu. Esi wònye nuteƒekpɔkpɔ geɖe mele esi o ta la, anye be “ele dzi nyanu dim,” abe alesi Biblia gblɔe ene. Ðewohĩ menye eƒe dzimedidiwo katãe menyo o, gake exɔa ɣeyiɣi hafi nusi dze Mawu ŋu wɔwɔ va maa ame ƒe dzi. Esia bia be woana ame ƒe tamesusuwo, didiwo, seselelãmewo, kple agbemetaɖodzinuwo nawɔ ɖeka kple nusi dze Mawu ŋu, vaseɖe afisi wòanya wɔ na amegbetɔ madeblibowo. Ne ame aɖe trɔa asi le eƒe amenyenye ememetɔ ŋu le Mawu vɔvɔ̃ ƒe mɔ nu alea la, ‘dzi nyanu le esi sum.’—Lododowo 9:4; 19:8, NW.

      5, 6. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be ‘dzi nyanu nasu’ wo si?

      5 Ðe dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be ‘dzi nyanu nasu wo sia’? Nyateƒee, amegbetɔ aɖeke mate ŋu ade dzi nyanu ame bubu me o. Wona tiatiawɔblɔɖe mía dometɔ ɖesiaɖe, eye dzia mamlã ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe nusi ŋu mía ŋutɔwo míebuna dzi. Gake zi geɖe ne dzilawo zã nugɔmesese la, woate ŋu ana wo viwo nagblɔ woƒe dzimenyawo na wo, eye woakpɔ afisi kpekpeɖeŋu hiã le. Mibia nyawo abe ‘Nukae nèsusu le nusia ŋu?’ kple ‘Nuka tututue nàdi be yeawɔ?’ Emegbe miɖo to dzigbɔɖitɔe. Migawɔ nya sue nya gãe o. (Lododowo 20:5) Ele vevie be miana dɔmenyonyo, nugɔmesese, kple lɔlɔ̃ nanɔ ƒomea me ne miedi be yewoaɖo dzia gbɔ.

      6 Midzro gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—wo dometɔ ɖesiaɖe—me edziedzi be miana didi ɖɔʋuwo nasẽ ŋu ɖe wo me, eye mikpe ɖe mia nɔewo ŋu le ƒomea me be kutsetsea nasu mia si. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Mitu lɔlɔ̃ na Yehowa kple Yesu Kristo ɖo, menye gbɔgblɔ be ele be míalɔ̃ wo dzro ko o ke midzro susu siwo ta míelɔ̃ wo kple alesi míaɖe lɔlɔ̃a afiae me. (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Midzro viɖe siwo tsoa nunyuiwɔwɔ me bene ewɔwɔ ƒe didi nasẽ ŋu ɖe wo me. Midzro nusi tamesusu vɔ̃, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, kple agbe vlo nɔnɔ gblẽna me, ale be wòadzro wo be yewoatsri wo. (Amos 5:15; Yohanes III, 11) Miɖe ŋusẽ si tamesusuwo, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ—eɖanye nyui alo vɔ̃ o—ate ŋu akpɔ ɖe ame kple Yehowa dome ƒomedodo dzi fia.

      7. Nuka woate ŋu awɔ akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woakpɔ kuxiwo gbɔ eye woawɔ nyametsotso siwo ana woanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa?

      7 Ne kuxi aɖe dze ŋgɔ ɖevi aɖe alo wòhiã be wòawɔ nyametsotso vevi aɖe la, míate ŋu abiae be: ‘Aleke nèbu be Yehowa bua nusiae? Nukae nènya tso Yehowa ŋu si na nègblɔ nenema? Èdo gbe ɖa nɛ tso eŋua?’ Midze egɔme kaba miakpe ɖe mia viwo ŋu wòazu numame na wo le agbe me be woadze agbagba vevie ɣesiaɣi be yewoanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hafi awɔ nu. Ne wo kple Yehowa dome ƒomedodo va le kplikplikpli la, eƒe mɔwo dzi zɔzɔ ado dzidzɔ na wo. (Psalmo 119:34, 35) Esia ana woakpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye be wonye Mawu vavã la ƒe hamea me tɔwo ŋu.

      Dzadzraɖo Ðe Hame ƒe Kpekpewo Ŋu

      8. (a) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míade nusiwo katã gbɔ wòhiã be míakpɔ la míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a me? (b) Aleke gbegbee nusɔsrɔ̃ sia le vevie?

      8 Nya geɖe li siwo ŋu wòhiã be woade ŋugble le le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣiwo. Aleke miawɔ adzro wo katã me? Manya wɔ be woadzro wo katã me le ɣeyiɣi ɖeka me o. Gake anyo be miaŋlɔ wo ɖi. (Lododowo 21:5) Midzro nuŋlɔɖi sia me enuenu akpɔ be kae le vevie be miade ŋugble le eŋu. Tsɔ ɖe le ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe ŋgɔyiyiwɔwɔ me vevie. Ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia nye Kristotɔwo ƒe hehexɔxɔ ƒe akpa vevi aɖe, si dzraa mí ɖo na agbenɔnɔ fifia kple na agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme.—Timoteo I, 4:8.

      9. Taɖodzinu siwo ku ɖe dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu kawo ŋue míate ŋu awɔ dɔ atsoe vivivi le míaƒe ƒomenusrɔ̃ɣiwo?

      9 Ðe dzadzraɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu hã nye miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖea? Nu geɖe li si gbɔ wòle be miakpɔ vivivi to miaƒe nusɔsrɔ̃ ɖekae me. Esiawo dometɔ aɖewo gbɔ kpɔkpɔ axɔ kwasiɖawo, dzinuwo, alo ƒewo gɔ̃ hã. De ŋugble le taɖodzinu siawo ŋu kpɔ: (1) ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nanɔ klalo be yeaɖo nya ŋu le kpekpewo me; (2) amesiame nadze agbagba be yeaɖo nya ŋu le ye ŋutɔ ƒe nyagbewo me; (3) woazã ŋɔŋlɔawo le nyaŋuɖoɖo me; kple (4) woade ŋugble le alesi woazã nyatia le woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ mee ŋu. Esiawo katã ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatsɔ nyateƒea awɔ eɖokui tɔe.—Psalmo 25:4, 5.

      10. (a) Aleke míate ŋu alé fɔ ɖe míaƒe hame ƒe kpekpewo dometɔ ɖesiaɖe ŋui? (b) Nukata viɖe le nusia ŋu?

      10 Ne kwasiɖaa me Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ mee miedzrona le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me gɔ̃ hã la, migaŋe aɖaba ƒu ame ɖekaɖekawo alo ƒome bliboa ƒe dzadzraɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, kple Subɔsubɔ Kpekpea ŋu ƒe vevienyenye dzi o. Esiawo hã nye ɖoɖo si wowɔ be woafia Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ mí ƒe akpa vevi aɖewo. Ðewohĩ ƒomea ate ŋu aƒo ƒu ɖekae adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu ɣeaɖewoɣi. Miaƒe nusɔsrɔ̃ŋutetewo anyo ɖe edzi ne miekpe asi ɖe eŋu. Esia ana miakpɔ viɖe geɖe tso kpekpeawo me. Hekpe ɖe nusiwo me miadzro ŋu la, midzro viɖe siwo le dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu ɣesiaɣi me kpakple alesi wòle vevie be miaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na dzadzraɖo me.—Efesotɔwo 5:15-17.

      11, 12. Aleke dzadzraɖo ɖe hamea ƒe hadzidzi ŋu aɖe vi na míi, eye aleke míawɔe?

      11 Wode dzi ƒo na mí le “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpewo me be míadzra ɖo ɖe míaƒe kpekpewo ƒe akpa bubu aɖe ŋu—eyae nye hadzidzi. Ðe miele wɔwɔm ɖe edzia? Esia wɔwɔ awɔ akpa aɖe le Biblia ƒe nyateƒeawo ƒaƒã ɖe míaƒe susu kple dzi me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ana míase vivi na hame ƒe kpekpewo geɖe wu.

      12 Dzadzraɖo si me míaxlẽ ha siwo wotia dometɔ aɖewo me nyawo ahadzro gɔmesese si le wo ŋu me akpe ɖe mía ŋu be míadzi ha tso dzi me. Le blema Israel la, haƒonuwo zazã ɖe dzesi le woƒe tadedeagu me ŋutɔ. (Kronika I, 25:1; Psalmo 28:7) Ðe ame aɖe nya haƒonu aɖe ƒoƒo le miaƒe ƒomea mea? Nukata miazã haƒonu ma atsɔ ato kwasiɖaa me ƒe Fiaɖuƒeha ɖeka me, eye ƒomea nawɔ ɖeka adzii o. Mɔnu bubu hãe nye be miazã kasɛt si dzi wolé haawo ɖo. Le dukɔ aɖewo me la, mía nɔviwo dzia ha wònya sena ŋutɔ haƒonuwo manɔmee. Wodzia ha siwo wotia na kwasiɖa ma ƒe hame ƒe kpekpewo ne wole mɔ dzi alo ne wole woƒe dɔwo wɔm.—Efesotɔwo 5:19.

      Ƒome ƒe Dzadzraɖo ɖe Gbeadzisubɔsubɔdɔa Ŋu

      13, 14. Nukatae ƒomenumedzodzro siwo dzraa míaƒe dzi ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu le vevie?

      13 Ðaseɖiɖi na amewo le Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋu nye nu vevi aɖe le míaƒe agbe me. (Yesaya 43:10-12; Mateo 24:14) Míeɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, dɔ sia wɔwɔ dzɔa dzi na mí ale gbegbe eye ne míedzra ɖo do ŋgɔ la, nu nyui geɖe wu doa go tsoa eme. Aleke míate ŋu awɔ esia le ƒomea mee?

      14 Abe alesi wòle le nusianu si ku ɖe míaƒe tadedeagu ŋu gome ene la, ele vevie be míadzra míaƒe dzi ɖo. Menye nusi wɔ ge míeyina me ko wòle be míadzro o ke ele be míadzro susu si ta míeyina ewɔ ge hã me. Le Fia Yosafat ŋɔli la, wotsɔ Mawu ƒe se fia mɔ dukɔ lae, gake Biblia gblɔ na mí be ‘womedzra woƒe dzi ɖo haɖe o.’ Ena wònɔ bɔbɔe be nusiwo ate ŋu able wo woate ɖa le tadedeagu vavãtɔ gbɔ la ble wo. (Kronika II, 20:33; 21:11) Menye akɔnta nana le gaƒoƒo si míazã le gbeadzisubɔsubɔdɔ me ŋu loo alo be míana agbalẽ dzro koe nye míaƒe taɖodzinu o. Ele be míaƒe subɔsubɔdɔa nanye míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple míaƒe lɔlɔ̃ na amesiwo wòhiã be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si woatia agbe la ɖeɖefia. (Hebritɔwo 13:15) Enye dɔwɔna si me míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le. (Korintotɔwo I, 3:9) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si! Míaƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me nye dɔwɔwɔ aduadu kple mawudɔla kɔkɔewo. (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Ɣeyiɣi bubu kae agasɔ wu si me míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dɔ sia ŋu le wu ƒomenumedzroɣiwo, eɖanye le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa nusrɔ̃ɣi alo ne míele mawunyakpukpui si sɔ me dzrom tso Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me!

      15. Ɣekaɣie ƒomea ate ŋu adzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu ɖekae?

      15 Ðe miezãa ɣeyiɣi aɖe le miaƒe ƒomenusrɔ̃ɣi ɣeaɖewoɣi tsɔ kpena ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woadzra ɖo ɖe kwasiɖaa me gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋua? Ewɔwɔ nenema aɖe vi ale gbegbe. (Timoteo II, 2:15) Ate ŋu ana woase vivi na woƒe subɔsubɔdɔa eye kutsetse geɖe nado tso eme. Ɣeaɖewoɣi la, miate ŋu atsɔ miaƒe nusrɔ̃ɣi bliboa awɔ dzadzraɖo mae. Zi geɖe la, miate ŋu akpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu nya aɖewo gbɔ le numedzodzro kpuiwo wɔwɔ me le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe alo le ɣeyiɣi bubu aɖe me le kwasiɖaa me.

      16. Ƒo nu tso afɔɖeɖe siwo woyɔ le memamaa me dometɔ ɖesiaɖe ƒe vevienyenye ŋu.

      16 Ƒomea ƒe numedzodzrowo ate ŋu aku ɖe afɔɖeɖe vovovo abe esiwo gbɔna ene ŋu: (1) Midzra ɖo ɖe dzeɖonya si me woto nyuie si me woaxlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka tso Biblia me ne mɔ anɔ anyi la ŋu. (2) Ne anya wɔ la, mikpɔ egbɔ be gbeadzidekplo, Biblia, agbalẽ si me woade dzesi nu ɖo, nuŋlɔti, traktwo, kple agbalẽ bubuwo le wo dometɔ ɖesiaɖe si eye wole nɔnɔme nyui me. Mele kokoko be gbeadzidekploa nanye esi xɔ asi o, gake ele be wòanɔ dzadzɛ. (3) Midzro afisi miaɖi vomeɖase le kple alesi miawɔe me. Le numedzodzro siawo dometɔ ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe la, miyi miawɔ dɔ ɖekae le gbeadzi. Mina aɖaŋuɖoɖo nyuiwo, gake menye le nu geɖe akpa ŋu o.

      17, 18. (a) Dzadzraɖo ka ƒomevie ƒomea ate ŋu awɔ si ana míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa natse ku geɖe wu? (b) Dzadzraɖoa ƒe akpa kae míate ŋu awɔ kwasiɖa sia kwasiɖa?

      17 Dɔ si Yesu Kristo de asi na eƒe nusrɔ̃lawo ƒe akpa gã aɖee nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa. (Mateo 28:19, 20) Nusrɔ̃lawo wɔwɔ bia nu geɖe wu gbeƒãɖeɖe ko. Ebia be woafia nu. Aleke miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a ate ŋu akpe ɖe mia ŋu le esia wɔwɔ mee?

      18 Ƒomea naɖo dze tso amesiwo gbɔ wòanyo be miatrɔ ayi ŋu. Ðewohĩ ame aɖewo xɔ agbalẽ; ɖewohĩ ɖeko wo dometɔ aɖewo se nyaa ko. Woate ŋu anye amesiwo miedo goe le tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me alo amesiwo mieɖi vome ɖase na le asime alo suku. Mina Mawu ƒe Nya nafia mɔ mi. (Psalmo 25:9; Xezekiel 9:4) Mitia amesi gbɔ mia dometɔ ɖesiaɖe adi be yeatrɔ ayi le kwasiɖaa me. Nuka ŋue miaƒo nu atsoe? Ƒomea ƒe numedzodzro wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe eme tɔ ɖesiaɖe ŋu wòadzra ɖo. Mide dzesi ŋɔŋlɔ aɖewo koŋ kple nyati siwo asɔ tso Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me ɖi siwo me miadzro kple ɖetsɔlemetɔawo. Migaƒo nu tso nu geɖe akpa ŋu le sasrakpɔ ɖeka me o. Migblẽ biabia aɖe ɖe aƒemenɔlaa gbɔ si ŋu miava ɖo le tɔtrɔyi bubu me. Nukata miaɖoe wòanye nusi ƒomea wɔna kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe akpa aɖe be miawɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi siwo amesiame awɔ, ɣeyiɣi si wòawɔ wo, kple taɖodzinu si gbɔ wòdi be yeaɖo ŋu o. Esia wɔwɔ ana be ƒome bliboa ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa natse ku geɖe wu.

      Yi Edzi Nàfia Yehowa ƒe Mɔ Wo

      19. Ne ƒomea me tɔwo ayi edzi azɔ Yehowa ƒe mɔ dzi la, nuka ŋue wòle be woakpɔ dzidzɔ ɖo, eye nuka wɔwɔe ana wòava eme na wo nenema?

      19 Be woanye ƒome ƒe ta le xexe vɔ̃ɖi sia me nye nu sesẽ. Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo le agbagba dzem be yewoagblẽ Yehowa subɔlawo ƒe gbɔgbɔmemenyenye me. (Petro I, 5:8) Gakpe ɖe eŋu la, mi dzilawo, vevietɔ mi dzilaɖekɛwo, miedze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu geɖe egbea. Ɣeyiɣi kpɔkpɔ atsɔ awɔ nusiwo katã miedi be miawɔ le sesẽm. Gake ne ɖe miate ŋu azã aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ ɖeka ko le ɣeyiɣi ɖeka me eye mianɔ asi trɔm le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu vivivi be wòanyo ɖe edzi la, aɖe vi ale gbegbe. Be nàkpɔe amesiwo nye wò ƒometɔ kplikplikpliwo nanɔ Yehowa ƒe mɔ dzi zɔm nye teƒeɖoɖo dodzidzɔname aɖe. Be ƒomea me tɔwo nakpɔ dzidzedze le Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ me la, ehiã be woakpɔ dzidzɔ ɖe hame ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔ me ŋu. Be wòava eme nenema la, ebia dzadzraɖo—dzadzraɖo si ado ŋusẽ dzia eye wòana amesiame nasu te akpɔ gome le eme alesi dze.

      20. Nukae ate ŋu akpe ɖe dzila geɖe wu ŋu be woakpɔ dzidzɔ si ƒomevi ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes III, 4?

      20 Apostolo Yohanes ŋlɔ tso amesiwo ŋu wòkpe ɖo le gbɔgbɔ me ŋu be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 4) Ƒomenusɔsrɔ̃ siwo woaɖo taɖodzinu aɖewo koŋ awɔe kpakple ƒome ƒe ta siwo kpɔa ƒomea me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le dɔmenyonyo me be wòakpe ɖe wo ŋu la ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe be ƒomea nakpɔ dzidzɔ ma tɔgbe. Ne dzilawo tua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe agbemɔ ŋu ɖo la, ke wole kpekpem ɖe woƒe ƒomea ŋu be woase vivi le agbemɔ nyuitɔ kekeake dzi zɔzɔ me.—Psalmo 19:8-12.

      Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

      ◻ Nukata mía viwo ƒe dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu le vevie?

      ◻ Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be ‘dzi nyanu nasu wo si’?

      ◻ Aleke míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe kpekpeawo katã ŋui?

      ◻ Aleke ƒomea ƒe dzadzraɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu ɖekae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabi ɖe edzii?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe