Kafu Yehowa Tso Ŋkeke Yi Ŋkeke
1 Hakpala la gblɔ le Yehowa ŋu be: “Makafu wò gbesiagbe.” (Ps. 145:2a) Ðe míesena le mía ɖokui me nenema le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋua? Le alesi nuwɔwɔ hiã kpata le míaƒe ɣeyiɣia me ta la, ɖe míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me bliboe alesi míate ŋuia?
2 Wɔ Mɔnukpɔkpɔwo Ŋudɔ tsɔ Ðe Gbeƒãe Gbesiagbe: Amesiame kple nɔnɔme si me wòle, gake tso ŋkeke yi ŋkeke la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ alesi wòhiã be míaɖe gbeƒã nyanyuia na ame bubuwo la adze sii. Tsɔ kpe ɖe dɔ si míawɔ le gbeadzi ŋu la, ele be míadze agbagba aɖi vomeɖase na amewo le dɔwɔƒe alo le suku kple na míaƒe aƒelikawo alo ame bubu siwo míedoa goe gbesiagbe.
3 Lɛta ŋɔŋlɔ alo telefon zazã ate ŋu anye mɔ nyuitɔwo dometɔ ɖeka si dzi woato aɖe gbeƒã na ame bubuwo. Dzadzraɖo nyui kple afɔɖeɖe nyuiwo ate ŋu akpe ɖe amesiwo le dɔ lém kple vidadawo gɔ̃ hã ŋu be woaɖi vomeɖase na amesiwo va srã wo kpɔ. Ne èna Biblia, traktwo, kple magazinewo nɔ asitsɔƒe eye ètsɔ aɖaŋudzedze trɔ dzeɖoɖowo wòku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la, akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ. Mɔnukpɔkpɔ siawo katã ŋudɔwɔwɔ kple tɔtrɔyiwo wɔwɔ ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ tɔxɛ si dona tsoa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Ẽ, míate ŋu aʋu mɔwo ɖi gbesiagbe aɖe gbeƒã.
4 Nɔvinyɔnu aɖe dze Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe xexlẽ gɔme le eƒe dɔwɔƒe le ɖiɖiɖemeɣi. Ekpe eƒe dɔwɔhati ɖeka be ne wòaxlẽ ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia kple ye, eye eteƒe medidi o edze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnua. Nɔviŋutsu aɖe si megadea gbeadzi o kpɔ nɔvinyɔnu sia ƒe veviedodo eye wòbia kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ be yeagadze gbeadzidede gɔme ake. Nɔvinyɔnu sia ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame eve bubuwo dzi le esi wòwɔ ɖe eƒe adzɔgbe si wòɖe dzi gbesiagbe la ta.—Ps. 61:9.
5 Nɔ gbeadzi wòadidi wu eye nàna gaƒoƒo kaba: Nyateƒea si naa agbe la ƒe dɔ le ame geɖe wum. Ɣeyiɣi geɖe zazã le míaƒe subɔsubɔdɔa me be míatsɔ akpe ɖe amesiawo ŋu ate ŋu aɖe vi. Zi alesi míanɔ gbeadzi wòadidi wu la, zi nenemae nuteƒekpɔkpɔ dzodzidzɔnamewo asu mía si, eye míawɔ tɔtrɔyi nyuiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃ tsekuwo.
6 Wole dzi dem ƒo na mí katã be míatsɔ míaƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ana kaba ɣleti sia ɣleti be míaɖe akɔntabubu siwo tsia megbe ƒe kuxia ɖa.