Nana be Amewo Nanya Yehowa ƒe Ŋkɔ le Xexe Blibo la Katã Me
1 Yesu ɖo kpɔɖeŋu na eƒe nusrɔ̃lawo do ŋgɔ hafi de dɔ asi na wo be woaɖi ɖase “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Eƒo nu le Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu na amewo ɣesiaɣi le afisiafi si wòke ɖe wo ŋu le. Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la le mɔnu vovovowo ŋudɔ wɔm be wòana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ “le anyigba blibo la dzi.”—Yes. 12:4, 5.
2 Nusiwo Wowɔ le Ƒe Siwo Va Yi Me: Le ƒe siwo va yi me la, wotaa dzeɖonyawo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me; wowɔ “Photo-Drama of Creation” (Xexemewɔwɔ Ŋuti Fotodrama) eye woɖee fia ame miliɔn geɖewo; wozã ʋu siwo tame nuƒomɔ̃ le; wozã agbaƒomɔ̃ siwo dzi wolé nuƒowo ɖo le teƒe geɖe, eye le ɣeyiɣi aɖe me la, wozã radio—wowɔ esiawo katã be woatsɔ aɖe gbeƒã nyanyuia. Gake wote gbe ɖe amewo gbɔ yiyi ƒe vevienyenye dzi, ale be woate ŋu atrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ atu wo ɖo. Ale wɔ aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa va zu mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato ana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ le afisiafi.—Dɔw. 5:42.
3 Nusi Wɔm Wole le Míaƒe Ŋkekea Me: Esi nɔnɔmeawo le tɔtrɔm ta la, nuwo le tɔtrɔm kabakaba le xexeame, eye le teƒe geɖe la, esesẽna hafi míekpɔa amewo le aƒeme. Ame ʋɛ aɖewo koe tsɔ ɖe le ɣeyiɣi zazã atsɔ axlẽ nu kple ŋugbledede le gbɔgbɔmenuwo ŋu me. Eyata ehiã be míatrɔ asi le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu be wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu. Tsɔ kpe ɖe anyigbamamaa kpekpe ɖo enuenu to aƒeme yi aƒeme dɔa dzi la, wode dzi ƒo na mí be míayi afisiwo amewo le eye ‘míasu te ɖaasi’ bene míana ŋuɖoɖo le mɔkpɔkpɔ si le mía me la ŋuti. (Pet. I, 3:15) Esia fia be ele be míadze agbagba aɖe gbeƒã na míaƒe dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, na amewo le ablɔwo dzi kple le tsaɖibɔwo me alo ʋutɔɖoƒewo, tso fiase me yi fiase me, kple teƒe ɖesiaɖe si míate ŋu ake ɖe amewo ŋu le. Esi Yehowa le megbe na mí ta la, míaƒe agbagbadzedzewo akpɔ dzidzedze godoo. Ðe nèle gome kpɔm le amewo gbɔ yiyi le afisiafi si míake ɖe wo ŋu le ƒe dɔa mea?
4 Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ nusianu si wòate ŋui be míana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ le míaƒe anyigbamama me. Míate ŋu akpɔ dzidzeme geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa nu wuwu me, esime míele Yehowa sinu kpɔm be wòahe dzianukwaretɔwo ava eƒe habɔbɔa me.—Yoh. 6:44.