INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nukata Nàɖe Nugbegblẽwɔwɔ Agblɔ?
    Gbetakpɔxɔ—1997 | August 15
    • vevie. Esi nya la ve Dawid vevie la, eʋu eme be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”—Samuel II, 12:13.

      Dawid ƒe nuvɔ̃ si Natan ɖe gblɔ kple Mawu ƒe mokaname si wonae la ɖe vi geɖe. Togbɔ be womekpɔ Dawid ta tso nu gbegblẽ si wòwɔ me tsonuwo me o hã la, etrɔ dzime eye wo kple Yehowa dome gava nyo. Aleke Dawid se le eɖokui me le mokaname sia ŋu? Eŋlɔ bena: “Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o.”—Psalmo 141:5.

      Le míaƒe ŋkekea me hã la, ate ŋu adzɔ be Yehowa subɔlawo, esiwo wɔ nuteƒe nɛ ƒe geɖe gɔ̃ hã, nawɔ nuvɔ̃ gã. Esi ame akpa gãtɔ kpɔe be hamemegãwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu yewo ta la, wo dometɔ akpa gãtɔ ŋutɔ yia wo gbɔ ɖadia kpekpeɖeŋu. (Yakobo 5:13-16) Gake ɣeaɖewoɣi nugbegblẽwɔla ate kpɔ atsyɔ nu eƒe nuvɔ̃ dzi, abe alesi Fia Dawid wɔ ene. Nukae wòle be míawɔ ne míese nuvɔ̃ gã aɖe ŋu nya le hamea me?

      Ameka ƒe Agbanɔamedzie Wònye?

      Ne nuvɔ̃ gã ŋu nya ɖo hamemegãwo gbɔ la, woyia amesi ŋu nya la ku ɖo gbɔ ɖanaa kpekpeɖeŋu kple ɖɔɖɔɖo si hiã lae. Hamemegãwo ƒe dɔe wònye be woadrɔ̃ ʋɔnu amesiawo le Kristo-hamea me. Esi woƒe ŋku le eƒe gbɔgbɔmenɔnɔme ŋu ta la, wokpena ɖe amesiame si le afɔ gbegblẽ aɖe alo esi me nunya mele o ɖem ŋu hexlɔ̃a nui.—Korintotɔwo I, 5:12, 13; Timoteo II, 4:2; Petro I, 5:1, 2.

      Ke ne menye hamemegãe nènye o gake èse Kristotɔ bubu aɖe ƒe nuvɔ̃ gã ŋu nya ɖe? Wona esia ŋuti mɔfiamewo le Se si Yehowa na Israel-dukɔa me. Sea gblɔ be ne ame aɖe kpɔ xɔsegbenuwɔnawo, aglãdzedze, amewuwu, alo nuvlowɔwɔ gã bubuwo teƒe la, eƒe agbanɔamedzie wònye be wòaka eta eye wòaɖo kpe nusi wònya la dzi. Mose III, 5:1 gblɔ be: “Ne ame aɖe se woƒo fi de ame, eye wònye ɖasefo, ele eteƒe alo ɖe wòsee o, gake megblɔe o la, ekema eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.”—Tsɔe sɔ kple Mose V, 13:6-8; Ester 6:2; Lododowo 29:24.

      Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o hã la, gɔmeɖose siwo le eme ate ŋu afia mɔ wo egbea. (Psalmo 19:8, 9) Eyata ne èse Kristotɔ aɖe ƒe nuvɔ̃ gã ŋu nya la, nukae wòle be nàwɔ?

      Nya la Gbɔkpɔkpɔ

      Gbã la, ele vevie be woakpɔ kpeɖodzi sẽŋu si ta woaxɔe ase be wowɔ nuvɔ̃ gã. Nunyala la gblɔ be: “Meganye ɖasefo ɖe nɔviwò ŋu dzodzro o, eye megatsɔ wò nuyiwo da alakpae o.”—Lododowo 24:28.

      Ðewohĩ àɖoe be yeayi hamemegãwo gbɔ tẽ. Ewɔwɔ nenema megblẽ o. Gake zi geɖe la, nusi me lɔlɔ̃ le wue nye be nàyi amesi ŋu nyaa ku ɖo gbɔ. Ðewohĩ nya la mele abe alesi nèbui ene o. Alo ɖewohĩ hamemegãwo le nyaa gbɔ kpɔm xoxo. Dzro nya la me kple amea le tufafa me. Ne susu aɖe li si ta nèxɔe se be ewɔ nuvɔ̃ gã la, de dzi ƒo nɛ be wòakpɔ hamemegãwo woakpe ɖe eŋu, eye ɖe nunya si le ewɔwɔ nenema me nɛ. Mègaƒo nu tso nyaa ŋu na ame bubuwo o, elabena ema wɔwɔ anye amenyagbɔgblɔ.

      Ne ɣeyiɣi aɖe va yi gake amea meka eta na hamemegãwo o la, ekema ele be nàka eta na wo. Emegbe hamemegã ɖeka alo eve adzro nya la me kple amesi nu wotso la. Ele be hamemegãwo ‘nadi nya la gɔme, eye woabia eta tsitotsito’ akpɔ be nu gbegblẽ wònye wowɔ hã. Ne nu gbegblẽe la, ke woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo dzi akpɔ nya la gbɔe.—Mose V, 13:13-15.

      Ele be ɖasefo eve ya teti naɖo kpe nugbegblẽwɔwɔa dzi. (Yohanes 8:17; Hebritɔwo 10:28) Ne amea gbe nutsotsoa eye wò ɖaseɖiɖia koe li la, ke woagblẽ nya la ɖe Yehowa si me. (Timoteo I, 5:19, 24, 25) Wowɔa esia kple susu be nusianu ‘tsi ƒeƒle’ le Yehowa gbɔ eye be ne amea wɔ nuvɔ̃ nyateƒe la, ‘akpɔ’ eƒe nuvɔ̃wo “tɔ nua.”—Hebritɔwo 4:13; Mose IV, 32:23.

      Gake tsɔe be amea gbe nutsotsoa eye wò koe nye ɖasefo ɖe eŋu. Fifia ɖe eya hã ate ŋu atso nuwò be èzɔ ye gɔmea? Ao, nenye be mèƒo nu tso nya la ŋu na amesiwo ŋu nya la meku ɖo o ko. Menye amegɔmezɔzɔe wònye be woagblɔ nusiwo le nu gblẽm le hame aɖe ŋu na amesiwo wona ŋusẽe eye wònye woƒe dɔ be woakpɔ nyawo gbɔ ahaɖɔ wo ɖo la o. Le nyateƒe me la, esɔ ɖe míaƒe didi nu be míawɔ nusi sɔ hele eteƒe ɣesiaɣi.—Tsɔe sɔ kple Luka 1:74, 75.

      Nana be Kɔkɔenyenye Nanɔ Hamea Me

      Nusiwo ta woaɖe nugbegblẽwɔwɔ agblɔ dometɔ ɖekae nye be ekpɔa hamea ƒe dzadzɛnyenye ta. Mawu si le dzadzɛ ye Yehowa nye, enye Mawu kɔkɔe. Edi be amesiwo katã dea ta agu nɛ nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple ŋutilã gome. Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me xlɔ̃ nu mí be: “Abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’ ” (Petro I, 1:14-16) Amesiwo tsɔ nu makɔmakɔ alo nu gbegblẽ wɔwɔ ɖo dɔe ate ŋu ahe ɖiƒoƒo kple Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ va hame bliboa katã dzi negbe ɖe woɖɔ wo ɖo alo woɖe wo ɖa.—Tsɔe sɔ kple Yosua, ta 7.

      Lɛta siwo apostolo Paulo ŋlɔ na Kristo-hame si nɔ Korinto la ɖe alesi nugbegblẽwɔwɔ gbɔgblɔ na wote ŋu kɔ Mawu ƒe ame siwo nɔ afima ŋui fia. Paulo ŋlɔ le eƒe lɛta gbãtɔ me be: “Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, ame aɖe xɔ fofoa srɔ̃.”—Korintotɔwo I, 5:1.

      Biblia megblɔ amesi gbɔ apostoloa se nya sia tsoe o. Ate ŋu anye be Stefano, Fortunato, kple Axaiko, amesiwo tso Korinto va Efeso afisi Paulo nɔ lae va ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu nɛ. Paulo xɔ lɛta aɖe si me wobia nyawo le tso Kristo-hame si nɔ Korinto gbɔ. Eɖanye ameka gbɔe wòsee le o, esi amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu na Paulo ko la, ete ŋu na mɔfiafia le nya la ŋu. Eŋlɔ bena: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome!” Woɖe ŋutsua le hamea me.—Korintotɔwo I, 5:13; 16:17, 18.

      Ðe nu nyuiwo do tso Paulo ƒe mɔfiafia mea? Eɖe vi ŋutɔ! Edze ƒã be nugbegblẽwɔla la va nyɔ le eɖokui me. Le Paulo ƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la, ede dzi ƒo na hamea be ‘woatsɔe ake’ dzimetrɔla la ‘dɔmenyotɔe eye woafa akɔ nɛ.’ (Korintotɔwo II, 2:6-8) Eyata nugbegblẽwɔwɔ si woɖe gblɔ na wowɔ nusi kɔ hamea ŋu eye wòna Mawu gava kpɔ ŋudzedze ɖe amesi gblẽ eƒe ƒomedodo kple Mawu me la ŋu.

      Míekpɔ kpɔɖeŋu bubu le lɛta gbãtɔ si Paulo ŋlɔ na Kristo-hame si nɔ Korinto la me. Fifia ya apostoloa yɔ amesiwo gblɔ nya la nɛ ƒe ŋkɔwo. Eŋlɔ bena: “Xloeƒemetɔwo ɖee fiam le mia ŋuti, nɔvinyewo bena, dzre le mia dome.” (Korintotɔwo I, 1:11) Paulo nya be dzre sia kple bubu si mesɔ o tsɔtsɔ na amewo na kɔmamã ƒe nɔnɔme si di be yeagblẽ hamea ƒe ɖekawɔwɔ me la ɖo wo me. Eyata dzitsitsi ɖe haxɔsetɔwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ŋu ʋã Paulo wòtso ɖe eŋu kaba eye eŋlɔ aɖaŋuɖoɖo na hamea tsɔ ɖɔ wo ɖoe.

      Egbea nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamewo me le anyigba dzi katã ƒe akpa gãtɔ dzea agbagba vevie kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye ta to wo ame ɖekaɖekawo ƒe tenɔnɔ nyui me léle ɖe asi le Mawu gbɔ me. Ame aɖewo kpea fu ɖe esia wɔwɔ ta; ame bubuwo ya ku gɔ̃ hã le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ta. Le nyateƒe me la, be woaŋe aɖaba aƒu nugbegblẽwɔwɔ dzi alo atsyɔ nu edzi anye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe agbagbadzedze siawo ŋu.

      Kpekpeɖeŋu Nana Vodalawo

      Nukata amesiwo wɔ nuvɔ̃ gã la dometɔ aɖewo medina be yewoagblɔe na hamemegãwo o? Zi geɖe la, le esi womenya vi si egbɔgblɔ na hamemegãwo ɖena o tae. Wo dometɔ aɖewo susu be ne yewoʋu yewoƒe nuvɔ̃ me la, woagblɔe na hame bliboa katã. Bubuwo hã blea wo ɖokui le nusi wowɔ ƒe kpekpeme ŋu. Ame bubuwo hã susu be yewoate ŋu aɖɔ yewo ɖokui ɖo hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee.

      Gake nugbegblẽwɔla siawo hiã hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le. Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.”—Yakobo 5:14, 15.

      Mɔnuɖoɖo nyui kae nye si wowɔ be woatsɔ akpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu agaɖo wo te le gbɔgbɔ me! Hamemegã ate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo fadziname si le Mawu ƒe Nya la me ŋudɔ na amesiwo dze dɔ le gbɔgbɔ me eye woado gbe ɖa ɖe wo ta atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. Eyata le esi teƒe be dzimetrɔlawo ƒe dzi nagba la, wokpɔa tutuɖo boŋ eye woɖea dzi ɖi ne wokpe kple hamemegã lɔ̃amewo. Ðekakpui Ɣetoɖoƒe Afrikatɔ aɖe wɔ matre eye wòtsyɔ̃ nu eƒe nuvɔ̃a dzi ɣleti geɖe. Esi eƒe nuvɔ̃ va dze gaglã la, egblɔ na hamemegãwo be: “Edzrom vevie be ame aɖe nabia gbem le nye hadede kple nyɔnuvia ŋu! Nya sia me ʋuʋu na mekpɔ dzudzɔ ale gbegbe.”—Tsɔe sɔ kple Psalmo 32:3-5.

      Lɔlɔ̃ si Nɔ Te Ðe Gɔmeɖose Dzi Ðeɖefia Ye

      Mawusubɔla xɔnyɔnyrɔwo ‘to ku me yi ɖe agbe la me.’ (Yohanes I, 3:14) Gake ne wowɔ nuvɔ̃ gã la, ke wogatrɔ yi ku ƒe mɔa dzi. Ne womekpe ɖe wo ŋu o la, ɖewohĩ woƒe dzi ava ku atri le nugbegblẽwɔwɔ me, eye womadi be yewoatrɔ dzime atrɔ ava de ta agu na Mawu vavã la o.—Hebritɔwo 10:26-29.

      Nugbegblẽwɔwɔ ɖeɖe agblɔ nye ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖefia nuvɔ̃wɔla la. Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, ne mia dome ame aɖe tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe gatrɔe vɛ la, nena wòanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”—Yakobo 5:19, 20.

      Eyata nukata nàɖe nugbegblẽwɔwɔ agblɔ? Elabena eɖea vi. Nyateƒee, nugbegblẽwɔwɔ ɖeɖe agblɔ nye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi ɖeɖefia Mawu, hamea, kple nuvɔ̃wɔla la. Ne hamea me tɔ ɖesiaɖe tsɔ nuteƒewɔwɔ lé Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi la, Yehowa ƒe yayra geɖe anɔ hame bliboa dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Yehowa] hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.”—Korintotɔwo I, 1:8.

  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ—1997 | August 15
    • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ

      Ðe Tetragrammaton (Hebri-ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe) dze le Mateo ƒe Hebrigbe me nuŋlɔɖi si ƒe alafa 14 lia me Yudatɔ atikewɔla Shem-Tob ben Isaac Ibn Shaprut gbugbɔ ŋlɔ la mea?

      Ao, medze o. Gake wozã hash·Shem’ (si katã woŋlɔ alo woŋlɔ kpuie) le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me zi 19, abe alesi wòle Gbetakpɔxɔ, August 15, 1996, axa 13 ene.

      Hebrigbe me nya hash·Shem’ gɔmee nye “Ŋkɔ la,” si edze ƒã be Mawu ƒe ŋkɔe wòwɔnɛ. Le kpɔɖeŋu me, le Shem-Tob ƒe nuŋɔŋlɔa me la, hash·Shem’ si woŋlɔ kpuie dze le Mateo 3:3, afisi Mateo yɔ nya tso Yesaya 40:3 le. Esɔ be míagblɔ be esi wònye Hebri Ŋɔŋlɔawo me kpukpui si me Tetragrammaton la dze le mee Mateo yɔ nya tsoe ta la, ede Mawu ƒe ŋkɔ la eƒe Nyanyuia hã me. Eyata togbɔ be Hebrigbe me nuŋɔŋlɔ si Shem-Tob gbugbɔ ŋlɔ mezã Tetragrammaton la o hã la, alesi wòzã “Ŋkɔ la,” le kpɔɖeŋu me, Mateo 3:3 ɖo kpe edzi be wozã ŋkɔ “Yehowa” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.

      Shem-Tob gbugbɔ Hebrigbe me Mateo ƒe agbalẽa ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ ʼEʹven boʹchan si tsi tre ɖe bubuwo ŋu me. Gake nuka dzie wokpɔ ŋlɔ Hebrigbe me gbalẽ ma? Nufiala George Howard si ku nya sia me vevie la doe ɖa be “ƒe alafa ene gbãtɔwo le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia me lɔƒoe woŋlɔ Shem-Tob ƒe Mateo ƒe agbalẽa ɖe Hebrigbe me.”a Ðewohĩ ame bubuwo ake ɖii.

      Howard de dzesii be: “Nusi ɖe dzesi le Hebrigbe me Mateo si wòŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ sia me ŋu koŋ enye vovototo geɖe siwo le etɔ kple Helagbe me Mateo si dzi woda asi ɖo la dome.” Le kpɔɖeŋu me le Shem-Tob ƒe nuŋɔŋlɔa nu la, Yesu gblɔ le Yohanes ŋu be: “Vavã, mele egblɔm na mi bena, le amesiwo katã nyɔnuwo dzi dome la, ame aɖeke metsi tre kpɔ si wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela la o.” Eɖe nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo la ya le eme, si nye: “Gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.” (Mateo 11:11) Nenema ke vovototo geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe Hebrigbe me nuŋlɔɖi si li fifia kple alesi wogblɔ nyawoe le kpukpui mawo ke me le Helagbe me Septuagint gɔmeɖeɖea me la dome. Togbɔ be míelɔ̃ ɖe edzi be vovototo le wo dome hã la, blemanuŋlɔɖi siawo wɔa akpa aɖe le nyawo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me.

      Abe alesi míegblɔe va yi ene la, woŋlɔ “Ŋkɔ la” ɖe Shem-Tob ƒe Mateo ƒe agbalẽa me le teƒe siwo wòsɔ be míaxɔe ase be Mateo zã Tetragrammaton la le. Eyata tso ƒe 1950 me ke la, wozã Shem-Tob ƒe nuŋlɔɖia tsɔ ɖo kpe Mawu ƒe ŋkɔa zazã le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me dzi, eye wogafia asii le New World Translation of the Holy Scriptures—With References me.b

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe