-
GbeƒãɖeɖewoFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | December
-
-
Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le December me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1986 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. February: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛ be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.
◼ Míewɔ ɖoɖo ɖe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Subɔsubɔdɔ kpekpe ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me le takpekpeawo wɔɣi. Hameawo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woate ŋu ade “Mawu ƒe Ŋyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpea eye emegbe miatsɔ aɖabaƒoƒo 30 adzro takpekpea me nya veviwo me le Subɔsubɔkpekpe si miawɔ le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Ele be woade takpekpea ƒe wɔnawo me dzodzro si woadzra ɖo nyuie le ŋkeke ɖesiaɖe me nyati veviwo ŋu la asi na nɔviŋutsu bibi etɔ̃ do ŋgɔ. Numetoto sia si ŋuti wodzra ɖo le nyuie la aɖo ŋku nya veviwo dzi na Hamea me tɔwo bene woawɔ wo ŋudɔ le wo ɖokui si kple le gbeadzi. Ele be nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie ahayi nyaa gbɔ tẽ.
◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me le January 1 dzi tututu. Ele be alesi woaŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpuia le míade gbe hameawo me nasɔ kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me tɔ. Ƒea ƒe mawunyakpukpuiae nye: “Míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe . . . o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena . . . dometɔwo míenye.”—Heb. 10:39.
◼ Ele be woakpe “Medical Directive Card” kple “Identity Card” yeyewo ɖo le January 1 dzi. Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo katã nakpɔ egbɔ be yewokpe “Medical Directive Card” yeye ɖo na wo ɖokui kple “Identity Card” ɖo na ɖevi ɖesiaɖe si anɔ wo si.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ le gakɔntabubu si akplɔe ɖo me.
◼ Míaɖu ƒe 2001 ƒe ŋkuɖodzia le Kwasiɖagbe, April 8 dzi le ɣeɖoto megbe.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Hellfire—Is It Part of Divine Justice? (Tract No. 74)—Arabic
The Guidance of God—Our Way to Paradise—Arabic
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Hadzigbalẽ Gãtɔ—Twi
Hadzigbalẽ Suetɔ—Twi
Hadzigbalẽ Suetɔ—Eŋlisigbe
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ—Twi
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ—Eʋegbe
-
-
August Subɔsubɔ Ƒe AkɔntabubuFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | December
-
-
August Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu
Gaƒ. Mag. TY BN
Xexlẽme: m.d. m.d. m.d. m.d.
Mɔɖ. V. 139 135.8 8.6 77.2 13.6
Gbe. Mɔɖ 4,038 62.6 6.0 34.5 7.0
Kpe. Mɔɖ. 1,962 51.8 4.6 23.0 5.2
Gbeƒ. 55,037 12.4 1.0 5.8 1.7
YE KATÃ 61,176 Nyɔnyrɔ̃xɔlawo: 242
-
-
Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ SukuaFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | December
-
-
Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
1 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nye yayra gã aɖe na Yehowa ƒe amewo. Le ƒe 50 siwo va yi me la, ekpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wodzi woƒe dutoƒonuƒoƒo kple Biblia me nyateƒea fiafia ƒe ŋutetewo ɖe edzi. (Ps. 145:10-12; Mat. 28:19, 20) Àte ŋu akpɔ alesi sukua kpe ɖe ŋuwòea? Ate ŋu ayi edzi akpe ɖe ŋuwò le ƒe 2000 lia me ne èkpɔ gome le eme bliboe hetsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo woana la awɔ dɔe.
2 Woŋlɔ dɔdasiawo ŋuti mɔfiamewo kple agbalẽ siwo míazã la ɖe ƒe 2000 ƒe suku ɖoɖowɔɖia ƒe axa gbãtɔ. Woƒo nu tso ɣeyiɣi si wona akpa ɖesiaɖe, afisi dɔdasiawo atso, alesi woawɔ dɔawoe, kple bubuawo ŋu. Taflatse gbɔ dzi ɖi nàxlẽ mɔfiameawo nyuie ahawɔ wo ŋudɔ.
3 Kwasiɖa Ðesiaɖe ƒe Biblia Xexlẽ: Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ ŋuti ɖoɖowɔɖi vovovo evee le suku ƒe ɖoɖowɔɖia dzi. Ðeka nye nuxexlẽ ƒe ɖoɖo si dzi amesiame azɔ ɖo si ade Biblia ƒe axa atɔ̃. Nuxexlẽ sia dzie wotua Biblia xexlẽ me nya veviwo ƒe nuƒoa ɖo. Nuxexlẽ evelia nye esi wotsɔ kpe ɖe eŋu eye wònye gbãtɔa ƒe teƒe eve. Ne èzɔ ɖe ɖoɖowɔɖi sia dzi la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe etɔ̃ me. Míenya be ame aɖewo adi be yewoaxlẽ geɖe wu esi wona ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si wotsɔ kpe ɖe eŋua me, eye ame bubuwo mate ŋu axlẽ wo katã o. Le esi teƒe be nàtsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo la, kpɔ dzidzɔ ɖe esi nàte ŋu axlẽ la ŋu boŋ. (Gal. 6:4) Nu vevitɔe nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe.—Ps. 1:1-3.
4 Be nàte ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me la, ele be nàgblɔe na sukudzikpɔla la. Taflatse wɔ wò dɔdasiawo kple moveviɖoɖo, eye megaɖe asi le wo ŋu le nyamaɖinyawo ta ko o. Bu sukua be enye ɖoɖo si tso Yehowa gbɔ. Dzra ɖo nyuie, wò dɔdasia me nyawo nema nu na wò, eye nàƒo nu tso dzi me, ale be nàkpɔ viɖe tso suku tɔxɛ sia me.
-