Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi si adze egɔme le July 2000 me ƒe tanyae nye: “Mawu ƒe Nu Goglowo Me Dzodzro.” (Kor. I, 2:10) Nu xɔasi kawoe míasrɔ̃?
Nusi ŋu ame geɖe ke ɖo le woƒe sidzedze didi me mena woƒe dzi dze eme o. Woaɖe alesi Biblia doa ŋusẽ míi afia le nuƒo si nutome sue dzikpɔla aƒo si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Nya la Me Dzodzro Hea Dzidzeme Vɛ” me. Nuƒola si wokpe aɖe kadodo si le Mawu ƒe nu goglowo me dzodzro kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia dome afia ne wòle nu ƒom tso nyabiabia si nye “Aleke Nèbua Fiaɖuƒe Gbeƒãɖeɖedɔea?” ŋu.
Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woaku Mawu ƒe Nya la mee? Woaɖo aɖaŋu nyuiwo le nuƒo si ƒe tanyae nye “Ku Mawu ƒe Nya Ðe Tome na Viwòwo” me. Hadede kple gbɔgbɔmemetsitsi siwo le hamea me kpɔa ŋusẽ nyui ɖe Kristotɔ sɔhɛwo dzi. Woaƒo nu tso alesi wokpɔa ŋusẽ nyui ɖe wo dzi ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu le nuƒo si ƒe tanyae nye “Sɔhɛ Siwo Srɔ̃a Nu tso Ame Tsitsiwo Gbɔ” me.
Nukata wòle be míatsɔ veviedodo adi gbɔgbɔmekesinɔnu ɣaɣlawoe le ɣeyiɣi sia me? Yehowae nye Amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go. Nuƒola si wokpe aɖe nusiwo Yehowa ɖe fia le blema kple egbeŋkekeawo me le nuƒo si ƒe tanyae nye “Yehowa Ðea Nu Goglowo Ðe Go Fiana Vivivi” me. Esia ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ ‘Mawu ƒe nu goglowo’ me dzrom.
Wɔ ɖoɖo fifia nàyi. Amesiwo katã di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe dzi nagblɔe na dzikpɔla zimenɔla kaba. Nusiwo míesena ado ŋusẽ míaƒe didi vevie be míadzro Mawu ƒe Nya la me tsitotsito. Eyata mègana ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe gbɔgbɔmenufiame sia nato ŋuwò o!