-
Ðo Ŋku Wɔwòla Gã La Dzi!Gbetakpɔxɔ—1999 | November 15
-
-
kplikpaa be yewoawɔ ɖe nyagblɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi aɖo ŋku Wɔla la dzi. Mɔnukpɔkpɔ nyui kawo gbegbee nye si le wo si be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu! Gake ƒe ka kee míexɔ o, ne míenya alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewo wòanye Yehowa ŋutikɔkɔ le “nuwuɣi” sia me la, ekema míate ŋu anɔ wo xexlẽ dzi tegbee. (Daniel 12:4; Yohanes 17:3) Gake hafi míate ŋu anɔ wo xlẽm la, ele be míaɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi. Ele be míawɔ dɔ siwo katã Mawu de mía si hã.
-
-
Èle Dɔ Siwo Katã Mawu De Asiwò La Wɔma?Gbetakpɔxɔ—1999 | November 15
-
-
Èle Dɔ Siwo Katã Mawu De Asiwò La Wɔma?
“Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.”—NYAGBLƆLA 12:14.
1. Nukawoe Yehowa na eƒe amewo?
YEHOWA kpena ɖe amesiwo ɖoa ŋku edzi be enye yewo Wɔla Gã la ŋu. Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me naa sidzedze si hiã bene woate ŋu adze eŋu bliboe la sua wo si. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me eye wòkpena ɖe wo ŋu bene ‘woatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Kolosetɔwo 1:9, 10) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu kple teokrasimɔfiafia to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mateo 24:45-47) Eyata le mɔ geɖe nu la, dziƒoyayra le Mawu ƒe amewo dzi esi wole Yehowa subɔm hele Fiaɖuƒenyanyuia ƒe gbeƒãɖeɖedɔ vevi la wɔm.—Marko 13:10.
2. Nya kawoe woate ŋu abia le Yehowa subɔsubɔ ŋu?
2 Enye dzidzɔ na Kristotɔ vavãwo be yewowɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Yehowa. Ke hã dzi ate ŋu aɖe le wo dometɔ aɖewo ƒo eye woasusu be yewoƒe agbagbadzedzewo nye dzodzro. Le kpɔɖeŋu me ɣeaɖewoɣi la, awɔ na Kristotɔ ɖeadzɔgbewo be ɖe viɖe aɖe le agbagba siwo dzem yewole kutrikukutɔe ŋu hã. Ne ƒome ƒe tawo le ŋugble dem le ƒomenusɔsrɔ̃ kple dɔwɔna bubuwo ŋu la, biabiawo abe esiwo gbɔna ene ate ŋu ava susu me na wo be: ‘Ðe Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe nusi wɔm míele ŋu nyateƒea? Ðe míele dɔ siwo katã Mawu de mía si la wɔma?’ Nyagblɔla la ƒe nya siwo me nunya le ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia siawo ŋu.
Ðe Nusianu Nye Toflokoa?
3. Le Nyagblɔla 12:8 ƒe nya nu la, nukae nye tofloko ŋutɔŋutɔ?
3 Ame aɖewo asusu be nunyala la ƒe nyawo mede dzi ƒo na ame aɖeke o—ɖeviwo alo tsitsiawo o. Nyagblɔla la gblɔ be: “Toflokowo ƒe tofloko! Nyagblɔla be: Nuwo katã toflokowoe!” (Nyagblɔla 12:8) Le nyateƒe me la, tofloko ŋutɔŋutɔe wòanye be woaŋe aɖaba aƒu Wɔla Gã la dzi le sɔhɛmenɔɣi, agbe esubɔsubɔ vaseɖe tsitsime, wòanye be ɖeko wonɔ agbe didi ku amegã dzro ko le agbe me. Nusianu zu tofloko, alo yaka, na amesia tɔgbe, ne kesinɔnuwo le esi eye wòxɔ ŋkɔ le xexe sia si le vɔ̃ɖitɔ, Satana Abosam, ƒe ŋusẽ te me hafi ku gɔ̃ hã.—Yohanes I, 5:19.
4. Nukatae míate ŋu agblɔ be menye nusianue nye tofloko o?
4 Nusianu menye tofloko na Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo dzra kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo o. (Mateo 6:19, 20) Wowɔa dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ si ŋu viɖe le la me, eye dɔ siawo tɔgbe wɔwɔ menye tofloko kura o. (Korintotɔwo I, 15:58) Gake ne Kristotɔ ɖeadzɔgbewoe míenye la, ɖe míaƒe ŋku biã le dɔ si Mawu de mía si le ŋkeke mamlɛ siawo me la wɔwɔ mea? (Timoteo II, 3:1) Alo ɖe agbe si nɔm míeva le to vovo vie ko tso amesiwo dome míele tɔ gbɔa? Ðewohĩ wole subɔsubɔha vovovo me eye ɖewohĩ wodoa vevie subɔsubɔ ŋutɔ, anye be wodea woƒe tadeaguƒewo edziedzi hedzea agbagba be yewoawɔ nusi yewoƒe subɔsubɔa bia tso yewo si. Gake menye Fiaɖuƒegbedasia ƒe gbeƒãɖelawoe wonye o. Sidzedze vavãtɔ mele wo si be ‘nuwuɣia’ mee míele o eye womenya alesi nuwɔwɔ kpata hiã le ŋkeke siawo siwo me míele o.—Daniel 12:4.
5. Ne gbesiagbegbenɔnɔ va zu nusi ŋu míetsi dzi ɖo wu la, nukae wòle be míawɔ?
5 Yesu Kristo gblɔ le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo ŋu be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:37-39) Nuɖuɖu kple nunono si megbɔ eme o menye nugbegblẽ o, eye Mawu ŋutɔe ɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa anyi. (Mose I, 2:20-24) Gake ne míekpɔe be gbesiagbegbenɔnɔ va zu nusi ŋu míetsi dzi ɖo wu la, nukata míatsɔe ade gbedodoɖa me o? Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ, awɔ nu nyui, eye be míawɔ dɔ siwo wòde mía si.—Mateo 6:33; Romatɔwo 12:12; Korintotɔwo II, 13:7.
Adzɔgbeɖeɖe Kple Dɔ si Mawu De Mía Si
6. Mɔ vevi ka nue nyɔnyrɔxɔla aɖewo le kpo dom nu le dɔ siwo katã wòle be woawɔ na Mawu me?
6 Ehiã be Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖewo nado gbe ɖa vevie elabena womele subɔsubɔdɔ si te wode tae esime woɖe adzɔgbe na Mawu la wɔm alesi dze o. Ƒe aɖewoe nye esia la, amesiwo sɔ gbɔ kura wu 300,000 ye xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe, gake Yehowa ƒe Ðasefo siwo katã biã ŋku ɖe dɔ ŋu ƒe xexlẽme medzi ɖe edzi nenema o. Amesiwo va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dometɔ aɖewo dzudzɔ nyanyuia gbɔgblɔ. Evɔ la, ele be amesiame nakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me alesi dze hafi axɔ nyɔnyrɔ. Eyata wonya dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi.” (Mateo 28:19, 20) Ne menye mɔxenu tɔxɛ aɖekee le fu ɖem na wo abe lãmegbegblẽ alo nu bubu siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le ye o la, ke nyɔnyrɔxɔla siwo meganye Mawu kple Kristo ƒe Ðasefo veviedonulawo o mele dɔ siwo katã mía Wɔla Gã la de wo si la wɔm o.—Yesaya 43:10-12.
7. Nukatae wòle be míaƒo ƒu edziedzi hena tadedeagu?
7 Blema Israel nye dukɔ ɖeadzɔgbe na Mawu, eye le Se ƒe nubablaa nu la, Yehowa de nanewo asi na dukɔa wòle be woawɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele na ŋutsuwo katã be woaƒo ƒu ɖe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui etɔ̃ ɖuƒe, eye ne ŋutsu aɖe ɖoe koŋ gbe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu la, ‘wotsrɔ̃nɛ.’ (Mose IV, 9:13; Mose III, 23:1-43; Mose V, 16:16) Be Israel-viawo, amesiwo nye Mawu ƒe dukɔ ɖeadzɔgbea, nawɔ nusiwo wode wo si la, ele be woakpe ta hena subɔsubɔ. (Mose V, 31:10-13) Sea ƒe akpa aɖeke megblɔ be, ‘Wɔ nusia ne wòanya wɔ na wò ko’ o. Le nyateƒe me la, nya sia na kpekpeme gava le nya siwo Paulo gblɔ ŋu, be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Ẽ, ƒuƒoƒo kple haxɔsetɔwo edziedzi nye dɔ siwo Mawu de asi na Kristotɔ ɖeadzɔgbe la ƒe akpa aɖe.
Bu Wò Nyametsotsowo Ŋu Nyuie!
8. Nukatae wòle be sɔhɛ ɖeadzɔgbe nabu eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu gbedodoɖatɔe?
8 Ðewohĩ ènye sɔhɛ si ɖe adzɔgbe na Yehowa. Àkpɔ yayra geɖe ne ètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbeme. (Lododowo 10:22) To gbedodoɖa kple ɖoɖo nyui wɔwɔ me la, àte ŋu azã wò sɔhɛmenɔɣi ya teti le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe me—anye mɔ nyui aɖe si dzi nàto aɖee afia be èɖoa ŋku Wɔwòla Gã la dzi. Ne menye nenema o la, ŋutilãmenudidiwo ate wò ɣeyiɣi kple susu ƒe akpa gãtɔ xɔxɔ. Abe alesi wòle le ame geɖe gome ene la, àɖe srɔ̃ kaba akpa loo alo nàva nye fenyila esi nèdi be ŋutilãmenuwo nanɔ ye si fũ ta. Dɔwɔna si me ga le ate ŋu axɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le asiwò. Ne èva dzi vi la, ahiã be nàtsɔ ƒomegbanɔamedziwo ƒe geɖe. (Timoteo I, 5:8) Manye be ɖe nèŋlɔ Wɔwòla Gã la be ya o, gake anyo be nàdze sii be ɖoɖowɔwɔ kaba do ŋgɔ, alo emawɔmawɔ, afia alesi wò tsitsime anɔ. Ne èva ku amegã vɔ la, àtrɔ akpɔ megbe eye àbu be ɖe wòle be yeazã yeƒe ɖekakpuiŋkekewo bliboe le subɔsubɔ kɔkɔe me na mía Wɔla Gã la teti hafi. Nukata màdo gbe ɖa abu wò etsɔme ŋu fifi laa, ale be nàkpɔ dzidzeme le subɔsubɔdɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa le wò ɖekakpuiŋkekewo me o?
9. Nukae aganya wɔ na amesi tsɔ hamea me gbanɔamedzi kpekpewo tsã eye wòva zu ame tsitsi fifia?
9 Gabu nɔnɔme bubuwo ŋu kpɔ—eku ɖe ŋutsu si nye “Mawu ƒe alẽha” la kplɔla tsã ŋu. (Petro I, 5:2, 3) Le susu aɖewo ta la, eya ŋutɔ ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siawo ŋu. Enye nyateƒe be ezu ame tsitsi fifia, eye ɖewohĩ Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake ɖe wòanya wɔ be wòagado vevie axɔ teokrasi mɔnukpɔkpɔwoa? Yayra ka gbegbee nye si ŋutsu sia anye na ame bubuwo ne wògate ŋu tsɔ agbanɔamedzi geɖe le hamea me! Eye esi wònye ame aɖeke menɔa agbe na eɖokui ko o ta la, adzɔ dzi na xɔlɔ̃wo kple lɔlɔ̃tɔwo ne wògate ŋu dzi eƒe subɔsubɔdɔ ɖe dzi wònye kafukafu na Mawu. (Romatɔwo 14:7, 8) Vevietɔ wu la, Yehowa maŋlɔ nusi amesiame wɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me be o. (Hebritɔwo 6:10-12) Eyata nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi?
Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míaɖo Ŋku Mía Wɔla Gã la Dzi
10. Nukatae nyagblɔla la nye amesi su te nyuie ate ŋu ana mɔfiame mí le ŋkuɖoɖo mía Wɔla Gã la dzi me?
10 Nyagblɔla la su te nyuie ana mɔfiamewo mí le ŋkuɖoɖo mía Wɔla Gã la dzi me. Yehowa ɖo gbe siwo wòdo ɖa tso dzime la ŋu nɛ eye wòna nunya si tɔgbe mebɔ o lae. (Fiawo I, 3:6-12) Salomo lé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔnawo katã ŋu tsitotsito. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ nusiwo wòkpɔ la ɖi bene wòaɖe vi na ame bubuwo. Eŋlɔ be: “Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ efia sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo. Nyagblɔla la di nya viviwo be, yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe.”—Nyagblɔla 12:9, 10.
11. Nukatae wòle be míaxɔ Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le?
11 Alesi Helagbe me Septuagint gɔmeɖeɖea ɖe nya siawo gɔmee nye be: “Gakpe ɖe eŋu la, esi nyagblɔla la nye nunyala, le esi wòfia nunya ameƒomea; be to nase nyadzetowo tso lododowo me ta la, nyagblɔla la di nya viviwo kutrikukutɔe eye nya siwo woŋlɔ ɖi la le eteƒe—wonye nyateƒenyawo.” (The Septuagint Bible, si gɔme Charles Thomson ɖe) Salomo dze agbagba be yeatsɔ nya viviwo kple nya xɔasi siwo léa dzi na ame vavã aɖo yeƒe nyawo xlẽlawo ƒe dzi gbɔe. Esi eƒe nya siwo le Ŋɔŋlɔawo me nye nya siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãe wòŋlɔ ta la, míate ŋu axɔ nusiwo ŋu wòke ɖo kple eƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo ɖimakemakee.—Timoteo II, 3:16, 17.
12. Aleke nàgblɔ nya siwo Salomo gblɔ le Nyagblɔla 12:11, 12 le wò ŋutɔ wò nyagbewo mee?
12 Togbɔ be egbegbe ƒe agbalẽtamɔnuwo menɔ anyi le Salomo ŋɔli o hã la, agbalẽ gbogbo aɖewo nɔ anyi. Aleke wòle be woabu agbalẽ siawoe? Egblɔ be: “Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋù kple gatagbadzɛ, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu. Hekpe ɖe esia ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa [seɖoƒe] o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.”—Nyagblɔla 12:11, 12.
13. Aleke amesiwo si mawumenunya le ate ŋu anɔ abe ŋùwo ene, eye amekawoe le abe “gatagbadzɛ, siwo woƒo ɖe nu ene”?
13 Amesiwo si mawumenunya le ƒe nyawo le abe ŋù ene. Le mɔ ka nu? Woƒona ɖe nyaa xlẽlawo alo wo selawo be woaɖe zɔ awɔ nu ɖe nya siwo me nunya le siwo woxlẽ alo se la nu. Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo tsɔa dzo ɖe ‘nyagbe vovovowo’ alo nya siwo me nunya le eye wonye nyagbɔgblɔ siwo ŋu viɖe le vavã ŋu la le abe “gatagbadzɛ, si woƒo ɖe nu ene,” alo woli ke sesĩe. Aleae wòanɔ vavã elabena Yehowa ƒe nunya dzena le amesiawo ƒe nya nyuiawo me eyata woate ŋu ana wo xlẽlawo alo wo selawo nali ke eye wòakpe ɖe wo ŋu. Ne dzila Mawu-vɔ̃lae nènye la, ɖe mele be nàdze agbagba ɖesiaɖe be yeaku nunya sia tɔgbe ɖe viwò ƒe susu kple dzi me oa?—Mose V, 6:4-9.
14. (a) Agbalẽ kawo ƒomevi ‘sɔsrɔ̃ geɖe’ ŋue viɖe manɔ o? (b) Agbalẽ kawo ŋue wòle be míalé fɔ ɖo wu, eye nukatae?
14 Gake nukatae Salomo gblɔ nya mawo tso agbalẽwo ŋu? Nya lae nye be ne míetsɔ xexe sia ƒe agbalẽ gbogboawo sɔ kple Yehowa ƒe Nya la, amegbetɔ ƒe nukpɔsusu sɔŋ koe le xexeame tɔwo me. Nukpɔsusu siawo dometɔ geɖe nye Satana Abosam ƒe susu. (Korintotɔwo II, 4:4) Eyata xexemegbalẽ siawo ‘sɔsrɔ̃ geɖe’ maɖe vi boo aɖeke o. Le nyateƒe me la, wo sɔsrɔ̃ akpa ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me. Abe Salomo ene la, mina míade ŋugble le nya siwo Mawu ƒe Nya la gblɔ le agbe ŋu la ŋuti. Nusia wɔwɔ ado ŋusẽ míaƒe xɔse ahate mí ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Agbalẽ alo nufiamegbalẽ bubuwo xexlẽ akpa ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu. Vevietɔ ne xexemenunya si tsi tre ɖe mawumenunya ŋue le agbalẽ siawo me la, ke meganyo kura o, eye woate ŋu agblẽ Mawu kple eƒe tameɖoɖowo dzixɔxɔse me. Eyata mina míaɖo ŋku edzi be Salomo ŋɔli me gbalẽwo kple míaƒe ɣeyiɣia me tɔ siwo ɖea vi wue nye esiwo me ‘kplɔla ɖeka,’ si nye Yehowa Mawu, ƒe nunya dzena le. Ena agbalẽ 66 siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la mí, eye esiawo ŋue wòle be míalé fɔ ɖo wu ɖesiaɖe. Biblia kple “dɔla nuteƒewɔla” la ƒe agbalẽ siwo kpena ɖe ame ŋu wɔnɛ be ‘míedzea si Mawu.’—Lododowo 2:1-6.
Dɔ Siwo Katã Mawu De Mía Si
15. (a) Aleke nàɖe nya siwo Salomo gblɔ be “esia nye amegbetɔwo katã tɔ” mee? (b) Nukae wòle be míawɔ ne míedi be míawɔ dɔ siwo katã Mawu de mía si?
15 Esi nyagblɔla Salomo nɔ eƒe numekuku bliboa ta ƒom la, egblɔ be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 12:13, 14) Mía Wɔla Gã la vɔvɔ̃ le mɔ nyuitɔ nu, alo esosroɖa, akpɔ mía ta, eye míekpɔ mɔ be akpɔ míaƒe ƒomewo hã ta, tso bometsinu siwo ahe fukpekpe kple xaxa manyatalenuwo ava mía kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi me. Mawu-vɔvɔ̃ nyuitɔ dza eye eyae nye nunya kple sidzedze ƒe gɔmetoto. (Psalmo 19:10; Lododowo 1:7) Ne gɔmesese si nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi le mía si eye míetsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔ dɔe le nusianu me la, ke míanɔ ‘dɔ siwo katã Mawu de mía si la wɔm.’ Menye ɖe wòfia be míaŋlɔ dɔdasiawo ɖi ɖekaɖeka o. Ke boŋ nusi wòbiae nye be míadi mɔfiamewo le Ŋɔŋlɔawo me ne míele agbemekuxiwo gbɔ kpɔm eye míawɔ nu alesi Mawu dii ɣesiaɣi.
16. Nukae Yehowa awɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ gome?
16 Ele be wòanɔ nyanya na mí be naneke meli si le ɣaɣla ɖe mía Wɔla Gã la o. (Lododowo 15:3) ‘Ele nuwɔwɔwo katã he ge ava ʋɔnui.’ Ẽ, Dziƒoʋĩtɔ la adrɔ̃ ʋɔnu nusianu, adrɔ̃ ʋɔnu esiwo amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔ o hã. Nya siawo nyanya ate ŋu aʋã mí be míawɔ Mawu ƒe sededewo dzi. Gake ele be ameʋãnu gãtɔ kekeake nanye lɔlɔ̃ na mía Fofo si le dziƒo, elabena apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Eye esi wònye míaƒe nyonyo mavɔ tae Mawu de eƒe seawo ɖo ta la, menye ɖeko wòsɔ be míawɔ wo dzi o ke nunya le wo dzi wɔwɔ me hã nyateƒe. Esia menye agba na Wɔla Gã la lɔ̃lawo o. Wodi be yewoawɔ nusiwo wòdi tso yewo si.
Wɔ Wò Dɔwo Katã
17. Nukae míawɔ ne míedi vavã be míawɔ dɔ siwo katã Mawu de mía si?
17 Ne míedze nunya hedi nyateƒetɔe be míawɔ dɔ siwo katã Mawu de mía si, tsɔ kpe ɖe eƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu la, mawusosroɖa ƒe vɔvɔ̃ anɔ mía me eye míadi be míawɔ nu wòavee o. Le nyateƒe me la, “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto,” eye “gɔmesese nyui” le amesiwo wɔa eƒe sewo dzi la si. (Psalmo 111:10; Lododowo 1:7) Eyata mina míawɔ nu le nunya me ahase Yehowa ƒe gbe le nusianu me. Esia wɔwɔ le vevie wu fifia, elabena Fia Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi enye esia, eye ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si dzi wòanye Mawu ƒe Ʋɔnudrɔ̃la tiatia si adrɔ̃ ʋɔ̃nu la gogo.—Mateo 24:3; 25:31, 32.
18. Ne míewɔ dɔ siwo katã Yehowa Mawu de mía si la, nukae míakpɔ tso eme?
18 Mawu le ŋku lém ɖe mí katã ŋu fifia. Ðe míetsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua, alo ɖe míeɖe mɔ be xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo gblẽ ƒomedodo si le mía kple Mawu dome la mea? (Korintotɔwo I, 2:10-16; Yohanes I, 2:15-17) Ðeviwo alo ame tsitsiwoe míeɖanye o, mina míawɔ nusianu si míate ŋui be míadze mía Wɔla Gã la ŋu. Ne míeɖo to Yehowa hewɔ eƒe sededewo dzi la, míatsri xexe sia si nu va le yiyim la ƒe yakanuwo. Ekema mɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ mía si be míanɔ agbe mavɔ le nuɖoanyi yeye si ŋugbe Mawu do la me. (Petro II, 3:13) Mɔkpɔkpɔ nyui kawo gbegbee nye si wònye na amesiame si wɔ dɔ siwo katã Mawu de esi lae!
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukata nàgblɔ be nusianu menye tofloko o?
◻ Nukata wòle be Kristotɔ sɔhɛ nabu eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu gbedodoɖatɔe?
◻ Agbalẽ kawo ƒomevi ‘sɔsrɔ̃ geɖe’ ŋue viɖe manɔ o?
◻ Nukae nye “amegbetɔwo katã tɔ”?
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Nusianu menye tofloko na amesiwo subɔa Yehowa o
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
To vovo na xexe sia ƒe agbalẽ gbogboawo la, Mawu ƒe Nya la tua ame ɖo eye wòɖea vi
-