Ele Be Amesiame Nabu Akɔnta Na Mawu
“Mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—ROMATƆWO 14:12.
1. Seɖoƒe kawoe woɖo na ablɔɖe si nɔ Adam kple Xawa si?
YEHOWA MAWU wɔ mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le. Togbɔ be wobɔbɔ ɖe anyi wu mawudɔlawo hã la, wonye nuwɔwɔ nyanu siwo ate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo. (Psalmo 8:5, 6) Gake ablɔɖe ma si Mawu na wo la mefia be woaɖo nu na wo ɖokui o. Ele be woabu akɔnta na wo Wɔla, eye akɔntabubu sia keke ta va ɖo woƒe dzidzimeviwo katã dzi.
2. Akɔnta kae Yehowa abia kpuie, eye nukatae?
2 Fifia si míeɖo nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu keŋkeŋ vɔ la, Yehowa abia akɔnta le anyigba dzi. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 9:28.) Eteƒe madidi o ame mavɔ̃mawuwo abu akɔnta na Yehowa Mawu le anyigba ƒe dzɔdzɔmenuwo gbegblẽ, amegbetɔ ƒe agbe tsɔtsrɔ̃, kple vevietɔ esubɔlawo yometiti ŋu.—Nyaɖeɖefia 6:10; 11:18.
3. Biabia kawo mee míadzro?
3 Esi nya vevi sia le susu me na mí la, anyo be míade ŋugble le alesi Yehowa wɔ nu kple eƒe nuwɔwɔwo le dzɔdzɔenyenye me va yi ŋu. Aleke Ŋɔŋlɔawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋutɔwo ŋui be míabu akɔnta na mía Wɔla la wòadze eŋu? Kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu, eye kawoe mele be míasrɔ̃ o?
Mawudɔlawo Bua Akɔnta
4. Aleke míewɔ nya be Mawu biaa akɔnta mawudɔlawo le woƒe nuwɔnawo ŋu?
4 Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo le dziƒo bua akɔnta nɛ abe míawo ke ene. Hafi Tsiɖɔɖɔa nava le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla aɖewo tsɔ tosesẽ do amegbetɔŋutilã bene woadɔ kple nyɔnuwo. Esi tiatiawɔblɔɖe le gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo si ta la, wowɔ nyametsotso sia, gake Mawu bia akɔnta wo. Esi mawudɔla maɖotoawo trɔ yi gbɔgbɔmenutome la, Yehowa meɖe mɔ na wo wogaxɔ nɔƒe si wonɔ tsã o. Nusrɔ̃la Yuda gblɔ na mí be “wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”—Yuda 6.
5. Aleke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dze anyii, eye aleke woakpɔ woƒe aglãdzedze ƒe akɔntabubua gbɔe?
5 Satana Abosam ye le mawudɔla alo gbɔgbɔ vɔ̃ maɖoto siawo dzi ɖum. (Mateo 12:24-26) Mawudɔla vɔ̃ɖi sia dze aglã ɖe Ewɔla ŋu hetɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze. Satana kplɔ mía dzila gbãtɔwo de nuvɔ̃ me, eye esia na wova ku mlɔeba. (Mose I, 3:1-7, 17-19) Togbɔ be le ema megbe Yehowa ɖe mɔ Satana gena ɖe dziƒoʋakɔwo dome vaseɖe ɣeyiɣi aɖe hã la, Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔe ɖi be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woatsɔ vɔ̃ɖitɔ sia aƒu gbe ɖe anyigba dzi nutowo me. Ðaseɖiɖiwo fia be nusia dzɔ esime Yesu Kristo xɔ Fiaɖuƒeŋusẽ le ƒe 1914 megbe kpuie. Mlɔeba la, woatsrɔ̃ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖikaa. Ne wokpɔ dziɖulanyenye ƒe nya la gbɔ keŋkeŋ la, ke aglãdzedze ŋuti akɔntabubua hã awu nu le dzɔdzɔenyenye me.—Hiob 1:6-12; 2:1-7; Nyaɖeɖefia 12:7-9; 20:10.
Mawu ƒe Vi la Bua Akɔnta
6. Aleke Yesu kpɔ akɔnta si wòabu na Fofoae?
6 Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ɖo! Yesu nye ame deblibo si nɔ tasɔsɔ me kple Adam eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye eƒe dzidzɔ. Edzɔ dzi nɛ hã be woabia akɔnta ye le Yehowa ƒe se dzi wɔwɔ ŋu. Hakpala la gblɔe ɖi le eŋu wòsɔ be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.”—Psalmo 40:9; Hebritɔwo 10:6-9.
7. Nukatae Yesu te ŋu gblɔ nya siwo le Yohanes 17:4, 5 esime wònɔ gbe dom ɖa le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me?
7 Togbɔ be wotsi tre ɖe Yesu ŋu vevie hã la, ewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu helé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me le fuwɔameti ŋuti. Eto esia me xe tafea bene wòaɖe ameƒomea tso ku si Adam ƒe nuvɔ̃ he vɛ me. (Mateo 20:28) Ale Yesu te ŋu do gbe ɖa kakaɖedzitɔe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be: “Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si nètsɔ nam, be mawɔ la nu. Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.” (Yohanes 17:4, 5) Yesu te ŋu gblɔ nya mawo na Fofoa si le dziƒo elabena enɔ akɔntabubu ƒe dodokpɔa me tom dzidzedzetɔe eye Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.
8. (a) Aleke Paulo ɖee fiae be ele be míabu akɔnta le mía ɖokui ŋuti na Yehowa Mawu? (b) Nukae akpe ɖe mía ŋu be Mawu naxɔ mí?
8 Míede blibo abe Yesu Kristo ame deblibo la ene o. Gake míabu akɔnta na Mawu. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mí katã míava nɔ tsitre ɖe [Mawu, NW] ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Metà nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.’” Yehowae gblɔe. “Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:10-12) Be míate ŋu awɔ ema wòadze Yehowa ŋu la, ena dzitsinya kple eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la mí lɔlɔ̃tɔe bene woafia mɔ mí le nya si míegblɔna kple nusi míewɔna me. (Romatɔwo 2:14, 15; Timoteo II, 3:16, 17) Gbɔgbɔ me mɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ la ŋudɔwɔwɔ bliboe kple toɖoɖo míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee akpe ɖe mía ŋu be Mawu naxɔ mí. (Mateo 24:45-47) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, nye ŋusẽ kple mɔfiame tsoƒe bubu. Ne míedzea gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia yome eye míewɔna ɖe míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee ƒe mɔfiame dzi la, míaɖee afia be ‘míedoa vlo Mawu,’ amesi míabu akɔnta na le míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe ŋu la ‘o.’—Tesalonikatɔwo I, 4:3-8; Petro I, 3:16, 21.
Dukɔwo Bu Akɔnta
9. Amekawoe nye Edomtɔwo, eye nukae dzɔ ɖe wo dzi le nusi wowɔ Israel ta?
9 Yehowa biaa akɔnta dukɔwo. (Yeremya 25:12-14; Zefanya 3:6, 7) Bu blema Edom-fiaɖuƒe si nɔ Dzeƒua ƒe anyiehe kple Aqaba Ƒukɔme ƒe dziehe gome ŋu kpɔ. Edomtɔwo nye Sem ƒe dzidzimevi siwo do ƒome kplikplikpli kple Israel-viwo. Togbɔ be Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Esau ye nye Edomtɔwo tɔgbui hã la, wogbe be Israel-viwo nagato Edom ƒe “mɔ gã” dzi esime wova yina Ŋugbedodonyigba la dzi o. (Mose IV, 20:14-21) Le ƒe alafawo me la, Edom ƒe dzikuléleɖedɔme tsi va zu fu wòlé Israel-viwo vevie. Mlɔeba Edomtɔwo va bu akɔnta le esi woƒoe ɖe Babilontɔwo nu wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ta. (Psalmo 137:7) Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la, Fia Nabonido nɔ Babilon-ʋakɔwo nu wova ɖu Edom dzi, eye wòzu aƒedo abe alesi Yehowa gblɔe ene.—Yeremya 49:20; Obadya 9-11.
10. Aleke Moab-viwo wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋui, eye aleke Mawu bia akɔnta Moab?
10 Eme menyo na Moab hã o. Moab-fiaɖuƒea nɔ Edom ƒe dziehe kple Dzeƒua ƒe ɣedzeƒe gome. Hafi Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigba dzi la, Moabitɔwo menyo dɔme na wo o, edze ƒã be wodzra abolo kple tsi na wo. (Mose V, 23:4, 5) Moab-fia Balak da nyagblɔɖila Bileam be wòaƒo fi ade Israel, eye wona Moab-nyɔnuwo ble Israel-ŋutsuwo de agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ me. (Mose IV, 22:2-8; 25:1-9) Gake Yehowa kpɔ alesi Moab lé fu Israel. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, Babilontɔwo wɔ Moab aƒedoe. (Yeremya 9:24, 25; Zefanya 2:8-11) Ẽ, Mawu bia akɔnta Moab.
11. Moab kple Amon va zu abe du kawo ene, eye nukae Biblia me nyagblɔɖiwo fia le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ŋu?
11 Menye Moab koe bu akɔnta na Mawu o ke Amon-viwo hã bui. Yehowa gblɔe ɖi be: “Ne Moab mazu abe Sodom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee.” (Zefanya 2:9) Wotsrɔ̃ Moab kple Amon nyigbawo abe alesi Mawu tsrɔ̃ Sodom kple Gomora duwoe ene. Le London Anyigbaŋutinunya Habɔbɔ ƒe nya nu la, numekulawo gblɔ be yewoke ɖe afisi Sodom kple Gomora ƒe dudowo le ŋu le Dzeƒua ƒe ɣedzeƒeƒuta. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzi koe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le siwo ɖewohĩ woagakpɔ le nya sia ŋu la aɖo kpee, si afia be Yehowa Mawu abia akɔnta nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia hã.—Petro II, 3:6-12.
12. Togbɔ be Israel bu akɔnta le eƒe nuvɔ̃wo ŋu na Mawu hã la, nya kae wogblɔ ɖi le Yudatɔ susɔeawo ŋu?
12 Togbɔ be Yehowa ve Israel nu ŋutɔ hã la, ebu akɔnta le eƒe nuvɔ̃wo ŋuti na Mawu. Esi Yesu Kristo va Israel-dukɔa gbɔ la, ame akpa gãtɔ gbee. Wo dometɔ ʋee aɖewo siwo susɔ koe xɔe se heva zu eyomedzelawo. Paulo zã nyagblɔɖi aɖewo ɖe Yudatɔ susɔe siawo ŋu esime wòŋlɔ be: “Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: ‘Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la; elabena Aƒetɔ la awu nya la nu kaba le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso nya la me kpuie le anyigba dzi.’ Eye abe alesi Yesaya gblɔ nya ɖi ene bena: ‘Ðe menye Aƒetɔ Zebaot ye susɔ ƒome ɖi na mí o la, anye ne míetrɔ zu abe Sodom ene, eye míaɖi Gomora.’” (Romatɔwo 9:27-29; Yesaya 1:9; 10:22, 23) Apostolo la ƒo nu tso ame 7,000 siwo mede ta agu na Baal le Eliya ƒe ŋkekeawo me o ƒe kpɔɖeŋu ŋuti, eye wògblɔ be: “Azɔ nenema ke egbe ŋkeke siawo me hã susɔewo susɔ ɖi le amenuveve ƒe tiatia la nu.” (Romatɔwo 11:5) Ame susɔe mawoe nye ame ɖekaɖeka siwo bu akɔnta na Mawu.
Ame Ŋutɔ ƒe Akɔntabubu ƒe Kpɔɖeŋuwo
13. Nukae dzɔ ɖe Kain dzi esime Mawu bia akɔntae le esi wòwu nɔvia Habel ta?
13 Biblia ƒo nu tso ame ŋutɔ ƒe akɔntabubu na Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋu geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Adam viŋutsu gbãtɔ Kain ŋu kpɔ. Eya kple nɔvia Habel wosa vɔ na Yehowa. Mawu xɔ Habel ƒe vɔsa gake mexɔ Kain tɔ o. Esi wobia gbe Kain le esi wòtsɔ tamesesẽ wu nɔvia la, egblɔ na Mawu dzimesesẽtɔe be: “Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?” Le Kain ƒe nuvɔ̃a ta wonyãe “wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.” Meɖe dzimetɔtrɔ vavã aɖeke fia ɖe eƒe hlɔ̃dodo ta o, to si wohe nɛ si wòdze na koe vee.—Mose I, 4:3-16.
14. Aleke wowɔ ame ŋutɔ ƒe akɔntabubu na Mawu ƒe kpɔɖeŋui le nunɔlagã Eli kple viaŋutsuawo gome?
14 Ame ŋutɔ ƒe akɔntabubu na Mawu ƒe kpɔɖeŋu dze le Israel-nunɔlagã Eli hã gome. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be via ŋutsu eveawo, Xofni kple Penexas, wonye nunɔlawo gake ‘wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu, womevɔ̃a Mawu o, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi ɖesiaɖe ƒomevi.’ ‘Ame vlo’ siawo mebu Yehowa ɖe ɖeke me o, womede bubu nu kɔkɔewo ŋu o, eye wonɔ agbe gbegblẽ vɔ̃ɖitɔ. (Samuel I, 1:3; 2:12-17, 22-25) Esi Eli nye wo fofo kple Israel-nunɔlagã ta la, eƒe dɔe wònye be wòahe to na wo, gake ɖeko wògbe nya na wo kple gbe bɔbɔe. Eli ‘yi edzi bu viawo wu Yehowa.’ (Samuel I, 2:29) Wohe to na Eli ƒe aƒea. Ŋutsuvi eveawo kple wo fofo ku le ŋkeke ɖeka dzi, eye woɖe woƒe nunɔlanyenye ƒe ɖoƒea ɖa keŋkeŋ mlɔeba. Ale wɔ wokpɔ nya la gbɔ keŋ.—Samuel I, 3:13, 14; 4:11, 17, 18.
15. Nukata woɖo eteƒe na Fia Saul ƒe vi Yonatan?
15 Fia Saul ƒe vi Yonatan ɖo kpɔɖeŋu si to vovo kura. Esi Dawid wu Goliat megbe kpuie la, “Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan” vevie, eye wobla nu be yewoazu xɔlɔ̃wo. (Samuel I, 18:1, 3) Anɔ eme be Yonatan kpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, gake eya ŋutɔ ƒe dzotsɔtsɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu nu mefa o. (Samuel I, 16:14) Yonatan ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋusẽ si Mawu na Dawid ŋu megbɔdzɔ gbeɖe o. Yonatan kpɔe be ele be yeabu akɔnta na Mawu, eye Yehowa ɖo eteƒe nɛ le afɔ nyui si wòɖe ta le esi wòkpɔ egbɔ be eƒe dzidzimeviwo nɔ anyi dzidzime geɖe.—Kronika I, 8:33-40.
Akɔntabubu le Kristo-hamea Me
16. Amekae nye Tito, eye nukata míate ŋu agblɔ be ebu akɔnta nyui le eɖokui ŋuti na Mawu?
16 Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kafu ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo bu akɔnta nyui le wo ɖokui ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, Helatɔ Kristotɔ aɖe nɔ anyi si ŋkɔe nye Tito. Wogblɔ be ezu Kristotɔ esime Paulo wɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ yi Kipro. Esi ɖewohĩ Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ siwo tso Kipro nɔ Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi ta la, anye be Kristotɔnyenye ɖo ƒukpoa dzi le emegbe kpuie. (Dɔwɔwɔwo 11:19) Ke hã la, Tito nye Paulo ƒe hadɔwɔla wɔnuteƒeawo dometɔ ɖeka. Ezɔ kple Paulo kpakple Barnaba woyi Yerusalem anye le ƒe 49 M.Ŋ. me esime wova kpɔ aʋatsotso ƒe nya vevi la gbɔ. Aʋamatsomatsotɔ si Tito nye na kpekpeme gaɖo nya si Paulo gblɔ be mele be trɔ̃subɔla-zu-Kristotɔwo nanɔ Mose ƒe Sea te o ŋu. (Galatiatɔwo 2:1-3) Woɖi ɖase le subɔsubɔdɔ nyui si Tito wɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo me, eye Paulo ŋlɔ lɛta si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me ɖo ɖee gɔ̃ hã. (Korintotɔwo II, 7:6; Tito 1:1-4) Edze ƒã be Tito yi edzi bu akɔnta nyui le eɖokui ŋuti na Mawu vaseɖe eƒe anyigbadzidɔwɔwɔ ƒe nuwuwu ke.
17. Akɔnta kae Timoteo bu le eɖokui ŋu, eye aleke kpɔɖeŋu sia ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzii?
17 Timoteo hã nye veviedonula bubu si bu akɔnta le eɖokui ŋuti na Yehowa Mawu wòdze eŋu. Togbɔ be dɔlényawo ɖe fu na Timoteo hã la, eɖe ‘xɔse si me alakpa aɖeke mele o la’ fia eye ‘wòsubɔ kple Paulo le nyanyuia kaka me.’ Eyata apostoloa gblɔ na nɔvi Kristotɔwo le Filipi be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple [Timoteo tɔ], amesi alé be na mi le nyateƒe me la o.” (Timoteo II, 1:5; Filipitɔwo 2:20, 22; Timoteo I, 5:23) Togbɔ be amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dodokpɔ bubuwo li hã la, xɔse si me alakpa mele o ate ŋu anɔ míawo hã si eye míate ŋu abu akɔnta le mía ɖokui ŋuti na Mawu wòadze eŋu.
18. Amekae nye Lidia, eye nɔnɔme kae wòɖe fia?
18 Lidia nye nyɔnu mawuvɔ̃la si edze ƒã be ebu akɔnta nyui le eɖokui ŋuti na Mawu. Eya kple eƒemetɔwo nɔ ame gbãtɔ siwo xɔ Kristotɔnyenye le Europa, le dɔ si Paulo va wɔ le Filipi le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo ta dome. Lidia nye Tiatiratɔ eye anɔ eme be trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔe wònye, gake ɖewohĩ Yudatɔ ʋee aɖewo koe nɔ Filipi eye ƒuƒoƒe aɖeke menɔ anyi o. Eya kple nyɔnu mawuvɔ̃la bubuwo kpe ta ɖe tɔsisi aɖe to hafi Paulo ƒo nu na wo. Esia na Lidia zu Kristotɔ eye ezi Paulo kple eƒe zɔhɛwo dzi be woava nɔ ye gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 16:12-15) Amedzrowɔwɔ si Lidia ɖe fia kpɔtɔ nye Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe.
19. Dɔ nyui kawo mee Tabita bu akɔnta nyui le eɖokui ŋu na Mawu le?
19 Tabita hã nye nyɔnu si bu akɔnta nyui le eɖokui ŋuti na Yehowa Mawu. Esi wòku la, Petro yi Yope esi nusrɔ̃la siwo nɔ afima yɔe be wòava. Ŋutsu eve siwo yi ɖakpe Petro la “[kplɔe] yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo [Tabita] tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.” Wogbɔ agbe Tabita. Gake eƒe dɔmenyowɔwɔ lɔlɔ̃tɔe ta koe woaɖo ŋku edzi ɖoa? Ao. ‘Nusrɔ̃lae’ wònye, eye míeka ɖe edzi be eya ŋutɔ hã wɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔ la. Nenema ke nyɔnu Kristotɔ siwo li egbea hã ‘yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonyo.’ Dzi dzɔa woawo hã be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo bliboe.—Dɔwɔwɔwo 9:36-42; Mateo 24:14; 28:19, 20.
20. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?
20 Biblia ɖee fia kɔte be ele be dukɔwo kple ame ɖekaɖekawo nabu akɔnta na Ŋusẽkatãtɔ Aƒetɔ Yehowa. (Zefanya 1:7) Ne míeɖe adzɔgbe na Mawu la, ke míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Aleke mebua mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi siwo Mawu nam lae? Akɔnta ka tɔgbe bum mele le ɖokuinye ŋuti na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo?’
Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?
◻ Aleke nàɖo kpe edzii be mawudɔlawo kple Mawu ƒe Vi hã bua akɔnta na Yehowa?
◻ Biblia me kpɔɖeŋu kawoe li siwo fia be Mawu biaa akɔnta dukɔwo?
◻ Nya kae Biblia gblɔ le ame ŋutɔ ƒe akɔntabubu na Mawu ŋu?
◻ Amesiwo Biblia yɔ be wobu akɔnta nyui na Yehowa Mawu dometɔ aɖewo ɖe?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Yesu Kristo bu akɔnta nyui le eɖokui ŋuti na Fofoa si le dziƒo
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Abe Tabita ene la, nyɔnu Kristotɔwo bua akɔnta nyui le wo ɖokui ŋu na Yehowa Mawu egbea
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]
Habel ƒe ku/The Doré Bible Illustrations/Dover Publications, Inc.