INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/1 axa 25-28
  • Akpedada Yɔ Nye Dzime Gba Go

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akpedada Yɔ Nye Dzime Gba Go
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpedada ɖe Kpɔɖeŋu Nyuiwo Ta
  • Alesi Meva Nɔ Nyateƒea ƒe Akpa Dzii
  • Akpedada ɖe Nye Subɔsubɔdɔa Ta
  • Kpeɖeŋutɔ Nuteƒewɔla aɖe Kpɔkpɔ
  • Akpedada ɖe Míaƒe Anyinɔnɔ Ðekae Ta
  • Ƒe Blaadre Ye Nye Esia Melé Yuda Ŋutsu Ðeka Ƒe Awu Toga
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Fofonye Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Kpɔɖeŋu la
    Nyɔ!—1994
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyemedzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/1 axa 25-28

Akpedada Yɔ Nye Dzime Gba Go

ABE ALESI JOHN WYNN GBLƆE ENE

Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo yiyi medzɔa dzi nam kura o! Meɖonɛ koŋ gblɔna be dɔme alo ta le duyem—media nya sia nya ko gblɔna ale be matsi anyi. Gake alesi danye ƒe asi sẽna ɖe dzinye na nye lãme kɔna kaba ɣesiaɣi, eye kaka makpɔ ko nyee nye ma le kilometa etɔ̃ ƒe mɔ zɔm kplii yina Fiaɖuƒe Akpata me, eye menɔa to ɖom ne ele Mawu ƒe Nya la me dzrom kple eƒe zɔhɛ tsitsi aɖe.

ESIA fia nu vevi aɖem: Mele be dzilawo nadzudzɔ afɔ tete ɖe to lɔlɔ̃tɔe, le nusi dzɔ le Mawu ŋkume wɔwɔ ŋu gbeɖe o. (Lododowo 29:15, 17) Mele be woaŋlɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míagagblẽ míaƒe ƒuƒoƒo ɖekae ɖi o’ la be gbeɖe o. (Hebritɔwo 10:25) Ne metrɔ kpɔ agbe si menɔ la, aleke gbegbe medaa akpee nye si be danye na mewɔ nusi de dzinye wu!

Akpedada ɖe Kpɔɖeŋu Nyuiwo Ta

Togbɔ be dzimaxɔsetɔe fofonye nye hã la, eɖe mɔ ɖe Dada ƒe dzixɔsewo ŋu esime wòva zu Biblia Nusrɔ̃vi, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ene. Le ƒe 1913 me la, eyi ɖase nuƒo si ƒe tanyae nye “Le Yɔdoa Godo,” si Charles T. Russell si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ ƒo. Gake etsi megbe hafi va ɖo, eye zikpuiawo katã dzi yɔ. Eyata wona woa kple megbetsila bubuwo wova nɔ afisi gogo nuƒolanɔƒea, le Kplɔla Russell xa tututu. Nuƒo ma wɔ dɔ ɖe edzi vevie. Wotae ɖe afima nyadzɔdzɔgbalẽ me ŋkeke eveagbe, eye ɖeka nɔ esi wòxlẽna enuenu.

Le kpekpea megbe la, Dada tsɔ agbalẽ kakɛ aɖe si dzi eƒe ŋkɔ le na, eye eteƒe medidi o Biblia Nusrɔ̃vi aɖe va egbɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva te trakt siwo wotu ɖe Biblia dzi mamã tso aƒeme yi aƒeme le mía de Gloucester, England. Tso esime mía kple nɔvinyenyɔnu eve míenɔ sue la, mía kple Dada míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa.

Esime Harry Francis si nye Biblia Nusrɔ̃vi veviedola aɖe ʋu va Gloucester la, Dada xɔe vividoɖeameŋutɔe. Eteƒe medidi o eva tsɔ ɖe le menye vevie, eye eƒe dzideƒoname nye nusi hã na emegbe meva zu mɔɖela, abe alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe ene. Nɔviŋutsu Francis ƒe kpɔɖeŋu fia nu vevi aɖem: Ele be ame tsitsiwo nadi mɔ siwo dzi woato ade dzi ƒo na ɖeviwo ɣesiaɣi.

Esime danye va zu Biblia Nusrɔ̃vi la, ame bubuwo hã wɔ afɔɖeɖe ma le Gloucester. Gake hamemegã aɖewo siwo nɔ hamea me va nɔ wo ɖokui kpɔm akpa, eye klass—abe alesi woyɔa hamea ɣemaɣi ene—la me tɔwo te amewo yomedzedze. Le kpekpe aɖe me la, ame aɖewo nɔ asi tɔm Dada ƒe dzime, eye wonɔ eƒom ɖe enu be wòado asi ɖe dzi atsɔ ade hamemegã aɖewo dzi le wo tiaɣi. Gake Dada kpɔe be womenɔ kpɔɖeŋu nyui ɖom o, eye meɖe mɔ wodo vɔvɔ̃ nɛ o. Ɣemaɣi, le ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la, ame geɖe ge eye womegazɔa nyateƒea ƒe mɔ dzi o. (Petro II, 2:2) Ke hã Dada medzudzɔ habɔbɔa dzi dede nuteƒewɔwɔtɔe o eye wòto esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi nam.

Alesi Meva Nɔ Nyateƒea ƒe Akpa Dzii

Mlɔeba le June 1939, esime mexɔ ƒe 18 la, mexɔ nyɔnyrɔ le Severn Tɔsisia me. Woɖom nuƒomɔ̃dzikpɔla hã le ƒe ma me. Le ŋkeke mawo me la, míezãa nuƒomɔ̃ gã aɖe si gblɔa gbedasi si nye “Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃tetre Kple Ameflunu” la wòɖina sesĩe le dugbadzadzi. Nusi ŋu míelé fɔ ɖo ɣemaɣi koŋ ye nye nukoklo le Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ kple alakpanufiafiawo dzi.

Ɣeaɖeɣi menɔ ŋgɔ míetsɔ avɔ si ƒe axa ɖeka dzi míeŋlɔ ɖo be “Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃tetre Kple Ameflunu” eye míeŋlɔ ɖe akpa kemɛa be “Subɔ Mawu Kple Kristo Fia La” lɔ gbɔe. Sɔvi aɖe si ƒe axa eveawo míebla dutoƒonuƒoa ƒe boblodogbalẽgãwo ɖo la kplɔ mí ɖo. Nukpɔkpɔ kae nye si gbɔlɔlɔ ma anye le Gloucester-dugã si me ame geɖe dzɔa dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la me!

Togbɔ be ganya sesẽ le aƒeme hã la, Dada de dzi ƒo nam be mazu mɔɖela. Eyata le September 1939 me le Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedze la, meva ɖo nye mɔɖeɖedɔ ƒe dɔdasi gbãtɔ me le Leamington, si nye duvi aɖe le Warwickshire. Osɔfo geɖe siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me la nɔ dua me.

Agbaƒomɔ̃ si mekpena o ye míezã le míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa me, eye míeƒoa agba siwo dzi Joseph F. Rutherford si nye Watch Tower Bible and Tract Society ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ƒe nuƒowo nɔ. Gake míaƒe nuƒomɔ̃ (si míete ŋu ƒona na ameha gbogbowo) la ya kpena ŋutɔ, eye vidzĩkeke dzie míetsɔnɛ ɖo. Ɣeaɖewoɣi osɔfo siwo míaƒe gbedasi si kloa nu le alakpasubɔsubɔ ŋu do dziku na la nyãa mí le woƒe aƒewo gbɔ. Gake dzi meɖe le mía ƒo o. Yehowa yra ɖe míaƒe dɔa dzi, eye egbea hame si me Ðasefo siwo wu alafa ɖeka le lae le Leamington.

Le ƒe 1941 me esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, meʋu yi Wales, afisi mewɔ mɔɖeɖedɔa le le du siwo nye Haverfordwest, Carmarthen, kple Wrexham me. Esi menye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ta la, woɖe mɔ be magawɔ asrafodɔ o, gake amewo mese míaƒe akpaɖekedzimademade me o. Esia na wogblɔ be ŋkutsalawo alo futɔdzidelawoe mía kple zɔhɛnye míenye. Gbeɖeka zã me la, kpovitɔwo va ƒo xlã míaƒe aƒe si ʋu hena la. Nye zɔhɛ, amesi gbɔ tso eƒe akalɔlɔdɔ wɔƒe la, do ta ɖe xexe be yeakpɔ amesi le afima. Aka wɔ ɖe eƒe ŋkume, eye ewɔ na kpovitɔwo be ɖe wòdzra ɖo be yeakpe aʋa kple yewo. Eva hiã be míaɖe nusita wòdzɔ nenema la me na wo!

Woyra mí geɖe ŋutɔ le míaƒe dɔdasia wɔƒe. Gbeɖeka esi míenɔ Carmarthen la, John Barr si tso alɔdzedɔwɔƒe le London (enye Dziɖuha la me tɔ fifia) va srã mí kpɔ hetu mí ɖo. Gbeƒãɖela ʋee aɖewo koe nɔ Carmarthen ɣemaɣi; fifia wowu ame alafa ɖeka. Hame etɔ̃e le Wrexham fifia, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye nyitsɔ laa mekɔ Fiaɖuƒe Akpata nyui aɖe ŋu le Haverfordwest.—Korintotɔwo I, 3:6.

Akpedada ɖe Nye Subɔsubɔdɔa Ta

Esi míenɔ Swansea, Anyiehe Wales la, womeɖe mɔ na nye zɔhɛ Don Rendell be wòagbe asrafodɔ wɔwɔ o. Wodee gaxɔ me togbɔ be eɖe eme be yeƒe dzitsinya maɖe mɔ na ye yeayi aɖawɔ aʋa kple hati Kristotɔ siwo le dukɔ bubuwo me o hã. (Yesaya 2:2-4; Yohanes 13:34, 35) Be made dzi ƒo nɛ ahaɖi ɖase na aƒelikawo la, metsɔ nuƒomɔ̃ la yi afisi te ɖe gaxɔa ŋu eye meƒo agba siwo dzi wolé Biblia me nuƒowo ɖo.

Gake esia medzɔ dzi na afima nyɔnuwo o eye wotsɔ kuku tsa le amewo dzi dzɔ ga be woatsɔ ana asrafowo be woaƒo mía kple zɔhɛnye. Míedzo le afima hesi kple du alesi míate ŋui—menɔ keke si dzi nuƒomɔ̃a le hã tutum—henɔ didim be míava be ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me. Gake esi míeɖo afima la, enɔ dodo! Kpovitɔwoe va le ɣeyiɣia dzi tututu va xɔ na mí si na míexɔ ƒoƒo sesẽ ma o.

Edze ƒã be ame geɖe va se nusi dzɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe esi menɔ gbeƒã ɖem le dukɔa me le afisi te ɖe Swansea ŋu la, ŋutsu aɖe gblɔ tsɔ de dzinye be: “Miawoe le Kristotɔnyenye ƒe akpa dzi, abe Swansea-ɖekakpui si hã ɖe gbeƒã eƒe dzixɔse eye wòva hiã be wòasi akpɔ eɖokui ta la ene.” Aleke gbegbe wòwɔ nuku nɛ enye si esi wòse be nyee nye ɖekakpui ma!

Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ mebɔbɔ le aʋaƒe mawo me o. Xexemenu geɖe menɔ mía si o, gake míekpɔ ŋudzedze ɖe nusi nɔ mía si ŋu hezãe. Míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu edziedzi ɣesiaɣi, eye kpekpe aɖeke meto mía ŋu gbeɖe o, negbe ne míedze dɔ. Meƒle gasɔ xoxo aɖe, eye míena wowɔ kusi gã aɖewo ɖe edzi na mí míetsɔa agbaƒomɔ̃ kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe wo me. Ɣeaɖewoɣi la, medoa gasɔa wòdea kilometa 80 ŋkeke ɖeka! Mewɔ mɔɖeɖedɔa wòde ƒe adre eye megatsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku ŋkeke mawo dzi.

Le ƒe 1946 me esime Xexemeʋa II ke megbe la, woyɔm be mava wɔ dɔ le Betel, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe le dukɔ siwo me wole me. Ɣemaɣi míaƒe Betel nɔ 34 Craven Terrace si do liƒo kple London Tabernacle. Mese vivi le hadede kple ame tsitsi siwo nɔ afima me, siwo ƒe ɖewoe nye Alice Hart, si woxɔ se be fofoa Tom Hart ye nye Ðasefo gbãtɔ le England.

Kpeɖeŋutɔ Nuteƒewɔla aɖe Kpɔkpɔ

Le ƒe 1956 me la, medzo le Betel yi ɖaɖe Etty, si nye mɔɖela aɖe si medo goe esime wòtso Netherlands va nɔvianyɔnu tsitsitɔ si nɔ London ɣemaɣi la srã ge kpɔ. Le aʋa la ƒe nuwuwu lɔƒo la, Etty fia nuŋlɔmɔ̃ƒoƒo kple nuŋɔŋlɔtotoɖeme le dɔfiasuku aɖe le Tilburg, le Netherlands ƒe anyiehe gome. Gbeɖeka nufiala bubu aɖe do gasɔ kplii va aƒeme be yeakpɔ egbɔ be eɖo aƒeme dedie. Roma Katolikotɔe wònye. Esime wòva ɖo la, eɖo dze kple Etty dzila siwo nye Protestanttɔwo. Wova zu xɔlɔ̃wo, eye nufiala la ɖia tsa vaa woƒe aƒeme edziedzi.

Le aʋa la ƒe keke megbe kpuie la, nufiala sia va Etty ƒe aƒeme nɔ ɣli dom be, “Meke ɖe nyateƒea ŋu!”

Etty fofo ɖo eŋu nɛ be: “Esime nènye Roma Katolikotɔ la, mebu be ɖe nèbe miawo sie nyateƒea le!”

Eɖo eŋu kple dzidzɔ be: “Ao! Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le!”

Wozã fiẽ ma kple bubu geɖe tsɔ wɔ Biblia me numedzodzro si de to. Ema megbe kpuie la, Etty va zu mɔɖela. Le Netherlands la, Roma Katoliko Ha la gbɔe eya hã do go tsitretsiɖeŋu sesẽ le le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ðevi siwo osɔfowo de dzi ƒo na va gblẽa eƒe dzeɖoɖo kple amewo tso aƒeme yi aƒeme me, eye gbeɖeka wokaka eƒe gasɔ. Etsɔ eƒe gasɔ la yi edzraɖola aɖe si xɔ agbalẽvi aɖe le esi va yi gbɔ. Egblɔ nɛ kple avi be: “Kpɔ nusi ɖeviawo wɔ ɖa!”

Ŋutsua ɖo eŋu nɛ dɔmenyotɔe be: “Kpɔ ɖa, dzi megaɖe le ƒowò o. Dɔ nyui aɖe wɔmee nèle. Madzra wò gasɔa ɖo na wò femaxee.” Eye edzrae ɖo nɛ.

Etty kpɔe be osɔfoawo metsɔ ɖeke le eme na woƒe alẽha la o vaseɖe esime yete Biblia sɔsrɔ̃ kple wo hafi. Azɔ osɔfoawo kple nyɔnusaɖagaxɔmenɔlawo va tsana le wo dzi gblẽa to na wo be woagaxɔ Biblia kple Yehowa siaa dzi ase o. Togbɔ be wowɔ esia hã la, ewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ tseku geɖe.

Akpedada ɖe Míaƒe Anyinɔnɔ Ðekae Ta

Le mía kple Etty ƒe srɔ̃kpekpe megbe la, wode dɔ asi na mí be míawɔ mɔzɔzɔdɔa le England, eye míetsɔ ƒe atɔ̃ kloe srã hamewo kpɔe hetu wo ɖo le gbɔgbɔ me. Emegbe wokpem be mava de Gilead-suku ƒe klass 36 lia, si wowɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York. Wotrɔ asi le ɣleti ewo ƒe nusɔsrɔ̃ si wu enu le November 1961 me la ŋu vevietɔ be woatsɔ ahe ŋutsuwo be woakpɔ dɔ dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo. Esime menɔ afima la, Etty nɔ London Betel le England. Esi mewu sukua nu la, wode dɔ asi na mía kplii be míawɔ dɔ le afima ɖekae.

Le ƒe 16 siwo kplɔe ɖo me la, mewɔ dɔ le subɔsubɔdɔdzikpɔƒea henɔ hamewo ƒe dɔwɔnawo ŋu nyawo gbɔ kpɔm. Azɔ le ƒe 1978 me esime Pryce Hughes si nye Betel-Ƒea dzikpɔla ku la, wotsɔm ɖo eteƒe. Míaƒe Betel-ƒomea me tɔ siwo le dzidzim ɖe edzi—amesiwo wu 260 ye le míaƒe ƒomea me fifia—ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nye dɔ si me yayra geɖe le si mewɔ ƒe geɖe siawo siwo va yi.

Le ƒe 1971 me la, danye ku esime wòxɔ ƒe 85. Mía kple Etty míede kua teƒe le Gloucester, afisi nɔviŋutsu aɖe ƒo nu tso dziƒomɔkpɔkpɔ si nɔ Dada si ŋu nyuie le. (Filipitɔwo 3:14) Medaa akpe ɖe alesi nɔvinyenyɔnu siwo nye Doris kple Grace lé be na Dada lɔlɔ̃tɔe le eƒe nyagãkukume, si na mía kple Etty míete ŋu yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi la ta.

Enuenu la, mía kple Etty míebua mía dzilawo kple alesi wotsɔ lɔlɔ̃ kple asi sesẽ he míi la ŋu. Fe manyagblɔ ka gbegbee nye si míenyi le wo ŋu! Vevietɔ danye ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mía kple nɔvinyenyɔnuwo, eye wòƒã ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu ɖe mía me.

Le nyateƒe me la, akpedada yɔa míaƒe dzime gbaa go ne míebu ŋkeke yeye ɖesiaɖe ƒe subɔsubɔ na míaƒe Dziƒofofo, Yehowa, ŋu. Mawu lɔ̃ame wɔnuku kae nye si wònye! Alesi míesena le mía ɖokui me la dze le Biblia me hakpala la ƒe nyawo me esime wòŋlɔ bena: “Nye Mawu, mado wò ɖe dzi, wò fia, eye makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee. Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee.”—Psalmo 145:1, 2.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Etty

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe