INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/15 axa 21-23
  • Wɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛ Sia Ŋudɔ Enumake!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛ Sia Ŋudɔ Enumake!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyametsotso Nyuitɔ Wɔwɔ
  • Míaƒe Ɣeyiɣia Le Etɔxɛ
  • ‘Nɔ Fiaɖuƒea Didi Dzi Gbãgbiagbã’
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Míegale Agbe Na Mía Ðokui O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/15 axa 21-23

Wɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛ Sia Ŋudɔ Enumake!

PETER yi ŋgɔ nyuie le eƒe atikesɔsrɔ̃ me esi Biblia ƒe ɖeɖekpɔkpɔ gbedasia va lé dzi nɛ. Esi wòwu suku nu hezu ɖɔkta le kɔdzi aɖe la, eƒe amegãwo dea dzi ƒo nɛ edziedzi be wòava zu lãmenusese ŋuti ɖɔkta bibi. Mɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋudɔ ɖɔkta geɖewo awɔ enumake lae nye sia.

Gake Petera tso nya me be yeana mɔnukpɔkpɔ sia nato ye ŋu. Nukatae? Didia kple ameʋãŋusẽa ye mele eme o ta yea? Ao, elabena Peter bu mɔnukpɔkpɔa ŋuti nyuie. Esi wòva zu Yehowa ƒe Ðasefo si ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ la, edi be yeazã ɣeyiɣi geɖe alesi yeate ŋui le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo me. Ede ŋugble be, ne yedze va zu lãmenusese ŋuti ɖɔkta bibi vɔ ko la, yeƒe dɔa axɔ yeƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã. Bomee wòtsi be wògbe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia, alo nunyae wòdze?

Peter ƒe nyametsotsoa adze bometsinya le ame aɖewo gbɔ. Gake ede ŋugble le Biblia kpukpui aɖewo abe Efesotɔwo 5:15, 16 ene ŋu. Apostolo Paulo de dzi ƒo na hati Kristotɔwo le afima be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, [eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la, NW] elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.”

Taflatse de dzesi nyagbe “ɣeyiɣi si sɔ.” Woɖe egɔme tso Helagbe me nya si wozã le Biblia me zi geɖe tsɔ fiaa ɣeyiɣi alo ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si me nanewo dzɔna alo si sɔ na wɔna aɖe. Paulo te gbe ɖe edzi le afisia be ele be Kristotɔwo naɖo ɣeyiɣi ɖi na nya veviwo. Nyateƒee, ele be “woaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi.” (Filipitɔwo 1:10, NW) Nya la ku ɖe nu vevitɔwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu.

Ne ele nenema la, ke nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na míaƒe ɣeyiɣia? Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na amesiwo lɔ̃nɛ? Biblia me nyagblɔɖiwo de dzesi míaƒe ŋkekea ƒã be enye “nuwuɣi,” alo “ŋkeke mamleawo.” (Daniel 12:4; Timoteo II, 3:1) Kristo Yesu na nusi anye nu vevitɔ le míaƒe ŋkekea me la dze ƒã. Egblɔe kɔte be hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nawu enu la, ‘woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia le anyigba dzi godoo wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo.’ Ɣemaɣi ko hafi nuwuwua ava.—Mateo 24:3, 14.

Eyata ehiã be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ enumake aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia eye míawɔ nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Esi womegale dɔ sia wɔ ge ake o ta la, mɔnukpɔkpɔ susɔetɔ si míatsɔ awɔ míaƒe ŋutete katã le agbeɖeɖedɔ sia mee nye sia. “Fifi enye amenuveɣi.” Nyateƒee, “fifi enye xɔxɔgbe la!”—Korintotɔwo II, 6:2.

Nyametsotso Nyuitɔ Wɔwɔ

Peter—ɖekakpui si míeyɔ le gɔmedzedzea me—tsɔ ŋuɖɔɖo de ŋugble le eƒe nyametsotsoa ŋu eye wòda nusiwo wòtia la kpɔ. Ekpɔe be manye nu gbegblẽ be yeasrɔ̃ nu kple susua be yeava zu lãmenusese ŋuti ɖɔkta o. Gake nukae nye nu vevitɔ nɛ? Eyae nye eƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ, le esi dɔ sia hiã kpata ta. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be wòakpɔ eƒe agbanɔamedziwo hã gbɔ. Srɔ̃tɔe wònye, eye ele be wòakpɔ srɔ̃a si le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɣeyiɣiawo katã la dzi. (Timoteo I, 5:8) Ele be Peter naxe fe siwo wònyi le eƒe sukudede me hã. Ke nukae wòtso nya me be yeawɔ?

Peter tso nya me be yeasrɔ̃ keklẽŋusẽ kple gbeɖiɖi sesẽwo tsɔtsɔ di dɔlékui. Dɔ sia abia ŋkekea ƒe dɔwɔɣiwo abe dɔ bubuwo ke ene. Axɔ eƒe hehea hã le dɔwɔɣiwo. Ẽ, ame aɖewo abu esia be menye ɖoƒe si ŋu bubu le tututu o, gake ana wòakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu na gbɔgbɔmenudidiwo.

Peter bu nu bubu aɖe hã ŋu le eƒe nyametsotsoa wɔwɔ me. Togbɔ be mele ʋɔnu drɔ̃m amesiwo awɔ nyametsotso bubu o hã la, enyae be ame ɖokui ƒoƒo ɖe dɔwɔnyawo me fũ hea afɔku vɛ na Kristotɔ. Ate ŋu ana wòagble gbɔgbɔmegbanɔamedziwo ɖi. Kpɔɖeŋu bubu si ku ɖe dɔwɔnya ŋu kɔ nya sia me.

Ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖe nye nutala si xɔ hehe. Ete ŋu kpɔa ga to eƒe nutatawo dzadzra me tsɔ kpɔa eɖokui dzii. Esi wòtsɔ eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ wɔna Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si le vevie wu dɔ ɖesiaɖe la, egate ŋu kpɔa eɖokui dzi nyuie. Gake eva nɔ didim be yeayi ŋgɔ le yeƒe nutatadɔa me. Eva ƒo eɖokui ɖe nutata kple nutatadɔa me geɖe wu, eɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu, eye wòva gbɔdzɔ mlɔeba le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eva nɔ agbe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, si wɔe be megale Kristo-hamea me o.—Korintotɔwo I, 5:11-13.

Míaƒe Ɣeyiɣia Le Etɔxɛ

Mí amesiwo le Yehowa subɔm fifia la, míedi vevie be míawɔ nuteƒe nɛ ɣesiaɣi. Míenya be míele ɣeyiɣi si le etɔxɛ wu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la me. Be míayi edzi anɔ Mawu subɔm ahakpe akɔ kple fifi nɔnɔmewo dzidzedzetɔe la, ahiã be míawɔ tɔtrɔ vovovowo. Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple agbledela ƒe nuŋeɣi. Dɔ tɔxe wɔɣie nye ma, esime wokpɔa mɔ be agbledelawo nawɔ geɖe wu alesi wowɔnɛ ɖaa eye woatsɔ ɣeyiɣi geɖe wu awɔ ŋkekea ƒe dɔwoe. Nukatae? Elabena ele be woaƒo nukuawo nu ƒu le ɣeyiɣi kpui aɖe me.

Ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi la. Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be Kristotɔ vavã naʋli sesiẽ be yeadze Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo yome ahazɔ eƒe toƒewo. Eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ɖe nusi le vevie nɛ wu ɖesiaɖe la fia ƒã. Egblɔ be: “Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.” (Yohanes 9:4) Esi Yesu gblɔ be zã gbɔna dodo ge la, enɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃, ehehe ɖe ati ŋu, kple eƒe kuku ƒe ɣeyiɣi ŋu nya gblɔm, esime eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔ awu enu eye magate ŋu awɔ Fofoa si le dziƒo ƒe dɔwo o.

Vavãe le Yesu ƒe ƒe etɔ̃ kple afã subɔsubɔdɔa me la, ezã eƒe ɣeyiɣi aɖewo tsɔ wɔ nukunuwo heda gbe le dɔnɔwo ŋu. Ke hã la, ezã eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia eye ‘wòɖe gbeƒã ɖokuisinɔnɔ na aboyome’ siwo le alakpasubɔsubɔ me. (Luka 4:18; Mateo 4:17) Yesu tsɔ veviedodo wɔ eƒe subɔsubɔdɔ lae eye wòdi ɣeyiɣi hã tsɔ na hehe eƒe nusrɔ̃lawo bene woate ŋu atu ɖe gɔmeɖoanyi si wòɖo la dzi eye woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzidzedzetɔe. Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ do Fiaɖuƒenuwo ɖe ŋgɔe eye wòdi be yeƒe nusrɔ̃lawo hã nawɔe nenema ke.—Mateo 5:14-16; Yohanes 8:12.

Abe Yesu ene la, ehiã be mí amesiwo nye eyomedzelawo egbea la míakpɔ nɔnɔme si me ameƒomea le abe alesi Yehowa Mawu kpɔnɛ ene. Nuɖoanyi sia ƒe ɣeyiɣi le vɔvɔm, eye Mawu dina nublanuikpɔkpɔtɔe be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woakpɔ agbe. (Petro II, 3:9) Eyata ɖe manye nunyanu be míana nudidi bubu ɖesiaɖe naxɔ nɔƒe evelia na Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ oa? (Mateo 6:25-33) Vevietɔ le ɣeyiɣi tɔxɛ sia si me míele me la, ɖewohĩ nane si amewo abu nu vevii la maganye nu vevi nenema gbegbe le Kristotɔwo ƒe agbe me o.

Ðe wòave mía dometɔ aɖe be yetsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe mea? Ao, elabena Kristotɔwo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ hea teƒeɖoɖo geɖe ŋutɔ vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.

Ame aɖeke mate ŋu atsɔ ga home aɖeke asɔ kple teƒeɖoɖo si amesiwo zãa woƒe ɣeyiɣi tsɔ kafua Yehowa eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia kpɔna la o. Wokpɔa yayra geɖe ŋutɔ! Esia dometɔ aɖewoe nye xɔlɔ̃ vavãwo, dzidzeme si tsoa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu, kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Eye yayra ka gbegbee nye si wònye be woakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me eye woahe kafukafu ava Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea dzi abe eƒe Ðasefowo ene! Ðikekemanɔmee la, ‘ɣeyiɣi si sɔ ƒeƒle’ ye nye nunyanu si hea teƒeɖoɖo vɛ vavã. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Ðe nàwɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia ŋudɔ enumake ahayi ewɔwɔ dzia?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míezã ŋkɔ bubu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe