INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/15 axa 10-13
  • Ðe Wòle Be Nàbu Nuwo Ŋu Ayi Ŋgɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Nàbu Nuwo Ŋu Ayi Ŋgɔea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Nu tso Nya Bliboa Ŋu
  • Wò Nukpɔsusu le Ame Bubuwo Ŋu
  • Le Ŋutilãmenuwo Nana Gome
  • Ne Èle Aɖaŋu Ðom
  • Dze Agbagba Nàbu Nu Ŋu Ayi Ŋgɔ
  • Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Kpɔ Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mègana Amewo Ƒe Vodadawo Naɖia Nuwò O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ðe Nèle Ale Si Yehowa Bua Nuwo Ŋui Srɔ̃ma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/15 axa 10-13

Ðe Wòle Be Nàbu Nuwo Ŋu Ayi Ŋgɔea?

ANYIGBAƲUƲU gã aɖe dzɔ le Kobe Dugã me le ɣetoɖoƒe Japan, eye lɔlɔ̃nufaadɔwɔla siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe va enumake be yewoava na kpekpeɖeŋu amesiwo ŋu wògblẽ nu le le afima. Gake ame aɖe si le dugãa ƒe Lãmesẽdɔwɔƒe gbe be womaɖe asi le atike siwo ɖɔkta siwo yi teƒea bia la ŋu na wo o. Amegã ma si ganye dɔdzikpɔla le dɔyɔƒe gã aɖe la di be amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo nayi Kobe-kɔdziwo tsɔ wu be woana ɖɔktaawo nado abi xɔasiwo kple tsi na wo le kpekpeɖeŋunaƒewo. Wova da asi ɖe ɖɔktaawo ƒe biabiaa dzi mlɔeba, gake ame geɖe ƒo nu tsi tre ɖe amegãa ƒe nugɔmemasemase kple nublanuimakpɔmakpɔ si wòɖe fia la ŋu.

Ðewohĩ ame aɖe si le nɔƒe kɔkɔ aɖe anya wɔ nu ɖe ŋuwò nugɔmemasemasetɔe alea kpɔ. Ðewohĩ wò ŋutɔ hã ànya ɖi esia ƒe fɔ. Ðe wò nuŋububu ayi ŋgɔe ate ŋu aɖe vi na wòa?

Nya Nu tso Nya Bliboa Ŋu

Ebɔ be amewo nalé ŋku ɖe nya alo nukpɔsusu ƒe akpa ɖeka ko ŋu, esi wɔnɛ be woƒe nukpɔsusu kple nugɔmesese medea ŋgɔ le nyawo ŋuti o. Zi geɖe la, esia tsoa agbalẽnyanya, agbemenuteƒekpɔkpɔ, kple afisi amea nɔ gbɔ. Ame ate ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le wu nenye be edze agbagba be yeanya nu tso nya bliboa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èle lɔrimɔ siwo de nu wo nɔewo me siwo dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo eye ʋutɔkaɖi mele edzi o me tsom la, ɖe wòanye nusi me nunya le be nàkpɔ ŋgɔgbe tẽ koa? Gbeɖe! Nenema ke wò tamebubu si nàna wòayi ŋgɔ be nàte ŋu akpɔ nu nyuie la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nyametsotsowɔwɔ kple nuwɔwɔ wòasɔ me. Ate ŋu akpɔ agbe ta kura gɔ̃ hã.

Ðewohĩ mí katã míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le go sia me. Eyata bia ɖokuiwò be, ‘Nukawo mee wòaɖe vi nam be mekeke nye nukpɔsusu ɖe enu le?’

Wò Nukpɔsusu le Ame Bubuwo Ŋu

Nukae nèkpɔna ne èlé ŋku ɖe ame bubuwo ŋu? Ðe nèbua nya sia nya si wogblɔna alo nusianu si wowɔna be egblẽ alo enyo, abe ɖe nyataƒoƒo bubu aɖeke meli o enea? Ðe ame aɖe ƒe nyagbɔgblɔ nyea bubudeameŋu alo dzudzu ɖeɖeko le gbɔwòa? Ðe ame aɖe tɔ dzɔna keŋkeŋ alo wotɔ medzɔna kura o le gbɔwòa? Nukpɔsusu ma ƒe amesinɔnɔ anɔ abe fotoɖela aɖe si ŋea aɖaba ƒua amadede vovovo geɖe siwo li dzi heɖea ɖeka ko abe ɖe nu ɣi kple yibɔwo koe li ene. Alo ɖe wò susu nɔa ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi abe mɔzɔla aɖe si ɖe mɔ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nu dzeani aɖe ŋu me gblẽ le gbeɖuɖɔ sue aɖe si amedzro ɖekematsɔlemetɔ aɖewo gblẽ ɖe teƒea ta enea?—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:16.

Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ŋugbledede le alesi Yehowa bua amegbetɔwo ƒe vodadae ŋu me. Togbɔ be enya amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple kpododonuwo hã la, etiae be yemaɖo ŋu wo alo ana yeƒe susu nanɔ wo dzi o. Hakpala ŋudzedzekpɔɖenuŋula la gblɔ be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, . . . ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Enye Yehowa ƒe didi be yeate nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ƒe vodadawo ɖa boo tso wo gbɔ, ẽ, be yeatutu wo ɖa keŋkeŋ dɔmenyotɔe ale be womaganye nu agblẽ mía kplii dome ƒomedodo me o. (Psalmo 51:3; 103:12) Yehowa te ŋu gblɔ le Fia Dawid, amesi wɔ nuvɔ̃ gãwo ɣeaɖeɣi kple Bat-Seba ŋu be enye amesi ‘dze ye yome kple eƒe dzi blibo hewɔ nusi ɖeɖeko nyo le ye ŋkume.’ (Fiawo I, 14:8) Nukatae Mawu te ŋu gblɔ nya sia le Dawid ŋu? Elabena eƒe susu nɔ Dawid si trɔ dzime ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Elé ŋku ɖe nɔnɔme siwo katã ƒo xlã nudzɔdzɔa ŋu eye wòlɔ̃ be yeayi edzi akpɔ nublanui na yeƒe subɔla la.

Kristo Yesu ɖe nukpɔsusu deŋgɔ sia ƒe amesinɔnɔ tso ame bubuwo ƒe vodadawo ŋuti fia kpɔtsɔtsɔmanɔŋui. (Yohanes 5:19) Esime Yesu dze ŋgɔ eƒe apostolowo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la, eɖe nublanuikpɔkpɔ kple nugɔmesese fia wo. Ede dzesii le amegbetɔ madeblibowo ŋu be ne ‘gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m kura gɔ̃ hã la, ŋutilã la gbɔdzɔna.’ (Mateo 26:41) Esi esia nɔ susu me na Yesu ta la, ete ŋu wɔ nu le dzigbɔɖeanyi kple nugɔmesese me le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vodadawo ŋu. Eƒe susu menɔ woƒe kpododonuwo dzi o, ke woƒe nɔnɔme nyuiwo boŋ ŋue wòléa ŋku ɖo.

Gbeɖeka esi Yesu ƒe apostoloawo nɔ glãka hem le amesi nye gãtɔ ŋu eye wòɖɔ wo ɖo vɔ la, egblɔ kpee be: “Ke miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.” (Luka 22:24-30) Ẽ, togbɔ be apostoloawo wɔ vodada geɖe hã la, Yesu ɖo ŋku nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nɔ wo si na eyama dzi. (Lododowo 17:17) Kakaɖedzi nɔ Yesu si ɖe nusiwo woate ŋu awɔ eye woawɔe hã la ŋu, eyata eɖo Fiaɖuƒe ɖi na wo. Ẽ, ‘Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo vaseɖe nuwuwu.’—Yohanes 13:1.

Eyata ne ame aɖe ƒe nɔnɔme gbegblẽ kple vodadawo doa dziku na wò la, nɔ abe Yehowa kple Yesu ene. Keke wò nukpɔsusu ɖe enu, eye dze agbagba nàtsɔ nusianu ayi ŋugble mee. To nukpɔsusu nyuitɔ tsɔtsɔ akpɔ nuwoe me la, anɔ bɔbɔe na wò be nàlɔ̃ nɔviwòwo ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.

Le Ŋutilãmenuwo Nana Gome

Mɔnukpɔkpɔ si li be míana nu nye nusiwo wotsɔ na Kristotɔwo be wòado dzidzɔ na wo la dometɔ ɖeka. Gake ɖe wòle be míana míaƒe nunana naku ɖe nuwɔna ɖeka ko ŋu, wòanye gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ koa? (Mateo 24:14; 28:19, 20) Alo ɖe nàte ŋu akeke nusiwo ŋu nèbuna ɖe enu wòalɔ ame bubuwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo kple woƒe nyonyo ɖe emea? Enye nyateƒe be Kristotɔwo katã nya be nunana le gbɔgbɔ me ye le vevie wu. (Yohanes 6:26, 27; Dɔwɔwɔwo 1:8) Ke hã togbɔ be gbɔgbɔmenuwo nana le vevie hã la, mele be míaŋe aɖaba aƒu ŋutilãmenunana dzi o.—Yakobo 2:15, 16.

Ne míede ŋugble le míaƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le míaƒe hamea me kple xexeame godoo ƒe nuhiahiã veviwo ŋuti la, míate ŋu ade dzesi nusiwo tututu míate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋu wo. Ne amesiwo si ŋutete le be woawɔ nenema na nu ame bubuwo tso dzime faa la, nuwo dana sɔna. To mɔ sia dzi la, míekpɔa mía nɔviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔe ale: “Ne hiahiã aɖe do mo ɖa le xexea ƒe akpa aɖe la, nɔvi siwo le xexea ƒe akpa kemɛ akpe ɖe wo ŋu. Ne ŋutetea mele wo si be woana kpekpeɖeŋu o la, ekema nɔvi siwo le teƒe bubu awɔ esia. To mɔ sia dzi la, míekpɔa mía nɔviwo le xexeame godoo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa wɔ nuku vavã.”—Korintotɔwo II, 8:13-15; Petro I, 2:17.

Ŋutete menɔ nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si di vevie be yeayi dukɔwo dome takpekpe siwo wowɔ le Ɣedzeƒe Europa dometɔ ɖeka la ŋu be wòayi o. Esee be nɔvi siwo le afima hiã Biblia vevie ŋutɔ, eyata eɖo nudzɔdzɔ ɖa to ame aɖe si de takpekpea dzi be woatsɔ aƒle Biblia na woe. Eto nusi le esi mamã kple nɔvia siwo le dutanyigba dzi me kpɔ dzidzɔ si le nunana me.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Ðewohĩ ne èkeke wò nukpɔsusu ɖe enu la, àte ŋu awɔ nusi lolo wu atsɔ akpe asi ɖe Biblia-fiafiadɔ si le ta kekem ɖe edzi ŋu eye ana mia kple ame bubuwo siaa miakpɔ dzidzɔ.—Mose V, 15:7; Lododowo 11:24; Filipitɔwo 4:14-19.

Ne Èle Aɖaŋu Ðom

Ne wobia tso mía si be míaɖo aɖaŋu alo aɖɔ ame aɖe ɖo la, nuŋububu si da sɔ kple ameŋububu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo nade bubu mía ŋu eye míate ŋu akpe ɖe wo ŋu wòaɖe vi na wo. Ele bɔbɔe ŋutɔ be ame ƒe susu nanɔ nu ʋɛ aɖewo ko ŋu wòatso nya me dzitsitsitɔe nya la ƒe akpa bubuwo ŋu mabumabui. Esia ɖenɛ fiana be ne míenye nuŋumabulawo o la ke nugɔmemaselawo míenye, abe Yesu ŋɔli subɔsubɔhakplɔla siwo tsɔ woƒe se gbogboawo do agbae na amewoe ene. (Mateo 23:2-4) Gake ne míeda sɔ eye míeɖo aɖaŋu nyui siwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔa ƒe gɔmeɖosewo dzi heɖe Yehowa ƒe nuŋububu dzɔdzɔe si da sɔ eye nublanuikpɔkpɔ le eme fia la, anɔ bɔbɔe na ame bubuwo wu be woaxɔ míaƒe aɖaŋuɖoɖowo eye woatsɔe awɔ dɔe.

Ƒe aɖewo va yi la, nɔviŋutsu sɔhɛ siwo tso hame vovovowo me ƒo ƒu be yewoawɔ kamedefefe. Nublanuitɔe la, hoʋiʋligbɔgbɔ ge ɖe wo me si na be woƒo nu do ɖe wo nɔewo gbɔ le dziku me. Alekee wo gbɔ hamemegãwo kpɔ nya la gbɔe? Esi wode dzesi alesi wòhiãe be sɔhɛwo naɖe modzaka ta la, womegblɔ na wo be woadzudzɔ keŋkeŋ o. (Efesotɔwo 5:17; Timoteo I, 4:8) Ke boŋ woxlɔ̃ nu wo vevie ku ɖe nusi hoʋiʋligbɔgbɔ ate ŋu ahe vɛ ŋu. Woɖo aɖaŋu nyuiwo na wo, siwo ƒe ɖee nye be woana ame tsitsi kpɔnuteƒe aɖe nanɔ teƒea. Alesi nunya le aɖaŋuɖoɖoa mee eye wòda sɔe dze sɔhɛawo ŋu eye wotsɔe de dɔwɔwɔ me. Gawu la, bubu kple lɔlɔ̃ si le wo si na hamemegãawo tsi ɖe edzi.

Dze Agbagba Nàbu Nu Ŋu Ayi Ŋgɔ

Togbɔ be màbua alo aɖoe koŋ abu nazã o hã la, abia agbagbadzedze vevie kokoko be nàte ŋu abu nuwo ŋu ayi ŋgɔ. Ne èle Mawu ƒe Nya srɔ̃m la, de ŋugble le eŋu be nàte ŋu akpɔ alesi Yehowa bua nu ŋui ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Psalmo 139:17) Dze agbagba be yease susu si tae wogblɔ nya aɖewo le Biblia me kple gɔmeɖose siwo le eme la gɔme, eye dze agbagba be yeada nyawo kpɔ abe alesi Yehowa wɔnɛ ene. Esia awɔ ɖeka kple gbe si Dawid do ɖa be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num.”—Psalmo 25:4, 5.

Ne èva le wò nuwo ŋu bum yi ŋgɔe geɖe wu la, àkpɔ yayra. Yayra siwo nàkpɔ ne èkeke wò nukpɔsusu ɖe enu dometɔ ɖekae nye alesi woava nya wò be ènye amesi da sɔ hesea nu gɔme. Anɔ bɔbɔe na wò wu be nàwɔ nu le nunya kple nugɔmesese me ne èle kpekpeɖeŋu nam le nɔnɔme vovovowo me. Esia ana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Nunana faa kpena ɖe ame bubuwo ŋu, enaa nunala la kpɔa dzidzɔ, eye edzea míaƒe Dziƒofofo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe