INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Woɖu Vɔ̃ Ðzi
    Gbetakpɔxɔ—1999 | May 1
    • Woɖu Vɔ̃ Ðzi

      NUKAŊUTI avu kuku sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la? Na mayi aɖatso ta le enu.” Abisai si nye Israel-ʋafia lae bia be yeawɔ nusia. Dzie kui nenema esi wòse Benyamintɔ aɖe si ŋkɔe nye Simei nɔ ɖiŋu dom na eƒe aƒetɔ Fia Dawid fuléletɔe.—Samuel II, 16:5-9.

      Abisai di be yeawɔ xexemenunya si ŋudɔ ame geɖe wɔna egbea la dzi—wɔɖenui wɔwɔ ƒe gɔmeɖosea. Ẽ, Abisai di be yeana Simei nakpɔ ɖiŋu gbogbo si wodo na Dawid la me tsonu.

      Gake aleke Dawid wɔ nui? Dawid gbe nya na Abisai be: “Mina, ne woado ɖiŋu ko.” Togbɔ be Dawid meɖi fɔ le Simei ƒe nutsotsoa ŋu o hã, etsɔ ɖokuibɔbɔ nɔ te ɖe eteƒeɖoɖo nɛ ƒe tetekpɔ nu. Egblẽ nya la ɖe Yehowa si me boŋ.—Samuel II, 16:10-13.

      Esi Dawid trɔ va xɔ eƒe fiazikpuia le sisi le viaŋutsua ƒe aglãdzedze si do kpo nu megbe la, Simei nɔ ame gbãtɔ siwo va do gbe nɛ hebia tsɔtsɔke la dome. Abisai gadi be yeawui, gake Dawid gagbe mɔɖeɖe nɛ.—Samuel II, 19:15-23.

      Le nudzɔdzɔ sia me la, Dawid wɔ nu wòɖi Yesu Kristo nyuie, amesi ŋu apostolo Petro ŋlɔ nu le be: “Esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o . . . ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.”—Petro I, 2:23.

      Egbea woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woabɔbɔ wo ɖokui eye woagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o.’ (Petro I, 3:8, 9) Ne míesrɔ̃ kpɔɖeŋu si Dawid kple Yesu Kristo ɖo la, míawo hã míate ŋu ‘atsɔ nu nyui aɖu nu vɔ̃ɖi la dzi.’—Romatɔwo 12:17-21.

  • Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?
    Gbetakpɔxɔ—1999 | May 1
    • Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?

      Le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me kura gɔ̃ hã la, Mawu, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ si tso Biblia me ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 2 lia.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe