Dutatɔwo ƒe Nutowo Sasrãkpɔ le Mía De
KRISTOTƆWO ƒe hame siwo mesrãna kpɔna la na mezɔa mɔ tso Portugal yia China—alo nenemae wòdzena. Ke hã mía kple srɔ̃nye Olive, míedzona le Britain gbeɖe o.
Míesrãa Yehowa Ðasefowo ƒe dutagbe hame siwo kaka ɖe dukɔa me godoo la kpɔna. Míewɔa dɔ le anyigbamamã kpɔdzidzedze si me gbe vovovo dolawo bɔ ɖo eye nuwo le nyonyom le gbɔgbɔ me la me, tso Jersey-ƒukpo si gbɔ didi anɔ kilometa 20 tso Normandy-ƒuta le France, afisi Portugalgbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le, vaseɖe Sunderland-dua me le England ƒe dziehe, afisi míesrãa ɖetsɔlemetɔ Chinagbedolawo kpɔna le. Aleke míewɔ va xɔ dɔdasi sia si mebɔ o? Eye nukae le dzɔdzɔm le dutatɔwo ƒe nuto si le mía de la me? Mina maɖe eme.
Mía kple Olive míetsɔ ƒe 20 subɔ le mɔzɔzɔdɔa me, henɔa hame vovovowo srãm kpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Míezɔ mɔ tso dziehe yi anyiehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe le Britain katã, eye nyitsɔ laa míesrã mía nɔvi Kristotɔ siwo le Mediterranea-ƒukpo si nye Malta dzi, afisi wowɔ Kristotɔwo ƒe amedzro na mí le etɔxɛe. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 28:1, 2.) Esi míesubɔ le Malta ƒe etɔ̃ megbe la, míeva nɔ afisi woagade dɔ asi na mí le ŋu bum. Míebui be ɖewohĩ míava nɔ England-kɔƒenuto aɖe me tɔwo srãm kpɔ, eye míenɔ susu trɔm ɖe nusia si ate ŋu ava eme la ŋu. Aleke gbegbe wòwɔ mo yaa na mí enye si esi míexɔ míaƒe dɔdasi be míasubɔ nutome sue yeye sia si me ƒuƒoƒo kple hame siwo doa gbe vovovo 23 le la!
Míenɔ alesi míawɔ ate ŋu akpɔ dzidzedze la ŋu bum. Ne míeɖe dɔwɔwɔ le Malta le eme la, míewɔ dɔ le amesiwo tso teƒe bubu eye woƒe dekɔnu to vovo la dome kpɔ o. Ðe míate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo mese Eŋlisigbe tututu o la ŋutɔŋutɔa? Aleke míawɔ aƒo nu na amewo esi míese gbe bubuwo o? Ke ame bubuwo ƒe nuɖuɖu kple kɔnu vovovoawo ya ɖe? Ðe míate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔme siawo ŋu nyuiea? Biabia siawo tɔgbe nɔ míaƒe susu me esi míenɔ Makedonia ƒe yɔyɔ sia ŋuɖoɖo ŋu bum le gbedodoɖa me.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 10; Korintotɔwo I, 9:19-22.
Gbegbɔgblɔ ƒe Kuxia Dzi Ðuɖu
Olive gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, mebui be nyemedze na dɔa o elabena nyemese gbe bubuwo o. Nyemenya alesi mawɔ akpe ɖe nɔvinyɔnuawo ŋu o. Ke meɖo ŋku alesi atsu kple asi si srɔ̃ Biblia kpli mí gbã la de dzi ƒo na mí be míagagbe dɔdasi aɖeke xɔxɔ gbeɖe o la dzi. Wofia mí be Yehowa mebiaa nusi míate ŋu awɔ o la tsoa mía si gbeɖe o.” Eyata mí ame evea míelɔ̃ xɔ dɔdasia.
Ne míebu eŋu la, míekpɔnɛ be míaƒe gbe bubuwo masemase kpe ɖe mía ŋu be míewɔ nu ɖe amesiame ŋu sɔsɔe. Le kpɔɖeŋu me, kpekpe siwo wowɔna le gbe bubu me kwasiɖa sia kwasiɖa la dede na míekpɔ alesi nɔviwo sena le wo ɖokui me ne ehiã be woava Eŋlisigbe me kpekpewo evɔ womese nya si gblɔm wole la gɔme tututu o. Ele be míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu nyuie ŋutɔŋutɔ ale be míate ŋu ase nya si woagblɔ la gɔme. Olive ɖoa biabia ɖeka ŋu ɣesiaɣi le kpekpea me. Eŋlɔa nyaŋuɖoɖoa le Eŋlisigbe me eye wònaa nɔvinyɔnu aɖe ɖea egɔme nɛ, eye wòŋlɔa gɔmeɖeɖea alesi wòsenɛ ko. Egblɔ be esesẽna hafi yedoa asi ɖe dzi ɖoa nya ŋu. Ɣeaɖewoɣi eƒe nyaŋuɖoɖo na amewo koa nu. Gake esia meɖea dzi le eƒo o. Egblɔ be: “Menya be nɔviawo kpɔa ŋudzedze ɖe nye agbagbadzedzea ŋu. Le nyateƒe me la, nye nyaŋuɖoɖowo dea dzi ƒo na amesiwo nya gbea nyuie wu be woakpɔ gome le kpekpeawo me.”
Le gonyeme la, vovototo va le nuƒowo ƒoƒo hã me, elabena ele be malala gbegɔmeɖela la le nyagbe ɖesiaɖe gbɔgblɔ vɔ megbe. Ele bɔbɔe ŋutɔ be nya si gblɔm mele nabu ɖem. Mekpɔe be ele be nye susu nanɔ eŋu geɖe wu eye maɖe nye nyawo dzi akpɔtɔ geɖe. Gake edzɔa dzi nam.
Míaƒe Subɔsubɔdɔ Vovovoawo
Le Britain ƒe dugãnutowo me la, amesiwo doa dutagbe la kaka ɖe teƒe vovovowo, ɖewohĩ wo dometɔ eve ye nɔa ablɔ ɖeka dzi, eye ele be nàzɔ mɔ didi hafi ake ɖe bubuwo ŋu. Ke hã ne èdo gbe na wo le woa ŋutɔwo degbe me eye nèkpɔ alesi wowɔa nui la, àkpɔe be eɖe vi. Ne nɔviŋutsu si mele dɔ wɔm kplii la gblɔ Fiaɖuƒegbedasia le aƒemenɔlaa ŋutɔ degbe me la, zi geɖe la, edzɔa dzi na wo ale gbegbe.
Le nyateƒe me la, subɔsubɔdɔa wɔwɔ le dutagbedolawo domee nye nusi do dzidzɔ na mí wu le ƒe 40 si míetsɔ wɔ Fiaɖuƒesubɔsubɔa me. Mɔkpɔkpɔ li be dzidziɖedzi geɖe ŋutɔ ava. Ðikeke aɖeke mele eme o be ame geɖe srɔ̃a nu kabakaba wu eye wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu wu ne wofia nu wo le woa ŋutɔwo degbe me. (Dɔwɔwɔwo 2:8, 14, 41) Ewɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ be nàkpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo woanɔ dzidzɔvi fam le kpekpeawo megbe, le ame aɖewo gome la, le esi emae nye zi gbãtɔ si wote ŋu ɖo to nuƒoawo hese wo katã gɔme ta.
Ne míele gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, míedzea agbagba be míagblɔ ŋgɔdonya aɖe ya teti le aƒemenɔla degbe me, togbɔ be míeva xaxana vie ɣeaɖewoɣi hã. Le kpɔɖeŋu me, Kemcho nye Gujaratigbedolawo ƒe gbedoname nyanyɛ aɖe si gɔme koe nye “Mifɔa?” Edze ƒã be nya aɖe si megblɔ vodadatɔe ɣeaɖeɣi la ɖi abe ɖe kɔfi ƒomevi aɖe si amewo nya nyui ƒe boblo domee mele ene. Gake le aƒe aɖe me la, ŋutsua kple srɔ̃a ko alɔgbɔ nu esi medo gbe na wo le Gujaratigbe me. Wona míege ɖe eme enumake eye wona kɔfi mí—menye esi míeyɔ nya aɖe nyuie o ta o. Míeva kpɔe be wodo ƒome kple Yehowa Ðasefo aɖewo siwo le ƒuƒoƒo si srãm míele kpɔ la me, eye woɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia ɖe nyateƒea ŋu.
Nɔvinyɔnu Eŋlisigbedola aɖe nɔa magazine nam nyɔnu Chinagbedola aɖe edziedzi ƒe geɖe. Edoa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ɖe nyɔnua gbɔ ɣeaɖewoɣi, gake egbena. Gbeɖeka nɔvinyɔnu aɖe si nɔ Chinagbe srɔ̃m la yi kplii eye ena agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi si le gbe ma me lae, eye aƒemenɔla ɖetsɔlemetɔ la xɔe enumake.a Fifia esi agbalẽa su esi le eya ŋutɔ degbe me la, elɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Nya ʋee mawo siwo wogblɔ le nyɔnua ŋutɔ degbe me lae va ɖe vi.
Dekɔnu Vovovowo
Míenya be le teƒe aɖewo la, ŋutsuwo melɔ̃na be yewo srɔ̃wo ɖeɖe nado le zã me o. Esia na wòsesẽna na nɔvinyɔnu geɖe ŋutɔ be woayi kpekpe siwo wowɔna le fiẽsi me. Nuto aɖewo siwo me tɔwo nye Asiatɔwo la xɔe se be ɖetugbi siwo gbe srɔ̃ɖeɖe eye woyia edzi nɔa aƒeme la nye dzu na ƒomea. Nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe fofo di be yeano aɖi aku esi ɖetugbia gbe be yemaɖe ŋutsu si ƒomea tia nɛ o. Ẽ, nusi me wòle be nɔvinyɔnu siawo nato la mebɔ o! Gake ne èkpɔ ŋusẽ si nyateƒea kpɔ ɖe ƒomea ƒe agbenɔnɔ dzi kple alesi nɔvinyɔnuawo ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa wɔa dɔ ɖe dzilaawo dzii la, ewɔa nuku ŋutɔ.
Esi míexɔ dɔdasi sia la, eva hiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo. Hafi míadze mɔzɔzɔdɔa gɔme la, nuɖuɖu si woɖa wòsɔ ɖe Englandtɔwo tɔ nu koŋ ye meɖuna, gake fifia ne nuɖuɖuvivinu sɔ gbɔ le nuɖuɖua me la, eyae vivia nunye wu. Evea mí be míena ƒe geɖe va yi hafi míete nuɖuɖu siwo to vovo la ɖuɖu—tso tɔmelã mumũ dzi vaseɖe nuɖuɖu si me nuɖuɖuvivinu le dzi.
Mɔkpɔkpɔ na Dzidziɖedzi
Edze ƒã be ɣeyiɣi si me dzidziɖedzi ava le nuto siwo me wodoa dutagbewo le le teƒe geɖe lae nye sia. Fifia wotaa agbalẽ geɖe ɖe gbe vovovowo me wu. Àte ŋu akpɔe be Yehowa ƒe yayra wònye esi wole hame yeyewo ɖom. Nɔvi siwo se gbe bubuwo tsoa teƒe didiwo va naa kpekpeɖeŋu.
Kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye alesi amewo xɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui lae le Fransegbe me. Sitsoƒedila Fransegbedola geɖe siwo tso Zaire kple Afrika-dukɔ bubuwo me va Britain le ƒe siawo me. Esime woɖo Fransegbe hame gbãtɔ le London la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 65 ye nɔ eme. Ƒe ɖeka megbe la, woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi kabakaba va ɖo 117, eye amesiawo dometɔ 48 nye gbesiagbe mɔɖela siwo subɔna ɣeyiɣiawo katã. Eteƒe medidi o, woɖo hame evelia be woakpɔ ɖetsɔleme si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ. Fifia woate ŋu alé fɔ ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo dometɔ 345 de Ŋkuɖodzia ɖuƒe le ƒe 1995 me la ŋu geɖe wu. Tsã Gilead-sukunuwula siwo subɔ le Benin, Côte d’Ivoire, Morocco, kple Zaire la zãa woƒe nuteƒekpɔkpɔ tsɔ wɔa dɔ le anyigbamamã sia si me nuwo le dzidzim ɖe edzi le la me, eye alesi amewo le nya la xɔmee wɔ nuku ŋutɔ.
Esi meyi ɖasrã Fransegbe hamea kpɔ la, menɔ eme míeyi ɖawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖetugbi Afrikatɔ aɖe. Esi ɣeyiɣi de be míadzo la, ɖetugbia ɖe kuku be: “Taflatse migadzo o. Miganɔ gbɔnye vie.” Edi be yeasrɔ̃ nu geɖe. Ena meɖo ŋku Lidia si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzi.—Dɔwɔwɔwo 16:14, 15.
Dɔ gbãtɔ si míewɔe nye be míakpe ɖe dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo suewo ŋu woava zu hamewo. Le teƒe siwo nɔviawo wɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ le la, míena wowɔ Teokrasi Subɔsubɔ Suku si woto ɖe eme zi ɖeka ɣleti ɖesiaɖe. Esia kpena ɖe wo ŋu woɖea wo ɖokui nu nyuie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Emegbe wonɔa agbagba dzem vivivi va wɔa hame ƒe kpekpe atɔ̃awo katã. Hamewo li xoxo siwo me wodoa Chinagbe (Cantongbe), Fransegbe, Gujaratigbe, Japangbe, Portugalgbe, Punjabigbe, Tamilgbe, kple Walesgbe le.
Mɔnukpɔkpɔ su mía si hã be míede nɔvi tokunɔwo ƒe kpekpewo. Ewɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ be nàkpɔ nɔviwo woatsɔ asi anɔ ha dzimee. Esi mekpɔe be ŋutinuwoe wozãna tsɔ ƒoa nui le subɔsubɔdɔa me ta la, mekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedze vevie be woakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe me ŋu. Dzesiwɔlawo li ɖe hadzidzi ŋu na tokunɔ siwo ganye ŋkuagbãtɔwo la gɔ̃ hã. Edze abe Yehowa kpɔa egbɔ be womagagblẽ ame aɖeke ɖi o ene.
Ne nu tɔxɛ aɖe li míabia la, ke anye nu ma ke si Yesu bia, be: “Miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mateo 9:38) Mía nɔvi geɖe lɔ̃ xɔ dɔ sesẽ si nye be woasrɔ̃ to siwo me tɔwo le woƒe anyigbamamã me la ƒe gbe. Togbɔ be gbe vovovowo dodo ƒe ŋutete menye nukununana le mía si o hã la, edze ƒã be Yehowa le subɔsubɔdɔa kekem ɖe enu le dutatɔwo ƒe nuto si le mía de la me—wònye agblẽ si ƒu hena ŋeŋe. (Yohanes 4:35, 36)—Abe alesi Colin Seymour gblɔe ene.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.