Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Hena Ŋusẽdodo
1 Susu geɖewo tae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖo. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia “le xexe blibo la katã me” nye dɔdasi si bia kutrikuku. (Mat. 24:14) Ɣesiaɣi la, míewɔa avu kple míaƒe ŋutilã madebliboa. (Rom. 7:21-23) Gawu la, “míele kame tem kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ [si tri akɔ wu amegbetɔ] . . . siwo le fifi viviti sia me.” (Ef. 6:11, 12) Edze ƒã be míehiã kpekpeɖeŋu. Aleke míawɔ axɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ?
2 To Gbedodoɖa Me: Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua eƒe subɔla siwo bianɛ la faa. (Luka 11:13) Ðe mèka ɖe ŋutete si le ŋuwò na gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme, le ablɔ dzi, alo to telefon dzi la dzi oa? Ðe nèvɔ̃na be yeaɖi vomeɖasea? Ðe amewo ƒe ɖekematsɔleme le anyigbamamaa me na wò dzonɔameme dzi ɖe kpɔtɔa? Ne woƒoe ɖe nuwò be nàɖe asi le wò dzixɔse alo nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ŋu ɖe? Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Do gbe ɖa nàbia ŋusẽdodo.—Fil. 4:13.
3 To Ðokuisinusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Me: Alesi míekpɔa ŋusẽ to ŋutilãmenuɖuɖu mee la, nenema ke míekpɔa ŋusẽ le gbɔgbɔ me to Mawu ƒe Nya kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ ɣesiaɣi mee. (Mat. 4:4; 24:45) Esi wobia Stanley Jones nusi na ŋusẽe be wòte ŋu nɔ te ɖe ƒe gbogbo aɖewo ƒe gaxɔmenɔnɔ nu le China esi womeɖe mɔ Biblia nɔ esi gɔ̃ hã o la, egblɔ be: “Míate ŋu anɔ tsitre sesĩe le xɔse me. Gake gbã la, ele be míasrɔ̃ nu. Ne míesrɔ̃a nu o la, ŋusẽ ememetɔ manɔ mía ŋu o.”
4 To Kpekpewo Dede Me: Le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yuda kple Sila “xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo.” (Dɔw. 15:32) Egbea hã nusiwo míesena le kpekpeawo me naa míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu dea to, etua míaƒe xɔse ɖo, eye wòdoa ŋusẽ mí na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Kpekpeawo wɔnɛ be ɣesiaɣi míedoa go mía ‘hatidɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, amesiwo zu kpekpeɖeŋu si doa ŋusẽ mí.’—Kol. 4:11.
5 Míehiã kpekpeɖeŋu le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sẽ’ la me. (Tim. II, 3:1) Wona kakaɖedzi mí ku ɖe amesiwo xɔa ŋusẽdodo tsoa Yehowa gbɔ ŋu be: “Woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene. Woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.”—Yes. 40:31.