Viɖekpɔkpɔ Bliboe tso “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea Me
1 Wɔna Ʋãmewo: Wɔna ʋãme ka gbegbee nye si me míekpɔ gome le le míaƒe nutome gã takpekpe me nyitsɔ laa! Míeƒo ƒu ɖe tameɖoɖo ɖeka ta, be woadzra mí ɖo nyuie na gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzonɔamemetɔe. Èɖo ŋku alesi nuƒola gbãtɔ ɖe nyagbe “woaɖe gbeƒã” gɔmee dzia? Èɖo ŋku numekuku si wode dzi ƒo na mí be míawɔ le nuƒo si nye “Migavɔ̃ O Elabena Míenya be Yehowa Li Kpli Mí” me la dzia? Agbemeŋutinya kawo mee nèdzro vaseɖe fifia?
2 Nuƒo kpui siwo nye “Dodokpɔ Vovovowo Doa Míaƒe Xɔse ƒe Nyonyome Kpɔna” gblɔ susu vevi etɔ̃ siwo tae Yehowa ɖea mɔ ɖe yometitiwo ŋu ɖo. Àte ŋu agblɔ woa? Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa kawoe ɖo kpe míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade dzi? Nukae wode dzi ƒo na mí be míawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe kuxi siwo míadze ŋgɔe le míaƒe akpaɖekedzimademade me ŋu? Aleke míaƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le tetekpɔwo me hea kafukafu vɛ na Yehowae?
3 Drama si ƒe tanyae nye “Nɔ Te Sesĩe le Xaxaɣiwo Me” ƒe akpa kawoe do ŋusẽ wò vevie wu? Aleke míate ŋu anɔ abe Yeremya ene?
4 Tɔtrɔ ɖedzesi kawoe dutoƒonuƒo si nye “Xexe Sia me ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm” gblɔ be ava ado ŋgɔ na Mawu ƒe ŋkeke dziŋɔ la le etsɔme? Esi nènɔ nuƒo mamlɛ si nye “Migba Go le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ me Mi Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” sem la, nu vevi kawoe nède dzesii ku ɖe wò subɔsubɔdɔa ŋu?
5 Nya Vevi Siwo Míazã: Abe alesi woɖe emee le nuƒo si nye “Minye Akpedalawo” me ene la, aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu afiae? Le nuƒo tɔxɛ si nye “Wode Veviedodonu ƒe Dzo Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Me” me la, amekawo ƒe dzonɔamemee wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃? Ðokuimedzodzro kae wobia tso mía si be míawɔ?
6 Nudidi etɔ̃ kawo ŋue woƒo nu tsoe le nuƒo kpui siwo nye “Mixa ƒe Nyagblɔɖia Doa Ŋusẽ Mí be Míazɔ le Yehowa ƒe Ŋkɔ Me” la me, siwo gbɔ wòle be míaɖo be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu? Ðe míate ŋu aɖo nusiawo gbɔa? (Mixa 6:8) Le nuƒo si nye “Yi Edzi Nànɔ Agbe Dzadzɛ to Wò Dzi Ta Kpɔkpɔ Me” la, nukawo mee wòle be míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi le? Nukawo mee nuƒo si nye “Kpɔ Nyuie le Amebeble Ŋu” xlɔ̃ nu mí le be míagana woable mí o alo be míagable amewo le o?
7 Nya vevi siwo le nuƒo kpui siwo nye “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Siwo Dea Bubu Woƒe Subɔsubɔdɔ Ŋu” me kawo ŋudɔ wɔm nèle xoxo le wò subɔsubɔdɔa me? Wodzro Filipitɔwo 4:8 me le nuƒo si nye “Dzeɖoɖo Siwo Ku Ðe Gbɔgbɔmenuwo Ŋu Tua Ame Ðo” me. Aleke ŋɔŋlɔ ma kpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzeɖoɖowo naku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye ɣekaɣie míawɔ ema?
8 Nuƒo si nye “Ka Ðe Yehowa Dzi Bliboe le Xaxaɣiwo” gblɔ alesi míate ŋu akpe akɔ kple nudzɔdzɔ wɔnublanuiwo, gakuxiwo, lãmegbegblẽ, ƒomekuxiwo, kple míaƒe vodada siwo míewɔna gbesiagbe. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe Yehowa dzi ne míele kuxi siawo me tom?
9 Gbɔgbɔmekesinɔnu Yeyewo: Edzɔ dzi na mí esi míexɔ agbalẽ yeye si nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La. Aleke gbeƒã si woɖe ku ɖe tameɖoɖo si ta wotae ɖo ŋu la wɔ dɔ ɖe dziwòe? Nukatae ezazã wòanye nusrɔ̃gbalẽ evelia le míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me aɖe vi?
10 Emegbe míexɔ agbalẽ dzeani si nye Te Ðe Yehowa Ŋu. Eƒe nɔnɔme tɔxɛ aɖewo ɖe? Eme nɔnɔmetata kawoe lé dzi na wò vevie? Ðe exexlẽ na be mia kple Yehowa dome va le kplikplikpli wua? Amekawo hãe wòate ŋu aɖe vi na?
11 “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea na gbɔgbɔmedzideƒo si míehiã be míatsɔ akpe akɔ kple ɣeyiɣi siawo siwo me kuxiwo bɔ ɖo la mí. Be míakpɔ viɖe bliboe tso gbɔgbɔmeɖoɖo tɔxɛ sia me la, neva eme be míadze agbagba aɖo ŋku nusi wogblɔ dzi, akpɔ ŋudzedze ɖe nusi míexɔ ŋu, eye míatsɔ nusiwo míesrɔ̃ ade dɔwɔwɔ me. (Pet. II, 3:14) Ewɔwɔ alea ado ŋusẽ mí be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye wòana be míazu Fiaɖuƒe gbeƒãɖela veviedonulawo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me, hena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔ.—Fil. 1:9-11.