INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/04 axa 3-5
  • Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 12/04 axa 3-5

Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ

1. Aleke Yehowa Ðasefowo wɔ dɔ si Mawu de asi na wo si ƒe nya wogblɔ ɖe Mateo 24:14 kple 28:19, 20 lae?

1 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ ‘dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe eye woafia wo be woawɔ nusiwo katã ƒe se yede na wo la.’ Egblɔe ɖi hã be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.” (Mat. 24:14; 28:19, 20) Egbea Yehowa Ðasefowo to woƒe nyagbɔgblɔ na amewo kple woƒe agbalẽwo dzi wɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzonɔamemetɔe. Tso ƒe 1920 me va ɖo fifia la, Yehowa Ðasefowo ta Biblia, agbalẽ, magazine, kple agbalẽvi biliɔn geɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 380 sɔŋ me.

2. (a) Amekawoe nye amesiwo xɔ Fiaɖuƒegbedasia la dometɔ aɖewo? (b) Aleke wòle be míabu mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o lae?

2 Ame miliɔn geɖe le xexeame godoo xɔ woƒe nufiafia la nyuie eye wova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Wo dometɔ aɖewo nye ŋutsu kple nyɔnu siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o. Ke hã woawo hã nye Kristotɔ nyuiwo—wo dometɔ geɖe subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbo aɖe, wodo dzi le subɔsubɔ ƒe yometitiwo me, eye woto Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me ɖee fia be yewolɔ̃ Yehowa.—Yoh. I, 5:3.

3. Nukawoe nye susu vevi aɖewo siwo ta amesiwo menya nuxexlẽ o la dzea agbagba be yewoasrɔ̃ nuxexlẽ?

3 Nukata Wòle Be Woasrɔ̃ Nuxexlẽ? Enye amesiwo menya nuxexlẽ o dometɔ geɖe ƒe didi be yewo ŋutɔ yewoaxlẽ Mawu ƒe Nya Biblia la le yewo ɖokui si. Wonya be ne yewo ŋutɔ yewote ŋu xlẽnɛ la, aʋu mɔnu ɖi na yewo be yewoakpɔ gome le tadedeagu na Mawu me bliboe wu. Le kpekpewo la, wodina be ne wole Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ bubuwo xlẽm la, yewo hã yewoanɔ yewo tɔ dzi kpɔm, eye wodina be yewoate ŋu axlẽ hawo me nyawo ale be yewoate ŋu adzii akpe ɖe yewo nɔvi gbɔgbɔmetɔwo ŋu. Le woƒe aƒewo me la, wodina be yewoatsɔ Biblia sɔsrɔ̃ atu yewo ɖokui kple yewoƒe ƒomewo ɖoe. Eye edzroa wo vevie le gbeadzi be yewoafia Mawu ƒe Nya la me nyateƒea amewo esi manye ame bubu ŋue yewoaɖo ŋu ɖo be wòaxlẽe na yewo hafi o.

4. (a) Aleke nuxexlẽ nyuie sɔsrɔ̃ ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dzii? (b) Abe alesi wogblɔe ɖe Xabakuk 2:2 ene la, nukata wòle be Kristotɔ ɖesiaɖe nadi be yeanya nuxexlẽ nyuie?

4 Wolɔ̃a ŋkuɖoɖo edzi na mí le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me be míaxlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe. Exexlẽ doa ŋusẽ yeye ame. Egakpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le, be míaɖɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo ɖo, be míagana ta le tetekpɔ me o, eye be gbɔgbɔmelãmesẽ nagaɖo mía ŋu ne míeɖe afɔ masɔmasɔ aɖe. (Ps. 19:8, 9) Eyata eme kɔ kɔte be míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe míaƒe nuxexlẽŋutete dzi. Esi wòle alea la, ke ele be wòanye Kristotɔ ɖesiaɖe si di be yeanye nuteƒewɔla ahakpɔ agbe mavɔ la ƒe didi be, menye ɖeko yeanya nuxexlẽ ko evɔ o, ke boŋ be yeate ŋu axlẽ nu nyuie hã.—Xab. 2:2; Yoh. 17:3.

5. (a) Mɔnukpɔkpɔ kawoe le ʋuʋu ɖi na amesiwo nya nuxexlẽ? (b) Abe alesi wogblɔe ɖe Romatɔwo 12:2 ene la, nukata wònyo be mía ŋutɔwo míanya Biblia xexlẽ?

5 Nuxexlẽ sɔsrɔ̃ ʋua mɔnukpɔkpɔ geɖe na ame le Kristo-hamea me. Ne ènya nuxexlẽ la, aɖe vi geɖe na wò be woaŋlɔ ŋkɔwò ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ hã nye mɔnukpɔkpɔ nyui bubu si li na amesiwo dze agbagba nya nuxexlẽ. Vevietɔe nye be ne mía ŋutɔwo míate ŋu axlẽ Biblia le mía ɖokui si la, míate ŋu ‘adzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nyo eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.’ (Rom. 12:2) Nusia atu míaƒe xɔse ɖo eye wòate mí ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu.—Yak. 4:8.

6. Nukatae nuxexlẽ sɔsrɔ̃ nyea nu sesẽ na ame tsitsiwo?

6 Agbagbadzedze be Míasrɔ̃ Nu: Nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ne wotsi vɔ ate ŋu anye kametete blibo. Ne míetsi la, míaƒe amenyenye, numamewo, nɔnɔme, kple nusiwo dzɔa dzi na mí la tsia mía si xoxo si wɔnɛ be nu yeye sɔsrɔ̃ sesẽna na mí ŋutɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi ame tsitsi akpa gãtɔ nye dɔwɔlawo ta la, awɔ na wo be vovo mele yewo ŋu yewoaganɔ nuxexlẽsrɔ̃suku dem o. Ebia dzinɔameƒo hafi ame tsitsi si menya nuxexlẽ o nalɔ̃ ɖe edzi be yehiã kpekpeɖeŋu eye wòabia be woakpe ɖe ye ŋu. Eyata vɔvɔ̃ nɔa ame tsitsi aɖewo me eye womekana ɖe edzi be yewoate ŋu anya nuxexlẽ o. Awɔ na ame bubuwo hã be yewotsi to nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ me.

7. Nukawoe nye nusiwo dea ame tsitsiwo dzi le nuxexlẽ sɔsrɔ̃ gome?

7 Gake agbe me nuteƒekpɔkpɔ geɖe le ame tsitsi geɖewo si eye wote ŋu sea nu geɖe gɔme. Togbɔ be womenya agbalẽ o hã la, ŋutete tɔxɛwo le wo si si na be wote ŋu kpɔ dzidzedze le nu bubuwo me le agbe me. Alesi wote ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋui, woƒe nuwɔwɔ ŋutete, kple dzidodo ƒe nɔnɔme siwo wosrɔ̃ le woƒe agbenɔƒewo me kpe ɖe wo ŋu ŋutɔ le woƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ me.

8. (a) Nuteƒekpɔkpɔ kae fia be woate ŋu asrɔ̃ nuxexlẽ ne wozu ame tsitsi hã? (b) Nɔnɔme nyui kae kpe ɖe Nɔviŋutsu Effor ŋu be wòsrɔ̃ nuxexlẽ nyuie?

8 Esia ta ame tsitsi geɖe srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ xoxo. Wo dometɔ ɖekae nye nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Effor. Egblɔ be: “Esi nyemenya agbalẽ o la, ɖeko wòwɔna nam abe dɔléle aɖee le ŋunye ene. Medi be maɖe Biblia me na nɔvinyewo kple xɔ̃nyewo, gake esi nyemenya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o ta la, menya wɔna nam tututu o. Nusi ʋãm mesrɔ̃ agbalẽe nye nye didi be maɖe gbeƒã na amewo, afia nu wo be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Meŋlɔa nu ɖe nusianu si mekpɔ dzi, meŋlɔa nu ɖe abladzomakpa kura gɔ̃ hã dzi. Nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe didi si le menye nu sẽ ale gbegbe be mekua drɔ̃e hã be mele agbalẽ srɔ̃m. Mekpea ŋu nam be maɖe kuku na amewo be woakpe ɖe ŋunye o. . . . Ƒe ɖekae metsɔ srɔ̃e le hamea ƒe agbalẽsrɔ̃suku. . . . Ne memlɔ anyi le zã me ɣeaɖewoɣi la, medaa akpe na Yehowa be nyemeganye agbalẽmanyala le egbe xexe sia me o.” Nyateƒee, nɔnɔme sia ate ŋu akpe ɖe amesiame ŋu wòasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ.

9. (a) Nukae wòle be wòaʋã mí míasrɔ̃ nuxexlẽ? (b) Nukatae ɖokuibɔbɔ kple dzidodo nye nɔnɔme vevi aɖe siwo anɔ ame si bene woate ŋu asrɔ̃ nuxexlẽ?

9 Nɔvi geɖe hã dze agbagba nenema ke srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Didi vevie be yewoafia Biblia me nyateƒeawo amesiwo le gbɔgbɔ me viviti mee ʋã wo be woasrɔ̃e. Wotsɔa ɖokuibɔbɔ dea sukua ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ eye wobɔbɔa wo ɖokui wofiaa nu wo. Wodoa dzi eye womenaa ta o ne dzi ɖe le wo ƒo hã. To eɖoɖo kplikpaa alea, susu nyui bubu, kple Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, amesiame ate ŋu asrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ!—Mat. 17:20.

10. Agbalẽ yeye kae wota na nuxexlẽ sɔsrɔ̃, eye nukawoe nye agbalẽa me nusɔsrɔ̃ nyuiawo dometɔ aɖewo?

10 Nusrɔ̃gbalẽ Yeye Aɖe: Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽsrɔ̃sukuwo kpe ɖe ame akpe geɖewo ŋu wosrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Tsã la, míezãa nuxexlẽsrɔ̃gbalẽ si talawo ŋutɔŋutɔe nye Ghana Degbe Nuŋɔŋlɔ Dɔwɔƒeha. Gake fifia adzɔ dzi na mi be miase be Yehowa Ðasefowo ŋutɔ ta nusrɔ̃gbalẽ yeye si ŋkɔe nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ, eye ele Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twigbe me. Wowɔ agbalẽ yeye sia wòle bɔbɔe eye wotrɔ asi le eŋu be woatsɔe asrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe akpa veviwoe. Agbalẽa me nusɔsrɔ̃ nyuiawo ƒe ɖewoe nye: nuŋɔŋlɔ dɔdasi siwo sukuviwo awɔ le aƒeme, Fiaɖuƒehawo dzidzi sɔsrɔ̃, Biblia-gbalẽwo ƒe ŋkɔ sɔsrɔ̃, kple gbeadzikɔntabubu gbalẽviwo kpekpeɖo.

11. (a) Ðoɖo tɔxɛ kawoe wòle be hamemegãwo ƒe ha la nawɔ na hamea me tɔ siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o? (b) Abe alesi Galatiatɔwo 6:7 gblɔe ene la, nukae wòle be amesiwo menya nuxexlẽ o nade dzesii? (d) Nukae sukuviwo ate ŋu akpɔ mɔ na le woƒe agbagbadzedze be yewoasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ me?

11 Ne hamemegãwo ƒe ha kpɔ be ehiã be hamea me tɔ aɖewo nasrɔ̃ degbe xexlẽ la, ke woawɔ ɖoɖo be nufiala nyui aɖe nanɔ nua fiam wo zi alesinu anya wɔ le kwasiɖa me. (Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 285) Nufiala nyuiwo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ana nusɔsrɔ̃a nadzro woƒe sukuviwo ne wodea dzi ƒo na wo eye wokafua wo, kpakple ne wokpena ɖe wo ŋu be woaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo la na wo ɖokui le nuxexlẽa sɔsrɔ̃ me. Gake be woayi ŋgɔ la, ele be sukuviawo ŋutɔ hã nawɔ wo tɔ sinu le nua sɔsrɔ̃ me eye woado vevie nu. (Gal. 6:7) Ne sukuvia dze agbagba alea la, ate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa ayra ɖe yeƒe agbagbadzedzewo dzi eye eƒe gbɔgbɔ hã anɔ ye dzi.—Kor. II, 4:7.

12. (a) Aleke wofiaa nu le hamea ƒe agbalẽsrɔ̃sukuwo mee? (b) Nukata mele be ame aɖeke navɔ̃ na suku sia dede o?

12 Amesiwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe hamea ƒe agbalẽsrɔ̃sukua me akpɔe be wotsɔa lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi fiaa nui le sukua. Wodea bubu sukuviwo ŋu eye womedoa ŋukpe wo alo ɖia gbɔ wo o. Wodea dzi ƒo na wo be woayi ŋgɔ le woawo ŋutɔ woƒe ŋutete nu eye wokafua wo ɣesiaɣi ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Eyata ne mèŋlɔ ŋkɔ ɖe hamea ƒe agbalẽsrɔ̃sukua me haɖe o la, ɖe manyo be nàŋlɔe fifia oa? Akpe ɖe ŋuwò be wò gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi natsɔ kabakaba eye wòana ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze vavãtɔ nayɔ mewò fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple nugɔmesese katã me.’—Kol. 1:9.

13. Yayra kawoe li na amesiwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ?

13 Mía Wɔla Yehowa Mawu tsɔ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ŋutete ve ameƒomea nui. Gake ele be woadze agbagba hafi anyae. Teƒeɖoɖo siwo le eme sɔ gbɔ ŋutɔ. Gake teƒeɖoɖo gãtɔ ɖe agbagba sia dzedze tae nye be woate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nya la “zã kple keli.” Esia ana ‘nu nadze edzi na mí eye míawɔ nu le nunya me’ ɣesiaɣi. Ðe nu bubu aɖe gali de ŋgɔ wu esia—si tae míasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ɖoa?—Yos. 1:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe