Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔwo Ŋu be Woayi Ŋgɔ
1 Yehowa yi edzi le eƒe amewo yram to ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo’ hehe vɛ me dzi. (Xag. 2:7) Esia wɔe be ame yeye geɖe va le ɖeka wɔm kpli mí le tadedeagu vavãtɔ me. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, ame yeye siwo wu 4,000 ye xɔ nyɔnyrɔ le Ghana. Esi dzi le mía dzɔm ɖe dzidziɖedzi sia ŋu la, míede dzesii hã be Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu 170,000 ye míewɔna ɣleti sia ɣleti. Ðe míate ŋu ana hehe nusrɔ̃vi siawo dometɔ geɖe wu be woawɔ ŋgɔyiyi aɖe adzɔgbe ahaxɔ nyɔnyrɔa?
2 Enye nyateƒe be míedea dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃vi siawo dometɔ geɖe be woagblɔ Biblia me sidzedze si su wo si na ame bubuwo. Ele be míade dzi ƒo na wo woaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me eye woayi ŋgɔ ava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Míedea dzi ƒo na wo hã be woade hamea ƒe kpekpewo edziedzi. Esiawoe nye afɔɖeɖe aɖewo siwo le vevie le kpekpeɖeŋu nana ame yeyewo me be woava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo.—Subɔsubɔ Suku gbalẽ, axa 282.
3 Ke hã, nyatakaka siwo míexɔ tso dzikpɔla mɔzɔlawo gbɔ ɖee fia be Biblia-nusrɔ̃vi geɖe, siwo dometɔ aɖewo nye Ðasefowo ƒe viwo, wɔa dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me edziedzi, gake womenye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo o. Ɣekaɣie míate ŋu akpe Biblia-nusrɔ̃viwo be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kpli mí abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ene?
4 Hafi woaɖe wo ɖokui afia le dutoƒo be yewonye Yehowa Ðasefo la, ele be woaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo kple habɔbɔa ƒe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa ƒe axa 98 kple 99 me la gbɔ gbã. Hamemegãwoe dzroa nyabiase siwo le afima me kple Biblia-nusrɔ̃via hekpɔnɛ ɖa be eɖo nudidiawo gbɔ hã. Ðe nusrɔ̃via wu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ya teti sɔsrɔ̃ nua? Ðe wòwɔ tɔtrɔ siwo hiã le eƒe agbenɔnɔ me, si na wòdze aɖe eɖokui afia le gaglãgbe abe Yehowa subɔla enea? Ne edze la, woate ŋu aɖe mɔ nɛ wòakpɔ gome le dutoƒo gbeƒãɖeɖedɔa me zi gbãtɔ eye wòabu eƒe gbeadzi dɔwɔna ŋuti kɔnta na hamea.
5 Mina Hehe Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔwo: Gbeƒãɖela yeyewo ate ŋu anɔ vevie dom nu ahanɔ dzidzɔ kpɔm, gake nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o. Nukawo tututue míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi geɖe wu?—Fil. 3:16.
6 Yehowa wɔ ɖoɖo geɖe ɖe míaƒe hehexɔxɔ ŋu bene míawɔ subɔsubɔdɔa wòanyo. Ne míezã nusiwo wòna mí la, ekema ‘míaƒe afɔɖeɖewo lia ke.’ (Ps. 37:23) Le kpɔɖeŋu me, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le nuƒoƒo kple nufiafia ŋutete tutuɖo ŋuti hehe nam mí ƒe 60 kple edzivɔe nye esia. Hekpe ɖe eŋu la, Subɔsubɔ Kpekpe si míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa me nuƒowo, wɔwɔfiawo, kple numedzodzrowo hã naa hehe mí. Ðe nàzã hehe si nèxɔ be wòaɖe vi na ame yeyewoa?—Tim. II, 2:2.
7 Eme kɔ be ne nusrɔ̃vi aɖe dze gbeadziyiyi zi gbãtɔ la, adi be yeazɔ kple gbeƒãɖela si le nu srɔ̃m kplii ne yeasrɔ̃ alesi wowɔa gbeƒãɖeɖedɔae ŋutɔŋutɔ le egbɔ. Ne wole dɔ wɔm ɖekae la, gbeƒãɖelaa ate ŋu anɔ hehe nam ame yeyea vivivi, ate ŋu abia tso esi be wòaxlẽ mawunyakpukpui aɖewo, wòana trakt alo magazine aɖewo, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ana mɔe wòaxɔ ŋgɔ aɖe gbeƒã na aƒemenɔla aɖe. Eyata abu eƒe gbedzi subɔsubɔdɔa ŋuti kɔnta zi gbãtɔ esime wòkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Eƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ vivivi le gbeadzi wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya siawo be: “Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.”—Luka 6:40.
8 Esi míeyi edzi le hehe nam gbeƒãɖela yeyea la, míadi be míanɔ mɔnukpɔkpɔwo dim anɔ ekafum ɖe eƒe agbagbadzedze kple didi vevie si le eme ɖe gbeadziyiyi ŋu ta. Ðo ŋku apostolo Paulo ƒe dzideƒonamenya si wògblɔ na mí katã dzi nɛ, be “míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti.” (Heb. 6:1) Kpe ɖe eŋu wòawɔ esia.
9 Alesi ɖeviwo ɖea afɔ ɖekaɖekae ne wole azɔlizɔzɔ srɔ̃m la, nenema kee míakpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo hã ŋui be woawɔ ŋgɔyiyi vivivi. Ne èle hehe nam gbeƒãɖela yeye aɖe la, ɖe nàte ŋu akpe ɖe eŋu vivivi be wòaɖe gbeƒã le ʋɔtrua nu, wòazã dzeɖonya si zãm míele, eye be wòana agbalẽ si mam míelea? Ðe wòle klalo be yeahe amewo ƒe susu ayi Reasoning-gbalẽa dzi, azã nyabiasewo atsɔ ahe aƒemenɔlaa ade dzeɖoɖoa me ale be wòatsɔ aɖo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyi nyui wɔwɔ si ana woava ɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi mlɔeba?
10 Nya siwo woagblɔ le gbeadzi me toto edziedzi kpakple dɔwɔwɔ kple ame yeyea le gbeadzi akpe ɖe eŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi siawo. Kpekpeɖeŋu siawo sɔ elabena Yesu Kristo hã na hehe eƒe nusrɔ̃lawo ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. (Mar. 6:7-12; Luka 10:1-22) Le nyateƒe me la, anye lɔlɔ̃ ɖeɖefia ne míewɔ asitɔtrɔ siwo hiã be ‘míakpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo’ ŋu.—Dɔw. 20:35.
11 Be nusrɔ̃via nawɔ ŋgɔyiyi le hehe si xɔm wòle me la, anyo be nàdzro alesi woawɔ atrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ me kplii. Esia abia be woabia nya aɖe aƒemenɔlaa le sasrãkpɔ gbãtɔ me si ŋu miava ɖo ne mietrɔ yi. Kpɔ egbɔ be yekpe ɖe gbeƒãɖela si si nuteƒekpɔkpɔ mesu tututu o ŋu wòdzra ɖo, eye mia kplii miayi tɔtrɔyia wɔƒe. Ne gbeƒãɖela yeyea dze nusɔsrɔ̃ gɔme gake wòse le eɖokui me be yemate ŋu akpɔ edzi o la, gbeƒãɖela si bi wu adi be yeakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi hena ɣeyiɣi aɖe vaseɖe esime ame yeyea ka ɖe edzi be yeate ŋu awɔe.
12 Mina Hehe Wo be Woazu Nufiala Bibiwo: Ðo ŋku edzi be mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi míato akpe ɖe ame yeyewo ŋu dometɔ ɖekae nye kpɔɖeŋu si míeɖona. Ne miele dɔ wɔm le gbeadzi ɖekae la, nukata màgblɔ alesi nèle tɔtrɔyi si akplɔe ɖo la wɔ ge nɛ o? Tsɔ nuŋlɔɖi siwo nèwɔ ku ɖe ame aɖe si nèɖi ɖase na ŋu la fiae eye nàɖe nusitae nèŋlɔ nyatakaka aɖewo da ɖi gɔme nɛ. Ne ame yeyea lé ŋku ɖe alesi nèkpe wò aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi gbalẽvia ɖoe le tɔtrɔyi aɖe wɔwɔ me vɔ la, na wòawɔ nuŋlɔɖi tso amesiwo aɖe ɖetsɔleme afia ŋu le aƒe siwo kplɔe ɖo me nàkpɔ.
13 Hekpe ɖe eŋu la, ne ame yeyewo le dɔ wɔm kpli wò le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me la, woate ŋu akpɔ alesi nètua ɖetsɔleme ɖo hedzea nusɔsrɔ̃wo gɔmee. To ŋkulelé ɖe alesi nèwɔnɛ bɔbɔe ŋu me la, dzideƒo asu wo si be woakpɔ gome le dɔ vevi sia wɔwɔ me. Àte ŋu akpe ɖe ame yeye aɖe ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe alesi wòle be eya ŋutɔ nadze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme ƒe vevienyenye ŋu.
14 Esi nèyi edzi le nu srɔ̃m kple nusrɔ̃vi yeyea hele hehe namee le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, na wòaɖo lɔlɔ̃ deto na amewo, ale be taɖodzinu si ta wòadi be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me nanye be yeayi edzi akpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃lawo. (Mat. 5:43-45; 28:20) Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be ele vevie be wòayi edzi anɔ amesiwo lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe Nya la ŋu gbɔ yim. To mɔ sia dzi la, ase egɔme be menye agbalẽ mama na amewo ta koe nèkpɔa gome le tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔ me ɖo o, ke boŋ be nàɖi ɖase tso Yehowa ŋu ahakpe ɖe amesiwo le didim be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo si gɔme woɖe ɖe Biblia me ŋu tae.
15 Ele be nàdee nusrɔ̃via ƒe dzi kple susu me hã be adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye dzesi si hiã na agbetsitsi ayi Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me ƒe akpa aɖe. (Xez. 9:4) Na wòatu lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ na Yehowa ɖo ale be xɔse naʋãe wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe nɛ. (Kron. I, 28:9a) Kpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe tafea hã ŋu. Tsɔ nyɔnyrɔxɔlawo ƒe fotowo fiae eye nàɖe dzidzɔkpɔkpɔ si wònyena me nɛ. Le nutome sue kple nutome gã takpekpewo me la, kplɔe ɖi tsa wòakpɔ nyɔnyrɔxɔxɔ teƒea, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòado gbe ɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeadze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Kpe ɖe eŋu wòakpɔe adze sii be ehiã be yeawɔ nu heheɖemegbe manɔmee ava nɔ nyateƒea ƒe akpa dzi.—Luka 21:34, 35.
16 Mí Katã Míaƒe Kpekpeɖeŋu Hiã: Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo hiã na hamemegãwo kple Kristotɔ tsitsi bubuwo hã ƒe kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, eƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi wɔwɔ le vevie na eƒe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla. Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu ade ŋugble tso nusi woa ŋutɔwo woate ŋu awɔ akpe ɖe gbeƒãɖela yeye siwo le woƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒewo ŋu, eye woawɔ ɖoɖo hã be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bibi bubuwo nakpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me.
17 Viɖe siwo dona tsoa kpekpeɖeŋu nana ame yeyewo me be woadze na nyɔnyrɔxɔxɔ medzena enumake o. Exɔa ɣeyiɣi eye ehiã be nufialaa kple mí katã míagbɔ dzi ɖi. Paulo gblɔ be: ‘Ðeɖi nagate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ dzi.’ (Gal. 6:9) Esi míele kpekpeɖeŋu nam gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ gbogboawo be woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me la, míele mɔ kpɔm be woato gbedodoɖa dzi aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ.—Tsɔe sɔ kple Marko 1:9-11.
18 Ne gbeƒãɖela bibi ɖesiaɖe akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi gbogboawo dometɔ ɖeka teti ŋu wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe la, bu nu nyui si gbegbe ado tso eme ŋu kpɔ. Anye ne gbeƒãɖela siwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame bubuwo adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye ɖetsɔlemetɔ geɖe adze agbemɔ la dzi zɔzɔ gɔme. Anyo be nàkpe ɖe wò ŋutɔ wò ƒomea me tɔwo alo gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ɖeka ŋu. Ðe nèle klalo hele didim be yeana kpekpeɖeŋua? Eye ne wòe hiã na kpekpeɖeŋua la, ɖe nèle lɔlɔ̃m faa be woakpe ɖe ye ŋua? Ðo ŋku edzi be tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ le vevie ŋutɔ elabena eya dzie amewo ato be sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me nasu wo si.—Yoh. 17:3.
19 Viɖe Geɖe Ado tso Eme: Kesinɔnu xɔasi ŋutɔ aɖee míaƒe subɔsubɔdɔa nye vavã. (Kor. II, 4:1, 7) Esi mɔnukpɔkpɔ su mía si be míawɔ dɔ kple ame bubuwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, míate ŋu atu ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖo ɖe mía nɔewo me ɖe míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míade dzi ƒo na mía nɔewo ahasrɔ̃ nu tso mía nɔewo gbɔ. Esia awɔe be dzi adzɔ mí geɖe wu, míabi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye dɔwɔwɔ kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖekae ana míase vivi ŋutɔ.—Ps. 133:1.
20 Ɣeaɖeɣi mí katã míenye ame yeyewo kple amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ menɔ o le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Gbeƒãɖela alo mɔɖela bibi aɖewoe de dzi ƒo na mí hena hehe mía dometɔ geɖe. Gbeƒãɖeɖe ŋutete si su mía si kple alesi dzi le mía dzɔm wu le subɔsubɔdɔa me fifia nye kpekpeɖeŋu si wona mí me tsonuwo. (Lod. 27:17; Dɔw. 20:35) Mina míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Yehowa wɔ na mí to hehenana mí le subɔsubɔdɔa me dzi naʋã mí be míalɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋu ame bubuwo hã be woadzi woƒe ŋutete ɖe edzi le Yehowa ƒe Nya la zazã me.