Minɔ Ŋudzɔ! Gbalẽ Gbadza la Sɔsrɔ̃
Hame siwo katã le xexeame godoo asrɔ̃ agbalẽ gbadza si nye Minɔ Ŋudzɔ! le May 23 vaseɖe June 20, 2005, ƒe kwasiɖawo me le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo. Taflatse, mizã nyabiabia siwo gbɔna ne miele dzadzram ɖo na nusɔsrɔ̃a kple le kpekpea wɔɣi. Le nua srɔ̃ɣi la, mixlẽ agbalẽa me nyawo, eye mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu.
May 23 ƒe Kwasiɖa
◼ Axa 3-4: Nɔnɔme siwo woyɔ le afisia kawo koŋ me tomee wò ŋutɔ nèle? Nukae ɖee fia wò be menye teƒe ɖeka aɖe koe nusiawo le dzɔdzɔm le o?
◼ Axa 5: Nukae na nèka ɖe edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ? Nukae aɖe alesi gbegbe míawo míetsɔ ɖe le Mawu kple nusi wɔm wòle mee afia?
◼ Axa 6-8: Nya kae Mateo 24:1-8, 14 gblɔ tso nusi nɔnɔme siwo le xexeame fifia fia ŋu? Abe alesi Timoteo II, 3:1-5 ɖee fia ene la, ɣeyiɣi ka mee míele fifia? Nuka ƒe ŋkeke mamlɛawoe nye esiawo? Nukae na nèka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya vavã? Nukae nye Fiaɖuƒe si ŋu míeɖea gbeƒã tsonae?
◼ Axa 9-10: Nukatae wòle be míabu nyametsotso siwo míewɔna gbesiagbe kple nusiwo nye nu vevitɔwo na mí le agbe me ŋu nyuie? (Rom. 2:6; Gal. 6:7) Esi nèle nyabiabia siwo le axa 10 me dzrom la, mawunyakpukpui kawoe va susu me na wò siwo wòle be woakpɔ ŋusẽ ɖe nusi nèwɔna dzi?
May 30 ƒe Kwasiɖa
◼ Axa 11: Nukatae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nabu nya siwo wobia le axa sia ŋu? (Kor. I, 10:12; Ef. 6:10-18) Aleke alesi míeɖo nya siawo ŋui la aɖee afia ne míetsɔa Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si le Mateo 24:44 la nya vevii alo míetsɔnɛ o?
◼ Axa 12-14: Nukae nye ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 14:6, 7? Be ‘woavɔ̃ Mawu eye woatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ’ gɔme ɖe? Nukae nye Babilon Gã la, eye nukae adzɔ ɖe edzi? Afɔ kae wòhiã be míaɖe fifia ku ɖe Babilon Gã la ŋu? Nukawo hãe le ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo si ƒe nya wogblɔ ɖi la me? Ŋusẽ kae míaƒe “ŋkeke la alo gaƒoƒo la” si dzi Mawu ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ manyamanya kpɔna ɖe mía dzi? (Mat. 25:13)
◼ Axa 15: Nukae nye dziɖulanyenye ƒe nya la, eye aleke nya sia ka mía dometɔ ɖesiaɖee?
◼ Axa 16-19: Nukawoe nye “dziƒo yeye” kple “anyigba yeye” la? (Pet. II, 3:13) Amekae do nusiawo ŋugbe? Tɔtrɔ kawoe dziƒo yeye kple anyigba yeye la ahe vɛ? Ðe woaɖe vi na mía ŋutɔwoa?
June 6 ƒe Kwasiɖa
◼ Axa 20-1: Sisi ƒe nuxlɔ̃ame kae Yesu na eyomedzelawo le ƒe alafa gbãtɔ me? (Luka 21:20, 21) Ɣekaɣie sisi ma nɔ bɔbɔe? Nukatae wòhiã kpata be woasi heheɖemegbemanɔmee ɣemaɣi? (Mat. 24:16-18, 21) Nukatae ame geɖe metsɔa ɖeke le nuxlɔ̃ame me o? Aleke nuxlɔ̃ame siwo tso amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo gbɔ dzi wɔwɔ ɖe vi na ame akpe geɖe siwo nɔ China kple Philippines? Nukatae wòhiã kpata wu be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame ku ɖe fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu dzi? Le alesi nuwɔwɔ kpata hiã vevie ta la, agba kae le mía dzi? (Lod. 24:11, 12)
◼ Axa 22-3: Nukatae ame geɖe metsɔ ɖeke le afɔku ŋuti nuxlɔ̃ame siwo wona le Australia le ƒe 1974 kple le Colombia le ƒe 1985 me o, eye nukawoe do tso eme? Aleke nèbu be yeawɔ nui ne ɖe nènɔ teƒe mawo, eye nukatae? Nukae ate ŋu aɖee afia be ne ɖe míenɔ agbe le Noa ƒe ŋkekea me la, anye ne míeɖo to? Nukatae amewo di be yewoanɔ blemadu Sodom kple nuto siwo ƒo xlãe me? Aleke ŋugbledede vevie le nusi dzɔ le Sodom ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?
June 13 ƒe Kwasiɖa
◼ Axa 24-7: Mizã “Nusɔsrɔ̃ Biabiawo” si le axa 27 lia.
June 20 ƒe Kwasiɖa
◼ Axa 28-31: Mizã “Nusɔsrɔ̃ Biabiawo” si le axa 31 lia.
Ne míedzro agbalẽ gbadza sia me la, akpe ɖe mía ŋu ‘míanɔ ŋudzɔ’ eye míanɔ dzadzraɖoɖi. Mina alesi míele subɔsubɔdɔa wɔmee naɖee afia be míekpɔe be nya si ƒe gbeƒã ɖem mawudɔlaa nɔ la hiã kpata, be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.”—Mat. 24:42, 44; Nyaɖ. 14:7.