Nusɔsrɔ̃ 1
Alesi Nàwɔ Anya Nusi Mawu Di
Nya vevi kawoe le Biblia me? (1)
Amekae nye Biblia la ŋlɔla? (2)
Nukata wòle be nàsrɔ Biblia? (3)
1. Nunana xɔasi si tso Mawu gbɔe Biblia nye. Ele abe lɛta si vifofo lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋlɔ na viawo ene. Egblɔa Mawu ŋuti nyateƒea na mí—amesi wònye kple nusi eƒe dzidzenuwo nye. Eɖe alesi míakpɔ kuxiwo gbɔe kple alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me. Biblia koe gblɔ nusi wòle be míawɔ be míadze Mawu ŋu la na mí.—Psalmo 1:1-3; Yesaya 48:17, 18.
2. Ame vovovo siwo ade 40 ye ŋlɔ Biblia le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ƒe 1,600, si dze egɔme tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la me. Agbalẽ suesue 66 ye le eme. Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amesiwo ŋlɔ Biblia la. Eƒe susuwoe woŋlɔ, ke menye woa ŋutɔ tɔwoe o. Eyata Mawu si le dziƒo ye nye Biblia la Ŋlɔla, ke menye amegbetɔ si le anyigba dzi aɖekee o.—Timoteo II, 3:16, 17; Petro II, 1:20, 21.
3. Mawu kpɔ egbɔ be wogbugbɔ Biblia ŋlɔ wòde pɛpɛpɛ eye wokpɔ eta. Wota Biblia geɖe wu agbalẽ ɖesiaɖe. Menye amesiamee akpɔ dzidzɔ ne ekpɔ wò nèle Biblia srɔ̃m o, gake mègana ema nana nàdzudzɔ o. Sidzedze Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzie wò etsɔme mavɔ nɔ te ɖo eɖanye tsitretsiɖeŋu ka ke nàdo goe o.—Mateo 5:10-12; Yohanes 17:3.