-
Ðaseɖiɖi Nyuie le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ ÐoFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | June
-
-
Ðaseɖiɖi Nyuie le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ Ðo
1. Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo sɔsrɔ̃ me la, aleke Kristotɔ siwo li egbea le ɖase ɖim le afisi amewo sɔa gbɔ ɖo, eye nukawoe do tso eme?
1 Kristotɔ siwo li egbea dina be yewoagblɔ nyanyuia na amewo le afisiafi si yewoakpɔ wo le, abe alesi Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔe ene. (Dɔw. 16:13; 17:17; 20:20, 21) Nusi do tso agbagba si dzem wole be woaɖi ɖase le afisi amewo sɔa gbɔ ɖo me enye be wokpɔa amesiwo tsɔa ɖe le nyanyuia me, siwo anye ne womate ŋu ake ɖe wo ŋu gbeɖe le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me o.
2. Nukata nuŋububu nyuie hiã ne míele ɖase ɖim le dutoƒo, eye akpa kae míate ŋu awɔ be ɖoɖo nyui nanɔ anyi?
2 Nuŋububu nyuie hiã le dutoƒo ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me. Zi geɖe la, anyo wu be míagahe amewo ƒe susu va mía dzi dzodzro o. Le kpɔɖeŋu me, ne gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ akpa le ɖase ɖim le teƒe ɖeka alo be wolɔ hoo yi nudzralawo dome la, ame aɖewo atsi dzodzodzoe le míaƒe vava ŋuti. Esia aklo bubu le míaƒe dɔa ŋu eye ate ŋu awɔe be míakpɔ dzidzedze nyui o. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe nusia ƒe dzɔdzɔ nu? Hame siwo si teƒe geɖe le si woate ŋu awɔ gaglãgbe ɖaseɖiɖidɔa le la kpɔe be ede yewo dzi esi yewoma teƒe siawo wozu anyigbamama vovovowo. (Kor. I, 14:40) Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu ana be ɖoɖo nyui nanɔ anyi ne míewɔa dɔ le míaƒe hamea ƒe anyigbamama ɖeɖeko me, negbe ɖe Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti wɔ ɖoɖo tɔxɛ be míakpe ɖe hame bubuwo ŋu.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January 1999, axa 5, mm. 18-19.
3. Mɔnu kae ame aɖewo kpɔ be ewɔa dɔ ne wole ɖase ɖim le dutoƒo?
3 Tete Ðe Amewo Ŋu: Esi Yesu ɖo dze kple nyɔnu aɖe le vudo aɖe to la, edze egɔme kple nya ʋɛ aɖewo eye wòyi dzeɖoɖoa dzi esime nyɔnua ƒe ɖetsɔleme va dze nyuie. (Yoh. 4:7-26) Mɔnu sia wɔa dɔ le nɔnɔme aɖewo me egbea hã. Be dutoƒo ɖaseɖiɖidɔa natse ku la, gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be enyo be yewoazã miniti ʋɛ aɖewo ado gbe na ameawo, ado vivi ɖe wo ŋu hafi agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na wo. Woƒoa nu tso nutoa me ƒe nya siwo me ameawo tsɔ ɖe le ŋu, eye esia ʋua dzeɖoɖo mɔnu ɖi. Woɖoa to nyuie ne amewo le nu ƒom tso nusiwo me wotsɔ ɖe le ŋu. Kasia, wodzea nuƒoƒo tso Mawu ƒe Nya la me akɔfanamenyawo ŋu gɔme na wo.—Rom. 15:4.
4. Aleke míate ŋu atu ɖetsɔleme si woɖe fia ɖoe?
4 Ðetsɔlemea Tutuɖo: Ɣesiaɣi si ame aɖe ɖe mɔ míeɖo dze nyuie la, ele be míawɔ ɖoɖo ava tu ɖetsɔlemea ɖo. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Ne èle dzeɖoɖoa nu wum la, àte ŋu aɖe wò nuŋlɔɖigbalẽvi ɖe go ahagblɔ be: “Míaƒe dzeɖoɖoa do dzidzɔ nam ŋutɔ. Ðe míate ŋu ayi edzi ɣebubuɣia?” Alo gblɔ be: “Madi be nàxlẽ nyati aɖe si meka ɖe dzi be ado dzidzɔ na wò godoo. Anyo be matsɔe va na wò le aƒeme alo dɔwɔƒea?” Gbeƒãɖela aɖewo biana kpuie ko be: “Telefon xexlẽdzesi ka dzie mate ŋu ayɔ wò le?” Zi geɖe la, woɖoa eŋu nyuie.
5. Taɖodzinu kae le be wòanɔ mía si ne míele ɖase ɖim le dutoƒo?
5 Ame geɖe siwo ŋu woke ɖo zi gbãtɔ le afisiwo amewo sɔa gbɔ ɖo la lɔ̃ ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dzi. Míate ŋu awɔ nusɔsrɔ̃ siawo le amea ƒe aƒeme, le afisi wòwɔa dɔ le, le teƒe aɖe si sɔ le dutoƒo, alo le telefon dzi. Mina míaɖoe míaƒe taɖodzinui be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ne míele ɖase ɖim le dutoƒo.
-
-
Nya si Míagblɔ le Magazineawo ŊuFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | June
-
-
Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Togbɔ be amesiame le nu ƒom tso xexeame ƒe ŋutifafa ŋu hã, ameƒomea mete ŋu le xexeame ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ ɖom o. Ðe nèsusu be drɔ̃e aɖe koe egbɔ ɖoɖo nyea? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia he míaƒe susu yi dziɖuɖu si ate ŋu ahe xexeame ƒe ɖekawɔwɔ vɛ dzi.” Xlẽ Psalmo 72:7, 8 eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ yi be miadzro alesi esia awɔ ava emee la me.
Nyɔ! June 8
“Ède dzesii be ame geɖe tsi dzi ɖe alesi kansa si gblẽa ŋutigbalẽ na ame va bɔ fifia ŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia dzro nusitae mí amesiwo li egbea míele afɔku me wu kple nusi míawɔ akpɔ mía ɖokui tae me.” Gblɔ ŋugbedodo fakɔname si le Hiob 33:25 me nyawo nàtsɔ aƒo etae.
Gbetakpɔxɔ June 15
“Mía dometɔ geɖe azã míaƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ ɖe dɔwɔwɔ ŋu. Ame aɖewo kpɔe be yayrae; ame bubuwo kpɔe be fiƒodee. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyagblɔla 2:24.] Magazine sia ɖe alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu me. Edzro alesi míanɔ te ɖe nuteɖeamedzi siwo tsoa dɔwɔwɔ me nui hã me.”
Nyɔ! June 22
“Èsusu be míaƒe nutoa me anyo wu ne amesiame nɔ agbe ɖe nya siawo nua? [Xlẽ Efesotɔwo 4:28. Emegbe na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe alesi gbegbe fififi le fiasewo me ka mía dometɔ ɖesiaɖee me. Eɖee fia hã be madidi o, fififi le fiasewo me, kple nuvlowɔwɔ bubuwo, ava zu nusiwo nu va yi.”
-