-
Nusɔsrɔ̃ Tso Ƒudzidela GbɔGbetakpɔxɔ—2000 | August 15
-
-
Nusɔsrɔ̃ Tso Ƒudzidela Gbɔ
AME ɖeka ƒe tɔdziʋukuku ate ŋu ate ɖeɖi eŋu. Alesi ɖeɖiteameŋu gbãa lãme na amee ate ŋu ahe ƒudzidela ade afɔku ƒe nɔnɔme aɖe me, ale be wòawɔ vodada kple nyametsotso gbegblẽwo. Le susu sia ta ekpɔa asixɔxɔ si le seke ŋu. Enana ƒudzidela si ŋu ɖeɖi te la ɖina ɖe eme eye wògaɖoa eɖokui me ale be tsi mekplɔnɛ dzona wòɖoa afɔku me o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, sekea wɔnɛ be tɔdziʋua ƒe ŋgɔ kpea akɔ kple yaƒoƒoa kpakple ƒutsotsoewo eye wònana tɔdziʋua nɔa te nyuie.
Abe alesi ƒudzidelawo dzea ŋgɔ afɔku geɖe le ƒu dzii ene la, Kristotɔwo dzea ŋgɔ xexe sia ƒe nyaƒoɖeamenuwo edziedzi eye wosena le wo ɖokui me be yewohiã ɖiɖiɖeme. Le nyateƒe me la, Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖeɣi be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi gbedzi, ne míadzudzɔ mía ɖokui ʋɛ.” (Marko 6:31) Egbea ame aɖewo te ŋu kplɔa woƒe ƒomewo wozɔa mɔ kwasiɖa ʋɛ aɖewo alo woyia teƒe aɖe le kwasiɖanuwuwu be woava ɖi ɖe eme. Ɣeyiɣi siawo ate ŋu ana gbɔdzɔe kple ŋusẽ yeye ame. Gake aleke míakpɔ egbɔ be míele dedie le gbɔgbɔ me le ɣeyiɣi mawo me? Nukae ate ŋu anye míaƒe gbɔgbɔmeseke si akpe aɖe mía ŋu be tsi makplɔ mí adzoe o eye míanɔ te?
Yehowa wɔ esia ƒe ɖoɖo na mí lɔlɔ̃tɔe. Esia menye naneke wu eƒe Nya Kɔkɔea, si nye Biblia, o. Ne míexlẽnɛ gbesiagbe la, míate ŋu anɔ Yehowa ŋu eye míate ɖa tso egbɔ gbeɖe o. Aɖaŋuɖoɖo siwo le eme ate ŋu ali ke mí eye wòana míanɔ te ɖe Satana kple eƒe xexeame ƒe tetekpɔwo nu. Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo si dzi míazɔ ɖo, ne míegale gbesiagbedɔ siwo míewɔna wɔm o gɔ̃ hã, ate ŋu anye gbɔgbɔmeseke na mí.—Yosua 1:7, 8; Kolosetɔwo 2:7.
Hakpala la ɖo ŋku edzi na mí be, ‘amesi kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli la nye dzidzɔme.’ (Psalmo 1:1, 2) Gbɔdzɔe kple ŋusẽ yeye vavãtɔ si agaɖo mía ŋue nye ‘dzidzɔnya’ si ado tso Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe me, ale be wòana míayi Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔa dzi.
-
-
Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?Gbetakpɔxɔ—2000 | August 15
-
-
Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?
Le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me kura gɔ̃ hã la, Mawu, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ si tso Biblia me ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 2 lia.
-