“Faa Miexɔe, Faa Minae”
“FAA miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Yesu na mɔfiame sia eƒe apostolowo esime wòdɔ wo ɖa be woaɖe gbeƒã nyanyuia. Ðe apostoloawo wɔ ɖe mɔfiame sia dzia? Ẽ, eye woyi edzi wɔ ɖe edzi esime Yesu dzo le anyigba dzi megbe gɔ̃ hã.
Le kpɔɖeŋu me, esi Simon si nye afakala tsã la kpɔ nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ si nɔ apostolo Petro kple Yohanes si la, edi be yeana ga wo ne woana ŋusẽ ma ye. Gake Petro ka mo na Simon, gblɔ be: “Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena èbu xa bena yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.”—Dɔwɔwɔwo 8:18-20.
Apostolo Paulo ɖe Petro ƒe gbɔgbɔ sia tɔgbe fia. Paulo ate ŋu atsɔ eƒe ganyawo ƒe agba ada ɖe nɔvia Kristotɔwo dzi le Korinto hafi. Gake eya ŋutɔ tsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ tsɔ kpɔ eɖokui dzii. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3) Eyata ete ŋu gblɔ kple kakaɖedzi be yegblɔ nyanyuia na Korintotɔwo ‘fetu maxɔmaxɔe.’—Korintotɔwo I, 4:12; 9:18.
Nublanuitɔe la, amesiwo gblɔna be Kristo yomedzelawoe yewonye la dometɔ geɖe meɖe didi be yewoana ‘nu faa’ sia tɔgbe fia o. Le nyateƒe me la, Kristodukɔa ƒe kplɔla geɖewo ‘fiaa nu le fetu ta.’ (Mixa 3:11) Subɔsubɔhakplɔla aɖewo to ga siwo wodzɔ le woƒe hametɔwo si dzi va zu kesinɔtɔwo gɔ̃ hã. Le ƒe 1989 me la, wode United States mawunyagblɔla aɖe gaxɔ me ƒe 45. Nukae wòwɔ? “Enɔ eyomedzelawo tafam nɔa dɔlar miliɔn gbogbo aɖewo dzɔm le wo si eye wòzã gaa tsɔ ƒle aƒewo, ʋuwo, eye wòtsɔa ɖewo va ɖua mɔkekee eye wòtsɔ ɖe ƒle avukpo si me yafamɔ̃ gɔ̃ hã le.”—People’s Daily Graphic, October 7, 1989.
Le Ghana la, March 31, 1990, ƒe Ghanaian Times gblɔ be Roma Katoliko nunɔla aɖe tsɔ ga si wodzɔ le sɔlemewɔwɔ aɖe me la ƒu gbe ɖe hameviwo ŋkume. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be, “Nusitae wòwɔ nenema enye be, abe ame tsitsiwo ene la, ele be woadzɔ ga gãwo.” Mewɔ nuku o be sɔleme geɖewo gɔ̃ hã dzea agbagba be woaƒã ŋukeklẽ ɖe woƒe hameviwo me, hetoa tsatsadada wɔnawo kple gadimɔnu bubuwo dzi be yewoakpɔ ga.
Gake Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo. Nunɔla siwo woxea fe na mele wo si o. Ðasefoawo dometɔ ɖesiaɖe nye subɔla si wode gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya” na amewo asi na. (Mateo 24:14) Eyata wo amesiwo wu miliɔn ade le xexeame katã la ƒo wo ɖokui ɖe “agbetsi la” tsɔtsɔ yi na amewo fetu aɖeke maxɔmaxɔe me. (Nyaɖeɖefia 22:17) To mɔ sia nu la, Biblia ƒe gbedasia ate ŋu aɖe vi na amesiwo “si ga mele o” gɔ̃ hã. (Yesaya 55:1) Togbɔ be lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ wɔa woƒe xexeame katã ƒe dɔae hã la, womebiaa ga le amewo si gbeɖe o. Abe Mawu subɔla vavãwo ene la, ‘wometsɔa Mawu ƒe nya la tsaa asi o,’ ke boŋ woƒoa nu ‘le anukwareɖiɖi me, ẽ, abe amesiwo Mawu dɔ ene.’—Korintotɔwo II, 2:17.
Gake nukatae Yehowa Ðasefowo lɔ̃naa faa be yewoazã yewo ŋutɔ yewoƒe nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋui? Nukae ʋãa wo? Ðe nunana faa fia be teƒeɖoɖo aɖeke kura mele woƒe agbagbadzedzeawo ŋu oa?
Satana ƒe Gbetɔame ƒe Ŋuɖoɖo
Mawu ƒe tafevɔsa ƒe nunana faa la ʋãa Kristotɔwo wokpɔa gome le nyanyuia gbɔgblɔ me naneke maxɔmaxɔe
Didi be yewoadze Yehowa ŋu koŋue ʋãa Kristotɔ vavãwo egbea—menye be yewoazu kesinɔtɔwo tae o. Wotoa esia wɔwɔ me ɖoa nya si Satana Abosam fɔ ɖe te ƒe alafa gbogbo aɖewoe nye sia la ŋu. Satana tɔ gbe Yehowa ku ɖe ame dzɔdzɔe aɖe si woyɔna be Hiob ŋu be: “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?” Satana gblɔ be ametakpɔkpɔ ƒe kpɔ si Mawu tɔ ɖe Hiob ŋu tae wòsubɔnɛ ɖo. Satana ʋli nyaa be ne woxɔ Hiob ƒe ŋutilãmenuawo le esi la, agbe Mawu ƒe nya ɖe eŋkume!—Hiob 1:7-11.
Be woaɖo gbetɔame sia ŋu la, Mawu ɖe mɔ na Satana be wòado Hiob akpɔ, esi wògblɔ nɛ be: “Eƒe nuwo katã le asiwò me.” (Hiob 1:12) Nukae va dzɔ? Hiob ɖee fia be aʋatsotɔe Satana nye. Fukpekpe ka ke mee Hiob to o, elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Egblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5, 6.
Tadeagula vavã siwo li egbea la ɖea Hiob ƒe nɔnɔme sia tɔgbe fiana. Menye ŋutilãmenuwo tae wosubɔa Mawu ɖo o.
Mawu ƒe Amenuvevenunana
Susu bubu si ta Kristotɔ vavãwo lɔ̃na faa be ‘yewoana nu faa’ enye be ‘faae’ woa ŋutɔwo ‘woxɔe’ tso Mawu gbɔ. Nuvɔ̃ kple ku ɖe aboyo ameƒomea le mía tɔgbui Adam ƒe nuvɔ̃ ta. (Romatɔwo 5:12) Yehowa wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be ye Via naku vɔsaku—si bia be Mawu natsɔ eƒe nu vevi ŋutɔ aɖe ana. Le nyateƒe me la, ameƒomea medze na nusia kura o. Ke nunana boŋue wònye tso Mawu gbɔ.—Romatɔwo 4:4; 5:8; 6:23.
Eyata Paulo gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo, abe alesi woŋlɔe ɖe Romatɔwo 3:23, 24 ene, be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu tɔ la me.” Amesiwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã nye ‘nunana faa’ sia xɔlawo. Nunana sia ƒe akpa aɖee nye mɔnukpɔkpɔ si wònye be woabu wo ame dzɔdzɔewoe be woazu Yehowa xɔlɔ̃wo.—Yakobo 2:23; Nyaɖeɖefia 7:14.
Kristo ƒe tafevɔsa wɔe hã be Kristotɔwo katã nate ŋu anye Mawu subɔlawo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Mezu nya ɣaɣla kɔkɔe sia ƒe subɔla le Mawu ƒe amenuvevenunana la nu.’ (Efesotɔwo 3:4-7) Esi wònye amenuvevenunana si Mawu ƒe subɔla vavãwo medze na o alo esi mate ŋu asu wo si to woa ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me o mee woto yɔ wo na subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ ta la, womate ŋu akpɔ mɔ be woatsɔ ŋutilãmenuwo axe fee na yewo ɖe gbeƒãɖeɖe amenuvevenunana sia na ame bubuwo ta o.
Agbe Mavɔ—Ðokuitɔdidinu Tsɔtsɔ Ðo Ŋkume na Ame Yea?
Ekema ɖee esia fia be Mawu kpɔa mɔ be Kristotɔwo nasubɔ ye mɔ makpɔmakpɔ na teƒeɖoɖo aɖeke oa? Kura o, elabena apostolo Paulo gblɔ na ehati xɔsetɔwo be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Eye Yehowa menye madzɔmadzɔtɔ o. (Mose V, 32:4) Ke boŋ Yehowa nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Gake ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me menye ɖokuitɔdidinu tsɔtsɔ ɖo ame ƒe ŋkume oa?—Luka 23:43.
Didi be yewoadze Yehowa ŋu koŋue ʋãa Kristotɔ vavãwo egbea—menye be yewoazu kesinɔtɔwo tae o
Kura o. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be Mawu ŋutɔe wɔ ɖoɖoa be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Eya ŋutɔe tsɔ mɔkpɔkpɔ sia ɖo amegbetɔ siwo nye atsu kple asi gbãtɔwo ƒe ŋkume. (Mose I, 1:28; 2:15-17) Eya kee wɔ ɖoɖo mɔkpɔkpɔ sia gava li esime Adam kple Xawa bui na woƒe dzidzimeviwo. Eyata Mawu do ŋugbe le eƒe Nya la me be “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Eyata esɔ le go sia go me be, abe Mose ene la, Kristotɔ siwo li egbea ƒe ŋku nanɔ ‘teƒeɖoɖofetu la xɔxɔ dzi tututu.’ (Hebritɔwo 11:26) Mawu menaa teƒeɖoɖo sia abe zãnunana ene o. Etsɔnɛ nana le alesi wòlɔ̃a amesiwo subɔnɛ la anukwaretɔe ta. (Tesalonikatɔwo II, 2:16, 17) Eyata míawo hã ‘míelɔ̃nɛ, elabena etre mí lɔlɔ̃.’—Yohanes I, 4:19.
Susu Nyuitɔ si Míatsɔ Asubɔ Mawui
Ke hã ele be egbe Kristotɔwo nadzro nusita wole Mawu subɔm ɖo me ɣeawokatãɣi. Míexlẽ le Yohanes 6:10-13 be Yesu na nuɖuɖu ameha siwo wu akpe atɔ̃ la nukutɔe. Emegbe la, wo dometɔ aɖewo ku ɖe Yesu ŋu ɖe ɖokuitɔdidi susuwo koŋ ta. Yesu gblɔ na wo be: ‘Miele diyem, le esi mieɖu aboloawo ƒe ɖe, eye mieɖi ƒo ta.’ (Yohanes 6:26) Ƒe gbogbo aɖewo megbe la, Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖewo hã subɔ Mawu gake “menye tso dzadzɛnyenye me o.” (Filipitɔwo 1:17) Wo dometɔ aɖewo siwo ‘melé Yesu Kristo ƒe nya siwo le blibo me ɖe asi o’ la di gɔ̃ hã be yewoadi viɖe le Kristotɔ siwo wodea ha kplii la ŋu.—Timoteo I, 6:3-5.
Egbea, Kristotɔ si subɔna kple agbenɔnɔ tegbee le Paradiso me ƒe susu dzaa ko la hã ate ŋu anɔ subɔsubɔm le ɖokuitɔdidi susuwo ta. Mlɔeba la, gbɔgbɔmefɔku ate ŋu ado tso eme nɛ. Esi wòdze abe ɖe Satana ƒe nuɖoanyia nɔ anyi eteƒe didi wu alesi míekpɔ mɔ nɛ ene ta la, ate ŋu adzɔ be ‘ɖeɖi nate eŋu’ eye wòawɔ nɛ abe ɖe nuwuwua tsi megbe ene. (Galatiatɔwo 6:9) Dzi ate ŋu ava kui ɖe ŋutilãmenu siwo wòtsɔ sa vɔe gɔ̃ hã la ta. Yesu ɖo ŋku edzi na mí be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Ẽ, amesi lɔlɔ̃ koŋ ʋã wòle Mawu subɔm la meɖoa ɣeyiɣi didime aɖeke na eƒe subɔsubɔ o. Eɖonɛ kplikpaa be yeasubɔ Yehowa tegbee! (Mixa 4:5) Mesea veve aɖeke ɖe nusiwo wòtsɔ sa vɔe ɖe Mawu subɔsubɔ ta la ta o. (Hebritɔwo 13:15, 16) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãnɛ wòtsɔa Mawu ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me.—Mateo 6:33.
Egbea, subɔla siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ade ‘tsɔ wo ɖokui ke’ le Yehowa subɔm. (Psalmo 110:3) Wo dometɔ ɖekae nènyea? Ne menyee o la, ekema de ŋugble tso nusiwo Mawu tsɔ ɖo mía ŋkume la ŋu: nyateƒea ƒe sidzedze dzadzɛ la; (Yohanes 17:3) vovo tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafia ƒe kluvinyenye me; (Yohanes 8:32) agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Yehowa Ðasefowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ alesi nàte ŋu axɔ nusiawo katã tso Mawu gbɔ—naneke maxemaxee.