INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Fe si Míenyi le Amewo Ŋu
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | July
    • Fe si Míenyi le Amewo Ŋu

      1 Apostolo Paulo bui be enye yeƒe agbanɔamedzi be yeaɖe gbeƒã na amewo. Enyae be Yehowa ʋu mɔ ɖi na ame ƒomevi ɖesiaɖe be wòakpɔ xɔxɔ to Via ƒe ʋu xɔasi la dzi. (Tim. I, 2:3-6) Eyata Paulo gblɔ be: “Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye.” Elɔ̃ faa wɔ dɔ ɖeɖimateameŋutɔe be wòaxe fe si wònyi le ehaviwo ŋu, to nyanyuia gbɔgblɔ na wo me.—Rom. 1:14, 15.

      2 Abe Paulo ene la, Kristotɔ siwo li egbea hã dina be yewoagblɔ nyanyuia na yewo haviwo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Esi “xaxa gã” la le aƒe tum kabakaba ta la, alesi míadi dzianukwaretɔwoe la hiã kpata. Lɔlɔ̃ vavã si le mía si na amewo ʋãa mí be míaku kutri le agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ me.—Mat. 24:21; Xez. 33:8.

      3 Fe si Míenyi la Xexe: Mɔ vevitɔ si dzi míetona kena ɖe amewo ŋue nye gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Le anyigbamama siwo me míedoa go ame geɖe le aƒeme o me la, ahiã be míawɔ nuŋlɔɖi nyuiwo eye míatrɔ ayi ɣebubuɣi be míake ɖe ame geɖe wu ŋu. (Kor. I, 10:33) Míagate ŋu ake ɖe ame aɖewo hã ŋu ne míeɖia ɖase le asitsaƒewo, le ablɔwo dzi, le tsaɖibɔwo me, le ʋutɔɖoƒewo, kpakple to telefon dzi ɖaseɖiɖi me. Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe mele agbagba dzem vevie be magblɔ gbedasi si naa agbe la to gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnuwo katã ŋudɔwɔwɔ mea?’—Mat. 10:11.

      4 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe bui be enye yeƒe agbanɔamedzi be yeaɖo amewo katã gbɔ le yeƒe anyigbamama me. Aƒe aɖe li, si ƒe fesre kple ʋɔtruwo katã nɔa tutu ɣesiaɣi, eye ame aɖeke menɔa aƒea me o. Gake gbeɖeka, esi mɔɖelaa menɔ gbeadzi o la, ekpɔ be wotɔ ʋu aɖe ɖe aƒe si me mekpɔa ame le gbeɖe o la ŋkume. Esi medi be mɔnukpɔkpɔ ma nato ye ŋu o ta la, eyi va zi agbonugaa. Ŋutsu aɖe do va, eye dzeɖoɖo gbãtɔ ma ʋu mɔ na nɔvinyɔnua kple srɔ̃a be wowɔ tɔtrɔyi geɖe. Mlɔeba, ŋutsua lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia, eye fifia enye nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be nɔvinyɔnu sia kpɔe be yenyi nyanyuia gbɔgblɔ ƒe fe le amewo ŋu eye wòdze agbagba ʋuu ke ɖe ye ŋu.

      5 Esi ɣeyiɣia le abla ɖem kabakaba yina nuwuwu ta la, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míaxe fe si míenyi le mía haviwo ŋu to veviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me dzi.—Kor. II, 6:1, 2.

  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | July
    • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

      Akpa 11: Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Ŋu be Woawɔ Tɔtrɔyi

      1 Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe dze gome kpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ado go amesiwo tsɔ ɖe le nyanyuia me. Aleke míate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela yeyea ŋu be wòawɔ tɔtrɔyi siwo atse ku eye wòatu amesiwo ŋu wòke ɖo la ƒe ɖetsɔleme ɖoe?

      2 Dzadzraɖo ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu dzea egɔme tso yiyi zi gbãtɔ dzi. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòatsɔ ɖe le amesiwo wòƒo nu na la me vevie. (Fil. 2:4) Na hehee vivivi be wòakpe ɖe aƒemenɔlawo ŋu woagblɔ woƒe susu, be wòalé to ɖe aƒemenɔlawo ƒe numeɖeɖewo ŋu, eye be wòaŋlɔ nusiwo me wotsɔ ɖe le la ɖi. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, na gbeƒãɖela yeyea naŋlɔ nya vevi siwo ku ɖe amea kple dze si mieɖo kplii ŋu la ɖi. Mizã nya mawo miatsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si miagava wɔ kplii ŋu.

      3 Dzadzraɖo ɖe Tɔtrɔyi Wɔwɔ Ŋu: Mito nusiwo miede dzesi le yiyi zi gbãtɔ me la me, eye fia nusrɔ̃via alesi wòatia Fiaɖuƒegbedasia ŋu nya aɖe koŋ si alé dzi na aƒemenɔla ma. (Kor. I, 9:19-23) Midzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo, si me miazã mawunyakpukpui ɖeka kple memama ɖeka tso nusrɔ̃gbalẽ aɖe me le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, midzra nyabiase aɖe ɖo si miagblẽ ɖe amea gbɔ le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu atsɔ adzra ɖo ɖe tɔtrɔyi si miagawɔ ŋu. Fia gbeƒãɖela yeyea alesi wòana tɔtrɔyi ɖesiaɖe si wòawɔ la nakpe ɖe amea ŋu be Mawu ƒe Nya la ƒe sidzedze si le esi sum nanɔ dzidzim ɖe edzii.

      4 Eɖea vi ne èfia nusrɔ̃via ŋgɔdonya bɔbɔe aɖe si wòazã le tɔtrɔyia wɔwɔ me. Ne miedo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, gbeƒãɖela yeyea ate ŋu agblɔ be: “Dze si míeɖo nyitsɔ do dzidzɔ nam ŋutɔ, eye megatrɔ va be míakpɔ nya si Biblia gblɔ le [yɔ nyatia] ŋu.” Ðewohĩ àkpɔe be ahiã be nàfia gbeƒãɖela yeyea nusi wòawɔ nenye be ame bubu aɖee wòva do goe le aƒea me.

      5 Tɔtrɔyi Wɔwɔ Veviedodotɔe: De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui le alesi wòatrɔ ayi amesiwo tsɔ ɖe le eme gbɔ kaba me. Ahiã be míaku kutri le tɔtrɔ yi amewo gbɔ me hafi míate ŋu ake ɖe wo ŋu. Fia nusrɔ̃via alesi wòawɔ anya ɣeyiɣi si asɔ na aƒemenɔlaa, si dzi wo kplii woalɔ̃ ɖo, eye nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ nusita wòhiã be wòatrɔ ayi abe alesi wòdo ŋugbee ene la adze sii. (Mat. 5:37) Na hehe gbeƒãɖela yeyea be wòanyo dɔme, wòase nu gɔme na ame, eye wòade bubu ame ŋu ne ele amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo dim hele woƒe ɖetsɔleme tum ɖo.—Tito 3:2.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe