-
Wò Kpekpeɖeŋu HiãFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | December
-
-
Wò Kpekpeɖeŋu Hiã
1 “Akpe na mi ɖe nusiwo katã miewɔna ɖe mía ta la ta. Woɖea vi na mí ŋutɔ.” Nya mawo ɖe alesi gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu la fia nyuie. Esi Mawu ƒe habɔbɔa le ta kekem ɖe edzi la, gbɔgbɔmemetsitsi siwo akpɔ hame siwo ade 100,000 le xexeame katã dzi la ƒe hiahiã hã le dzidzim ɖe edzi. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, ekema wò kpekpeɖeŋu hiã.
2 ‘Nɔ Eminyam’: Aleke nàwɔ aminya subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe? (Tim. I, 3:1) Nu vevitɔe nye to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi. (Tim. I, 4:12; Tito 2:6-8; Pet. I, 5:3) Kpɔ gome bliboe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye kpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema ke. (Tim. II, 4:5) Tsɔ ɖe le haxɔsetɔwo ƒe nyonyo me vevie. (Rom. 12:13) Nye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la veviedonula, eye nàtu ‘nufiafiaɖaŋu’ ɖo. (Tito 1:9; Tim. I, 4:13) Wɔ dɔdasi siwo hamemegãwo de asi na wò la moveviɖoɖotɔe. (Tim. I, 3:10) Ne ƒome ƒe tae nènye la, ekema ‘kpɔ wò aƒe dzi nyuie.’—Tim. I, 3:4, 5, 12.
3 Be woanye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegã bia dɔ sesẽ wɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. (Tim. I, 5:17) Eyata ne èle mɔnukpɔkpɔa dim la, wò susu nanɔ amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe dzi. (Mat. 20:25-28; Yoh. 13:3-5, 12-17) De ŋugble le tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Timoteo si ŋu, eye dze agbagba nàsrɔ̃ eyama. (Fil. 2:20-22) Na wò agbenɔnɔ nyui naɖi ɖase le ŋutiwò abe alesi wòɖi ɖase le eyama ŋuti ene. (Dɔw. 16:1, 2) Ne èle gbɔgbɔ me nudidi siwo hiã be nàdze na subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe xɔxɔ tum ɖo, eye nèle aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi dzi wɔm la, ‘wò ŋgɔgbedede adze ƒã na amewo katã.’—Tim. I, 4:15.
4 Dzilawo, Mihe Mia Viwo be Woana Kpekpeɖeŋu: Ðeviwo ate ŋu adze kpekpeɖeŋu nana sɔsrɔ̃ gɔme tso woƒe ɖevime ke. Mihe wo be woaɖo to nyuie le kpekpewo me, be woaɖe gbeƒã, eye be woaɖo kpɔɖeŋu nyui le Fiaɖuƒe Akpata me kple le suku. Mina woakpɔ gome le kpekpe ɖe amewo ŋu me, ahaƒo wo ɖokui ɖe nuwo abe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo, kpekpeɖeŋu nana ame tsitsiwo, kple esiawo tɔgbe ene me, eye woakpɔ ŋudzedze ɖe wo wɔwɔ ŋu. Mina woakpɔe be dzidzɔkpɔkpɔ dona tsoa nunana me. (Dɔw. 20:35) Hehe ma ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woava zu gbesiagbe mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple hamemegãwo le etsɔme.
-
-
Akpa 4—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ WɔwɔFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | December
-
-
Akpa 4—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Hehenana Nusrɔ̃via be Wòadzra Ðo
1 Zi geɖe la, nusrɔ̃vi si toa nusɔsrɔ̃a me doa ŋgɔ, tea fli ɖe ŋuɖoɖoawo te, hebua tame le alesi wòaɖo nya ŋui le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me ŋu la wɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba. Eyata ne mienya wɔ nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo ko la, dzra nusɔsrɔ̃ ɖeka ɖo kple nusrɔ̃via atsɔ afiae alesi eya ŋutɔ adzra ɖoe. Le nusrɔ̃vi akpa gãtɔ gome la, anyo be miadzra ta blibo alo nusɔsrɔ̃ blibo aɖe ɖo kplii.
2 Dzesidede Ŋuɖoɖoawo Kple Nuŋlɔɖiwo Wɔwɔ: Fia alesi wòawɔ akpɔ ŋuɖoɖo tẽ na nyabiase siwo le agbalẽa me lae. Tsɔ wò ŋutɔ wò nusrɔ̃gbalẽ si me nète fli ɖe nya veviawo ko te le la fia nusrɔ̃via. Ne miele nyatia me dzrom la, ɖewohĩ adi be yeasrɔ̃ alesi nèwɔe, be yeate fli ɖe nusi ko hiã la te le eƒe agbalẽa me be wòaɖo ŋku ŋuɖoɖoa dzi. (Luka 6:40) Azɔ na wòaɖo nyaa ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me. Esia akpe ɖe ŋuwò nanya ne ese nusɔsrɔ̃a gɔme nyuie.
3 Nusrɔ̃vi ƒe dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu ƒe akpa vevi aɖee nye mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o la me dzodzro nyuie. (Dɔw. 17:11) Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be mawunyakpukpui ɖesiaɖe si woyɔ la te gbe ɖe nya vevi aɖe dzi le memamaa me. Fiae alesi wòawɔ nuŋlɔɖi kpui aɖewo ɖe eƒe nusrɔ̃gbalẽa ƒe axawo dzi. Te gbe ɖe edzi nɛ be Biblia dzie wotu nusi srɔ̃m wòle la ɖo. De dzi ƒo nɛ be wòazã mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖi o la zi geɖe le eƒe nyaŋuɖoɖo me.
4 Ƒo Nu tso Nya Veviawo Ŋu eye Miawɔ Numetoto: Hafi nusrɔ̃via nadze nusi srɔ̃ ge miele dzadzraɖo gɔme tsitotsito la, aɖe vi nɛ ne enya nusi ŋu nyatia bliboa ku ɖo. Na wòanya be ate ŋu anya nusi ŋu nyatia ku ɖo ne elé ŋku ɖe nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya sueawo, kple nɔnɔmetatawo ŋu. Ðe eme nɛ be hafi wòawu eƒe dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nu la, nunya anɔ eme be wòadi ɣeyiɣi ato nya vevi siwo le nusɔsrɔ̃a me la me, eye ɖewohĩ ne numetotoɖaka le eme la, ate ŋu azãe atsɔ awɔ esia. Numetoto alea akpe ɖe eŋu be nya veviawo natsi susu me nɛ.
5 Ne èna hehe nusrɔ̃via wònya alesi wòadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu la, akpe ɖe eŋu wòaɖo nya ŋu nyuie le hame ƒe kpekpewo me. Akpe ɖe eŋu hã be nusɔsrɔ̃ nava zu numame nɛ, eye ne èwu Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii nu gɔ̃ hã, ayi edzi aɖe vi nɛ geɖe.
-