-
Nukatae Yehowa Ðasefowo Nɔa Gbɔwò Vam?Gbetakpɔxɔ—2004 | February 15
-
-
Nukatae Yehowa Ðasefowo Nɔa Gbɔwò Vam?
AMEWO nya alesi Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔ kutrikukutɔe le xexeame katã. Ame aɖewo dea ŋugble le nusitae Ðasefoawo nɔa wo gbɔ vam ɖo la ŋu, vevietɔ ne wometsɔ ɖeke le gbedasi si Ðasefoawo gblɔ na wo me le gɔmedzedzea me o. Lɛta eve si woxɔ tso Russia akpe ɖe mía ŋu míase susu si tae wòle alea gɔme.
Masha, nyɔnuvi si xɔ ƒe 19 si le Khabarovsk lɔ̃ ɖe edzi be: “Le nyateƒe me la, ɣeaɖeɣi va yi la, medzea agbagba be matsri Yehowa Ðasefowo keŋkeŋ.” Gake esi wòxlẽ magazine siwo Ðasefoawo ta dometɔ ʋɛ aɖewo vɔ la, etrɔ eƒe nɔnɔmea. Masha ŋlɔ be: “Nusiwo katã mexlẽ la vivi nunye hena be nu geɖe me kɔ nam ŋutɔ, gake esi le vevie wue nye be, nyatakaka siwo le wo me xexlẽ ana be nàtsɔ nukpɔsusu bubu abu nusiwo le edzi yim le xexeamee. Meva nɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu gɔme sem vivivi.”
Svetlana, si le Ussuriysk si nye dugã si didi abe kilometa 80 tso dziehe Vladivostok, ŋlɔ bena: “Nyitsɔ laa koe medze Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xexlẽ gɔme. Magazine siawo hiã vevie le míaƒe egbeŋkekea me ŋutɔ. Nyatiawo katã xexlẽ vivi nunye ale gbegbe. Wodoa dzidzɔ na ame, nyatakaka nyuiwoe le wo me, eye wona nuwo me kɔna na ame. Akpe na mi! Akpe na mi kakaka be miele xexe sia me hele dɔ si faa akɔ hehiã na ame la wɔm.”
Yehowa Ðasefo siwo le xexeme katã nya vevienyenye si le apostolo Paulo ƒe biabia sia si naa wobua tame ŋu be: “Aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã?” (Romatɔwo 10:14) Nukatae màzã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ aɖo to Ðasefoawo ne wogava gbɔwò ɣebubuɣi o? Wò hã àte ŋu akpɔ gome le akɔfagbedasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia me la sese me.
-
-
Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?Gbetakpɔxɔ—2004 | February 15
-
-
Àdi Be Ame Aɖe Nasrã Ye Kpɔa?
Le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me kura gɔ̃ hã la, Mawu, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe ameƒomea ŋu la ŋuti sidzedze vavãtɔ si tso Biblia me ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 2 lia.
-