INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ŋkuɖodzinya Siwo Sɔ ɖe Ɣeyiɣi Dzi
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | October
    • Ŋkuɖodzinya Siwo Sɔ ɖe Ɣeyiɣi Dzi

      ◼ Gbeƒãɖela nenie wòle be woayi ʋɔtru ɖeka nu ne míele tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa wɔm? Gbeƒãɖela nenie abu gaƒoƒo le Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔwɔ me?

      1 Yesu ɖo kpɔɖeŋu le hehenana eƒe nusrɔ̃lawo me, eye efia mɔ siwo dzi woato aɖe gbeƒã nyanyuia wòatse ku wu la wo. Esi ɣeyiɣia de be eƒe nusrɔ̃lawo nayi gbeadzi la, ‘eyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòdɔ wo eveveve.’ (Mar. 6:7; Luka 10:1) Nukatae Yesu wɔe alea?

      2 Esia ana woazã woƒe ɣeyiɣia nyuie le gbeadzi. Ena wo dometɔ ɖesiaɖe kpɔ zɔhɛ si gbɔ wòasrɔ̃ nu atsoe ne wole Biblia me nyabiabiawo ŋu ɖom hele nu me dzrom kple amewo tso Ŋɔŋlɔawo me. (Nyagb. 4:9, 10) Míawo hã míesrɔ̃a kpɔɖeŋu ma hekpɔa viɖe tsoa zɔhɛ aɖe gbɔ le gbeadzi.

      3 Míaƒe anyigbamama anya to vovo na wo tɔ ya, gake nufiame vevi siwo Yesu na esime wòdɔ nusrɔ̃lawo eveve la gaɖea vi egbea kokoko. Gake le teƒe aɖewo la, eva zu numame be gbeƒãɖela siwo bua akɔnta dometɔ etɔ̃ alo esiwo wu nenema katã yia ame ɖeka gbɔ ne wole tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa wɔm. Ewɔwɔ alea ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo aƒemenɔlaa eye ema manye míaƒe ɣeyiɣia ŋudɔ wɔwɔ nyuie le gbeadzi o. Esia mehiã o eye ele be míadzudzɔ ewɔwɔ.

      4 Ke ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔm ya ɖe? Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, May 1987 ƒe Nyabiaɖaka gblɔ be: “Zi geɖe la, mehiã be gbeƒãɖela siwo wu eve nafia nu le aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me o.” Ne gbeƒãɖela siwo wu eve kpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe me ɖe, wo dometɔ nenie ate ŋu abu gaƒoƒo? Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa ƒe axa 103, memama 1 gblɔ be: “Ne gbeƒãɖela aɖe wɔa dɔ le teƒe aɖewo alo nɔnɔme aɖewo siwo me nunya mele be eya ɖeka nayi o me eye eyata ehiã be gbeƒãɖela bubu nayi kplii la, wo ame evea woate ŋu abu ɣeyiɣia nenye be wo ame evea wokpɔ gome le ɖaseɖiɖia me.” Esia na eme kɔ be gbeƒãɖela eve koe abu gaƒoƒo ne wosrɔ̃ nu kple nusrɔ̃vi aɖe.

      5 Ðe wòate ŋu adzɔ le nɔnɔme aɖewo me be gbeƒãɖela siwo wu eve naɖi ɖase le ʋɔtru ɖeka nu alo ava wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖea? Ẽ. Le dukɔ aɖewo me la, nuvlowɔwɔ bɔ ale gbegbe be afɔku anɔ eme be ame eve pɛ ko nayi. Le teƒe siwo woxe mɔ ɖe dɔa nu le la, nɔviwo meɖea gbeƒã le gaglãgbe o. Gake fifia ya la, nɔnɔme mawo mele mía gbɔ Ghana afisia o. Eyata ele be gbeƒãɖelawo katã nawɔ ɣeyiɣia ŋudɔ nyuie ale be gbeƒãɖela siwo wu eve nagaɖi ɖase le ʋɔtru ɖeka nu alo ava yi wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ o.

      6 Ke ne ame etɔ̃ koe va kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe, nukae woate ŋu awɔ? Ne ame eve le nusɔsrɔ̃a wɔm la, ame etɔ̃lia ate ŋu awɔ tɔtrɔyi aɖewo alo anɔ magazine mam le ablɔ dzi. Ne gbeƒãɖela aɖe ɖeɖe mate ŋu awɔ dɔa o la, ekema ɖewohĩ gbeƒãɖela ɖeka ate ŋu awɔ nusɔsrɔ̃a ne nɔnɔmeawo aɖe mɔ, ale be ame eve susɔeawo nakpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo me. Ne wowɔ ɖoɖo nyuie la, mahiã be gbeƒãɖela etɔ̃lia nakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me le esi eya ɖeka koe kpɔtɔ ta o.

      7 Amesiwo kpɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi dzi la newɔ ɖoɖo be gbeƒãɖelawo nawɔ dɔ eveve le gbeadzi. Gake le ɖeviwo gome la, mɔɖeɖe li be ɖevi siwo wole hehe nam le gbeadzisubɔsubɔdɔa me nakplɔ wo dzilawo alo gbeƒãɖela bibi bubuwo ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖela bibi ɖeka ate ŋu awɔ dɔ le eɖokui si. Eyata ƒã hafi wòahiã, ne ehiã ŋutɔ enye ma, be gbeƒãɖela siwo wu eve naɖi ɖase le ʋɔtru ɖeka nu alo ava wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe. Kpɔɖeŋu sia si Yesu ɖo la sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe.’—Tim. II, 4:5.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004 | October
    • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

      Gbetakpɔxɔ Oct. 1

      “Mí katã míedina be nuvlowɔwɔ, ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple aʋawɔwɔ nu natɔ. Èsusu be esia ava eme gbaɖegbea? [Xlẽ Psalmo 37:11 eye ɖe mɔ nɛ wòaƒo nu.] Magazine sia dzro alesi ŋugbedodo sia wɔ ɖeka kple tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me na ameƒomea kple alesi míate ŋu akpɔ gome le eme la me.”

      Nyɔ! Oct. 8

      “Ðe mewɔ nublanui ŋutɔ be ƒe sia ƒe la, ƒewuivi miliɔn geɖe siwo meɖe srɔ̃ o la fɔa gbɔmeyafu oa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro afɔ siwo woate ŋu aɖe atsɔ akpɔ kuxi geɖe siwo vidada siwo metsi o doa goe gbɔ la me. Edzro alesi dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woaƒo asa na kuxi siae hã me.” Xlẽ Timoteo II, 3:15.

      Gbetakpɔxɔ Oct. 15

      “Ame aɖewo susuna be zi alesi ga sɔgbɔ le yewo sii la, zi nenemae yewoakpɔ dzidzeme le agbe mee. Èsusu be nya ma nye nyateƒea? [Na wòaɖo eŋu.] Se nusi kesinɔtɔ gã aɖe gblɔ ɖa. [Xlẽ Nyagblɔla 5:10.] Magazine sia ƒo nu tso gɔmeɖose siwo xɔ asi sasasã wu ŋutilã me kesinɔnuwo ŋu.”

      Nyɔ! Oct. 22

      “Ame geɖe nya vevienyenye si le ɖeviwo hehe tso ɖevime ke ŋu. Ðe nèsusu be ehiã nenema le egbeŋkekeawo mea? [Na wòaɖo eŋu.] Xlẽ Lododowo 22:6.] Nyɔ! sia ƒo nu tso nusiwo dzilawo ate ŋu awɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woava tsi anye ame ɖɔʋu siwo ɖo ta ŋu.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe