INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/07 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Tanya Suewo
  • November 12 Ƒe Kwasiɖa
  • November 19 Ƒe Kwasiɖa
  • November 26 Ƒe Kwasiɖa
  • December 3 Ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 11/07 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Mide Dzesii: Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me kwasiɖa ɖe sia ɖe hena ɣleti siwo me woawɔ nutome gã takpekpewo. Hamewo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woade “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpea. (Mikpɔ Gbeƒãɖeɖe si le November 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ku ɖe esia ŋuti.) Mizã miniti 15 le Subɔsubɔ Kpekpe mamlɛtɔ si miawɔ do ŋgɔ na takpekpea me agbugbɔ adzro takpekpea ƒe ŋkuɖodzinya siwo dze le ɣleti sia ƒe emedegbalẽvia me siwo asɔ ɖe miaƒe hiahiãwo nu me. Dzinu ɖeka alo eve le takpekpea dede vɔ megbe la, midi miniti 15 va se ɖe 20 le Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe me (ɖewohĩ akpa si nye miaƒe nuhiahiãwo) miatsɔ adzro nya vevi siwo wogblɔ le takpekpea me siwo le vi ɖem na gbeƒãɖelawo le woƒe ɖaseɖiɖidɔa me la me. Woade numetotoa asi na subɔsubɔdɔ dzikpɔla. Nekpe nyaselawo woagblɔ ale si wole nya siwo wose la zãmee, alo ale si woɖoe be yewoazãe, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

November 12 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 59

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfiawo. Le wɔwɔfiawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, woana magazine evea siaa togbɔ be ɖeka ŋu ko woaƒo nu tsoe hã. Dzro “Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me. Yɔ ŋkeke si dzi miayi nutome sue takpekpe sia ne wona mienya.

30 min: “Dze Kristo La Yome To Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Me.”a Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nawɔ dɔ sia. Yɔ takpekpe si miaƒe hamea ade. Dzro aɖaka si nye “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me. Ma ɣeyiɣia nyuie be nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe ŋkuɖodzinyawo me dzodzro nyuie ŋu.

Hadzidzi 44

November 19 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 109

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le December me. Dzro “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” la me, eye nàyɔ ŋkeke si miayi takpekpe tɔxɛa, ne wona mienya.

15 min: “Mizɔ Abe Nunyalawo Ene.”b Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, kpe nyaselawo be woaƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o ŋu.

20 min: “Mègahe Ðe Megbe O!”c Ne èle memama 5 lia me dzrom la, na nɔvi aɖewo siwo srɔ̃ nu kple ame aɖewo wova nyateƒea me la nagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kpee. Aleke teƒeɖoɖo kple dzidzɔ nɔa Biblia nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ wɔwɔ mee? Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple nɔvi ɖeka alo eve do ŋgɔ.

Hadzidzi 96

November 26 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 172

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋuti nyatakaka. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe November ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana November 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia ƒe wɔwɔfiawo.

15 min: “Tɔnyee Nye Klosalo, Eye Tɔnyee Nye Sika.” Hamemetsitsi ƒe nuƒo si wòatu ɖe November 1, 2007, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17-21 dzi.

20 min: Ðeviwo—Aleke Miate Ŋu Akafu Yehowae? Numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Gbetakpɔxɔ, June 15, 2005, axa 26-8, memama 15-19 dzi. Zã nusɔsrɔ̃a ƒe nyabiasewo nàtsɔ adzro emee. Ne èle memama 18 lia me dzrom la, kpe sɔhɛ siwo le nyaselawo dome woagblɔ ale si woɖi ɖase na sukuviwo alo nufialawo le sukui.

Hadzidzi 5

December 3 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 77

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso July Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu me nyawo ŋu kpuie, eye nàkafu nɔviawo katã ɖe woƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa me ta. De dzi ƒo na nɔviawo be woanɔ woƒe akɔntabubuwo nam kaba. Dzro Nyabiaɖaka me.

15 min: Suku Aɖe Si Delawo Nyea Viɖenu na Amewo Le Xexea Me Katã. Nuƒo si wotu ɖe Gbetakpɔxɔ, November 15, 2006, axa 10-13 dzi. Ne hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖewo le miaƒe hamea me siwo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua la, ke bia gbe wo kpuie. Aleke sukua kpe ɖe wo ŋu wowɔ ŋgɔyiyi abe nya nyui gblɔla, alẽkplɔla, kple nufialawoe ene? De dzi ƒo na nɔviŋutsu siwo dze la be woaɖo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua dede woƒe taɖodzinui.

15 min: “Míegblɔa Míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa Na Amewo.”d Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, kpe nyaselawo be woaƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o ŋu.

Hadzidzi 173

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

d Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe