INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/08 axa 3-4
  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Tanya Suewo
  • Hati Yehowa Ðasefo Lɔlɔ̃tɔwo:
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 3/08 axa 3-4

Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Hati Yehowa Ðasefo Lɔlɔ̃tɔwo:

Apostolo Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe haxɔsetɔwo ŋu gblɔ. Eŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la be: “Medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena wole nu ƒom tso miaƒe xɔse ŋu le xexe blibo la katã me.” (Rom. 1:8) Nyateƒee, wonya Kristotɔ gbãtɔwo nyuie le Roma Fiaɖuƒe bliboa katã me le woƒe xɔse sesẽ kple woƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe la ta. (1 Tes. 1:8) Mewɔ nuku o be lɔlɔ̃ deto ma nɔ Paulo si na nɔviawo!

Abe Paulo ene la, míedaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi si míeɖo ŋku mia dzi. Míelɔ̃ mí katã vevie ŋutɔ! Eye miate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃a mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mia dometɔ aɖewo le akɔ kpem kple tsitretsiɖeŋu sesẽwo, gake miekpɔtɔ yi edzi le gbeƒã ɖem. Mikpɔ ale si gbegbe miaƒe kalẽwɔwɔ kple dzideƒo si mieɖena fiana ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii ɖa!—Lod. 27:11.

Ne miexlẽ “Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwɔwɔwo Le Egbeŋkekea Me” si dze le Yearbook wɔdɔɖeamedzi si doa ŋusẽ ame ƒe xɔse me nyuie eye miede ŋugble tso eŋu la, miakpɔe adze si kɔte be Aƒetɔ Yesu Kristo do “go yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu,” eye be lãnu sia lãnu si woatu ɖe Kristo yomedzelawo ŋu la madze edzi o.—Nyaɖ. 6:2; Yes. 54:17.

Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Filipi la bena: “Medaa akpe na nye Mawu ɖaa . . . le miaƒe asikpekpe ɖe nya nyui la ŋu ta.” (Fp. 1:3-5) Nenema tututue mí Dziɖuha la me tɔwo hã míesena le mía ɖokuiwo me ɖe mia ŋu. Le ƒe 2007 subɔsubɔƒea me la, gbeƒãɖela 6,691,790 zã gaƒoƒo 1,431,761,554 tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ 236 me le anyigba dzi godoo. Agbagba gã ka gbegbee nye esi dzem miele le nya nyuia dodo ɖe ŋgɔ me! Mibu ale si mí katã míekpe asi ɖe eŋu ale be nya la ɖo ame akpeakpewo ƒe dzi gbɔ hena Yehowa ƒe kafukafu la ŋu kpɔ!

Ɣebubuɣi la, Paulo ɖee fia be yesea veve ɖe ye nɔviwo nu vevie ŋutɔ. Eŋlɔ na nɔvi siwo nɔ Tesalonika la be: “Ɣesiaɣi la, míeɖoa ŋku . . . miaƒe dzidodo le mɔkpɔkpɔ, si le mia si le Aƒetɔ Yesu Kristo me, la dzi le mía Mawu kple Fofo la ŋkume.” (1 Tes. 1:2, 3) Nyateƒee, kuxiwo bɔ ɖe agbe sia me fũu. Kuxiwo doa mo ɖa, gake ele vevie be míado dzi. Kuxi kawoe wò ŋutɔ nèle go domee? Ðe dzi ɖe le ƒowò esi dɔléle sesẽ aɖe na be mègate ŋu wɔa geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o ta? Ðe srɔ̃wò lɔlɔ̃a si mia kplii mienɔ anyi ƒe geɖe la dze futɔ maɖiƒo gãtɔ si nye tsiẽƒe ƒe asi mea? (Lod. 30:15, 16) Ðe wòdze abe èle ame aɖe si hã lɔ̃ Yehowa dim be yeaɖe do kpoe esi nèle wɔwɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo si nye be woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta enea? (1 Kor. 7:39) Ðe nèle agbagba dzem be yeakpɔ ye viwo dzi togbɔ be nèle gakuxi sesẽwo me tom hã? Eɖanye nɔnɔme ka ke me tom nèle o, ne èyi edzi tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maŋlɔ ‘wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta’ la be o. Taflatsɛ, nɔviwo, ‘migadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o.’—Heb. 6:10; Gal. 6:9.

Nu kae akpe ɖe mia ŋu miate ŋu ado dzi? Abe ale si wònɔ le Tesalonikatɔwo gome ene la, eyae nye “mɔkpɔkpɔ, si le mia si le Aƒetɔ Yesu Kristo me.” Susu nyui sia tae Paulo tsɔ “xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ” la sɔ kple gakuku sesẽ si ate ŋu akpɔ Kristotɔwo ƒe susuwo ta tso susu gbegblẽwo kple ɖikeke atraɖii si me.—1 Tes. 5:8.

Le nyateƒe me la, ne mieyi edzi do dzi dzidzɔtɔe la, ekema miana woakpɔ nyaŋuɖoɖo na xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si Satana fɔ ɖe te la. Satana gblɔna be, Mawu subɔlawo nye ɖokuitɔdilawo le dzɔdzɔme nu, ɣeyiɣi kpui aɖe koe woadi be yewoasubɔ Mawu, eye woagbɔdzɔ le woƒe tadedeagu me nenye be nɔnɔme sesẽwo dzi ɖe edzi alo nuɖoanyi sia yi edzi nɔ anyi wòdidi wu ale si wokpɔ mɔ nɛ. Mɔnukpɔkpɔ su mia si be miaɖee afia gaglã be alakpatɔ vɔ̃ɖie Abosam nye! Miaƒe agbenɔŋkeke ɖe sia ɖe tea mi ɖe yayra siwo miele mɔ kpɔm na la xɔxɔ ŋu.

Abe ale si ko wònye dzidzɔ na Paulo be wòawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ atsɔ akafu nɔviawo ɖe woƒe xɔse sesẽ, woƒe asikpekpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu dɔmenyotɔe, kple woƒe dzidodo ta ene la, enye dzidzɔ na míawo hã be míazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ akafu mi ahaɖo kpe lɔlɔ̃ si le mía si na mi la dzi na mi. Miyi dɔ nyui la wɔwɔ dzi!

Neva eme be gbɔgbɔmeyayra geɖe nasu mia si le ƒe si gbɔna la me. Mixɔ míaƒe nyuidinamewo, mí

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo Ƒe Dziɖuha La

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe