Míate Ŋu Ana Nane Yehowa
1 Ènya be amegbetɔwo ate ŋu ana nane Mawua? Habel tsɔ eƒe lã nyuitɔwo dometɔ aɖewo sa vɔe na Yehowa, eye Noa, kple Hiob hã sa vɔ mawo tɔgbi. (1 Mose 4:4; 8:20; Hiob 1:5) Enye nyateƒe be woƒe nunana mawo mena Wɔla la zu kesinɔtɔ le mɔ aɖeke nu o, elabena nuwo katã nye etɔ xoxo. Gake ŋutsu nuteƒewɔla mawo ƒe vɔsawo ɖe ale si gbegbe wolɔ̃ Mawu vevie la fia. Egbea la, míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo le “kafukafuvɔsa” tsɔtsɔ na Yehowa me.—Heb. 13:15.
2 Míaƒe Ɣeyiɣi: Aleke gbegbe wòadze na kafukafu be ‘míaƒle’ ɣeyiɣi tso nu siwo mele vevie o la me atsɔ akpɔ gome bliboe le subɔsubɔdɔa mee nye esi! (Ef. 5:15, 16) Ðewohĩ míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu bene míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema ƒe sia ƒe. Ðewohĩ míate ŋu adzi ɣeyiɣi si míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me la ɖe edzi. Ne míedzi ɣeyiɣi si míetsɔ nɔa gbeadzi ɖe edzi miniti 30 kwasiɖa sia kwasiɖa la, ana míakpɔ gaƒoƒo eve ɖe edzi ɣleti sia ɣleti!
3 Míaƒe Ŋusẽ: Be ŋusẽ nanɔ mía ŋu míazã le gbeƒãɖeɖedɔa me bia be míaƒo asa na modzakaɖeɖe kple dɔ siwo naa ɖeɖi tea mía ŋu ale gbegbe be míegatea ŋu tsɔa míaƒe nu nyuitɔwo naa Yehowa o la. Ehiã hã be míaƒo asa na dzimaɖitsitsi akpa si ate ŋu ‘ate míaƒe dzi ɖe anyi,’ eye wòawɔe be ŋusẽ boo maganɔ mía ŋu míazã le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me o. (Lod. 12:25) Ne esɔ be míatsi dzi ɖe nanewo ŋu hã la, ɖe manyo wu be ‘míatsɔ míaƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi’ oa?—Ps. 55:23; Fp. 4:6, 7.
4 Míaƒe Nunɔamesiwo: Míate ŋu ana míaƒe nunɔamesiwo hã atsɔ akpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woanɔ ‘nane dzram ɖo ɖi’ edziedzi ale be woate ŋu akpɔ nane ana hiãtɔwo. (1 Kor. 16:1, 2) Le mɔ ma ke nu la, míawo hã míate ŋu adzra ga aɖe ɖo atsɔ awɔ nudzɔdzɔ hena míaƒe hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ alo hena xexea me katã ƒe dɔa. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo míaƒe dzi ʋãa mí míenana la ŋu nenye be wole sue gɔ̃ hã.—Luka 21:1-4.
5 Yehowa na nu geɖe mí. (Yak. 1:17) Míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana to míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo zazã dɔmenyotɔe le eƒe subɔsubɔdɔa me dzi. Ne míewɔnɛ alea la, edoa dzidzɔ na Yehowa, “elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Kor. 9:7.