INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/08 axa 1
  • Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ Gbalẽa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ Gbalẽa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 7/08 axa 1

Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ Gbalẽa

1 Adzɔ dzi na wò be nànya be tso kwasiɖa si adze egɔme tso August 4, 2008 va se ɖe March 16, 2009, ƒe kwasiɖa me la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona le miaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo. Ame aɖeke madi be Ŋɔŋlɔawo me mɔfianu nyui si ana dzidzɔ nanɔ ƒomegbenɔnɔ me la sɔsrɔ̃ le ƒuƒoƒo me nato ye ŋu o. Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖia ana míadzro memama kple Biblia kpukpui ɖe sia ɖe si le agbalẽa me la me tsitotsito.

2 Míasrɔ̃ ta gbãtɔa katã le nusɔsrɔ̃ ƒe kwasiɖa gbãtɔa me, le esi mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o la mesɔ gbɔ le eme o ta. Gake míama ta bubuwo katã ɖe akpa eve alo etɔ̃ me. Esia awɔe be ɣeyiɣi nanɔ anyi bene míaxlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o la katã, eye míadzro wo me, eye míadzro ale si míatsɔ mawunyakpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖe memama ɖe sia ɖe me la katã awɔ dɔe me nyuie. Wole dzi dem ƒo na mí katã be míagblɔ ale si míatsɔ nyati si me míadzro le kwasiɖa ɖe sia ɖe me la ade dɔwɔwɔ mee.

3 Nusɔsrɔ̃a ƒe akpa vevi aɖee nye be míadzro nya siwo le nufiameɖaka me le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu me. Eya ta ele be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe nyabiasewo kple mawunyakpukpui siwo le aɖakaa me la me dzodzro ŋu.

4 Míele dzi dem ƒo na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo be woalé fɔ ɖe dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu etɔxɛe, eye woade dzi ƒo na ame siwo le woƒe ƒuƒoƒoa me, hekpe ɖe ame yeyewo ŋu be woadzra ɖo nyuie, ava nusrɔ̃ƒe ɣesiaɣi, eye woakpɔ gome le eme.—od-EW 69-71.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe