Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi—Akpa 2
Kuvɔ
1. (a) Nu kae nye kuvɔ? (b) Aleke wòto vovo tso awu siwo míedona yia teƒe bubuwo la gbɔe?
1 Ne ku dzɔ ɖe ƒome aɖe dzi la, wodina tso ƒomea me tɔwo, ƒometɔ bubuwo, kple xɔlɔ̃wo si be woata kuvɔ. Ele vevie be míade dzesii be kuvɔ si ŋu míele nu ƒom tsoe le afi sia la menye avɔ siwo míetana alo awu siwo míedona yia teƒe bubuwo siwo míagate ŋu ado ayi kuteƒe o. Ku ta koe wotaa kuvɔ ya ɖo. Le Ghana gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la, ŋkɔ tɔxɛ aɖe li si woyɔna na kuvɔ: Ayitam (Twi); Ya bo (Dangme); Yarabo (Ga); Ɛzɛnedanlɛ (Nzema).
2. (a) Nu kae nye akpanya, eye aleke wozãe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me? (b) Nu kae womezã akpanya wòdo ƒome kple kpɔ o?
2 Ame aɖewo susui be akpanya si wotana le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la sɔ kple kuvɔ si wotana le Ghana kple Afrika ƒe teƒe vovovowo egbea. Togbɔ be enye nyateƒe be le blema la, wotsɔa akpanya tɔa awui ɣeaɖewoɣi eye ame siwo ƒe ame ku la donɛ hã la, wogazãnɛ ɖe susu bubu geɖewo ta to vovo na ema. Gbɔ̃fu ye wotsɔ lɔ̃a akpanyae, eye kotoku kple akplowo abe esiwo me wokɔa nukuwo ɖo ene koŋ ye wotsɔ akpanya tɔna. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, alẽkplɔlawo tsɔa akpanya tɔa awui, elabena mexɔa asi o, eye wònɔa anyi eteƒe didina hã. Ame aɖewo taa akpanya tsɔ ɖea dzimetɔtrɔ fiana. (1 Fia. 21:27; Yona 3:6-8) Daniel ta akpanya esime wònɔ koko ƒom na Yehowa. (Dan. 9:3) Ɣeaɖewoɣi la, Hebritɔ nyagblɔɖilawo taa akpanya ne woyina nuxlɔ̃amegbedeasi si wode asi na wo la gblɔ ge na amewo. (Yes. 20:2) Togbɔ be Mawu ƒe amewo zã akpanya le mɔ vovovowo nu hã la, womezãe wòdo ƒome kple aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu la dometɔ aɖeke kpɔ o. Aleae wòle le kuvɔ si wozãna egbea la hã gomea?
3. (a) Amadede vovovo kawoe nɔa kuvɔ si? (b) Subɔsubɔdzixɔse kawo dzie kuvɔtata nɔ te ɖo? (d) Gɔmesese kae nɔa kuvɔ ƒe amadede siwo gbɔna la ŋu: Dzĩa? Yibɔa? Ɣia?
3 Amewo taa kuvɔ tsɔ ɖea nuxaxa fiana le gota gome. Gɔmesese tɔxɛ aɖe le avɔa ƒe amadede kple nutata siwo le eme la ŋu, eye esia nɔ te ɖe blema subɔsubɔdzixɔsewo dzi; wo dometɔ geɖe ku ɖe ɖoƒe si nɔ ame si ku la si kple ƒomedodo si nɔ amea kple ame siwo wògblẽ ɖe megbe dome la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le nuto aɖewo me la, ƒometɔ kplikplikpliwo taa kuvɔ dzĩ. Woxɔe se be esia le vevie be woatsɔ akpɔ ƒomea ta ale be ame si ku la nagava ɖe fu na wo le esi wonye eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo ta o. Ame bubuwo taa kuvɔ yibɔ. Le teƒe geɖe la, woxɔe se be avɔ sia kpɔa ame ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me, eye wobunɛ be ele vevie hafi ame si ku la nate ŋu aɖo tɔgbui siwo le gbɔgbɔmenutowo me la gbɔ dedie. Gɔmesese tɔxɛ aɖe le kuvɔ ɣiwo tata hã ŋu. Le ame geɖewo gome la, esia fia ku dzi ɖuɖu, eye wòɖenɛ fiana be ame siwo le ame kukua fam la di be ame si ku la ƒe gbɔgbɔ naɖo xexe kemɛa me le ŋutifafa me.
4. (a) Ɣeyiɣi ƒe didime vovovo kawoe wotaa kuvɔ? (b) Nu ka tae ame aɖewo ɖɔ lia kuvɔ aɖe hetaa bubu si ƒe amadede to vovo le kunuwɔɣia?
4 Wotea ŋu taa kuvɔ la ŋkeke ɖeka, ŋkeke ʋɛ aɖewo, ɣleti geɖe, alo ƒe ɖeka alo esi wu nenema gɔ̃ hã le kunuwɔwɔa megbe, eye esia nɔa te ɖe ƒomedodo si le avɔa tala kple ame si ku la dome dzi. Le kunuwɔɣia ŋutɔ la, amewo tea ŋu ɖɔ lia kuvɔ aɖe hetaa bubu si ƒe amadede to vovo. Wowɔa esia tsɔ ɖea ale si ƒomedodo si le woa kple ame si ku la dome yia edzi nɔa tɔtrɔm la fiana. Le kpɔɖeŋu me, ahosi tea ŋu taa avɔ si le amadede aɖe koŋ me be yeatsɔ akpɔ ye ɖokui ta tso ye srɔ̃ si ku la ƒe gbɔgbɔ si me. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye wòsusu be afɔku ma dzi ɖe kpɔtɔ la, eɖea avɔ ma dana ɖi hetaa bubu. Eyia esia wɔwɔ dzi va se ɖe esime wòsusui be yele dedie keŋkeŋ tso afɔku ɖe sia ɖe si ye srɔ̃ ƒe ku ate ŋu ahe vae la me. Mlɔeba la, wotea ŋu gblẽa avɔa dome, eye wogblɔna be esia tsoa ƒomedodo ɖe sia ɖe si le woa kple srɔ̃a si ku la dome la me keŋkeŋ.
5. (a) Nu kae nye adinkra dzesiwo, eye aʋatsodzixɔse ka dzie wo dometɔ geɖe dena? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.) (b) Aleke gɔmeɖose si dze le Yesaya 52:11 la ku ɖe dzesi siawo zazã ŋui? (d) Nu ka tae ame siwo mesubɔa Yehowa o dometɔ aɖewo ate ŋu ado dziku ne ame aɖe meta kuvɔ va kuteƒe aɖe o?
5 Ɣeaɖewoɣi la, adinkraa dzesiwo alo dzesi aɖewo siwo ŋu gɔmesese tɔxɛwo le la nɔa kuvɔa me. Dzesi siawo dometɔ geɖe dea dzixɔse si nye be ƒomedodo le tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔwo kple agbagbeawo dome la dzi, eye le esia ta la, ele be míaƒo asa na wo. (Yes. 52:11) Zi geɖe la, ƒomea me ame tsitsiwoe tiaa kuvɔ si ƒomevi woata la. Ne wonya tia avɔa ko la, wokpɔa mɔ be ƒomea me tɔwo katã natae. Kuvɔa tata nɔa vevie na dzimaxɔsetɔwo ale gbegbe be ne ame aɖe metae o la, wobunɛ be enye agɔdzedze le ame kukua dzi kple bubumademade ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe la ŋu. Aleke wòle be nyatakaka sia nakpɔ ŋusẽ ɖe nukpɔsusu si le mía si ku ɖe kuvɔtata ŋu dzi? Gɔmeɖose vevi etɔ̃ aɖewo li siwo ŋu wòle be míabu.
6. (a) Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:13. Aleke wòle be gɔmeɖose sia nakpɔ ŋusẽ ɖe nukpɔsusu si le mía si ku ɖe kuvɔtata ŋu la dzii? (b) Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:3. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo ku ɖe kuvɔtata ŋu?
6 Gɔmeɖoseawo Ŋu Bubu: Gbã la, Yehowa ƒe amewo mexaa nu wògbɔa eme abe ale si ame siwo si “mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o” la xaa nu ɣeaɖewoɣi le dutoƒo be amewo nakpɔ la ene o. (1 Tes. 4:13) Evelia, míadi be míawɔ naneke si ate ŋu “azu nukikli” na amewo o. (2 Kor. 6:3) Le gɔmeɖose sia gome la, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ne meta kuvɔa la, ɖe wòana amewo nabui be meda asi ɖe dzixɔse aɖe si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la dzia? Ðe wòazu nukikli na ame siwo nya nu si Yehowa Ðasefowo fiana ku ɖe ame kukuwo ŋua? Ðe kuvɔa tata aɖe fu na haxɔsetɔwo, menye esiwo le Ghana ɖeɖe ko o, ke boŋ esiwo le dukɔ siwo ƒo xlãe me la hã ƒe dzitsinyawoa? Ðe kuvɔa tata aɖe dzi le mía nɔvi siwo gbe etata eye woti wo yome le esia ta la ƒoa?’—Kpɔ July 15, 1998 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22-23; 1998 Yearbook, axa 203, memama 1.
7. (a) Mixlẽ Lododowo 27:11 kple Kolosetɔwo 1:9, 10. Gɔmeɖose vevi kawoe dze le mawunyakpukpui siawo me, eye aleke woku ɖe kuvɔ ŋui? (b) Le 1 Korintotɔwo 10:21, 22 ƒe nya nu la, ɖe kuvɔtata ate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋua? Nu ka tae?
7 Le gɔmeɖose siwo katã ŋu wòle be míabu dome la, esi le vevie wue nye esia: Masɔ kura be míawɔ nu adze agɔ le Yehowa dzi o. (Lod. 27:11; Kol. 1:9, 10) Esi míeva nya gɔmesese deto si le kuvɔ ŋu kple kadodo si le kuvɔa kple dzixɔse si nye be kukuawo ganyaa nu siwo le edzi yim dome la, ele be míabu ale si dekɔnu sia wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋui la ŋu vevie. Míate ŋu “anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.”—1 Kor. 10:21, 22.
8. Togbɔ be ɖewohĩ míanya aʋatsodzixɔse si dzi kuvɔtata nɔ te ɖo la tsã o hã la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae wòle be Kristotɔ vavãwo naƒo asa na avɔ sia tata la gɔme? (Migbugbɔ dzro gɔmeɖose vevi etɔ̃ siwo dze le memama 6 kple 7 lia me la me ake.)
8 Le nyateƒe me la, ate ŋu adzɔ be ame aɖewo manya gɔmesese si le avɔ tɔxɛ sia ŋu o. Ke hã, womate ŋu aɖe nu si tae wobunɛ be ele vevie be kuteƒe koe yewoatae ayi la hã me o. Nyateƒe si wònye be ame geɖe taa kuvɔ evɔ womenya gɔmesese si le eŋu bliboe o la meɖe mɔ na mí be míawo hã míatae o. Ele be gbedodoɖa kple ŋugbledede le gɔmeɖose siawo ŋu nakpe ɖe mía ŋu míase nu si tae wòle be míaƒo asa na ame bubuwo sɔsrɔ̃ le kuvɔ tɔxɛ sia tata atsɔ aɖe nuxaxa afiae me la gɔme.
9. Awu ka ƒomeviwoe mí Kristotɔ vavãwo míate ŋu ado ayi kuteƒe ɖe kuvɔ teƒe evɔ míaɖia amewo nu dzodzro o?
9 Awu Si Míate Ŋu Ado: Awu ka ƒomevie wòle be míado ayi kuteƒe? Le ƒe geɖe siwo va yi me la, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la ƒe agbalẽwo ƒo nu tso nya sia ŋu.b Wode dzi ƒo na mí be míaɖe nugɔmesese kple dadasɔ afia to awu siwo sɔ hele nɔnɔme nyui me la tiatia tso míaƒe awuwo dome dzi. Awu ka kee míeɖaɖo be míado o, nɔnɔme si me kukuawo le gɔme sese nyuie akpe ɖe mía ŋu be míaɖe bubu afia ne wole ame aɖe ƒe kunu wɔm evɔ míata kuvɔ si amewo tana la o.
Ðoɖowɔwɔ Ðe Kunuwɔwɔa Ŋu
10. Aleke wòle be gɔmeɖose siwo le Efesotɔwo 5:7-11 kple 1 Korintotɔwo 10:32 nafia mɔ mí ne míele kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖowo wɔm?
10 Ele be Kristotɔwo ƒe kunuwɔwɔ nanye esi me woaɖi amea le le bubumɔ nu wòasɔ ɖe dziɖuɖua ƒe se kple dzadzɛnyenye ƒe nudidiwo katã nu. Hafi kunuwɔwɔ aɖe nate ŋu ana akɔfafa si tso Ŋɔŋlɔawo me amewo ahana nɔnɔme si me kukuawo le nadze ƒãa la, mele be woaɖe mɔ be woawɔ dekɔnu kple kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la dometɔ aɖeke o. (Ef. 5:7-11) Mele be nu siwo ayi edzi le kuteƒea naɖe fu na haxɔsetɔ bubuwo ƒe dzitsinya o. (1 Kor. 10:32) Aleke woate ŋu awɔ Biblia me gɔmeɖose siawo ŋu dɔ ne wole ɖoɖo wɔm ɖe Kristotɔwo ƒe kunuwɔwɔ ŋu?
11. (a) Ne woawɔ ɖoɖowɔɖigbalẽ alo agbalẽ gbadza ama na amewo le kuteƒea la, nu kae mele be woaɖe mɔ na dzimaxɔsetɔwo be woawɔ o? (b) Nyagbɔgblɔ kawoe mele be Kristotɔ vavãwo nazã o, eye nu ka tae?
11 Ame Kukua Kafukafu: Ame aɖewo ate ŋu atiae be yewoawɔ ɖoɖowɔɖigbalẽ sue aɖe alo agbalẽ gbadza aɖe si me woaŋlɔ subɔsubɔdɔ si amea wɔ nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe agbenɔɣi la ŋu nya ɖo. Ele be woabu nu siwo woaŋlɔ ɖe agbalẽ ma me la ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ dzimaxɔsetɔwo adi be yewoaŋlɔ amea ƒe agbemeŋutinya kple kafukafunya siwo gblɔm wole na amea ŋutɔ tẽe la ɖe agbalẽa me. Ame mawo tea ŋu zãa nya aɖewo siwo fiana be Mawue yɔ amea yi dziƒo, alo be amea le mɔ dzi yina teƒe bubu aɖe. Zi geɖe la, wozãa nyagbɔgblɔ siwo ƒe ɖewoe nye “dzudzɔ le ŋutifafa me,” (alo, R.I.P.) “baba na wò, baba sea,” kple “hede nyuie.” Le ame geɖewo gome la, wotea ŋu bua esia be enye bubu mamlɛtɔ dede ame si ku la ŋu. Gake míenyae be ame si ku la menyana kura be woŋlɔ naneke na ye o. Nu si gale vevie wue nye be míenyae be nyagbɔgblɔ mawo dea luʋɔ makumaku ƒe dzixɔse dzi, eya ta mele be mí Kristotɔ vavãwo míazã nya mawo kura o.—Yes. 52:11.
12. (a) Le Ŋɔŋlɔawo nu la, ame ka sie gomenɔamesi le be wòatso nya me le ale si woawɔ kunu aɖee ŋu, eye aleke esia to vovo na nu si ame geɖewo susuna zi geɖe? (b) Le 2 Korintotɔwo 6:14-17 ƒe nya nu la, nu ka tae nunya manɔ eme be míaɖe mɔ dzila kple ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo alo ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo dzi o?
12 Ame Ka Ƒe Agbanɔamedzie? Le nuto geɖewo me la, ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo xɔe se vevie be ƒometɔwo katã ƒe gomenɔamesie wònye be woatso nya me le ale si woawɔ kunua kple ŋkeke si dzi woawɔe la ŋu. Gake Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa ya na gomenɔamesi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu be woawɔ nyametsotso vevi aɖewo siwo ku ɖe woawo ŋutɔwo kple wo viwo ƒe agbe ŋu. Ele be dzilawo, ƒometɔwo, kple Kristo hamea me tɔwo gɔ̃ hã nade bubu Ŋɔŋlɔawo me gomenɔamesi sia ŋu. (Mat. 19:5, 6) Eye ɖikeke mele eme o be esia nye nyateƒe le míaƒe ame vevi siwo ku la ɖiɖi hã gome. (1 Mose 23:19; 35:29) Be Kristotɔ naƒo asa na ‘kɔkuti ɖeka te nɔnɔ kple dzimaxɔsetɔwo’ la, ele be wòana eme nakɔ na ƒometɔwo nyuie be kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo katã awɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo. (2 Kor. 6:14-17) Afɔ kawoe wòate ŋu aɖe atsɔ akpɔ egbɔ be wowɔe nenema?
13. (a) Nu ka tae wòle vevie be ame naŋlɔ ale si wòdi be woawɔ yeƒe kunui la ɖi tsitotsito? (b) Kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti nuŋlɔɖi kae ɖea vi wu, eye nyatakaka kawoe wòle be wòanɔ eme?
13 Gblɔ Wò Didiwo Eme Nakɔ: Ne ame aɖe ŋlɔ ale si wòdi be woawɔ yeƒe kunui ɖe agbalẽ me da ɖi la, enɔa bɔbɔe be ƒometɔwo nase nu gɔme, esi wònye be zi geɖe la, wodea bubu ame siwo ku la ƒe didi siwo wòŋlɔ ɖi la ŋu ta. (1 Mose 50:5) Agbalẽ aɖe si wɔwɔ teƒe srɔ̃tɔ xɔsetɔ kple ƒomea me tɔ xɔsetɔ siwo nye ŋutsuwo, ame siwo lɔ̃ ɖe ame si ku la ƒe didiwo dzi bliboe la, kpɔ hede asi ete la ɖea vi ŋutɔ. Woate ŋu aɖe agbalẽ sia ɖe vovo tso domenyinumagbalẽ kple ɖaseɖigbalẽ si woŋlɔ ɖi ku ɖe ale si woama amea ƒe ŋutilãmenunɔamesiwoe ŋu la gbɔ. Ame siwo wɔa gɔmesese kple nunya ŋu dɔ le etsɔme ŋu bubu me la nyae be mehiã be yewoalala va se ɖe esime yewoku amegã alo ku nyagã alo dze dɔ ɖo kudo nu hafi abu afɔ sia ɖeɖe ŋu o. (Nyagb. 9:11) Ale si wòle be woawɔ kunua, ŋkeke si woawɔe, kple afi si woawɔe le, kpakple ame si ɖeɖe ko wona ŋusẽe be wòawɔ ɖoɖo ɖe kunuwɔwɔa ŋu ahakpɔ eƒe akpa sia akpa dzi la katã nye nya vevi siwo ŋu wòle be ame nawɔ nyametsotso le esi wòkpɔtɔ le agbe hele lãmesẽ me.
14. (a) Nu ka tae wòate ŋu aɖe fu na ame aɖewo be yewoaŋlɔ yewoƒe kunuwɔwɔ ŋuti mɔfiamewo ɖi do ŋgɔ? (b) Mixlẽ Filipitɔwo 2:4 kple Efesotɔwo 5:28, 33. Aleke wòle be gɔmeɖose siawo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua nya vevi siae la dzii?
14 Ate ŋu aɖe fu na ame aɖewo be woaŋlɔ mɔfiame mawo tɔgbi ɖi do ŋgɔ. Ke hã, esia wɔwɔ ɖea Kristotɔwo ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me kple lɔlɔ̃ fiana. Ame siwo si Biblia me sidzedze vavãtɔ su la nyae be ɖoɖo sia wɔwɔ mado tsɔtsɔe yewoƒe ku alo ahee ɖe megbe o. Enye nyateƒe be mɔfiame siwo me kɔ ŋɔŋlɔɖi be ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo nagaɖo nu siwo woawɔ le kunua me la ƒe ɖeke o la ate ŋu ana woado dziku vevie. Gake anyo wu be amea nakpɔ nya siawo katã gbɔ esime wòle agbe, tsɔ wu be wòagblẽe ɖe ƒomea me tɔ siwo anɔ nu xam la si me be woawɔ nyametsotso mawo, elabena woate ŋu aƒoe ɖe wo nu alo azii ɖe wo dzi be woawɔ wɔna makɔmakɔ aɖewo siwo dzi ame si ku la meda asi ɖo alo xɔ se o. (Fp. 2:4) Ðoɖowɔwɔ ameŋububutɔe do ŋgɔ alea nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be míelɔ̃ amewo hetsɔ ɖe le eme na wo.—Ef. 5:28, 33.
15. (a) Nu kae nye “kwasiɖa ɖeka ƒe azã,” eye nu ka tae nunya anɔ eme be míaƒo asa nɛ? (b) Aleke wòle be míawɔ gɔmeɖose si dze le 2 Korintotɔwo 6:14 ŋu dɔ ne ƒometɔwo te tɔ ɖe edzi be yewoe awɔ kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo, eye yewoakpɔ eƒe akpa aɖewo dzi?
15 Nuwɔwɔ Kple Ƒometɔ Siwo Menye Ðasefowo O: Eva zu kɔnu le teƒe aɖewo be woawɔ ɖoɖo be woakpe ɣeyiɣi kpui aɖe le amea ƒe ku megbe do ŋgɔ na eɖiɖi. Ame geɖewo yɔa esia be “kwasiɖa ɖeka ƒe azã.” Taɖodzinu si tae wowɔnɛ ɖoe nye be woade ŋugble tso afi si woakpɔ ga le kple kpekpeɖeŋu si amewo ate ŋu ana le kunuwɔwɔa me ŋu, eye be woatso nya me le ŋkeke si dzi woawɔ kunua kple ale si woawɔe la ŋu. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be le ɣeyiɣi sia me la, etea ŋu dzɔna bɔbɔe be Ðasefo aɖe naɖe mɔ ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo nakpɔ ŋusẽ ɖe kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo dzi. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔte be, míate ŋu aɖe mɔ na dzimaxɔsetɔwo be woakpɔ wɔnaa ƒe akpa aɖe dzi eye hamea hã nakpɔ akpa bubu dzi o. (2 Kor. 6:14) Eya ta ne Kristotɔ wɔnuteƒee ku la, masɔ be míaɖe mɔ be ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la naɖo “kunuwɔwɔ kɔmiti” ƒomevi aɖeke si ava nɔ tɔ tem ɖe nu siwo woawɔ le kunuwɔwɔa me la dzi o. Eye mahiã be hamea me tɔ siwo menye ƒomea me tɔwo o la nakpɔ gome aɖeke le kpekpe si wowɔna doa ŋgɔ na ameɖiɖia me alo anɔ nu dem ɖoɖoawo me o. Ke hã, nunya anɔ eme be ame si dzi kua dzɔ ɖo la nate ɖe hamemetsitsi ɖeka alo eve ŋu ahabia aɖaŋuɖoɖo ku ɖe ale si woawɔ ameɖiɖi ƒe ɖoɖoawo katã wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nu ŋu.
16. (a) Ne míele nu wɔm kple ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo la, nu ka mee wòle be míana wòakɔ na wo? (b) Nu kae wòle be míawɔ ne ƒometɔwo te tɔ ɖe edzi be yewoawɔ wɔna makɔmakɔ aɖewo? (d) Kuxi kawoe míetea ŋu ƒoa asa na zi geɖe ne ame si ku la ŋlɔ ale si woawɔ eƒe kunui la da ɖi?
16 Ele be Kristotɔwo ƒe ƒome natsɔ dzigbɔɖi aɖe ɖoɖo si wowɔ ɖe kunuwɔwɔa ŋu la me na ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo tufafatɔe. Nenye be ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo lɔ̃ be yewoawɔ nu aduadu kpli mí la, mahiã be míaɖe wo ɖe aga o. Ke hã, ne ƒometɔawo le tɔ tem ɖe edzi be ele kokoko be yewoawɔ kɔnu kple wɔna makɔmakɔ siwo ŋu nya ku ɖo la ya ɖe? Ne edzɔ alea la, ekema ahiã be míanɔ te sesĩe ahatsɔ dzinɔameƒo aɖe mí Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu me na wo tufafatɔe. Le nyateƒe me la, míate ŋu aƒo asa na nyahehe kple glãkahehe geɖe nenye be ame si ku la ŋlɔ mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe ale si woawɔ eƒe kunui ŋu la da ɖi.
17. (a) Nu kae wòle be míawɔ ne ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo te tɔ ɖe edzi be yewoe axɔ ŋgɔ na kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo? (b) Ne edzɔ alea la, ɖoɖo kawoe míate ŋu awɔ? (d) Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:7. Nu ka tae wòanya wɔ be míaƒe akɔ nafa togbɔ be ƒometɔwo ade tɔtɔ kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo me hã?
17 Nenye be ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo kpɔtɔ te tɔ ɖe edzi be yewoaxɔ ŋgɔ na ɖoɖoawo kokoko togbɔ be míedze agbagba siawo katã hã la, ekema ƒometɔ siwo nye xɔsetɔwo ate ŋu anɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi aɖe asi le kunuwɔwɔ ƒe ɖoɖoawo me keŋkeŋ. Ne edzɔ alea la, woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kunuƒo kpui aɖe ƒoƒo le Fiaɖuƒe Akpata me alo le teƒe bubu aɖe si sɔ ŋu bene woana “akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me” la ame siwo le nu xam ŋutɔŋutɔ le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta la. (Rom. 15:4; Ps. 119:50) Togbɔ be womakɔ amea ava afi ma o hã la, bubu anɔ ɖoɖo ma tɔgbi ŋu eye asɔ bliboe hã. (5 Mose 34:5, 6, 8) Ele eme be ƒometɔwo ƒe nudede ɖoɖoawo me madzemadzee adzi nuxaxa kple vevesese si míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku do na mí la ɖe edzi ya, gake efaa akɔ na mí be míanyae be Mawu, ame si ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” esubɔla wɔnuteƒewo la, dea dzesi ale si míeɖoe kplikpaa be míalé Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu ku ɖe kunuwɔwɔ ŋu me ɖe asi hekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu.—2 Kor. 4:7.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Adinkra nye Akangbe me nya aɖe si gɔmee nye “klã ame” alo “do hedenyuie na ame,” eye wozãa nya sia zi geɖe ne wole hedenyuie dom na kukuawo. Adinkra dzesi kɔkɔewo dzɔ tso ame siwo menye Kristotɔwo o gbɔ, eye woɖo dzesiawo be “woatsɔ akpe ɖe amegbetɔ ŋu be wòase Wɔla la kple luʋɔ la ƒe sewo kple nya ɣaɣlawo gɔme ahanɔ ƒomedodo me kpli wo.” Adinkra dzesi geɖe de luʋɔ makumaku ƒe dzixɔse kple aʋatsodzixɔse bubuwo dzi.
b Kpɔ July 15, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22-23 kple April, 15, 1985, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 23-25, kpakple Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, axa 70.