INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008 | March
    • ale si wokpɔ mɔ nɛ. Mɔnukpɔkpɔ su mia si be miaɖee afia gaglã be alakpatɔ vɔ̃ɖie Abosam nye! Miaƒe agbenɔŋkeke ɖe sia ɖe tea mi ɖe yayra siwo miele mɔ kpɔm na la xɔxɔ ŋu.

      Abe ale si ko wònye dzidzɔ na Paulo be wòawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ atsɔ akafu nɔviawo ɖe woƒe xɔse sesẽ, woƒe asikpekpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu dɔmenyotɔe, kple woƒe dzidodo ta ene la, enye dzidzɔ na míawo hã be míazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ akafu mi ahaɖo kpe lɔlɔ̃ si le mía si na mi la dzi na mi. Miyi dɔ nyui la wɔwɔ dzi!

      Neva eme be gbɔgbɔmeyayra geɖe nasu mia si le ƒe si gbɔna la me. Mixɔ míaƒe nyuidinamewo, mí

      Mia nɔviwo,

      Yehowa Ðasefowo Ƒe Dziɖuha La

  • Xexea Me Katã Ƒe Akɔntabubu Ƒe 2007 Ƒe Agbɔsɔsɔawo Katã
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008 | March
    • Xexea Me Katã Ƒe Akɔntabubu Ƒe 2007 Ƒe Agbɔsɔsɔawo Katã

      Yehowa Ðasefowo Ƒe Alɔdzedɔwɔƒewo: 113

      Dukɔ Siwo Me Wole Dɔ Wɔm Le: 236

      Hamewo Ƒe Agbɔsɔsɔ: 101,376

      Ŋkuɖodzia Valawo Le Xexea Me Katã: 17,672,443

      Ŋkuɖodzinua Ðulawo Le Xexea Me Katã: 9,105

      Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ƒe Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ: 6,957,854

      Gbeƒãɖelawo Ɣleti Ðe Sia Ðe Le Mama Dedie Nu: 6,691,790

      Dzidziɖedzi Le Alafa Me Ðe Ƒe 2006 Tɔ Dzi: 3.1

      Nyɔnyrɔxɔlawo Ƒe Agbɔsɔsɔ: 298,304

      Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Ɣleti Ðe Sia Ðe Le Mama Dedie Nu: 312,741

      Mɔɖelawo Ɣleti Ðe Sia Ðe Le Mama Dedie Nu: 678,638

      Gaƒoƒo Siwo Katã Wozã Le Gbeadzi: 1,431,761,554

      Aƒe Me Biblia Nusɔsrɔ̃ Ɣleti Ðe Sia Ðe Le

      Mama Dedie Nu: 6,561,426

      Le ƒe 2007 subɔsubɔƒea me la, Yehowa Ðasefowo zã wu dɔlar miliɔn 121 tsɔ kpɔ mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, kple dzikpɔla mɔzɔlawo dzii le woƒe gbeadzidɔdeasiwo me.

      ◼ Ame 19,581 ye le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒewo le xexea me godoo. Wo katã wonye Yehowa Ðasefowo Ƒe Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔla Siwo Woɖo Le Xexea Katã Me.

  • Ame kawoe wòle be woaxɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ?
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008 | March
    • Nyabiaɖaka

      ◼ Ame kawoe wòle be woaxɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ?

      Wotrɔ asi le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ŋu be wòana kpekpeɖeŋu kple dzideƒo ame siwo dea gbeadzi. Eya ta menye ame sia amee woatsɔe ana o. Ele be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo katã naxɔe. Ame siwo vana Subɔsubɔ Kpekpea edziedzi eye wole ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta gbeadziyiyi gbɔ la hã axɔe. (Ðevi siwo tsi ate ŋu awɔ eŋu dɔ nyuie hã le eme.) Mikpɔ egbɔ be miada ɖeka ɖi hena Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒea. Mele be woana Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ame siwo woɖe le hamea me o.

      Hame aɖewo kpɔe be eɖea vi be yewoaŋlɔ ame siwo katã dze la ƒe ŋkɔwo ɖi eye yewoama ŋkɔawo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo nu. Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo ate ŋu awɔ ŋkɔ siawo ŋu dɔ le emama me, eye ɖewohĩ woatsɔ mɔ alo asi aŋlɔ ame sia ame ƒe ŋkɔ ɖe etɔ dzi nyuie. Ele be ame sia ame si xɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ la nalé be nɛ eye woafiae ale si wòawɔ eŋu dɔ le dzadzraɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea kple gbeadziyiyi ŋu me. Ame geɖe kpɔe be ekpena ɖe yewo ŋu ne yewotsɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ de yewoƒe teokrasi agbalẽwo dzraɖoƒe la le numekukuwɔwɔ le etsɔ me ta.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe