Dzadzɛnyenye—Nu Ka Tae Wòle Vevie?
Zã biabia siawo tsɔ dzro December 1, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-12 me.
(Aɖaka si le axa 9) (a) Nu kawoe ate ŋu awɔe be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me o, eye nu ka tae nya sia nye ŋkubiãnya ɖo? (b) “Ahedada ate ŋu ana wòasesẽ be woalé dzadzɛnyenye me ɖe asi.” Nyateƒee alo Aʋatsoe? (d) Nu ka tae Mawu subɔlawo mate ŋu atsɔ ahedada ado taflatse be eya tae yewomele dzadzɛ o? (mm. 1-4) Nu ŋutɔŋutɔ kawoe vidadawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ ƒomea ƒe lãmesẽ ta eye alekee ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe eŋu? (Aɖaka si le axa 10) Mixlẽ mawunyakpukpuiawo katã. Alekee gɔmeɖose siwo dze le mawunyakpukpui siawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na dɔlélewoe? (Nɔnɔmetata siwo le axa 10) Nu ka fiamee nɔnɔmetata siawo dometɔ ɖe sia ɖe le mí? (mm. 5) Susu ka koŋ tae wòle be Yehowa Ðasefowo nanɔ dzadzɛ ɖo? (mm. 6, 7) Nu ka tae ƒomea ƒe nuwɔwɔ aduadu le vevie, eye go kawo mee ame sia ame ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le? (Aɖaka si le axa 11) Ŋkuɖodzinya kawoe ɖɔkta aɖe gblɔ siwo dzi wòle be ƒomea me tɔwo katã nawɔ ɖo eye nu ka tae? (mm. 8, 9) Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míaƒe aƒea ŋkume kple egodo siaa le dzadzɛ? (mm. 10, 11) (a) Ne mía ŋutɔwo míenɔa dzadzɛ la, mɔ kawo nue wòate ŋu ade bubu Mawu ŋu le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Mɔ kawo nue Betel nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu ƒe amewo katã le? (w89-E 6/1 axa 16-17, mm. 7-9.) (d) Nu ka tae wòle vevie be míanɔ dzadzɛ ne míele gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwo me? (mm. 12) Nu kae Yehowa di tso mía si? (mm. 13) Alekee ale si Biblia ƒo nu tso awudodo ƒomevi vovovowo ŋu te gbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu? (mm. 14) Nu kae míate ŋu akpɔ mɔ na le etsɔme?
Numetoto. Alekee nyatakaka siawo:
◼ Ate ŋu aɖe vi na wò le aƒe me, suku kple wò gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me?
◼ Ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ale si nèbua Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖoe dzi?
◼ Ŋu dɔ wɔwɔ le Kristotɔwo ƒe takpekpe gãwo kple suewo me ate ŋu aɖe vi?