INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sj axa 17-21
  • Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo
  • Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dukɔ ƒe Ŋkekenyuiewo
  • Subɔsubɔhawo ƒe Vovototo ƒe Kuxi La
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Kristotɔwo Ƒe Azãe Kristmas Nyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Azãɖuɖu Siwo Medzea Mawu Ŋu O
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Suku kple Yehowa Ðasefowo
sj axa 17-21

Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo

Nyateƒe si wònye be Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le ŋkekenyuieɖuɖu geɖewo kple azãɖuɖu bubuwo me o la ate ŋu ana nufiala natɔtɔ vie. Míele mɔ kpɔm be nya siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò be nase nusita míebua nya sia ŋkubiãnyae la gɔme.

Ŋkekenyuie geɖe kple kɔnu siwo kpe ɖe wo ŋu la tso mawusubɔsubɔ si menye Kristo tɔ o me wu alesi ɖewohi̇̃ nekpɔe dze sii. Esiae na Yehowa Ðasefowo medaa asi ɖe wo dzi o. Míedzea agbagba be míawɔ ɖe gɔmeɖose si Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ la dzi be:

“Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial [alakpamawu aɖe] asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? . . . Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ [Yehowa] gblɔe.”—Korintotɔwo II, 6:14-17.

Eyata ne kadodo aɖe le ŋkekenyuie aɖe alo azãɖuɖu aɖe kple mawu bubuwo dome, alo ne etsi tre ɖe alesi míese Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔmee ŋu la, míekpɔa gome le eme o.

Dzigbezãwo: Vivi sese le azãɖuɖu aɖe alo kplɔ̃ɖoɖo aɖe me kple nu nana lɔlɔ̃tɔwo dɔmenyotɔe la menye nu gbegblẽ o. (Luka 15:22-25; Dɔwɔwɔwo 20:35) Yehowa Ðasefowo sea vivi le nuwo nana kple dzidzɔ kpɔkpɔ ɖekae me le ƒea me katã. Gake dzigbezãɖuɖu eve pɛ siwo ŋuti woƒo nu le le Biblia me la ku ɖe amesiwo menye xɔsetɔ vavãtɔwo o ŋuti. Woawoe nye Egipte ƒe Farao kple Roma-dziɖula Herodes Antipa, amesiwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzigbezãɖuɖua me nu dziŋɔwo do tso. (Mose I, 40:18-22; Marko 6:21-28) Eyata mewɔ nuku be woakpɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nɔnɔme ɖe dzigbezãɖuɖu ŋu ƒe ŋutinya ƒe nuŋlɔɖi siawo o:

“Dzigbezãɖuɖu menɔ susu me na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi sia me la kura o.”—The History of the Christian Religion and Church, During the Three First Centuries (New York, 1848), si Augustus Neander ŋlɔ (Henry John Rose ɖe egɔme), axa 190.

“Womeŋlɔ nu le ame kɔkɔe siwo katã le Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ aɖeke ŋu be eɖu azã alo ɖo kplɔ̃ gã aɖe le eƒe dzigbezã dzi o. Nuvɔ̃wɔlawo (abe Farao kple Herodes ene) koe tso aseye vevie le ŋkeke si dzi wodzi wo ɖe xexe si le anyigba afisia me la ta.”—The Catholic Encyclopedia (New York, 1911), Babla X, axa 709 (le Origen Adamantius si nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia me la ƒe nyawo gbɔgblɔ me).

Hekpe ɖe eŋu la, dzigbezãɖuɖuwo nana wotsɔa vevienyenye si gbɔ eme akpa na amea, eye ɖikeke manɔmee la esia hã nye susu si ta Kristotɔ gbãtɔwo ƒo asa na wo. (Nyagblɔla 7:1) Eyata àkpɔe be Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dzigbezãɖuɖu (kplɔ̃ɖoɖoawo, hadzidziawo, nuwo nana kple bubuawo) me o.

Kristmas: Abe alesi ɖewohi̇̃ nenyae ene la, menye December 25 ye nye Yesu Kristo dzigbe o. Ðewohi̇̃ àsee le ɖokuiwò me be esia mele vevie o—ke boŋ nudzɔdzɔ lae nye nu vevitɔ. Gake alesi Kristmas ƒe azãɖuɖua wɔ va li la ɖee fia be elɔ nu geɖe ɖe eme wu ema. Nyameɖegbalẽ siwo gbɔna la ɖe eme be:

“Kristmas ɖuɖu la menye nusi Mawu ɖo ɖi o, eye metso N[ubabla] Y[eyea] me hã o. Womate ŋu anya Kristo ƒe dzigbe tso N[ubabla] Y[eyea] me alo tso teƒe bubu o. Ƒe alafa etɔ̃ gbãtɔ me fofoawo meƒo nu le eƒe dzigbezã ɖuɖu tɔxɛ aɖeke ŋu o.”—Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature (Grand Rapids, Michigan, 1981 ƒe gbugbɔgata la), si John McClintock kple James Strong ŋlɔ, Babla II, axa 276.

“Kristmas ƒe kɔnu siwo xɔ aƒe ɖe Europa fifia alo woŋlɔ wo ɖi tso blema ɣeyiɣiwo me la dometɔ akpa gãtɔ menye Kristotɔwo ƒe kɔnuwo ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ wonye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu siwo Sɔlemeha la xɔ alo ɖe mɔ na. . . . Roma ƒe Saturnalia la dzie wotu Kristmas ƒe azã la ƒe dzidzɔ ƒe kɔnuawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo.”—Encyclopædia of Religion and Ethics (Edinburgh, 1911), si me James Hastings to, Babla III, axa 608, 609.

Enye nusi ame geɖe nya be le gɔmedzedzea me la Kristmas menye Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu o. U.S Catholic si do December 1981 ƒe axa 32 gblɔ be: “Manya wɔ be woaɖe Kristmas ɖa le eƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzɔtsoƒewo ŋu o.” Magazine la ɖe eme be:

“Romatɔwo ƒe azã vevitɔe nye Saturnalia si dze egɔme le December 17 dzi hewu nu kple ‘ɣe si dzi womeɖu o ƒe dzigbezã’ (Natalis solis invicti) le December 25 dzi. Ɣeaɖeɣi le ƒe alafa enelia ƒe memamã lɔƒo la Roma-sɔlemeha la ƒe amegã senugɔmewo tso nya me be December 25 anye ŋkeke nyui aɖe hena ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe’ la ƒe dzigbezãɖuɖu. Woɖo Kristmas anyi.”

Esime ame aɖewo se nyateƒenya siawo ku ɖe Kristmas ŋu la, aleke wowɔ nue? The World Book Encyclopedia (1982) gblɔ le “Kristmas” te be: “Le ƒe 1600 ƒe ƒeawo me la . . . wode se ɖe Kristmas ŋu le England kple Eŋlisitɔwo ƒe dutanyigba siwo le Amerika la ƒe akpa aɖewo.” Esi wònye amesiwo nɔ anyi va yi la gbe Kristmas ɖuɖu le trɔ̃subɔsubɔ me si wòtso ta la, ele be woase nusita Yehowa Ðasefowo meɖunɛ o egbea la gɔme. Míekpɔa gome le Kristmas ƒe kplɔ̃ɖoɖowo, fefewo, hadzidziwo, nuwo nana ame nɔewo alo nuwɔna ma tɔgbe si ku ɖe Kristmas ŋu la me o.

Gome si womakpɔ le eme o ƒe nɔnɔme ma kee le Yehowa Ðasefowo si ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyuiewo alo esiwo lɔ mawusubɔsubɔ ɖe eme le mɔ aɖe nu siwo vana le sukuƒea me la ŋu. Nusitae nye be ŋkekenyuie siawo hã do ƒome kple tadedeagu si menye Kristotɔwo tɔ o; le nyateƒe me la, zi geɖe la tadedeagu mawo ƒe akpa aɖewo xɔa aƒe ɖe azãɖuɖuawo me. De ŋugble le kpɔɖeŋu siwo gbɔna la ŋu kpɔ:

Ista: Togbɔ be wogblɔna be wotsɔ ŋkekenyuie sia le ŋku ɖom Kristo ƒe tsitretsitsia dzi hã la, de dzesi nusi xexeame ƒe nunyalawo gblɔ ku ɖe eŋu:

“Ista. Le gɔmedzedzea me la enye azã si woɖuna le adame na blema Germaniatɔwo ƒe kekeli kple ada ƒe mawunɔ si woyɔna le Anglo-Sakson me be Eastre. Le keke ƒe alafa 8 lia me la Anglo-Saksontɔwo ɖe ŋkɔa tsɔ na Kristotɔwo ƒe azã si woɖo be woatsɔ aɖu Kristo ƒe tsitretsitsi la.”—The Westminster Dictionary of the Bible (Philadelphia, 1944), si John D. Davis ŋlɔ, axa 145.

“Le afisiafi la wodia amadede geɖe ƒe Ista ƒe azi siwo Ista-fɔmizia tsɔ vɛ la. Esia menye ɖeviwo ƒe fefe dzro ko o, ke boŋ enye nusi tsi anyi tso vidzidzi ƒe kɔnu aɖe me, eye aziawo kple fɔmizia siaa nye vidzidzi ƒe dzesi.”—Funk & Wagnalls ƒe Standard Dictionary of Folklore Mythology and Legend (New York, 1949), Babla 1, axa 335.

Halloween: Togbɔ be woɖua Halloween abe Kristotɔwo ƒe ŋkekenyuie ene hã la, etso azãɖuɖu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe vava eye wofia alakpanuwo ku ɖe agbe nɔnɔ le ku megbe ŋu la me. Evivi be míaxlẽe be: “Le Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoa megbe la, Protestantɔwo gbe azãɖuɖu sia kple vevitɔ bubuwo abe Kristmas kple Ista ene. Gake Halloween ƒe kɔnu siwo tso trɔ̃subɔsubɔ me la yi edzi.”—Encyclopædia Britannica (1959), Babla 11, axa 107.

Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke: “Ðikeke gobii aɖeke mele eme o be Kristo-sɔlemeha la di be yeaɖe Druidtɔwo ƒe ame kukuwo ƒe azã la ɖa alo atsɔ nu bubu aɖo eteƒe to azã bubu si nye Ame Kɔkɔewo Katã ƒe ŋkeke la ɖoɖo anyi le Nov. 1 dzi la dzi. Woɖo azãɖuɖu sia anyi be woatsɔ ade bubu ame kɔkɔe siwo katã wonya kple esiwo womenya o la ŋu, gake mete ŋu ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nye Samhain la ɖa o.”—Encyclopædia Britannica (1959), Babla 11, axa 107.

Ƒetogbe: “Le blema Roma la woɖo ƒea ƒe ŋkeke gbãtɔ ɖi hena bubu dede Janus si nye agbowo kple ʋɔtruwo, gɔmedzedzewo kple nuwuwuwo ƒe mawu la ŋu. . . . Ƒetogbe va zu ŋkeke kɔkɔe le Kristo-sɔlemeha la me le ƒe A.D. 487 me.”—The World Book Encyclopedia (1982), Babla 14, axa 237.

Valentine ƒe Ŋkeke: “Valentine ƒe ŋkekea vana le Kristotɔ xɔsetakukula vovovo eve siwo woyɔ be Valentine la ƒe azãɖugbe dzi. Gake kɔnu siwo ku ɖe ŋkekea ŋu la . . . anya tso blema Roma-azãɖuɖu aɖe si woyɔ be Lupercalia eye woɖunɛ le February 15 ɖesiaɖe dzi la me. Wotsɔ azã la de bubu Juno si nye Romatɔwo ƒe nyɔnuwo kple srɔ̃ɖeɖe ƒe mawunɔ, kpakple Pan si nye dzɔdzɔme ƒe mawu la ŋu.”—The World Book Encyclopedia (1973), Babla 20, axa 204.

May ƒe Ŋkeke Gbãtɔ: “May ƒe Ŋkeke Gbãtɔ ƒe azãɖuɖuwo anya tso kɔnu siwo wowɔna tsɔna dea bubu Roma-mawunɔ Maia, si wodea ta agu na abe amegbetɔ ƒe vidzidzi kple nukuwo ƒe wɔwɔ ƒe dzɔtsoƒe ene ŋu la me. . . . Agbalẽnyala geɖewo xɔe se be May ƒe ati la nye ŋutsu ƒe vidzinu ƒe dzesi si ŋudɔ wowɔ tsã le adamekɔnuwo me na mawunɔ Maia la ƒe nusi tsi anyi.”—The New Funk & Wagnalls Encyclopedia (1952), axa 8294.

Vidada ƒe Ŋkeke: “Enye azãɖuɖu si wokpɔ tso vidada subɔsubɔ le blema Hela ƒe kɔnua me. Wodea ta agu na vidada le ɖoɖo nu eye wowɔa kɔnuwo na Cybele alo Rhea si nye Mawuwo Dada Gã la le March ƒe Domedome le Asia Sue katã.”—Encyclopædia Britannica (1959), Babla 15, axa 849.

Esiawo nye ŋkekenyuie siwo ame geɖe ɖuna eye zi geɖe la wokpɔa mɔ be sukuviwo nakpɔ gome le wo me to nanewo wɔwɔ dzi la dometɔ ʋee aɖewo. Gake le dzitsinya ta la Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome aɖeke le ŋkekenyuieɖuɖu ƒe nuwɔna siawo me o—eɖanye hadzidzi, haƒoƒo, fefewo wɔwɔ, asaɖabɔbɔ, nuwo tata, kplɔ̃ɖoƒewo yiyi, nuɖuɖu kple nunono, kple bubuawo o. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la míetsia tre ɖe ame bubuwo ƒe ŋkekenyuie mawo ɖuɖu ŋu alo dzea agbagba be míaxe mɔ na wo o. Míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ ne nufialawo nyo dɔme na mɔ mía viwo be womakpɔ gome le nuwɔna siwo katã wotsɔna ɖua ŋkekenyuie siawo le mɔ aɖe nu la me o.

Dukɔ ƒe Ŋkekenyuiewo

Ŋkekenyuie bubuwo to vovo le mɔ aɖe nu. Esiawo manye esi woɖuna le xexeame katã o, ke boŋ woanye dukɔ aɖe koŋ tɔ. Le kpɔɖeŋu me, woaɖo dukɔ ƒe akpedaŋkekewo ɖi. Le teƒe aɖewo la woaɖo ŋkeke aɖe hã ɖi atsɔ aɖo ŋku dukɔa ƒe ame tsiaʋawo dzi, alo ŋkeke si dzi woaɖu dukɔa alo dukplɔla kple dziɖula ŋkutawo alo dukɔa ƒe kalẽtɔwo ƒe dzigbe.

Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dukɔ ƒe ŋkekenyuie mawo hã me o le bubu me. Togbɔ be míedea bubu ŋusẽtɔwo ŋu le dukɔ ɖesiaɖe si me míele hã la, le dzitsinya ta la míetsɔa nusi míebuna be enye tadedeagu ƒe bubu la na wo o. Míedea akpa aɖeke dzi o le azãɖuɖu mawo katã me. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ ku ɖe eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.”—Yohanes 17:16, New World Translation.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

“Wode se ɖe Kristmas ŋu le England kple Eŋlisitɔwo ƒe dutanyigba siwo le Amerika la ƒe akpa aɖewo”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Le dzitsinya ta la Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le ŋkekenyuieɖuɖu ƒe nuwɔnawo me o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Kristotɔ gbãtɔwo meɖu woƒe dzigbezã o

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Esia menye ɖeviwo ƒe fefe dzro ko o, ke boŋ enye nusi tsi anyi tso vidzidzi ƒe kɔnu aɖe me, eye aziawo kple fɔmizia siaa nye vidzidzi ƒe dzesi”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe